Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Ame Si Lɔ̃a Dzɔdzɔenyenye

Yehowa Nye Ame Si Lɔ̃a Dzɔdzɔenyenye

Yehowa Nye Ame Si Lɔ̃a Dzɔdzɔenyenye

“Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe.”—YESAYA 61:8.

1, 2. (a) Nya siwo nye “dzɔdzɔenyenye” kple ‘madzɔmadzɔnyenye’ gɔme ɖe? (b) Nu kae Biblia gblɔ ku ɖe Yehowa kple eƒe nɔnɔme si nye dzɔdzɔenyenye la ŋu?

WOÐEA dzɔdzɔenyenye gɔme be enye ‘ameŋkumemakpɔmakpɔ, nu si le eteƒe wɔwɔ, nu si sɔ henyo le agbenɔnɔ me wɔwɔ.’ Madzɔmadzɔnyenye nye nu si mele eteƒe o la wɔwɔ, nazãbubu, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, nu vevi wɔwɔ amewo madzemadzee.

2 Ƒe 3,500 kloe nye esi va yi la, Mose ŋlɔ ku ɖe Xexea Me Katã Dziɖulagã Yehowa ŋu be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Ƒe alafa adre kple edzivɔ megbe la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yesaya wòŋlɔ nya sia ɖi bena: “Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Yesaya 61:8) Emegbe le ƒe alafa gbãtɔ me la, Paulo bia be: “Alo Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe!” (Romatɔwo 9:14) Eye le ƒe alafa ma ke me la, Petro gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe” vavã!—Psalmo 37:28; Maleaxi 3:6.

Madzɔmadzɔnyenye Xɔ Aƒe Ði

3. Aleke madzɔmadzɔnyenye si le anyigbaa dzi la dze egɔmee?

3 Dzɔdzɔenyenye menye nu si bɔ egbea o. Woate ŋu awɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu le afi sia afi—le míaƒe dɔwɔƒewo, le suku, le nuwɔwɔ kple dziɖuɖumegãwo me, kple mɔ bubuwo nu—le ƒomea me gɔ̃ hã. Enye nyateƒe be menye nu yeyee nu madzɔmadzɔ siawo nye o. Esiawo va ameƒomea dzi tso esime gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã si va zu Satana Abosam ƒoe ɖe mía dzila gbãtɔwo nu wodze aglã hezu sedzidalawo. Le nyateƒe me la, nu madzɔmadzɔ ŋutɔe wònye Adam, Xawa, kple Satana wɔ be wozã tiatiawɔblɔɖe ƒe nunana wɔnuku si Yehowa na wo la le mɔ gbegblẽ nu. Woƒe nu gbegblẽ wɔwɔ sia he fukpekpe geɖe kple ku vae na ameƒome bliboa.—Mose I, 3:1-6; Romatɔwo 5:12; Hebritɔwo 2:14.

4. Ɣeyiɣi didi kae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖe ameƒomea ƒe ŋutinya me?

4 Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖe ameƒomea ƒe ŋutinya me ƒe akpe 6,000 aɖewoe nye esia tso esime wodze aglã le Eden. Esia koe míate ŋu akpɔ mɔ na, elabena Satanae nye xexe sia me mawu. (Korintotɔwo II, 4:4) Enye aʋatsokala kple aʋatsokafofo, ame si gblẽa Yehowa ŋu hetsia tsitre ɖe eŋu. (Yohanes 8:44) Ele nu madzɔmadzɔ dziŋɔwo wɔwɔ dzi ɖaa. Le kpɔɖeŋu me, Satana ye kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa le mɔ aɖewo nu, si wɔe be Mawu kpɔ be, “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” (Mose I, 6:5) Nɔnɔme mawo bɔ le Yesu ƒe ŋkekea hã me. Egblɔ be: “Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ,” eye esia fia ŋkekea ƒe kuxi sesẽwo, abe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ene. (Mateo 6:34) Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.”—Romatɔwo 8:22.

5. Nu ka tae madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe míaƒe ŋkekea me wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe?

5 Eya ta nu baɖabaɖa wɔwɔ siwo me tsonuwoe nye madzɔmadzɔnyenye dziŋɔwo la le edzi yim le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me. Fifia nɔnɔmeawo do fievo ɖe edzi wu. Nu ka tae? Elabena nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia le eƒe “ŋkeke mamlɛawo” me ƒe gbogbo aɖewoe nye esia, eye esi eƒe nuwuwu le aƒe tum la, ele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me tom. Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣi sia me la, amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, . . . ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.” (Timoteo II, 3:1-5) Nɔnɔme gbegblẽ siawo tɔgbi naa amewo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe ƒomevi.

6, 7. Nu madzɔmadzɔ dziŋɔ kawo teƒe kpɔm ameƒomea le le míaƒe ɣeyiɣia me?

6 Le ƒe alafa si va yi me la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ do agbogbo ɖe edzi wu esi teƒe wokpɔ kpɔ. Elabena ƒe siawo mee wowɔ aʋa le wu. Le kpɔɖeŋu me, ŋutinyaŋlɔla aɖewo bu akɔnta be ame siwo ku le Xexemeʋa II ɖeɖe dzaa ko me ade ame miliɔn 50 va se ɖe miliɔn 60, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye dumevi dzrowo ko—wonye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo, siwo mele ɖeke me nyam o. Tso esime wowu aʋa ma wɔwɔ nu la, wogawu ame miliɔn gbogbo aɖewo le aʋa vovovo siwo wowɔ la me, eye wo dometɔ akpa gãtɔ ganye ame siwo nye dumevi dzrowo ko. Satana doa nu madzɔmadzɔ siawo wɔwɔ ɖe ŋgɔ, elabena dzi le ekum, esi wònyae be eteƒe madidi o Yehowa atsrɔ̃ ye ɖa keŋkeŋ ta. Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔe ale: “Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:12.

7 Ga si wozãna le xexea me godoo ɖe asrafonyawo ŋu ƒe sia ƒe la ade dɔlar miliɔn teƒe miliɔn ɖeka. Ame miliɔn gbogbo aɖewo mekpɔa woƒe agbemenuhiahiã veviwo o, eya ta bu nu nyui geɖe siwo ado tso eme ne wozã ga ma ɖe nu siwo ahe ŋutifafa avae ŋu kpɔ. Ame siwo ade miliɔn akpe ɖeka mekpɔa nu si woaɖu aɖi ƒo o, evɔ nuɖuɖu bɔ ɖe ame bubuwo ya si. Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe nu la, ɖevi siwo ade miliɔn atɔ̃ ye kuna ƒe sia ƒe le dɔwuame ta. Nu madzɔmadzɔ kae nye esi! Eye gabu ɖevi maɖifɔ gbogbo siwo wowuna to fuɖeɖe me ŋu kpɔ. Akɔntabubuwo ɖee fia be woade miliɔn 40 va se ɖe miliɔn 60 ƒe sia ƒe! Nu madzɔmadzɔ dziŋɔ kae nye esi!

8. Mɔ ka ko dzie woato ahe dzɔdzɔenyenye vavãtɔ avae na ameƒomea?

8 Dziɖulawo mele kuxi gbogbo siwo le fu ɖem na ameƒomea egbea la gbɔkpɔnuwo kpɔm o; eye nɔnɔmeawo manyo ɖe edzi to amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo dzi o. Mawu ƒe Nya la gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia me la, “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:13) Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ va ƒo ke ɖe amewo ƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me ale gbegbe be amegbetɔwo mate ŋu aɖee ɖa o. Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la koe ate ŋu aɖee ɖa. Eya koe ate ŋu aɖe Satana, gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple ame vɔ̃ɖiwo ɖa.—Yeremya 10:23, 24.

Dzimaɖitsitsi Si Sɔ

9, 10. Nu ka tae dzi va ɖe le Asaf ƒo?

9 Le blema la, Biblia ŋlɔla aɖewo kura gɔ̃ hã di be yewoanya nu si tae Mawu mekpɔ de nu ameƒomea ƒe nyawo me, eye wòhe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye vavã vae o. Na míakpɔ ame siawo siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi dometɔ ɖeka ƒe kpɔɖeŋu ɖa. Psalmo 73 ƒe kpukpui gbãtɔ yɔ ŋkɔ Asaf, si ate ŋu anye Lewitɔ hadzila xɔŋkɔ aɖe si nɔ anyi le Fia Dawid ƒe dziɖuɣi loo alo hadzilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si Asaf nye aƒekɔwo ƒe tatɔ na. Asaf kple eƒe dzidzimeviwo kpa ha geɖe siwo wodzina le dutoƒo tadedeagu me. Ke hã, dzi va ɖe le psalmo sia ŋlɔla ƒo le eƒe mawusubɔsubɔ me ɣeaɖeɣi le eƒe agbe me. Ekpɔ ale si kesinɔnuwo bɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo sii, eye wòde dzesii be zi geɖe la, edzena abe naneke meɖea fu na wo le agbe me o, eye vɔ̃ aɖeke hã medona tso woƒe nuwɔnawo me na wo o ene.

10 Asaf gblɔ be: “Meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la. Womesea veve aɖeke vaseɖe ku me o, eye woƒe ƒodo da ami. Amegbetɔwo ƒe hiãkpekpe mele wo ŋu o, eye womeɖea fu na wo abe amegbetɔ bubuwo ene o.” (Psalmo 73:2-8) Gake esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, Biblia ŋlɔla sia va de dzesii be nuŋububu alea mesɔ o. (Psalmo 73:15, 16) Hakpalaa dze agbagba be yeaɖɔ yeƒe tamesusuwo ɖo, gake mete ŋu se nu si tae wòdzena abe womehea to na ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta o ene, evɔ ame dzɔdzɔewo ya kpea fu zi geɖe la gɔme bliboe o.

11. Nu kae hakpala Asaf va de dzesii?

11 Ŋutsu nuteƒewɔla ma si nɔ anyi le blema la va se nu si nɔ ame vɔ̃ɖiwo lalam la gɔme—ede dzesii be Yehowa ava kpɔ nyawo gbɔ mlɔeba. (Psalmo 73:17-19) Dawid ŋlɔ bena: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”—Psalmo 37:9, 11, 34.

12. (a) Tame kae Yehowa ɖo ku ɖe vɔ̃ɖinyenye kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu? (b) Nu kae nèkpɔ tso ale si wole nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe kuxia gbɔ kpɔ gee la ŋu?

12 Kakaɖedzitɔe la, Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be yeaɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa le anyigba sia dzi le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Esia nye nu si ŋu wòle be Kristotɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã nanɔ bubum edziedzi. Yehowa aɖe ame siwo gbea eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖa, eye wòaɖo eteƒe na ame siwo nɔa agbe wòsɔna ɖe eƒe lɔlɔ̃nu nu la. ‘Eƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna. Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la. Ana dzoka, dzo, aŋɔ, kple ya xɔdzo nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi. Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzi me dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋkume.’—Psalmo 11:4-7.

Xexe Yeye Si Me Dzɔdzɔenyenye Anɔ

13, 14. Nu ka tae ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖe xexe yeyea me?

13 Ne Yehowa tsrɔ̃ nuɖoanyi madzɔmadzɔ sia si le Satana ƒe ŋusẽ te ɖa vɔ la, Ahe xexe yeye wɔnuku aɖe vae. Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia ye aɖu xexe ma dzi. Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ axɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye kple madzɔmadzɔnyenye teƒe, eye ɣemaɣi la, gbedodoɖa si nye, “wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” la ava eme bliboe.—Mateo 6:10.

14 Biblia gblɔ dziɖuɖu si ƒomevi míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na la na mí, dziɖuɖu si ame siwo katã si dzi dzɔdzɔe le la le mɔ kpɔm na vevie fifia. Ɣemaɣi la, Psalmo 145:16 me nyawo ava eme bliboe, egblɔ be: “[Yehowa Mawu] èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” Gakpe ɖe eŋu la, Yesaya 32:1 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, fia [Kristo Yesu si le dziƒo] aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo [Kristo teƒenɔla siwo le anyigba dzi] aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.” Yesaya 9:6 gblɔ ɖi ku ɖe Fia Yesu Kristo ŋu be: “Seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.” Àte ŋu akpɔe le susu me ɖaa be yele agbe le dziɖuɖu dzɔdzɔe ma tea?

15. Nu kae Yehowa awɔ na ameƒomea le xexe yeyea me?

15 Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, susu aɖeke manɔ anyi si ta míagblɔ nya si wogblɔ le Nyagblɔla 4:1 la o, afi ma gblɔ be: “Eye megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.” Enye nyateƒe be asesẽ ŋutɔ be míazã míaƒe susu madeblibo siawo atsɔ akpɔ ale si gbegbe nuwo anɔ le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la mee. Nu baɖa wɔwɔ maganɔ anyi o, ke boŋ nu nyuiwo sɔŋ koe ayɔ ŋkeke ɖe sia ɖe me fũu. Ɛ̃, Yehowa aɖɔ nu gbegblẽ ɖe sia ɖe ɖo wòawu ale si míekpɔ mɔ nɛ. Aleke wòsɔe nye esi be Yehowa Mawu tsɔ gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòŋlɔ bena: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13.

16. Aleke woɖo “dziƒo yeye” la gɔme anyii, eye gɔmesese ka nue wole “anyigba yeye” la dzram ɖo le egbea?

16 Le nyateƒe me la, woɖo “dziƒo yeye,” si nye Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu si le Kristo si me, la anyi xoxo. Wole ame siwo anye “anyigba yeye,” si nye anyigba dzi ƒome yeye si me tɔwo nye dzi dzɔdzɔetɔwo, ƒe ame gbãtɔwo nu ƒom ƒu le nuwuɣi sia me. Wode ame miliɔn adre kloe xoxo le dukɔ 235 ya teti me, eye wole hame siwo ade 100,000 me. Ame miliɔn gbogbo siawo le nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo ŋu, eye esia wɔe be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ na wowɔ ɖeka le xexea me godoo. Ðekawɔwɔ si le wo dome la nye esi ɖe dzesi wu si nɔa anyi didi wu le xexea ƒe ŋutinya me, enye ɖekawɔwɔ si ƒo nu sia nu si Satana teviwo kpɔ kpɔ la ta. Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ siawo nye ɣeyiɣi nyui siwo ava le Mawu ƒe xexe yeye, si me dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ axɔ aƒe ɖo la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe ko.—Yesaya 2:2-4; Yohanes 13:34, 35; Kolosetɔwo 3:14.

Satana Ƒe Amedzidzedze Ado Kpo Nu

17. Nu ka tae Satana ado kpo nu godoo ne edze Yehowa ƒe amewo dzi zi mamlɛtɔ?

17 Eteƒe madidi o, Satana kple eyomedzelawo ava dze Yehowa subɔlawo dzi kple susu be yewoatsrɔ̃ wo ɖa. (Xezekiel 38:14-23) Esia anye nu si Yesu yɔ be ‘xaxa gã si meva kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o’ la ƒe akpa aɖe. (Mateo 24:21) Ðe Satana ƒe amedzidzedzea akpɔ dzidzedzea? Ao. Mawu ƒe Nya la na kakaɖedzi mí be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:28, 29.

18. (a) Aleke Mawu awɔ nu ne Satana va dze Eƒe amewo dzi le etsɔme? (b) Nu ka tae wòdzɔ dzi na wò be míedzro Biblia me nyatakaka siwo ku ɖe ale si dzɔdzɔenyenye aɖu dzii ŋu la me?

18 Ne Satana kple eƒe ame gbogboawo dze Yehowa ƒe amewo dzi la, esia anye bubumadeameŋu ƒe nuwɔna mamlɛtɔa. Yehowa gblɔ ɖi to Zaxarya dzi be: ‘Ame si ka asi mia ŋu la, eka asi nye ŋkuvi ŋu.’ (Zaxarya 2:8) Ðeko wòle abe ale si ame aɖe nanɔ asi tɔm Yehowa ƒe ŋkuvi dzi ene. Atso enumake eye wòatsrɔ̃ hlɔ̃dolawo ɖa. Yehowa subɔlawo nye ame siwo lɔ̃a ame, wɔa ɖeka, tia ŋutifafa yome hewɔa se dzi wu ame sia ame le anyigba dzi. Eya ta wo dzi dzedze alea anye nu si medze o, eye mesɔ kura o. Ame si nye ‘nya dzɔdzɔe lɔ̃la’ gãtɔ la maɖe mɔ ɖe esia ŋu o. Eƒe amewo ta ʋiʋli anye tsɔtsrɔ̃ mavɔ na woƒe futɔwo, dzɔdzɔenyenye ƒe aʋadziɖuɖu, kple ame siwo subɔa Mawu vavã ɖeka la ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi kawoe nye esi le mía ŋgɔ kpuie!—Lododowo 2:21, 22.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖi alea gbegbe ɖo?

• Aleke Yehowa akpɔ madzɔmadzɔnyenye si le anyigba dzi gbɔe?

• Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le nusɔsrɔ̃ sia si ku ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe aʋadziɖuɖu ŋu la me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, vɔ̃ɖivɔ̃ɖi xɔ aƒe ɖi, eye nenema ko wògale le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ axɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye teƒe