Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yoel Kple Amos Ƒe Agbalẽawo Me

Nya Vevi Siwo Tso Yoel Kple Amos Ƒe Agbalẽawo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yoel Kple Amos Ƒe Agbalẽawo Me

NYA si ko Yoel gblɔ tso eɖokui ŋue nye be yenye “Yoel, Petuel vi.” (Yoel 1:1) To vovo na gbedeasi si koŋ le agbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le me la, nya ʋɛ aɖewo koe Yoel gblɔ tso nu bubuwo ŋu, si wɔe be, ɖe wosusu ɣeyiɣi si me wòxɔ eƒe nyagblɔɖinyaa kura gɔ̃ hã gblɔ, si anye ƒe 820 D.M.Ŋ. lɔƒo, si nye Uziya ƒe fiazuzu le Yuda ƒe ƒe asieke megbe. Nu ka tae wònye nya ʋɛ mawo koe wòŋlɔ tso eɖokui ŋu? Ate ŋu anye be edi be yeate gbe ɖe yeƒe gbedeasia dzi, ke menye be yeahe susu va ye ɖokui dzi o.

Le Uziya ƒe ŋkeke mawo ke me la, woɖo Amos, si nye “lãkplɔvi kple [gbo tsetse ŋɔla],” si tso Yuda, hã nyagblɔɖilae. (Amos 7:14) Yoel gblɔ nya ɖi le Yuda, gake woɖo Amos ya ɖe Israel to ewo fiaɖuƒea me nɔlawo gbɔ le dziehe gome. Amos ŋlɔ eƒe agbalẽa, si nu wòwu le ƒe 804 D.M.Ŋ. me le eƒe tɔtrɔ gbɔ va Yuda megbe, le nyagbe siwo le bɔbɔe, evɔ wowɔa dɔ ɖe ame dzi me.

“ALELE, ŊKEKE LA!”—NU KA TAE?

(Yoel 1:1–4:21)

Yoel kpɔ ŋɔwo, ʋetsuviwo, kple abɔwo va ƒo ɖe dukɔa dzi le ŋutega me. Woyɔ nugblẽla siawo be wonye “dukɔ gã sẽŋu aɖe” kple “kalẽtɔwo.” (Yoel 1:4; 2:2-7) Yoel fa konyi be, “Alele, ŋkeke la!” Nu ka tae? “Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.” (Yoel 1:15) Yehowa ɖo aɖaŋu na Zion nɔlawo be: “Mitsɔ miaƒe dzi blibo . . . trɔ ɖe ŋunye!” Ne wowɔe nenema la, Yehowa ‘akpɔ nublanui na eƒe dukɔa’ eye wòaɖe ‘dziehetɔ’ la, si nye nugbagbevi gblẽnuawo, ɖa le wo ŋu. Hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã la na va la, “[atrɔ eƒe] gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi,” eye “[wòana] nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi.”—Yoel 2:12, 18-20; 3:1-4.

Wokpe dukɔwo be: “Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu yiwoe, eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe!” ne miadzra ɖo na aʋawɔwɔ. Woɖe gbe na wo be “woava Yosafat ƒe bali la me,” afi si woadrɔ̃ ʋɔnu wo ahatsrɔ̃ wo le. “Ke Yuda anɔ anyi tegbee.”—Yoel 4:10, 12, 20.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:15; 2:1, 11; 3:4; 4:14—Nu kae nye “Yehowa ƒe ŋkeke la”? Yehowa ƒe ŋkeke nye ɣeyiɣi si me Yehowa hea ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa eƒe futɔwo dzi, si nyea tsɔtsrɔ̃ na wo, eye wònyea ɖeɖe na eƒe tadeagula vavãwo ya. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe ŋkeke ma tɔgbi va blema Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me, esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo va ɖu wo dzi. (Yesaya 13:1, 6) “Yehowa ƒe ŋkeke” bubu tu aƒe, si nye ɣeyiɣi si me wòahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava “Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexe me fiaɖuƒe, dzi.—Nyaɖeɖefia 18:1-4, 21.

2:1-10; 3:1—Aleke nugbagbeviawo ƒe ƒoƒo ɖi ŋuti nyagblɔɖia va emee? Nuŋlɔɖi aɖeke mele Biblia me ku ɖe nugbagbeviwo ƒe ƒoƒo ɖe Kanaan nyigbaa dzi le agbɔsɔsɔ gã ma gbegbe me, si ŋu woƒo nu tsoe le Yoel ƒe agbalẽa me, ŋuti o. Eya ta nugbagbeviwo ƒe ƒoƒo ɖi si ŋu nya Yoel gblɔ la nye vɔvɔli na ƒe 33 M.Ŋ., esime Yehowa te eƒe gbɔgbɔa kɔkɔ ɖe Kristo yomedzela gbãtɔawo dzi, eye wodze egɔme nɔ gbeƒã ɖem gbedeasi si wɔ fu subɔsubɔhakplɔlawo. (Dɔwɔwɔwo 2:1, 14-21; 5:27-33) Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míele gome kpɔm le dɔ ma tɔgbi me egbea.

3:5—Nu kae wòfia be ‘woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la’? Be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ fia be woanya ŋkɔ ma, woade bubu deto eŋu, eye woaɖo ŋu ɖe ame si tɔ ŋkɔ ma ŋu ahaka ɖe eyama dzi.—Romatɔwo 10:13, 14.

4:14—Nu kae nye “nyametsobali la”? Menye teƒe ŋutɔŋutɔ wònye o, ke boŋ kpɔɖeŋue wònye na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Le Yuda Fia Yosafat, si ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Yehowa nye ʋɔnudrɔ̃la,” ƒe ŋkekeawo me la, Mawu de tɔtɔ dukɔ siwo ƒo xlã Yuda la me hexɔ nɛ. Eya ta wogayɔa teƒe sia be “Yosafat ƒe bali.” (Yoel 4:2, 12) Le egbeŋkekea me la, ele tsitre ɖi na kpɔɖeŋuteƒe, si woafanya dukɔwo le abe weintsetsewo le weinfiãnu me ene.—Nyaɖeɖefia 19:15.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:13, 14. Dzimetɔtrɔ vavã kple lɔlɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Mawu vavã le vevie hena xɔxɔ.

2:12, 13. Dzimetɔtrɔ vavãtɔ nye nuxaxa le dzi me. Efia be ‘woadze ame ƒe dzi,’ menye ‘ame ƒe awuwo,’ si nye gota gome nuwɔna o.

3:1-5. “Amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la” koe woaɖe le “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” dzi. Aleke wòle be míada akpee nye esi be Yehowa le eƒe gbɔgbɔa kɔm ɖe ŋutilãwo katã dzi, si wɔe be ɖeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, le gome kpɔm le nyagbɔgblɔ ɖi dɔa, si nye gbeƒãɖeɖe “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo,” me! (Dɔwɔwɔwo 2:11) Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum la, ɖe manyo be míadze agbagba geɖe wu le “anyinɔnɔ kɔkɔe kple [mawusosroɖadɔwo wɔwɔ] me” oa?—Petro II, 3:10-12.

4:4-8, 19. Yoel gblɔ ɖi be woahe to na dukɔ siwo ƒo xlã Yuda le esi wosẽ ŋuta le Mawu ƒe dukɔ tiatia la ŋu ta. Abe ale si wogblɔe ɖi tututu ene la, Babilon Fia Nebukadnezar tsrɔ̃ Tiro dugãa ƒe akpa si le anyigba ƒuƒui dzi la. Esi Aleksanda Gãtɔ xɔ Tiro ƒe akpa si le ƒukpo dzi emegbe la, wowu asrafo kple ame ŋkuta akpe geɖewo, eye wodzra dua me tɔ 30,000 ɖe kluvinyenye me. Nenema kee Aleksanda kple ame siwo va xɔ ɖe eteƒe la tu nu kple Filistitɔwo hã. Kaka ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. naɖo la, Edom zu aƒedo. (Maleaxi 1:3) Nyagblɔɖi siawo me vava na míegakpɔ kakaɖedzi geɖe wu be Yehowa nye Ame si wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi. Wogana míekpɔ ale si Yehowa atu nu kple dukɔ siwo tia esubɔlawo yome egbeae hã.

4:16-21. “Dziƒo kple anyigba [aʋuʋu]” godoo, eye Yehowa ƒe toheʋɔnu ava dukɔwo dzi. “Ke Yehowa [anye] sitsoƒe na eƒe dukɔ,” eye wòana woanɔ agbe le paradisonyigba dzi. Ðe mele be míaɖoe kplikpaa geɖe wu be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii esi eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke la le aƒe tum oa?

“DZRA ÐO NÀÐAKPE KPLE WÒ MAWU!”

(Amos 1:1–9:15)

Gbedeasi aɖe le Amos si na Yuda kple Israel kpakple dukɔ siwo ƒo xlã Israel, siwo nye eƒe futɔwo la. Woatsrɔ̃ Siria, Filisti, Tiro, Edom, kple Moab le esi wosẽ ŋuta le Mawu ƒe amewo ŋu ta. Woatsrɔ̃ Yuda dukɔa hã “elabena wogbe Yehowa ƒe se.” (Amos 2:4) Ke Israel to ewo fiaɖuƒea ya ɖe? Nu vɔ̃ siwo wowɔ dometɔ aɖewoe nye ame dahewo tete ɖe anyi ŋukeklẽtɔe, agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple bubumademade Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ŋu. Amos xlɔ̃ nu be Yehowa ‘ahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo’ eye ‘wòagbã vuvɔŋɔlixɔ akpe ɖe dzomeŋɔlixɔ ŋu.’—Amos 3:14, 15.

Togbɔ be wohe to na Israel si va ƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me la zi geɖe va yi hã la, wokpɔtɔ sẽ dzi me kokoko. Amos gblɔ na wo be: “Dzra ɖo nàɖakpe kple wò Mawu!” (Amos 4:12) Nu si Yehowa ƒe ŋkekea afia na Israel viawoe nye be “woaɖe aboyo [wo] agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii,” si nye keke Asiria ke. (Amos 5:27) Nunɔla aɖe si le Betel la tsi tsitre ɖe Amos ŋu vevie, gake mevɔ̃ o. Yehowa gblɔ na Amos be: “Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.” (Amos 8:2) Woɖasi yi keke tsieƒe alo to kɔkɔwo dzi o, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava wo dzi godoo. (Amos 9:2, 3) Ke hã, Yehowa do ŋugbe be yeagbugbɔ aɖo wo te. Egblɔ be: “Magaɖo nye dukɔ Israel te, eye woatso du zuaƒedowo anɔ wo me, woade weingblewo ano wo me wein, eye woatɔ abɔwo aɖu wo me kutsetsewo.”—Amos 9:14.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

4:1—Ame kawoe nye ‘Basan nyinɔawo’? Basan ƒe gbadzaƒe si le teƒe kɔkɔ le Galilea Ƒua ƒe ɣedzeƒe gome la xɔ ŋkɔ le lãha hamehame siwo wonyina le afi ma, siwo dome nyinɔwo hã le, la ta. Teƒea ƒe amadede nyuie wɔ akpa vevi aɖe le esia me. Amos tsɔ Samaria nyɔnu siwo lɔ̃a agbeɖuɖu la sɔ kple Basan nyinɔwo. Ðikeke mele eme o be, nyɔnu siawo ƒoe ɖe ‘woƒe atsuwo,’ alo wo srɔ̃ŋutsuwo, nu be woatafa ame tsɛwo bene woatsɔ adzi kesinɔnuwo ɖe edzi na yewo.

4:6—Nu kae nyagbɔgblɔ “medo kuvia miaƒe aɖuwo” fia? Esi wozã nya sia wòdo ƒome kple “abolokoe” ƒe ame wɔwɔ ta la, ate ŋu afia dɔwuame ƒe ɣeyiɣi si me woƒe aɖuwo makpɔ naneke aɖu o.

5:5—Mɔ ka nue ‘mele be Israel nabia Betel ta se o’ le? Yerobeam ɖo nyivisubɔsubɔ anyi ɖe Betel. Tso ɣemaɣi la, dua va zu alakpatadeaguƒe vevi aɖe. Ðewohĩ Gilgal kple Beer-Seba hã nye teƒe siwo wosubɔa alakpamawuwo le. Ele be Israel viwo nadzudzɔ mɔzɔzɔ yi teƒe mawo hena tadedeagu ahate Yehowa didi hafi woate ŋu asi le dzɔgbevɔ̃e si wogblɔ ɖi ɖe wo ŋu la nu.

7:1—Nu kae ‘gbe si woya na fia’ la tsi tsitre ɖi na? Anya tsi tsitre ɖi na adzɔ si fia ka na wo be woaxe hena eƒe sɔdɔlawo kple lãwo dzi kpɔkpɔ. Ele be woaxe adzɔ le “esime kelegbewo de asi miemie me.” Esia megbe la, dukɔa ate ŋu axa woƒe nukuwo. Gake hafi woawɔ esia la, ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe va do heɖu woƒe agblemenuwo kple numiemie bubuwo katã.

8:1, 2—Nu kae “kutsetse ɖiɖi kusi” la fia? Efia be Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Wogbea kutsetse ɖiɖiwo le nuŋeɣi ƒe nuwuwu, si nye agbledeɣi ƒe nuwuwu lɔƒo. Esime Yehowa na Amos kpɔ “kutsetse ɖiɖi kusi” la, efia be Israel dukɔa ƒe nuwuɣi ɖo. Eya ta Mawu gblɔ na Amos be: “Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.”

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:1:3, 6, 9, 11, 13; 2:1, 4, 6. To si Yehowa ɖo be yeahe na Israel, Yuda, kple dukɔ ade siwo ƒo xlã wo la ŋutie wògblɔ le be: “Nyematsɔe akee o.” Ame aɖeke mate ŋu asi le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o.—Amos 9:2-5.

2:12. Mele be míaɖe dzi le mɔɖelawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, alo Betel ƒomea me tɔ dovevienuawo ƒo be woaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si wɔm wole la ŋu bena woanɔ agbe abe ale si ko ame sia ame nɔnae ene o. Ke boŋ, ele be míade dzi ƒo na wo be woayi woƒe dɔ nyui la wɔwɔ dzi.

3:8. Abe ale si ko dzata ƒe gbeɖeɖe doa ŋɔdzi na ame ene la, Amos se le eɖokui me be ele na ye be yeaɖe gbeƒã esime wòsee Yehowa ɖe gbe be: “Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu.” (Amos 7:15) Ele be mawuvɔvɔ̃ naʋã mí míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia dzonɔamemetɔe.

3:13-15; 5:11. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Amos si nye lãkplɔvi tsɛ la te ŋu “ɖi ɖase” na ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le woƒe kesinɔnu geɖewo ta. Nenema kee, aleke kee gbeƒãɖeɖe le nuto aɖe me asẽe o, Yehowa ate ŋu adzra míawo hã ɖo míasu te hena Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ.

4:6-11; 5:4, 6, 14. Togbɔ be woxlɔ̃ nu Israel viwo enuenu eye ‘wogbe tɔtrɔ’ ɖe Yehowa ŋu hã la, woyi edzi gblɔ na wo be “[woadi] Yehowa, be [woanɔ] agbe.” Zi ale si Yehowa ɖe mɔ dzigbɔɖitɔe be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia gakpɔtɔ li ko la, ele be míaxlɔ̃ nu eme nɔlawo be woatrɔ ɖe Mawu ŋu.

5:18, 19. Bometsitsi wònye na “amesiwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le,” evɔ womedzra ɖo ɖe eŋu o la. Ame ma tɔgbi le abe ŋutsu aɖe si si le dzata nu ɖado go sisiblisi, eye wòsi le sisiblisia nu ko da ɖui la ene. Nunya le ele be ‘míanɔ ŋudzɔ’ le gbɔgbɔ me ahanɔ dzadzraɖo ɖi ɣesiaɣi.—Luka 21:36.

7:12-17. Ele be míatsɔ dzinɔameƒo aɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasia vɔvɔ̃manɔmee.

9:7-10. Blemafofo wɔnuteƒewo kple ame siwo Mawu ɖe tso Egipte la ƒe dzidzimeviwoe Israel viwo nye, gake esia mewɔe be Israel vi mawɔnuteƒeawo do kpo Kusi viwo ƒe agbenɔnɔ vloawo sɔsrɔ̃ o. Mawu si mekpɔa ame ŋku me o ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu menɔa te ɖe ƒome si me ame tso dzi o, ke boŋ ‘eyama vɔvɔ̃ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ’ dzie wònɔa te ɖo.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Nu Si Wòle Be Míawɔ

Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe ŋkeke la tu aƒe. Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔa ɖe eƒe tadeagulawo dzi hedzra wo ɖo wosu te be woaxlɔ̃ nu ameƒomea ku ɖe eƒe ŋkeke si gbɔna ŋu. Ðe mele be míakpɔ gome le eme bliboe ahakpe ɖe amewo ŋu woava nya Yehowa bene ‘woayɔ eƒe ŋkɔ’ oa?—Yoel 3:4, 5.

Amos xlɔ̃ nu be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu.” (Amos 5:15) Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum la, nunya le eme be míana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome, eye míaɖe mía ɖokui ɖa tso xexe vɔ̃ɖi sia kple eƒe hadede gbegblẽwo gbɔ. Nufiame nyui siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu kawoe nye esi le Biblia gbalẽ siwo nye Yoel kple Amos me na mí hena esia wɔwɔ!—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yoel gblɔ nya ɖi be: “Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Ele be míatsɔ dzinɔameƒo aɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasia vɔvɔ̃manɔmee abe Amos ene