Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidodo Le Fukpekpe Me Ate Ŋu Aɖe Vi Na Mí

Dzidodo Le Fukpekpe Me Ate Ŋu Aɖe Vi Na Mí

Dzidodo Le Fukpekpe Me Ate Ŋu Aɖe Vi Na

“Míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo.”—YAKOBO 5:11.

1, 2. Nu kae ɖee fia be menye Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔ nakpe fu o?

AME nɔŋute aɖeke medina be yeakpe fu o; eye nenema ke mía Wɔla, Yehowa Mawu, hã medina be amegbetɔwo nakpe fu o. Míate ŋu akpɔ esia ne míedzro eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me, eye míede dzesi nu si dzɔ le ŋutsu kple nyɔnu wɔwɔ vɔ megbe. Gbã la, Mawu wɔ ŋutsua. “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Adam de blibo le ŋutilã kple susu me, eye medze be wòadze dɔ alo aku o.

2 Ke nɔnɔme siwo me Adam nɔ agbe le ya ɖe? “Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wòtsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima. Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me.” (Mose I, 2:8, 9) Vavãe, aƒe nyui aɖe ŋutɔ mee Adam nɔ. Fukpekpe aɖeke menɔ Eden o.

3. Mɔnukpɔkpɔ kae su ame eve gbãtɔawo si?

3 Mose I, 2:18 gblɔ na mí be: “Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Yehowa wɔ srɔ̃nyɔnu deblibo aɖe na Adam, eye esia na mɔnukpɔkpɔ wo be woate ŋu akpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me. (Mose I, 2:21-23) Biblia gagblɔ na mí be: “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:28) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku su ame eve gbãtɔawo si be woakeke Paradiso si nɔ Eden la ɖe enu va se ɖe ɣeyiɣi si me wòaxɔ anyigba bliboa dzi ahazu xexea me katã ƒe paradiso. Eye woadzi vi kpɔdzidzɔ siwo makpe fu aɖeke o. Gɔmedzedze nyui kae nye esi!—Mose I, 1:31.

Fukpekpe Dze Egɔme

4. Ne míelé ŋku ɖe nu siwo dzɔ le ŋutinya me ŋu la, nu kae dze ƒãa le ameƒomea ŋu?

4 Ke hã, ne míelé ŋku ɖe nɔnɔme si me ameƒomea le tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia ŋu la, edze ƒãa be nanee na be nuwo va gblẽ alea. Nu vɔ̃ɖi geɖewo le dzɔdzɔm, eye ameƒomea le fu kpem ale gbegbe. Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo dzea dɔ, kua amegã, eye wova kuna mlɔeba. Anyigbaa menye paradiso si me ame kpɔdzidzɔwo le kura o. Woɖɔ ale si nɔnɔmea le wòsɔ nyuie le Romatɔwo 8:22 ale: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.”

5. Aleke mía dzila gbãtɔwo kpɔ gome le fukpekpe hehe va ameƒomea dzi mee?

5 Womate ŋu abu fɔ Yehowa be eya gbɔe fukpekpe manyagblɔ siwo li ɣeyiɣi didi sia gbegbe la tso o. (Samuel II, 22:31) Ele be woada fɔbubua ƒe akpa aɖe ɖe amegbetɔwo dzi. Elabena “wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo.” (Psalmo 14:1) Wona mía dzila gbãtɔwo nu nyui ɖe sia ɖe tso gɔmedzedzea me ke. Be nu nyui mawo nakpɔtɔ anɔ anyi la, nu si ko wobia tso wo sie nye be woaɖo to Mawu, gake Adam kple Xawa tiae be yewoanɔ yewo ɖokui si Yehowa ƒe mɔfiafia manɔmee. Esi mía dzila gbãtɔwo gbe Yehowa ta la, womegate ŋu yi edzi nye ame deblibowo o. Ŋusẽ nɔ vɔvɔm le wo ŋu vivivi va se ɖe esime woku mlɔeba. Míenyi blibomademade ƒe dome tso wo gbɔ.—Mose I, 3:17-19; Romatɔwo 5:12.

6. Akpa kae Satana wɔ le fukpekpe hehe vae me?

6 Gbɔgbɔmeme si wova yɔ emegbe be Satana Abosam la hã kpɔ gome le fu siwo katã kpem míele la hehe vae me. Wona tiatiawɔblɔɖee. Gake ezã ablɔɖe ma le mɔ gbegblẽ nu esi wòdi be woade ta agu na ye. Ke hã, Yehowa koe wòle be woade ta agu na, ke menye na eƒe nuwɔwɔwo o. Satana ye ƒoe ɖe Adam kple Xawa nu be woati ɖokuisinɔnɔ tso Yehowa gbɔ yome, abe ɖe esia wɔwɔ ana be woanɔ “abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃” ene.—Mose I, 3:5.

Yehowa Koe Dze Aɖu Dzi

7. Nu kae aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu me tsonuwo ɖe fia?

7 Aglãdzedze me tsonu gbegblẽawo ɖee fia be Yehowa, si nye Xexea Katã Dziɖulagã la koe dze aɖu ameƒomea dzi, eye eƒe dziɖuɖu koe le dzɔdzɔe. Ƒe akpe gbogbo siwo va yi la ɖee fia be Satana, si va zu “xexe sia me fia” la, to vɔ̃ɖinyenye, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple dziɖuɖu sẽŋutawo vae, eye esia mehe dzidzeme aɖeke kura vae o. (Yohanes 12:31) Ƒe gbogbo siwo amegbetɔwo tsɔ ɖu wo ɖokui dzi le Satana ƒe ŋusẽ te me tsonu wɔnublanuiwo ɖee fia be ŋutete mele wo ŋu be woaɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me o. (Yeremya 10:23) Eya ta dziɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi si amegbetɔwo ate kpɔ la makpɔ dzidzedze o, negbe esi nye Yehowa tɔ ko. Ŋutinya ɖo kpe esia dzi kɔte.

8. Tame kae Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, eye aleke wòana tameɖoɖo sia nava emee?

8 Azɔ esi Yehowa ɖe mɔ amegbetɔwo ŋutɔ ɖu wo ɖokui dzi eya manɔmee ƒe akpe geɖee nye esia ta la, etɔ dzɔ be wòaɖe dziɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le anyigba dzi, eye eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu naxɔ ɖe wo teƒe. Nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe esia ŋu la gblɔ be: “Le fia mawo [amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe [eƒe dziƒodziɖuɖu si le Kristo si me] anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. . . . Agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Gbɔgbɔ vɔ̃wo kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nu ayi, eye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ɖeka kolia koe anɔ anyi eye wòaɖu anyigba dzi. Kristo anye Fia la, eye nuteƒewɔla 144,000 siwo woƒle tso anyigba dzi anye eƒe hatidziɖulawo.—Nyaɖeɖefia 14:1.

Fukpekpe Ate Ŋu Ahe Viɖewo Vae

9, 10. Aleke fu siwo Yesu kpe la ɖe vi nɛ?

9 Aɖe vi ŋutɔ be míadzro nɔnɔme siwo le ame siwo aɖu fia le Dziƒofiaɖuƒea me si la me. Gbã la, Kristo Yesu ŋutɔ ɖee fia be yedze anye Fia si aɖu dzi. Enɔ Yehowa gbɔ wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo henye eƒe “dɔnunɔla.” (Lododowo 8:22-31) Esi Yehowa wɔ ɖoɖo be Yesu nava anyigba dzi la, elɔ̃ faa wɔe nenema. Esi wònɔ anyigba dzi la, nuƒoƒo na amewo tso Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple Eƒe Fiaɖuƒea ŋu koŋue nɔ vevie nɛ. Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí katã to eɖokuibɔbɔ bliboe ɖe dziɖulanyenye ma te me.—Mateo 4:17; 6:9.

10 Yesu kpe fu le yometiti me, eye wowui mlɔeba. Le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, ete ŋu kpɔ nɔnɔme wɔnublanui si me ameƒomea nɔ la dze sii. Ðe nu siwo teƒe wòkpɔ kple fu siwo eya ŋutɔ kpe he viɖe aɖewo vae nɛa? Ɛ̃. Hebritɔwo 5:8 gblɔ be: “Wònye [Mawu ƒe] Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me.” Nu siwo me Yesu to esime wònɔ anyigba dzi na wòzu nugɔmesenamela kple nublanuikpɔla. Eya ŋutɔ kpɔ nɔnɔme si me ameƒomea le la teƒe. Ate ŋu ase veve ɖe ame siwo le fu kpem la nu, eye wòakpɔ vevienyenye si le mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòava xɔ na wo ŋu la adze sii. Kpɔ ale si apostolo Paulo te gbe ɖe esia dzii le Hebritɔwo ƒe agbalẽa mee ɖa: “Ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta. Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.” “Menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.”—Hebritɔwo 2:17, 18; 4:14, 16; Mateo 9:36; 11:28-30.

11. Aleke nu siwo me ame siwo ava zu fiawo kple nunɔlawo le etsɔme to le anyigba dzi kpe ɖe wo ŋui?

11 Míate ŋu agblɔ nya siawo tɔgbi ke tso ame 144,000 siwo “woƒle” tso anyigba dzi be woaɖu fia kple Kristo Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me la hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 14:4) Wodzi wo katã amegbetɔwoe le anyigba dzi, wotsi le xexe si me fukpekpe bɔ ɖo me, eye woawo ŋutɔwo hã wokpe fu kpɔ. Woti wo dometɔ geɖe yome, eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã le esi wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa helɔ̃ faa dze Yesu yome la ta. Gake ‘ŋu mekpe wo le woƒe Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti o; ke boŋ wokpe fu kple nya nyui la.’ (Timoteo II, 1:8) Nu siwo me woto le anyigba dzi na be wodze nyuie anɔ dziƒo adrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea. Wosrɔ̃ ale si woase veve ɖe amewo nu ahanyo dɔme na amewo geɖe wu, eye wodina vevie be yewoakpe ɖe amewo ŋu.—Nyaɖeɖefia 5:10; 14:2-5; 20:6.

Dzidzɔ Si Ame Siwo Si Anyigbadzinɔnɔ Ƒe Mɔkpɔkpɔ Le Akpɔ

12, 13. Aleke fukpekpe ate ŋu aɖe vi na ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le lae?

12 Ðe viɖe aɖe ate ŋu ado tso fu siwo ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi, afi si dɔléle, vevesese, kple ku manɔ o, la kpena egbea la me na woa? Vevesese kple nuxaxa si fukpekpe dona na ame la ŋutɔwo menye nu siwo dzroa ame o. Gake ne míedo dzi to fukpekpe siawo me la, enana míetua nɔnɔme nyuiwo ɖo geɖe wu, eye wònana míekpɔa dzidzɔ.

13 Bu nu si Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔ ku ɖe esia ŋu kpɔ: “Ne miekpe fu le nu dzɔdzɔe ŋuti hã la, woayra mi.” “Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi.” (Petro I, 3:14; 4:14) “Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo.” (Mateo 5:11, 12) “Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me, elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku.”—Yakobo 1:12.

14. Gɔmesese ka nue fukpekpe ate ŋu ana Yehowa subɔlawo nakpɔ dzidzɔ le?

14 Le nyateƒe me la, menye fu siwo míekpena la ŋutɔwoe nana míekpɔa dzidzɔ o. Míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme ne míenyae be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome dzedze tae míele fu kpem ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ me la, wode apostolo aɖewo gaxɔ me, eye emegbe wokplɔ wo yi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ hetso wo nu le esi wonɔ gbeƒã ɖem le Yesu Kristo ŋu ta. Woƒo wo, eye emegbe woɖe asi le wo ŋu. Aleke wowɔ nui? Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be, “wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woado ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.” (Dɔwɔwɔwo 5:17-41) Wokpɔ dzidzɔ, gake menye esi woƒo wo eye wose veve tae o, ke boŋ esi wonyae be esia dzɔ ɖe yewo dzi le esi yewolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa heto Yesu ƒe afɔtoƒewo tae.—Dɔwɔwɔwo 16:25; Korintotɔwo II, 12:10; Petro I, 4:13.

15. Aleke míaƒe dzidodo le fukpekpe me fifia aɖe vi na mí le etsɔmee?

15 Ne míetsɔ nukpɔsusu nyuiwo doa dzi le tsitretsiɖeŋu kple yometiti me la, ana míatu dzidodo ɖo. Esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le fukpekpe siwo ava mía dzi le etsɔme la me. Míexlẽ le Ŋɔŋlɔawo me be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.” (Yakobo 1:2, 3) Nenema kee Romatɔwo 5:3-5 gblɔ na mí be: “Míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi míenyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ; ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o.” Eya ta zi ale si míeyia edzi doa dzi fifia le dodokpɔ siwo vaa mía dzi le esi míenye Kristotɔwo ta me la, zi nenemae míasu te nyuie bene míado dzi le dodokpɔ bubu siwo ava mía dzi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me la me.

Yehowa Aɖo Eteƒe Na

16. Teƒeɖoɖo kae Yehowa ana ame siwo ava zu fiawo kple nunɔlawo le etsɔme ɖe fu si wokpe la ta?

16 Ne míebu míaƒe nunɔamesiwo le tsitretsiɖeŋu kple yometiti siwo vaa mía dzi le esi míelé Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ɖe asi ta me gɔ̃ hã la, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm be Yehowa aɖo eteƒe na mí bliboe. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ na ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ be: “Miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.” (Hebritɔwo 10:34) Kpɔ dzidzɔ si gbegbe woakpɔ ne wole gome kpɔm le yayra wɔnukuwo hehe vae na anyigbadzinɔlawo le xexe yeyea me le Yehowa kple Kristo ƒe kpɔkplɔ te me la ɖa. Aleke nya siawo siwo apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ wɔnuteƒewo be, “mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mía ŋuti la o” nye nyateƒee nye esi!—Romatɔwo 8:18.

17. Nu kae Yehowa awɔ na ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, siwo subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe fifia la?

17 Nenema ke, nu ka kee ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le abu alo alɔ̃ faa atsɔ asa vɔe le Yehowa subɔsubɔ ta fifia o, Yehowa atsɔ nu siwo wòawɔ na wo le etsɔme aɖo eteƒe na wo geɖe wòagbɔ edzi. Ana agbe deblibo si nuwuwu meli na o wo le paradisonyigba dzi. Le xexe yeye ma me la, Yehowa “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ŋugbedodo wɔnuku kae nye esi! Míate ŋu atsɔ nu siwo míelɔ̃na tsɔ saa vɔe alo esiwo míebuna le egbexexea me le Yehowa subɔsubɔ ta la ƒe ɖeke asɔ kple agbe wɔnuku si gbɔna, si ƒe ŋugbe wòdo na esubɔla wɔnuteƒe siwo do dzi le fukpekpe me va se ɖe nuwuwu la o.

18. Ŋugbedodo fakɔname kae Yehowa na mí le eƒe Nya la me?

18 Fu ɖe sia ɖe si míagava kpe la dometɔ aɖeke mate ŋu agblẽ agbe mavɔ si míava nɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me la me na mí gbeɖe o. Woatsɔ nɔnɔme wɔnuku siwo anɔ xexe yeyea me aɖo fukpekpe siawo katã teƒe na mí bliboe. Yesaya 65:17, 18 gblɔ na mí be: “Womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti.” Eya ta esɔ nyuie be Yesu nɔviŋutsu Yakobo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Ɛ̃, ne míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe fifia la, ate ŋu aɖe vi na mí le etsɔme.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke amegbetɔwo wɔ va dze fukpekpe gɔme?

• Vi kawoe fukpekpe ate ŋu aɖe na ame siwo aɖu anyigba dzi le etsɔme kple ame siwo anɔ anyigba la dzi siaa?

• Nu ka tae míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm fifia togbɔ be míele fu kpem hã?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Etsɔme wɔnuku aɖe nɔ ŋgɔ na mía dzila gbãtɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Fukpekpe siwo teƒe Yesu kpɔ dzrae ɖo be wòzu Fia kple Nunɔlagã nyui aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Apostoloawo kpɔ ‘dzidzɔ be wobu wo be, wodze bena woado ŋukpe wo’ le woƒe xɔse ta