Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me

Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me

Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me

“Miwɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me!”—KORINTOTƆWO I, 16:14.

1. Seselelãme kawoe nɔa dzilawo me ne wodzi vi teti?

AME akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be vidzidzi nye agbemenu dodzidzɔname gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Aleah, gblɔ be: “Esi mekpɔ vinyenyɔnu si medzi teti la, dzidzɔ manyagblɔ aɖe yɔ menye fũu. Ewɔ nam abe eyae nye vidzĩ si nya kpɔ wu ɖe sia ɖe si mekpɔ kpɔ ene.” Gake nudzɔdzɔ dodzidzɔname ma ate ŋu ana dzilawo natsi dzimaɖi hã. Aleah srɔ̃ gblɔ be: “Nu si ŋu metsi dzi ɖoe nye be, ɖe mate ŋu ahe vinyenyɔnua be wòanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu mahã.” Dzila geɖewo hã tsia dzi ɖe nya sia ŋu, eye wokpɔ ale si wòhiã be woanyi wo viwo le lɔlɔ̃ me la dze sii. Gake Kristotɔ dzila siwo dina be yewoahe yewo viwo le lɔlɔ̃ me la doa go kuxiwo. Kuxi siawo dometɔ aɖewo ɖe?

2. Kuxi kawoe dzea ŋgɔ dzilawo?

2 Míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ʋĩ fifia. Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, ame siwo melɔ̃a ame o lae yɔ xexea me fũu. Ƒometɔwo gɔ̃ hã va zu “ame madakpewo, [ame mawɔnuteƒewo, NW], amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, [kple] ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:1-5) Ame siwo si nɔnɔme siawo le dome nɔnɔ gbe sia gbe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si Kristotɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe ƒomea me la dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzilawo wɔa avu kple woawo ŋutɔwo ƒe ɖokuidzimaɖumaɖu ƒe nɔnɔme si ƒe dome wonyi, asaƒoƒo na nya siwo womedi be yewoagblɔ hafi o gbɔgblɔ, kple ale si womeɖɔa ŋu ɖo le go bubuwo me o la.—Romatɔwo 3:23; Yakobo 3:2, 8, 9.

3. Alekee dzilawo ate ŋu awɔ ahe wo viwo woanye dzidzɔmewo?

3 Togbɔ be kuxi siawo ɖea fu na dzilawo hã la, woate ŋu ahe wo viwo woanye dzidzɔme siwo anɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu. Aleke woate ŋu awɔ esiae? To Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be: “Miwɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me” la dzi wɔwɔ me. (Korintotɔwo I, 16:14) Nyateƒee, lɔlɔ̃ nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:14) Mina míadzro lɔlɔ̃ si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tso le agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo me la ƒe akpa vovovo etɔ̃, kple mɔ siwo nu dzilawo ate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia le wo viwo hehe me la, me kpɔ.—Korintotɔwo I, 13:4-8.

Dzigbɔgbɔ Blewu Hiã

4. Nu ka tae wòhiã be dzilawo nagbɔ dzi blewu?

4 Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu.” (Korintotɔwo I, 13:4) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “gbɔa dzi blewu” fia be woanye dzigbɔɖitɔ kple ame si medoa dziku kabakaba o. Nu ka tae wòhiã be dzilawo nagbɔ dzi blewu ɖo? Ðikeke mele eme o be dzila akpa gãtɔ ate ŋu agblɔ susu geɖe siwo tae. Bu wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ. Ƒãa hafi ɖeviwo biaa nane si dim wole la zi ɖeka pɛ ko. Ne dzilaa ɖo eŋu moveviɖoɖotɔe be ao gɔ̃ hã la, ɖevia agate ŋu anɔ nua biam atraɖii kple susu be ava lɔ̃ awɔe na ye mahĩ. Ƒewuiviwo ate ŋu adze agbagba be yewoato mɔ vovovowo dzi aɖe yewo ɖokuiwo nu be dzilawo naɖe mɔ na yewo yewoawɔ nane si dzilawo ya kpɔ be enye bometsinu. (Lododowo 22:15) Eye abe ale si wòle le mí katã gome ene la, ɖeviwo gate ŋu wɔa vodada siwo wowɔ va yi la dometɔ aɖewo enuenu.—Psalmo 130:3.

5. Nu kae ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woagbɔ dzi blewu?

5 Nu kae ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woagbɔ dzi ɖi blewu na wo viwo? Fia Salomo ŋlɔ bena: “Amesi gbɔa dzi blewu la, [nugɔmeselae, NW].” (Lododowo 19:11) Dzilawo ate ŋu ase wo viwo ƒe nuwɔnawo gɔme ne woɖo ŋku edzi be yewo hã ‘yewoƒo nu abe ɖevi ene, yewosusu abe ɖevi ene, eye yewobu tame abe ɖevi ene’ kpɔ. (Korintotɔwo I, 13:11) Dzilawo, ɖe miate ŋu aɖo ŋku edzi be miawo hã mieɖe fu na mia tɔ alo mia nɔ be wòawɔ nane si me susu mele o na mi kpɔa? Le miaƒe ƒewuiwo me la, ɖe wòwɔ na mi kpɔ be mia dzilawo mese miaƒe seselelãmewo alo kuxiwo gɔme na mi oa? Ne nenemae la, ke miate ŋu ase nu si tae mia viwo wɔa nu le mɔ aɖewo nu, kple nu si tae wòhiã be miayi edzi anɔ ŋku ɖom se siwo miede na wo la dzi na wo le dzigbɔɖanyi me la gɔme. (Kolosetɔwo 4:6) Enyo be míade dzesii be Yehowa gblɔ na dzila siwo nɔ Israel la be ‘woaku’ yeƒe seawo “ɖe to me” na wo viwo. (Mose V, 6:6, 7) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “woaku nya ɖe to me” fia be “woagbugbɔ nya agblɔ,” “agblɔ nya aɖe enuenu,” “ana nya aɖe natsi susu me na ame.” Esia bia be dzilawo nagbugbɔ agblɔ nya ɖeka zi geɖe hafi ɖeviwo nate ŋu asrɔ̃ ale si woawɔ Mawu ƒe sewo dzi. Nyawo gbugbɔ gblɔ nenema hiã le agbemenu bubuwo hã fiafia wo me.

6. Nu ka tae ne dzila aɖe gbɔa dzi blewu la, mefia be enye ame si ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu o?

6 Gake ne dzila aɖe gbɔa dzi blewu la, mefia be eɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu o? Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Ðevi [si womekpla o la] dea ŋukpe mo na dadaa.” Lododo ma kee gblɔ nu si dzilawo awɔ be wòagadzɔ nenema o, be: “Ati kple mokaname dzea nunya ame.” (Lododowo 29:15) Ɣeaɖewoɣi la, awɔ na ɖeviwo be yewo dzilawo mekpɔ mɔ ahe to na yewo o. Gake mele be Kristotɔwo ƒe ƒomewo nanɔ abe demokrasi dziɖuɖu ene, abe ɖee wòle be ɖeviwo nada asi ɖe dzilawo ƒe gomenɔamesi be woahe to na yewo dzi hafi ene o. Ke boŋ Yehowa, ame si nye ƒomea ƒe Tatɔe na ŋusẽ dzilawo be woahe wo viwo ahamla wo le lɔlɔ̃ me. (Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 3:15; 6:1-4) Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ ƒe akpa si ŋu Paulo gaƒo nu tso la do ƒome kplikplikpli kple tohehe.

Ale Si Woahe To Le Lɔlɔ̃ Me

7. Nu ka tae dzila siwo ƒe dɔme nyo la hea to na wo viwo, eye nu kae tohehe sia lɔ ɖe eme?

7 Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ . . . ƒe dɔme nyona.” (Korintotɔwo I, 13:4) Dzila siwo nyoa dɔme vavã la ahe to na wo viwo le ɖoɖo nu. Esia wɔwɔ anye Yehowa sɔsrɔ̃. Paulo ŋlɔ bena: “Amesi ke [Yehowa] lɔ̃na la, eya wòhea to na.” De dzesii be tohehe si ŋu woƒo nu tso le Biblia me la mefia tohehe na ame ko o. Elɔ hehenana kple nufiafia ame ɖe eme. Taɖodzinu kae le tohehe ma ŋu? Paulo gblɔ be: “Etsea ŋutifafa ƒe ku, si nye dzɔdzɔenyenye, na ame siwo wotsɔe na hehee la.” (Hebritɔwo 12:6, 11, NW) Ne dzilawo he to na wo viwo dɔmenyotɔe le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, woana mɔnukpɔkpɔ wo be woatsi ava nye ŋutifafame siwo wɔa nu dzɔdzɔe. Ne ɖeviwo lɔ̃ xɔ “Yehowa ƒe amehehe” la, nunya, sidzedze kple gɔmesese, siwo xɔ asi wu sika alo klosalo la, sua wo si.—Lododowo 3:11-18.

8. Nu kae dzɔna zi geɖe ne dzilawo do kpo tohehe na wo viwo?

8 Le go bubu me la, manye dɔmenyonyo ne dzilawo do kpo tohehe na wo viwo o. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ bena: “Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.” (Lododowo 13:24) Ðevi siwo womehe to na ale si dze o la ate ŋu anye ɖokuitɔdilawo, eye womanye dzidzɔmewo o. Gake ɖevi siwo dzilawo sea veve ɖe wo nu, eye le ɣeyiɣi ma ke me wotea afɔ ɖe to sesĩe le tohehe na wo me la, wɔa dɔ nyuie le suku, eye wonyaa ame dome nɔnɔ henyea dzidzɔmewo hã. Eme kɔ ƒãa be dzila siwo hea to na wo viwo la le dɔme nyom na wo.

9. Nu kawoe dzila Kristotɔwo fiaa wo viwo, eye aleke wòle be ɖeviawo nabu nudidi siawo?

9 Nu kawoe tohehe na ɖeviwo le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me lɔ ɖe eme? Ehiã be dzilawo nana nu si tututu wodi tso wo viwo si la me nakɔ na wo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, dzila Kristotɔwo fiaa Biblia me gɔmeɖosewo kple gomekpɔkpɔ le tadedeagu vavãtɔa ƒe wɔna vovovowo me ƒe vevienyenye wo viwo tso woƒe ɖevime ke. (Mose II, 20:12-17; Mateo 22:37-40; 28:19; Hebritɔwo 10:24, 25) Ele be woana ɖeviawo nanya be ehiã be yewoawɔ ɖe nudidi siawo dzi godoo.

10, 11. Nu ka tae dzilawo ate ŋu awɔ ɖe wo viwo ƒe didiwo dzi ɣeaɖewoɣi ne wodi be yewoade sewo na wo?

10 Gake ɣeaɖewoɣi la, anyo be dzilawo nana wo viwo nakpɔ gome le aƒea me sewo ɖoɖo anyi ŋuti numedzodzrowo me. Ne ɖeviwo kpɔa gome le aƒea me sewo ŋuti numedzodzroawo me la, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ ɖe wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilawo di be yewoaɖo ɣesiɣi wòle be ɖeviwo nagbɔ va aƒe me na wo la, woate ŋu aɖo game aɖe koŋ na wo. Alo le go bubu me la, woate ŋu aɖe mɔ na ɖeviawo woagblɔ game si woadi be yewoagbɔ va aƒe me kple susu siwo tae wotia game ma ɖo. Emegbe, dzilawo agblɔ game si woawo wodi be ɖeviawo nagbɔ va aƒe me, eye woaɖe susu siwo tae wòsɔ nenema ɖo la me na wo. Ke ne miaƒe nukpɔsusuwo mewɔ ɖeka le go sia me o, abe ale si wòate ŋu adzɔe ene, ya ɖe? Le go aɖewo me la, dzilawo ate ŋu alɔ̃ ɖe wo viawo ƒe nukpɔsusu dzi ne womenya tsi tsitre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o ko. Ðe esia wɔwɔ afia be dzilawo na ta, alo womewɔ woƒe dzilanyenye ƒe ŋusẽa ŋu dɔ oa?

11 Bene míaɖo nya ma ŋu la, mina míakpɔ ale si Yehowa wɔ eƒe ŋusẽ ŋu dɔ lɔlɔ̃tɔe le nuwɔwɔ ɖe Lot kple eƒe ƒomea ŋu mee ɖa. Esi mawudɔlawo kplɔ Lot kple srɔ̃a kpakple viawo do go le Sodom vɔ megbe la, wogblɔ be: “Si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!” Gake Lot ɖo eŋu be: “O, [Yehowa], meganɔ nenema o!” Azɔ Lot do susu bubu ɖa be: “Kpɔ ɖa, du aɖe nye kem tsɔ ɖe mía gbɔ, ne masi ayi ɖe afima. . . . Eyata na mɔm, ne masi ayi ɖe eme.” Alekee Yehowa ɖo eŋu nɛ? Egblɔ be: “Le nya sia me hã meɖo to wò.” (Mose I, 19:17-22) Ðe esia fia be ŋusẽ si wòle be Yehowa nakpɔ ɖe Lot dzi la me gbɔdzɔa? Kura o! Ke boŋ ɖe wòbu Lot ƒe biabiaa ŋu hetiae be yeagave enu le go sia hã me. Ne dzilae nènye la, ɖe nàte ŋu awɔ ɖe viwòwo ƒe didiwo dzi ɣeaɖewoɣi ne èdi be yeade sewo na woa?

12. Nu kae akpe ɖe ɖeviwo ŋu woase le wo ɖokui me be yewo le dedie?

12 Menye seawo koe wòle be ɖeviawo nanya o, ke ele be woanya tohehe si woaxɔ ne woda se mawo dzi hã. Ne miena wonya tohehe si woaxɔ, eye miena wose wo gɔme nyuie vɔ megbe la, ke ele be miakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe edzi. Manye dɔmenyonyo nenye be dzilawo gblɔna ɣesiaɣi be yewoahe to na yewo viwo gake wodoa kpo esia wɔwɔ o. Biblia gblɔ be: “Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.” (Nyagblɔla 8:11) Anyo be dzilawo naƒo asa na tohehe na wo viwo le gaglãgbe alo le wo hatiwo ŋkume, bene ŋu nagakpe wo o. Gake ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be yewo le dedie, eye wobua wo dzilawo helɔ̃a wo geɖe wu ne wonya be yewo dzilawo ƒe “ɛ̃” nyea ɛ̃, eye woƒe “o” nyea o, ne esia lɔ tohehe ɖe eme kura gɔ̃ hã.—Mateo 5:37.

13, 14. Alekee dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le tohehe na wo viwo me?

13 Bene tohehe naɖe dɔmenyonyo fia la, ele be wòasɔ ɖe ɖevia ƒe nɔnɔme nu. Pam gblɔ be: “Menye tohehe ɖeka tɔgbi míenana mía vi eveawo o. Tohehe si wɔa dɔ ɖe ɖeka dzi la meɖia naneke na evelia ya o.” Srɔ̃a ŋutsu, Larry, ɖe nu me be: “Mía vinyɔnu tsitsitɔ dina be yeawɔ nu si dze ye ŋu la godoo, eye edze abe tohehe si nu sẽ la koe wɔa dɔ le egome ene. Gake nyagbegbe na mía vinyɔnu suetɔa ya ŋkubiãtɔe, alo nyagbegbe nɛ kple ŋku ɖeɖe dzaa wɔa dɔ ɖe edzi.” Le nyateƒe me la, dzila nyodɔmewo dzea agbagba dea dzesi tohehe si sɔ na wo vi ɖe sia ɖe.

14 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi na dzilawo le mɔ sia nu be enya esubɔla ɖe sia ɖe ƒe ŋutete kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo. (Hebritɔwo 4:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne ehiã be Yehowa nahe to la, mewɔnɛ wògbɔa eme alo doa kpo ewɔwɔ o. Ke boŋ ehea to na eƒe amewo “ɖe ɖoɖo nu” ɣesiaɣi. (Yeremya 30:11) Dzilawo, ɖe mienya mia viwo ƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwoa? Ðe esia nyanya kpena ɖe mia ŋu be miewɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe le tohehe na wo mea? Ne miewɔnae alea la, ke miele eɖem fia be mielɔ̃ mia viwo vavã.

Na Dzeɖoɖo Faa Ƒe Kadodo Nanɔ Mia Dome

15, 16. Alekee dzilawo awɔ ana dzeɖoɖo faa ƒe kadodo nanɔ woa kple wo viwo dome, eye mɔnu kawoe dzila Kristotɔ aɖewo kpɔ be wowɔa dɔ le go sia me?

15 Lɔlɔ̃ ƒe akpa bubue nye be, “medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi.” (Korintotɔwo I, 13:6) Alekee dzilawo ate ŋu ahe wo viwo le mɔ si ana woalɔ̃ nu dzɔdzɔe kple nyateƒe nu? Afɔ vevi si woaɖee nye be woade dzi ƒo na wo viwo be woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ faa, ne womawɔ ɖeka kple dzilaawo ƒe nukpɔsusu o gɔ̃ hã. Esɔ be dzi dzɔa dzilawo ne wo viwo ƒe tamesusu kple seselelãmewo wɔ ɖeka kple dzidzenu dzɔdzɔewo. Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo ƒe nyagbɔgblɔwo ate ŋu aɖee afia be wokpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu. (Mose I, 8:21) Alekee wòle be dzilawo nawɔ nu le go sia me? Ðewohĩ dzilawo adi be yewoahe to na yewo viawo enumake ɖe nya mawo gbɔgblɔ ta. Ne dzilawo wɔa nu nenema la, ate ŋu ana ɖeviawo naɖoe be nya siwo yewokpɔ be yewo dzilawo adi be yewoase la koe yewoagblɔ. Ele eme be, ehiã be woaɖɔ ɖeviawo ɖo enumake ne wogblɔ nya madzetowo ya, gake vovototo le ale si ɖeviawo agblɔ nya dzetowo fiafia wo kple nya siwo tututu woagblɔ la gbɔgblɔ de nu na wo dome.

16 Alekee dzilawo awɔ ana dzeɖoɖo faa ƒe kadodo nanɔ woa kple wo viwo dome? Aleah, si ŋu míeƒo nu tso do ŋgɔ la gblɔ be: “Míena dzeɖoɖo faa ƒe kadodo nɔ mía kple mía viwo dome to asaƒoƒo na nu gbɔme wɔwɔ ne wogblɔ nya siwo ɖe fu na mí me.” Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Tom, gblɔ be: “Míede dzi ƒo na mía vinyɔnu be wòagblɔ eƒe dzimenyawo na mí faa, ne míaƒe nukpɔsusuwo mewɔ ɖeka kple etɔ o hã. Míekpɔe be ne míele nya tsim ɖe enu hetea tɔ ɖe míaƒe nukpɔsusuwo dzi la, ate ɖe edzi, eye wòagbe be yemaganɔ yeƒe dzimenyawo gblɔm na mí o. Gake míekpɔe be toɖoɖo eyama ade dzi ƒo nɛ be eya hã naɖo to mí.” Nyateƒe matrɔmatrɔe wònye be, ele be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo. (Lododowo 6:20) Gake ne dzilawo na dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui le woa kple wo viwo dome la, ana mɔnukpɔkpɔ dzilawo be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu woasrɔ̃ ale si woabu nuwo ŋu nyuie. Vincent, si si vi ene le la gblɔ be: “Zi geɖe la, míeƒoa nu tso viɖe kple nu gbegblẽ siwo dona tso nɔnɔme aɖe me ŋu bene ɖeviawo ŋutɔ nate ŋu akpɔ emetsonu nyuitɔwo dze sii. Esia kpe ɖe wo ŋu wotu tamebubu ŋutete ɖo.”—Lododowo 1:1-4.

17. Kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ dzilawo si?

17 Ele eme be, dzila aɖeke mate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe ɖeviwo hehe ŋu dzi le mɔ deblibo nu o. Togbɔ be ele alea hã la, kakaɖedzi nenɔ mia si be mia viwo akpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo miadze be yewoahe wo le dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, kple lɔlɔ̃ me la ŋu geɖe ŋutɔ. Yehowa ayra ɖe miaƒe agbagbadzedzeawo dzi godoo. (Lododowo 3:33) Dzila Kristotɔwo katã ƒe taɖodzinu koŋue nye be yewo viwo nalɔ̃ Yehowa abe ale si yewo ŋutɔwo hã yewolɔ̃e ene. Alekee dzilawo ate ŋu awɔ aɖo taɖodzinu ɖɔʋu sia gbɔ? Nyati si kplɔe ɖo adzro mɔ aɖewo koŋ siwo dzi woato awɔ esia la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Alekee nugɔmesese ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woagbɔ dzi blewu?

• Ƒomedodo kae le dɔmenyonyo kple tohehe dome?

• Nu ka tae wòle vevie be dzeɖoɖo faa ƒe kadodo nanɔ dzilawo kple wo viwo dome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Dzilawo, ɖe miate ŋu aɖo ŋku nu si ɖevimenɔnɔ lɔ ɖe eme la dzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe miena dzeɖoɖo faa ƒe kadodo le mia kple mia viwo domea?