Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Tameɖoɖo Ðɔʋu Nanɔ Wò Agbe Ŋu

Na Tameɖoɖo Ðɔʋu Nanɔ Wò Agbe Ŋu

Na Tameɖoɖo Ðɔʋu Nanɔ Wò Agbe Ŋu

“Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.”—PSALMO 150:6.

1. Ƒo nu tso ale si ɖekakpui aɖe di be tameɖoɖo nanɔ yeƒe agbe ŋu la ŋu.

SEUNG JIN, * si wonyi le Korea la gblɔ be: “Mesrɔ̃ atikeŋutinunya elabena medi be mazã nye agbe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Mesusui hã be ɖoƒe kɔkɔ si asu asinye ne menye ɖɔkta kpakple ga gbogbo si makpɔ la ana makpɔ dzidzɔ. Esi meva kpɔe dze sii be nu ʋɛ aɖe koe ɖɔkta ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu la, dzi ɖe le ƒonye. Azɔ meƒo ɖokuinye ɖe aɖaŋunuwo tata dɔ me, gake aɖaŋunu siwo mewɔna meɖea vi boo aɖeke na amewo o, eye ɖeko wòwɔ nam be menye ɖokuitɔdila. Eya ta meva trɔ ɖe nufiafia ŋu, eye eteƒe medidi o, meva kpɔe be nyateƒenya siwo li xoxo koe menɔ gbɔgblɔm na amewo, ke menye mɔfiame siwo ana woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ o.” Abe ame bubuwo ke ene la, Seung Jin nɔ didim be tameɖoɖo ɖɔʋu nanɔ yeƒe agbe ŋu.

2. (a) Nu kae wòfia be tameɖoɖo nanɔ ame ƒe agbe ŋu? (b) Nu kae na míenya be tameɖoɖo aɖe tae mía Wɔla la wɔ mí ɖe afi sia?

2 Be tameɖoɖo vavã nanɔ ame ƒe agbe ŋu fia be wòake ɖe nu si ta koŋ wòle agbe ɖo, taɖodzinu ɖɔʋu, kple nu si koŋ ŋu wòle be ame nadze agbagba ɖo le agbe me la ŋu. Ðe amegbetɔwo ate ŋu ake ɖe tameɖoɖo ma ŋua? Ɛ̃! Nyateƒe si wònye be Mawu na nunya, dzitsinya, kple nuŋububu ŋutete mí fia be tameɖoɖo nyui aɖe tae wòwɔ mí ɖo. Eya ta eme kɔ ƒãa be hafi tameɖoɖo vavã nanɔ míaƒe agbe ŋu la, ele be míanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple mía Wɔla ƒe tameɖoɖo.

3. Nu kawoe tameɖoɖo si le Mawu si na amegbetɔwo lɔ ɖe eme?

3 Biblia ɖee fia be tameɖoɖo si le Mawu si na mí lɔ nu geɖe ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, mɔ wɔnuku si nu wòwɔ mí ɖo la ɖe eƒe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ fia wòdze ƒãa. (Psalmo 40:6; 139:14) Eya ta agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo nu fia amewo lɔlɔ̃ ɖokuitɔmadimaditɔe abe ale si Mawu wɔnɛ ene. (Yohanes I, 4:7-11) Efia hã be míawɔ Mawu ƒe sewo, siwo kpena ɖe mía ŋu míenɔa agbe le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le la, dzi.—Nyagblɔla 12:13; Yohanes I, 5:3.

4. (a) Nu kae hiã hafi tameɖoɖo vavã nanɔ ame ƒe agbe ŋu? (b) Tameɖoɖo si ƒo ɖe sia ɖe ta ka nue wòle be ame nanɔ agbe ɖo?

4 Mawu ɖo tame hã be amegbetɔwo nanɔ agbe le dzidzɔ kple ŋutifafa me kple wo nɔewo kpakple nuwɔwɔ bubuwo katã. (Mose I, 1:26; 2:15) Ke nu kae wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ, ase le mía ɖokui me be míele dedie, eye míaƒe dzi nadze eme? Abe ale si ko ɖeviwo kpɔa dzidzɔ hesena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie ne wole wo dzilawo ŋu ene la, ele be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome hafi gɔmesese kple tameɖoɖo vavã nanɔ míaƒe agbe ŋu. (Hebritɔwo 12:9) Mawu na ƒomedodo sia me nɔnɔ kplii le bɔbɔe to ale si wòɖe mɔ be míate ɖe ye ŋu kpakple to míaƒe gbedodoɖawo sese me. (Yakobo 4:8; Yohanes I, 5:14, 15) Ne ‘míezɔ kple Mawu’ le xɔse me hezu exɔlɔ̃wo la, míate ŋu ado dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo la ahakafui. (Mose I, 6:9; Lododowo 23:15, 16; Yakobo 2:23) Emae nye tameɖoɖo si ƒo ɖe sia ɖe ta si nu ame anɔ agbe ɖo. Hakpalaa ŋlɔ bena: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa!”—Psalmo 150:6.

Tameɖoɖo Ka Nue Nèle Agbe Nɔm Ðo?

5. Nu ka tae susu mele eme be ame natsɔ eƒe agbe katã aɖo anyi na ŋutilãmenuwo didi o?

5 Tameɖoɖo si le Mawu si na mí la ƒe ɖee nye be míalé be na mía ɖokui kple míaƒe ƒomewo. Esia lɔ ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖe eme. Gake dadasɔ hiã le esia wɔwɔ me bene dɔwɔɖui kple nu bubuwo nagava vu tsyɔ nu siwo le vevie wu, siwo nye gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ, dzi o. (Mateo 4:4; 6:33) Nublanuitɔe la, ame geɖewo tsɔ woƒe agbe ɖoa anyi na nunɔamesiwo didi. Gake agbagbadzedze be míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ to ŋutilãmenuwo ɖeɖe ko yome titi me nye nu si me nunya mele o. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ku ɖe gatɔ gãgãwo ŋu le Asia la ɖee fia be wo dometɔ geɖe “se le wo ɖokui me be yewomele dedie o eye wotɔtɔ togbɔ be hadomeɖoƒe kɔkɔ su wo si, eye wokpɔe be yewoƒe ga gbogboawo nana yewote ŋu wɔa nu sia nu hã.”—Nyagblɔla 5:11.

6. Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ ku ɖe kesinɔnuwo yome titi ŋu?

6 Yesu ƒo nu tso “kesinɔnu ƒe beble” ŋu. (Marko 4:19) Aleke kesinɔnuwo blea amee? Edzena abe ɖee kesinɔnuwo nana ame kpɔa dzidzɔ ene, evɔ menye nyateƒe o. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o.” (Nyagblɔla 5:9) Gake ɖe wòanya wɔ be woati ŋutilãmetaɖodzinuwo yome agate ŋu asubɔ Mawu kple luʋɔ blibo le ɣeyiɣi ma ke mea? Ao, manya wɔ o. Yesu ɖe nu me be: “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.” Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woagadzra nu nyuiwo ɖo na wo ɖokui le anyigba dzi o, ke boŋ ‘woadzra nu nyuiwo ɖo le dziƒo,’ si fia be woawɔ ŋkɔ nyui na wo ɖokui le Mawu, ame si ‘nya nusiwo hiãa wo, hafi wobianɛ,’ la gbɔ.—Mateo 6:8, 19-25.

7. Alekee míate ŋu awɔ míaƒe “asi nasu agbe vavã la dzi”?

7 Apostolo Paulo gblɔ nuxlɔ̃amenya vevi aɖewo tso nya sia ŋu le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe eƒe hadɔwɔla Timoteo me. Egblɔ na Timoteo be: “De se na . . . kesinɔtɔwo bena, . . . womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi; bene . . . woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede, eye woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.”—Timoteo I, 6:17-19.

Nu Kae Nye “Agbe Vavã La”?

8. (a) Nu ka tae ame geɖe kua kutri be yewoaxɔ ŋkɔ eye kesinɔnuwo nasu yewo si? (b) Nu kae ame mawo mete ŋu kpɔ dze sii o?

8 Ne ame akpa gãtɔ se nyagbɔgblɔ “agbe vavã la,” nu si dzi woƒe susu yina koe nye kesinɔnu geɖe ƒe ame si nɔnɔ kple vivisese. Asiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Ame siwo kpɔa sinima alo television la va dina be nu siwo woɖena fiana nasu yewo si, eye wonɔa nu siawo ŋu bum ɣesiaɣi.” Ame geɖe tsɔa ŋkɔxɔxɔ kple kesinɔnuwo yome titi wɔa woƒe agbemetaɖodzinu. Ame geɖe tsɔ woƒe sɔhɛmenɔɣi, lãmesẽ, ƒomegbenɔnɔ, kple gbɔgbɔmedzidzenuwo sa vɔe ɖe nu siawo yome titi ta. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe te ŋu kpɔnɛ dzea sii be “xexea ƒe gbɔgbɔ”—si koŋ le ŋusẽ kpɔm ɖe anyigba dzi nɔla biliɔn geɖeawo dometɔ akpa gãtɔ ƒe tamesusu dzi heʋãa wo wowɔa nu tsia tsitre ɖe tameɖoɖo si le Mawu si na mí la ŋu la—koe nu siwo yewokpɔna la ɖena fiana. (Korintotɔwo I, 2:12; Efesotɔwo 2:2) Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖewo li egbea siwo mekpɔa dzidzɔ kuraa o!—Lododowo 18:11; 23:4, 5.

9. Nu kae amegbetɔwo mate ŋu awɔ gbeɖe o, eye nu ka tae?

9 Ke ame siwo tsɔa wo ɖokuiwo saa vɔe hena ame bubuwo ƒe nyonyo, siwo dzea agbagba be yewoaɖe dɔwuame, dɔléame, kple madzɔmadzɔnyenye ɖa ya ɖe? Nu nyui geɖe dona tso woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple agbagbadzedze nyuiawo me zi geɖe. Ke hã, aleke kee woɖadzea agbagbae o, womate ŋu atrɔ nuɖoanyi sia wòanyo wu ahade ame dzi wu gbeɖe o. Nu ka tae? Elabena le nyateƒe me la, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la,” Satana, si medi be nuwo natrɔ o, si me.—Yohanes I, 5:19.

10. Ɣekaɣie “agbe vavã la” asu nuteƒewɔlawo si?

10 Aleke wòawɔ nublanui enye esi ne mɔkpɔkpɔ bubu aɖeke mele ame si wu agbenɔnɔ le egbexexea me ko o! Paulo ŋlɔ bena: “Ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖeko la, ekema míenye nublanuitɔwo wu amewo katã.” Nɔnɔme si ame siwo xɔe se be agbea katã koe nye esia la ɖena fianae nye “minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” (Korintotɔwo I, 15:19, 32) Gake etsɔme nyui aɖe li; “míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Ɣemaɣi la, “agbe vavã la,” si nye “agbe mavɔ” nɔnɔ le blibodede me, eɖanye le dziƒo loo, alo le Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si aɖu ameƒomea dzi le lɔlɔ̃ me la te o, asu Kristotɔwo si.—Timoteo I, 6:12.

11. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be tameɖoɖo vavã le Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ŋu?

11 Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖeɖe koe ate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ bliboe. Eya ta Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔe nye dɔwɔna si ŋu tameɖoɖo vavãtɔ le, si ŋu wòle be ame naku kutri ɖo. (Yohanes 4:34) Dɔ sia wɔwɔ nana ƒomedodo nyui nɔa mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome. Dzi dzɔa mí hã be míewɔa dɔ aduadu kple míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo hã tia taɖodzinu ma ke yome le agbe me.

Vɔsa Nyuitɔwo Wɔwɔ

12. Vovototo kae le agbenɔnɔ le nuɖoanyi sia me kple “agbe vavã la” dome?

12 Biblia gblɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.” Woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea kple nu siwo katã le eme, siwo dome ŋkɔxɔxɔ kple kesinɔtɔnyenye hã le la, “ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17) To vovo na kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ, ŋkɔxɔxɔ si nu yina kaba, kple yeaɖi vivisese si wokpɔna le nuɖoanyi sia me la, “agbe vavã la,” si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te, ya anɔ anyi tegbee, eye wòdze be míatsɔ nuwo asa vɔ ɖe eta, nenye be míewɔ vɔsa nyuitɔwo ko.

13. Alekee atsu kple asi aɖe wɔ vɔsa nyuitɔwo?

13 Bu Henry kple Suzanne ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Woxɔ ŋugbe si Mawu do be yeakpe ɖe ame sia ame si tsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me ŋu la dzi se bliboe. (Mateo 6:33) Eya ta wotiae be yewoanɔ aƒe si mexɔ asi fũu o me bene, le esi teƒe be yewo ame evea siaa yewoanɔ dɔ wɔm la, yewoate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu le Fiaɖuƒegbeƒãɖedɔa kple dɔ bubu siwo dzea Mawu ŋu la wɔwɔ me kple yewo vinyɔnu eveawo. (Hebritɔwo 13:15, 16) Wo xɔlɔ̃ aɖe si susui be yele woƒe nyui dim la mete ŋu se tiatia si wowɔ la gɔme o. Egblɔ na Suzanne be: “Xɔ̃nye, ne èdi be yeanɔ aƒe si nyo wu me la, nanewo ko wòle be nàtsɔ asa vɔe.” Gake Henry kple Suzanne ya nya be “agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li” na ame siwo tsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Timoteo I, 4:8; Tito 2:12) Esi wo vinyɔnuawo tsi la, wova zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gblɔla dovevienuwo. Womese le wo ɖokui me be nane to yewoƒe ƒomea ŋu o, ke boŋ “agbe vavã la” yome titi ɖe vi geɖe na wo.—Filipitɔwo 3:8; Timoteo I, 6:6-8.

Mègawɔ ‘Xexe Sia Ŋuti Dɔ Bliboe’ O

14. Nu wɔnublanui kawoe ate ŋu ado tso eme ne míaƒe ŋku dzo le míaƒe taɖodzinu vavã la dzi?

14 Gake anye afɔku na mí ne míaƒe susu dzo le taɖodzinu vavã la dzi eye míedzudzɔ “agbe vavã la” yome titi. ‘Dzimaɖitsitsiwo kple kesinɔnuwo kpakple agbe ƒe dzidzɔwo’ yome nɔnɔ agblẽ nu le mía ŋu. (Luka 8:14) Nudzroame ƒe didi siwo nu womelé o kple “dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu” ate ŋu awɔe be míaƒo mía ɖokui ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwo me fũu akpa. (Luka 21:34) Nublanuitɔe la, ale si ame geɖe dina be yewoazu kesinɔtɔwo la ƒe mɔ̃ ɖe ame aɖewo eye “wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo,” eye vɔ̃ɖitɔe wu la, woa kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasi la dome gblẽ. Aleke gbegbe wòwɔ nublanui enye esi be ame nadzudzɔ “agbe vavã la” yome titi!—Timoteo I, 6:9, 10, 12; Lododowo 28:20.

15. Alekee ƒome aɖe kpɔ viɖe geɖe le esi womewɔ ‘xexe sia ŋuti dɔ bliboe’ o ta?

15 Paulo ɖo aɖaŋu na “amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, [be woanɔ] abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene.” (Korintotɔwo I, 7:31) Keith kple Bonnie wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Keith gblɔ be: “Esime menɔ aɖudɔdadasɔsrɔ̃ nu wumee mezu Yehowa Ðasefo. Ehiã be mawɔ tiatia. Mate ŋu awɔ dɔ na ame geɖe bene makpɔ ga geɖe, gake esia wɔwɔ ado kplamatse mía kple nye ƒomea ƒe gbɔgbɔmedɔwɔnawo. Metiae be mawɔ dɔ na ame ʋɛ aɖewo ko bene mate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe nye ƒomea, si me vinyɔnu atɔ̃ va nɔ la ƒe gbɔgbɔ me kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Togbɔ be ga geɖe menɔa mía si o hã la, míesrɔ̃ gazazã nyuie, si wɔe be míete ŋu kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ ɣesiaɣi. Lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple ƒomedodo kplikplikpli nɔ mía dome le ƒomea me. Mlɔeba la, mí katã míeva ƒo mía ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Fifia, mía vinyɔnuawo ɖe srɔ̃ hele dzidzɔ geɖe kpɔm, eye viwo le wo dometɔ etɔ̃ si. Woƒe ƒomeawo hã le dzidzɔ kpɔm le esi woyi edzi tsɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖo nɔƒe gbãtɔ ta.”

Tsɔ Mawu Ƒe Tameɖoɖo Ðo Nɔƒe Gbãtɔ Le Wò Agbe Me

16, 17. Ame siwo si ŋutete tɔxɛwo nɔ ƒe kpɔɖeŋu kawoe dze le Biblia me, eye nu kawoe míetsɔ ɖoa ŋku ame siawo dzi?

16 Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me ku ɖe ame siwo nɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe tameɖoɖo kpakple ame siwo mewɔe nenema o ŋu. Kpɔɖeŋu mawo aɖe vi na ame sia ame, metsɔ le eƒe ƒexɔxɔ, dekɔnu, kple nɔnɔme si me wòle me o. (Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:6, 11) Nimrod tso du gã du gãwo, gake ewɔ esiawo le tsitretsitsi ɖe Yehowa ŋu me. (Mose I, 10:8, 9) Gake ame bubu geɖewo ya ɖo kpɔɖeŋu nyui. Le kpɔɖeŋu me, Mose mena ɖoƒe si wònɔ abe Egipte ƒe bubumewo dometɔ ɖeka ene la nye nu vevitɔ nɛ le agbe me o. Ke boŋ ekpɔe be yeƒe gbɔgbɔmemɔnukpɔkpɔwo nye “kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo.” (Hebritɔwo 11:26) Anɔ eme be atikewɔla Luka kpe ɖe Paulo kple ame bubuwo ŋu le woƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Gake dɔ nyui siwo Luka wɔ wòɖe vi na amewo wue nye fɔléle ɖe nyanyuigbɔgblɔdɔa kple Biblia ŋɔŋlɔ ŋu. Le Paulo gome la, míenyae abe Sea nyala bibi ene o, ke boŋ abe dutanyanyuigblɔla, “trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo,” ene.—Romatɔwo 11:13.

17 Míeɖoa ŋku Dawid dzi, menye abe asrafomegã alo hadzila kple hakpala ene o, ke boŋ abe ‘ŋutsu si dze Mawu ŋu’ ene. (Samuel I, 13:14) Míenya Daniel nyuie abe Yehowa ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe ene, ke menye abe Babilon dziɖuɖumegãwo dometɔ ɖeka ene o. Míeɖoa ŋku Ester dzi, menye abe Persia fianyɔnu ene o, ke boŋ abe dzideƒo kple xɔse ƒe kpɔɖeŋuɖola ene. Míeɖoa ŋku Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes dzi abe tɔƒodela bibiwo ene o, ke boŋ abe Yesu ƒe apostolowo ene. Ƒo wo katã ta la, míeɖoa ŋku Yesu dzi abe “atikpala” ene o, ke boŋ míenyae be eyae nye “Kristo la.” (Marko 6:3; Mateo 16:16) Ame siawo katã kpɔe dze sii kɔte be ŋutete tɔxɛ, nunɔamesi, kple ɖoƒe ka kee ɖale yewo si o, menye ŋutilãmedɔwoe nye nu vevitɔwo wu na yewo le agbe me o, ke boŋ Mawu subɔsubɔ ye. Wonyae be, bene tameɖoɖo ɖɔʋutɔ kekeake si me viɖe le wu nanɔ yewoƒe agbe ŋu la, ele be yewoanye ŋutsu kple nyɔnu Mawu vɔ̃lawo.

18. Alekee sɔhɛ Krsitotɔ aɖe ɖoe be yeazã yeƒe agbee, eye nu kae wòva kpɔ dze sii?

18 Seung Jin, si ŋu míeƒo nu tsoe le ŋgɔdonyaa me la hã va kpɔ esia dze sii. Eɖe nu me be: “Le esi teƒe be mazã nye ŋutete katã le atikewɔwɔ, aɖaŋudɔwɔwɔ, kple nufiafiadɔ me la, meɖoe be mazã nye agbe le ɖekawɔwɔ me kple adzɔgbe si meɖe na Mawu. Fifia la, mele subɔsubɔm le afi si Biblia fiala geɖewo hiã le hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woake ɖe agbe mavɔ mɔ la ŋu. Tsã la, nyemesusui be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa bia kutrikuku geɖe o. Fifia la, ehiã be maku kutri vevie wu, esime mele agbagba dzem be mana nye nɔnɔme nanyo ɖe edzi ahabi ɖe edzi wu le Biblia sɔsrɔ̃ kple ame siwo ƒe dekɔnu to vovo me. Mekpɔe be agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo nue nye agbenɔnɔmɔ ɖeka pɛ si ŋu gɔmesese le.”

19. Alekee míawɔ be tameɖoɖo vavã nanɔ míaƒe agbe ŋu?

19 Esi míenye Kristotɔwo ta la, sidzedze si xɔa ame ɖe agbe kpakple xɔxɔmɔkpɔkpɔ su mía si. (Yohanes 17:3) Eya ta, negadzɔ be ‘míaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.’ (Korintotɔwo II, 6:1) Ke boŋ mina míazã míaƒe agbenɔƒe xɔasiawo atsɔ akafu Yehowa. Mina míakaka sidzedze si nana wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ fifia eye wòkplɔa ame yia agbe mavɔ me la. Ne míewɔe alea la, Yesu ƒe nyateƒenya si nye be, “nana enye yayra wu xɔxɔ” la ava eme na mí. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Esia awɔe be tameɖoɖo vavã anɔ míaƒe agbe ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Tameɖoɖo si ƒo ɖe sia ɖe ta ka nue ame ate ŋu anɔ agbe ɖo?

• Nu ka tae nunya mele eme be ame natsɔ eƒe agbe katã aɖo anyi ɖe ŋutilãmenuwo yome titi ŋu o?

• Nu kae nye “agbe vavã” si ŋugbe Mawu do?

• Alekee míate ŋu azã míaƒe agbe le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe tameɖoɖo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Ehiã be Krsitotɔwo nawɔ vɔsa nyuitɔwo