Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Míate Ŋu Anye Nublanuikpɔlawoe?

Aleke Míate Ŋu Anye Nublanuikpɔlawoe?

Aleke Míate Ŋu Anye Nublanuikpɔlawoe?

‘Mina míawɔ nu nyui na ame sia ame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.’—GALATIATƆWO 6:10.

1, 2. Nu kae kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu la fia mí ku ɖe nublanuikpɔkpɔ ŋu?

ESIME ŋutsu aɖe si bi ɖe Sea me nɔ dze ɖom kple Yesu la, ebiae be: “Amekae nye hanyevi mahã?” Esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom nɛ la, ewɔ kpɔɖeŋu sia nɛ be: “Ame aɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖadze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi wode abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi wòku afã kple afã. Ke eva ve eme bena, mawununɔla aɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Nenema ke Lewitɔ aɖe hã, esi wòva ɖo teƒe la, eye wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Ke Samariatɔ aɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wònɔ, eye esi wòkpɔe la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu; eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbla wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi. Eye esi ŋu eke la, etsɔ denario eve na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò.” Emegbe Yesu bia ame si bia nyae la be: “Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã?” Ŋutsua ɖo eŋu be: “Amesi kpɔ nublanui nɛ lae.”—Luka 10:25, 29-37a.

2 Aleke ale si Samariatɔa wɔ nu ɖe ŋutsu si ŋu wode abi la ŋu ɖe nu si nublanuikpɔkpɔ vavã nye la fia nyuie nye esi! Veveseseɖeamenu alo dɔmetɔtrɔ ʋã Samariatɔa wòwɔ nu si he gbɔdzɔe vae na ame si ŋu wode abii la. Gawu la, Samariatɔa menya ame si ɖo xaxa me la le afi aɖeke o. Du si me ame tso, subɔsubɔha si me ame le, kple dekɔnuwo ƒe vovototo mexea mɔ na nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia o. Esi Yesu wɔ Samariatɔ havilɔ̃laa ƒe kpɔɖeŋua vɔ la, exlɔ̃ nu ame si bia nyae la be: “Heyi, eye nawɔ nenema ke.” (Luka 10:37b) Míate ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi ahadze agbagba be míakpɔ nublanui na amewo. Gake alekee? Mɔ kawo nue míate ŋu akpɔ nublanui na amewo le le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me?

‘Ne Nɔvi Aɖe Le Amama’

3, 4. Nu ka tae wòle be nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia le Kristo hamea me nanɔ vevie na mí?

3 Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na ame sia ame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.’ (Galatiatɔwo 6:10) Gbã la, mina míakpɔ ale si míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia haxɔsetɔwo geɖe wu la ɖa.

4 Esi nusrɔ̃la Yakobo nɔ dzi dem ƒo na Kristotɔ vavãwo be woakpɔ nublanui na wo nɔewo la, eŋlɔ bena: “Nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mefia nublanuikpɔkpɔ aɖeke o.” (Yakobo 2:13) Nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui sia si tso gbɔgbɔ me la na míenya mɔ siwo nu míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia le la dometɔ aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Yakobo 1:27 me be: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.” Yakobo 2:15, 16 gblɔ be: “Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome ame aɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã?”

5, 6. Aleke míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia geɖe wu le míaƒe hamea mee?

5 Ðetsɔtsɔ le eme na amewo kple kpekpe ɖe ame siwo hiã tu ŋu nye nu siwo dea dzesi subɔsubɔha vavã me tɔwo la dometɔ ɖeka. Míaƒe mawusubɔsubɔ menye be míatsɔ nu anɔ gbɔgblɔm na amewo be míetsɔ ɖe le eme na wo alo be nu ava nyo na wo ko o. Ke boŋ veveseseɖeamenu si me lɔlɔ̃ yɔ fũu ʋãa mí míewɔa nane tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu vevie la ŋu. (Yohanes I, 3:17, 18) Nuɖaɖa na dɔnɔ aɖe, aƒemedɔwo wɔwɔ na ame tsitsi aɖe, ʋuɖoɖo na ame aɖe be wòade Kristotɔwo ƒe kpekpewo ne ehiã, kple kpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tu; nu siawo katã nye mɔ siwo nu míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia le geɖe la dometɔ aɖewo.—Mose V, 15:7-10.

6 Kpekpe ɖe Kristo hame si le ta kekem ɖe edzi me tɔwo ŋu le gbɔgbɔ me le vevie kura wu kpekpe ɖe wo ŋu le ŋutilã me. Woxlɔ̃ nu mí be, ‘míafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, míaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Wode dzi ƒo na “nyɔnu tsitsiwo” be “woanye nu nyui fialawo.” (Tito 2:3) Biblia gblɔ tso dzikpɔla Kristotɔwo ŋu be, “[wo dometɔ ɖe sia ɖe] anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu” ene.—Yesaya 32:2.

7. Nu kae míesrɔ̃ tso nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia ŋu le nɔvi siwo nɔ Siriatɔwo ƒe Antioxia la ƒe nuwɔna me?

7 Hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔa ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana haxɔsetɔ siwo le teƒe bubuwo ŋu ɣeaɖewoɣi tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋunana ahosiwo, tsyɔ̃eviwo, kple ame siwo hiã kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname le woƒe hamea me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi nyagblɔɖila Agabo gblɔ ɖi be “dɔwuame gã aɖe le xexe blibo la katã me va ge” la, nusrɔ̃la siwo nɔ Siriatɔwo ƒe Antioxia la “ɖo bena, wo dome amesiame naɖo nunana aɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la.” Woɖo nu siawo ɖe hamemetsitsi siwo nɔ afi ma la “to Barnaba kple Saul si me.” (Dɔwɔwɔwo 11:28-30) Ke egbea ya ɖe? “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo be woana kpekpeɖeŋu mía nɔvi siwo ŋu dzɔdzɔmefɔku, siwo dometɔ aɖewoe nye ya ʋuduʋuduwo, anyigbaʋuʋuwo alo atsiaƒu gɔme anyigbaʋuʋu siwo woyɔna be tsunami, gblẽ nu le la. (Mateo 24:45) Asikpekpe ɖe ɖoɖo siawo ŋu to lɔlɔ̃ faa azã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo dzi la nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona ɖea nublanuikpɔkpɔ fiana.

“Ne Miele Ame Ŋku Me Kpɔm”

8. Aleke ameŋkumekpɔkpɔ xea mɔ na nublanuikpɔkpɔe?

8 Esime nusrɔ̃la Yakobo nɔ nu xlɔ̃m ku ɖe nɔnɔme aɖe si xea mɔ na nublanuikpɔkpɔ kple “fiasedede” si nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia ŋu la, eŋlɔ bena: “Ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃, eye se la ƒoe ɖe mia nu miedze sii be, sedzidalawo mienye.” (Yakobo 2:8, 9) Nuwɔwɔ ɖe kesinɔtɔwo alo ame siwo le nɔƒe gãwo ŋu etɔxɛ togbɔ be womedze nɛ o hã ate ŋu awɔe be míaɖe to ɖa le “ame dahewo ƒe ɣlidodo” ŋu. (Lododowo 21:13) Ameŋkumekpɔkpɔ xea mɔ na nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia. Míekpɔa nublanui na amewo ne míewɔa nu ɖe wo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

9. Nu ka tae menye nu gbegblẽ be woawɔ nu ɖe ame aɖe ŋu etɔxɛ nenye be edze nɛ o?

9 Ðe nuwɔwɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe fia be mele be míawɔ nu ɖe ame aɖeke ŋu etɔxɛ oa? Mefia nenema kura o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Filipi ku ɖe eƒe hadɔwɔla Epafrodito ŋu be: “Mibu amesiawo tɔgbe.” Nu ka tae? “Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.” (Filipitɔwo 2:25, 29, 30) Subɔsubɔdɔ siwo Epafrodito wɔ nuteƒewɔwɔtɔe dze na kafukafu. Gawu la, míexlẽ le Timoteo I, 5:17 me be: ‘Hamemetsitsi, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.’ Ame siwo si gbɔgbɔmenɔnɔme nyuiwo le la hã dze na kafukafu. Amekafukafu le go siawo me menye ameŋkumekpɔkpɔ o.

‘Nunya Si Tso Dziƒo La, Nublanuikpɔkpɔ Yɔe Fũu’

10. Nu ka tae wòle be míakpɔ míaƒe aɖe dzi?

10 Yakobo ŋlɔ tso ŋutinu si nye aɖe la ŋu be: “Nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ la wònye. Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me. Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena!” Yakobo gagblɔ kpee be: “Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o. Nunya sia la menye dziƒo wòtso o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe. Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna. Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔ̃na wogbea nya nɛ, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o.”—Yakobo 3:8-10a, 14-17.

11. Aleke míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia le ale si míezãa míaƒe aɖe la mee?

11 Eya ta ale si míezãa míaƒe aɖe lae ɖenɛ fiana nenye be nunya si ‘nublanuikpɔkpɔ yɔ fũu’ ye le mía si. Ke ne ŋuʋaʋã alo dzrehehe na be míeƒoa adegbe, kaa aʋatso, alo kakaa ameŋugblẽnya vɔ̃ɖiwo ya ɖe? Psalmo 94:4 gblɔ be: ‘Ame vɔ̃ɖiwo katã ƒoa adegbe le wo ɖokuiwo ŋu.’ Aleke ameŋugblẽnya vɔ̃ɖiwo ate ŋu aƒo ɖi ame maɖifɔwo ƒe ŋkɔe nye esi! (Psalmo 64:3-5) Gawu la, bu nu si ‘aʋatsoɖasefo si daa alakpa’ tea ŋu gblẽna ŋu kpɔ. (Lododowo 14:5; Fiawo I, 21:7-13) Esi Yakobo ƒo nu tso aɖe zazã le mɔ gbegblẽ nu ŋu vɔ megbe la, egblɔ be: “Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.” (Yakobo 3:10b) Nublanuikpɔkpɔ vavãtɔ bia be míazã míaƒe aɖewo atsɔ agblɔ nya siwo le dzadzɛ, siwo hea ŋutifafa vanɛ, kple esiwo ɖea nu dzeame wɔwɔ fiana. Yesu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi bena: Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, woabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi.” (Mateo 12:36) Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia le ale si míezãa míaƒe aɖe la mee!

‘Mitsɔ Amewo Ƒe Vodadawo Ke Wo’

12, 13. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si ku ɖe dɔla si nyi fe gbogbo aɖe le eƒe aƒetɔ ŋu ŋuti me? (b) Nu kae wòfia be míatsɔ ake mía nɔviwo ‘va se ɖe zi blaadre vɔ adre’?

12 Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe dɔla aɖe si nyi denario 60,000,000 ƒe fe le eƒe aƒetɔ si nye fia la ŋu ɖe mɔ bubu si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia la fia. Esi naneke menɔ esi wòatsɔ axe fea o la, eɖe kuku be woakpɔ nublanui na ye. “Aƒetɔ la kpɔ dɔla ma ƒe nublanui, eye wòɖe asi le eŋu hetsɔ fe la kee.” Gake esi dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔwɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa ɖeka ƒe fe le esi, eye wòlée de gaxɔ me nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Esi dɔla si wotsɔ fea ke ƒe aƒetɔ se nu si dzɔ la, eyɔe va eɖokui gbɔ hegblɔ nɛ bena: “Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la; alo mele na wò bena, wò hã nakpɔ wò hadɔtsɔla ƒe nublanui, abe alesi nye hã mekpɔ wò nublanui ene o mahã?” Eye eƒe aƒetɔ la lée de gaxɔ me. Yesu ƒo eƒe kpɔɖeŋua ta be: “Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.”—Mateo 18:23-35.

13 Aleke gbegbe kpɔɖeŋu si ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa ɖee fia be nublanuikpɔkpɔ bia be woalɔ̃ faa atsɔ akee nye esi! Yehowa tsɔ nu vɔ̃ gbogbo aɖe ke mí. Ðe mele be míawo hã míatsɔ “amewo ƒe vodadawo ke wo” oa? (Mateo 6:14, 15) Hafi Yesu nawɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe dɔla nublanuimakpɔla la ŋu la, Petro biae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: ‘Nyemegblɔ na wò bena, va se ɖe zi adre o, ke boŋ va se ɖe zi blaadre vɔ adre.’ (Mateo 18:21, 22) Nyateƒee, nublanuikpɔla lɔ̃na faa be yeatsɔ ake ‘va se ɖe zi blaadre vɔ adre,’ si fia be seɖoƒe meli na eƒe tsɔtsɔkea o.

14. Le Mateo 7:1-4 me nyawo nu la, aleke míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afiae?

14 Esime Yesu nɔ nu ƒom tso mɔ bubu si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia ŋu la, egblɔ le Todzimawunya la me be: “Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi; . . . Ke nuka wɔ nèkpɔa ati fefe, si ɖo nɔviwò ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la, mèdzea si eya o mahã? Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ati fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã?” (Mateo 7:1-4) Eya ta míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia gbe sia gbe to aɖabaŋeŋe ƒu mía nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi me ahaƒo asa na nyahehe ɖe wo ŋu vevie.

‘Mina Míawɔ Nu Nyui Na Ame Sia Ame’

15. Nu ka tae menye haxɔsetɔwo koe míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia o?

15 Togbɔ be Biblia gbalẽ si nye Yakobo te gbe ɖe nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia haxɔsetɔwo dzi hã la, esia mefia be ame siwo le Kristo hamea me koe wòle be míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia o. Psalmo 145:9 gblɔ be: “Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.” Woxlɔ̃ nu mí be míazu “mawusrɔ̃lawo” eye be ‘míawɔ nu nyui na ame sia ame.’ (Efesotɔwo 5:1; Galatiatɔwo 6:10) Togbɔ be míelɔ̃a “xexeame kple nusiwo le eme o” hã la, míetsɔa ɖe le ame siwo le xexea me la ƒe nuhiahiãwo me.—Yohanes I, 2:15.

16. Nu kawo dzie míanɔ te ɖo aɖe nublanuikpɔkpɔ afia amewo?

16 Mí Kristotɔwo míehena ɖe megbe kura le kpekpeɖeŋunana ame siwo ŋu “azãgbe kple nuɖiɖeame” gblẽ nu le alo ame siwo le nɔnɔme madeamedziwo me ŋu o. (Nyagblɔla 9:11) Enye nyateƒe be nu si míate ŋu awɔ kple ale si míawɔe anɔ te ɖe ale si nɔnɔmeawo le dzi. (Lododowo 3:27) Ne míele ŋutilãmekpekpeɖeŋu nam amewo la, ele be míakpɔ nyuie be míaƒe dɔmenyonuwɔna nagade kuviawɔwɔ dzi na wo o. (Lododowo 20:1, 4; Tesalonikatɔwo II, 3:10-12) Eya ta nublanuikpɔkpɔ vavã nye nu siwo lɔlɔ̃, dɔmetɔtrɔ alo veveseseɖeamenu, kple nuŋububu nyui siaa ʋãa ame wòwɔna.

17. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia ame siwo mele Kristo hamea me o?

17 Mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia ame siwo mele Kristo hamea me o ye nye be míagblɔ Biblia me nyateƒea na wo. Nu ka tae? Esi ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ le asi tsam le gbɔgbɔmeviviti me egbea tae. Esi wònye be womenya mɔ aɖeke si dzi woato akpe akɔ kple woƒe agbemekuxiwo o, eye etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke hã mele wo si o ta la, wo dometɔ akpa gãtɔ ‘ƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.’ (Mateo 9:36) Gbedeasi si le Mawu ƒe Nya la me ate ŋu anye ‘akaɖi na woƒe afɔwo,’ si akpe ɖe wo ŋu woakpe akɔ kple agbemekuxiwo. Ate ŋu anye ‘kekeli na woƒe toƒewo’ hã le mɔ sia nu be Biblia gblɔ tame si Mawu ɖo ɖe etsɔme ŋu la ɖi, eye esia ate ŋu ana etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖe nasu wo si. (Psalmo 119:105) Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi be míatsɔ nyateƒegbedeasi wɔnukua ayi na ame siwo hiãe vevie la! Esi “xaxa gã” la le aƒe tum ta la, fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míaxɔ dzo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me. (Mateo 24:3-8, 21, 22, 36-41; 28:19, 20) Mɔ nyui bubu aɖeke meli si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia amewo wu esia o.

‘Mitsɔ Nu Siwo Le Eme La, Wɔ Nunana’

18, 19. Nu ka tae wòle be míadze agbagba aɖe nublanuikpɔkpɔ afia le míaƒe agbe me geɖe wu?

18 Yesu gblɔ be: ‘Mitsɔ nu siwo le eme la na ame dahewo le nublanuikpɔkpɔ ta.’ (Luka 11:41) Hafi woabu dɔmenyonuwɔna aɖe be enye nublanuikpɔkpɔ na ame ŋutɔŋutɔ la, ele be wòanye nunana si tso ememe—si fia be wòatso lɔlɔ̃nu faa kple dzi si me lɔlɔ̃ yɔ fũu la me. (Korintotɔwo II, 9:7) Le xexe sia si me ŋutasesẽ, ɖokuitɔdidi, kple ɖekematsɔmatsɔ le ame bubuwo ƒe fukpekpewo kple kuxiwo me yɔ fũu me la, aleke nublanuikpɔkpɔ sia tɔgbi naa dzidzeme amee nye esi!

19 Mina míadze agbagba aɖe nublanuikpɔkpɔ afia le míaƒe agbe me geɖe wu. Zi ale si míeɖea nublanuikpɔkpɔ fianɛ la, zi nenemae míaɖi Mawui. Esia kpena ɖe mía ŋu míenɔa agbe si me dzidzeme kple dzidzɔ vavã le.—Mateo 5:7.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia míaƒe haxɔsetɔwo?

• Aleke míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia le Kristo hamea mee?

• Aleke míate ŋu awɔ nu nyui na ame siwo mele hamea me o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Samariatɔ la wɔ nu nublanuikpɔkpɔtɔe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Kristotɔwo ɖea nublanuikpɔkpɔ fiana geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia ame siwo mele Kristo hamea me o ye nye be míagblɔ Biblia me nyateƒea na wo