Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be yeƒe dɔla nuteƒewɔla la anye “aɖaŋudzela”?

Yesu fɔ biabia aɖe ɖe te be: “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?” (Mateo 24:45) “Dɔla” si naa gbɔgbɔ me “nuɖuɖu” lae nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea. Nu ka tae Yesu yɔ wo be aɖaŋudzela? *

Míase nu si nya “aɖaŋudzela” si Yesu zã fia la gɔme nyuie wu le eya ŋutɔ ƒe nufiafiawo me. Le kpɔɖeŋu me, ɣesiɣi Yesu ƒo nu tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋu la kee wòwɔ ɖetugbui ewo siwo nɔ ŋugbetɔsrɔ̃ lalam la ŋuti kpɔɖeŋua. Ðetugbiawo le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1914, siwo nɔ Ŋugbetɔsrɔ̃ gãtɔ, Yesu Kristo, lalam vevie. Ðetugbui ewoawo dometɔ atɔ̃ ƒe akaɖimemi va vɔ, eye esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃a va, si wɔe be womete ŋu de srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe o. Ðetugbui atɔ̃ mamlɛawo ya dze aɖaŋu. Wotsɔ ami ɖe asi sɔ gbɔ, si wɔe be woƒe akaɖiwo nɔ keklẽm esime ŋugbetɔsrɔ̃a va, eye woyi srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.—Mateo 25:10-12.

Esi Yesu va le Fiaɖuƒeŋusẽ me le ƒe 1914 me la, Kristotɔ amesiaminawo dometɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm be yewoawɔ ɖeka kplii le dziƒo enumake. Gake dɔ geɖe li woawɔ le anyigba dzi, eye wo dometɔ aɖewo menɔ dzadzraɖo ɖi o. Abe ɖetugbui abunetɔawo ene la, womena ŋusẽ geɖe nɔ wo ŋu le gbɔgbɔ me do ŋgɔ o, si wɔe be womenɔ klalo ayi edzi ana woƒe akaɖiwo naklẽ o. Ke hã, wo dometɔ akpa gãtɔ wɔ nu aɖaŋutɔe, le nunya kple nukpɔkpɔ do ŋgɔ me, si wɔe be ŋusẽ nɔ wo ŋu le gbɔgbɔ me. Esi wova nyae be dɔ geɖe le ŋgɔ na yewo la, wotso ɖe eŋu dzidzɔtɔe. To esia me la, woɖee fia be yewonye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.”

Bu ale si Yesu zã nya “aɖaŋudzela” le Mateo 7:24 hã ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu [aɖaŋudzela, NW], si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti.” Ŋutsu aɖaŋudzela la ɖo eƒe xɔa gɔme anyi nyuie, le esi wònyae be ahom ate ŋu atu ta. Gake ŋutsu tsibome si hã ŋu wòƒo nu tso ya tu eƒe xɔ ɖe ke dzi, eye wòmu bɔbɔe. Eya ta Yesu yomedzela aɖaŋudzelae nye esi te ŋu kpɔa nu si amegbetɔwo ƒe nunya yome nɔnɔ ate ŋu agblẽ la dzea sii do ŋgɔ. Eƒe nugɔmesese kple nuwo ŋu bubu nyuie kpena ɖe eŋu wòtua eƒe xɔse, nuwɔnawo, kple nufiafiawo ɖe nu siwo Yesu fia la dzi sesĩe. Nu ma tututue “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔna.

Gade dzesi ale si wozã nya “aɖaŋudzela” le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe teƒe geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, Farao ɖo Yosef nuɖuɖudzikpɔlae le Egipte. Esia nye ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeana nuɖuɖu yeƒe dukɔa la ƒe akpa aɖe. Nu ka tae wònye Yosef ye wotia? Farao gblɔ nɛ be: “Ame aɖeke meli, si dze aɖaŋu, eye wònya nu abe wò ene o.” (Mose I, 41:33-39; 45:5) Biblia gblɔ tso Abigail hã ŋu be eƒe “tagbɔ kɔ [edze aɖaŋu nyuie, NW].” Ena nuɖuɖu Yehowa ƒe amesiamina, Dawid, kple eƒe amewo. (Samuel I, 25:3, 11, 18) Esɔ be woyɔ Yosef kple Abigail be aɖaŋudzela, elabena wokpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dze sii, eye wowɔ nu le nuwo kpɔkpɔ do ŋgɔ kple nuwo ŋu bubu nyuie me.

Eya ta esi Yesu yɔ dɔla nuteƒewɔlaa be aɖaŋudzela la, nu si wòwɔnɛ ye nye be amewo ƒe ƒuƒoƒo si anye dɔla ma teƒenɔlawo la awɔ nu le nugɔmesese, nukpɔkpɔ do ŋgɔ, kple nuwo ŋu bubu nyuie me, le esi wotua woƒe xɔse, nuwɔnawo, kple nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nya, si nye nyateƒe, dzi la ta.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “aɖaŋudzela” lae nye phroʹni·mos. M. R. Vincent ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye Word Studies in the New Testament me be, zi geɖe la, nunya vavã kple aɖaŋudzedze dzie nya sia hea susu yii.