Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Viɖe Aɖe Gale “Nubabla Xoxo” La Ŋua?

Ðe Viɖe Aɖe Gale “Nubabla Xoxo” La Ŋua?

Ðe Viɖe Aɖe Gale “Nubabla Xoxo” La Ŋua?

LE ƑE 1786 me la, Franseawo ƒe atikewɔla aɖe ɖe agbalẽ aɖe ɖe go si woyɔ be Traité d’anatomie et de physiologie (Ŋutinuwo Kple Woƒe Dɔwɔwɔ Ŋuti Numedzodzro). Wobu eƒe agbalẽa ɣemaɣi be enye numekugbalẽ deŋgɔtɔ kekeake, si dzi woate ŋu aka ɖo, ku ɖe nusɔsrɔ̃ tso ŋutilãmekawo kple ŋutinuwo ƒe wɔwɔme ŋu, eye le egbeŋkekeawo me la, wodzraa agbalẽa ƒe tata ʋɛ siwo gali la ƒe ɖeka wòxɔa Amerika dɔlar akpe 27 sɔŋ! Ke hã, dɔnɔ akpa gãtɔ malɔ̃ egbea be ɖɔkta aɖe nanɔ te ɖe agbalẽ ma si woŋlɔ ƒe alafa geɖewoe nye sia la ƒe atikewɔwɔ mɔfiamewo dzi awɔ dɔ na yewo o. Ale si agbalẽ ma xɔ ŋkɔ le ŋutinya me henye numekugbalẽ vevi la menye kpeɖodzi be ate ŋu aɖe vi na dɔnɔwo egbea o.

Nenemae ame geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe Biblia ƒe akpa si amewo yɔna be Nubabla Xoxo la hã ŋu. Wokpɔa ŋudzedze ɖe Israel dukɔa ƒe ŋutinya si le eme ŋu, eye eme hakpanya viviwo doa dzidzɔ na wo. Ke hã, wokea ɖi ne nunya le eme be woawɔ ɖe eme ɖaŋuɖoɖo siwo woŋlɔ ɖi ƒe 2,400 kple edzivɔwoe nye esia la dzi. Egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya, asitsamɔnuwo, kple ƒomegbenɔnɔ gɔ̃ hã to vovo kura na ale si wonɔ esime woŋlɔ Biblia. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Christianity Today ƒe nuŋɔŋlɔmetola tsãtɔ, Philip Yancey, ŋlɔ ku ɖe Nubabla Xoxoa ŋu le eƒe agbalẽ si nye The Bible Jesus Read (Biblia Si Yesu Xlẽ) me be: “Zi geɖe la, gɔmesese menɔa eme nyawo ŋu o, eye ne gɔmesese aɖe le wo ŋu kura gɔ̃ hã la, wotɔa to me na amewo le egbeŋkekeawo me. Susu siawo kple bubuwo tae amewo mexlẽa Nubabla Xoxoa, si nye Biblia ƒe akpa etɔ̃ le ene me la o.” Nuŋububu alea menye nu yeye o.

Mekpɔ de ƒe 50 tso esime apostolo Yohanes ku le ƒe 100 M.Ŋ. me lɔƒo hafi ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe, si ŋkɔe nye Marcion, ɖe gbeƒãe be ele be Kristotɔwo nadzudzɔ Nubabla Xoxoa zazã o. Robin Lane Fox, si nye Britaintɔ ŋutinyaŋlɔla, gblɔ be Marcion he nya be, “‘Mawu’ si ŋu woƒo nu tso le Nubabla Xoxoa me la nye ‘Hlɔ̃dola vɔ̃ɖi’ si de adzoblasuwo kple dugbalawo abe Israel fia Dawid ene dzi. Gake Kristo ya ɖe Mawu si kɔ boo, si to vovo kura, ƒe nɔnɔme fia.” Fox ŋlɔ bena, nuŋububu alea “va zu ‘Marciontɔwo ƒe dzixɔse’ eye ame geɖe lé eme ɖe asi vevie, vevietɔ le Ɣedzeƒenutowo me Siriagbedolawo dome, kaka va ɖo keke ƒe alafa enelia me ke.” Nukpɔsusu sia gakpɔtɔ le ame aɖewo si egbea. Ale wɔ, Philip Yancey ŋlɔ le ƒe 1,600 kple edzivɔ megbe be, “Kristotɔwo le Nubabla Xoxoa me nyawo ŋlɔm be kabakaba, eye ame akpa gãtɔ ŋlɔe be keŋkeŋ kloe.”

Ðe Nubabla Yeyea va xɔ ɖe Nubabla Xoxoa teƒea? Aleke “Yehowa Zebaot” alo “Aʋakɔwo ƒe Yehowa,” si ŋu woƒo nu tso le Nubabla Xoxoa me la, agate ŋu anye “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu,” si ŋu woƒo nu tso le Nubabla Yeyea me? (Yesaya 13:13; Korintotɔwo II, 13:11) Ðe Nubabla Xoxoa ate ŋu aɖe vi na wò egbea?