Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe menye nu gbegblẽ wònye Yakob wɔ esime wògblɔ be yee nye Esau, abe ale si woŋlɔe ɖe Mose I, 27:18, 19 ene, oa?

Ðewohĩ ènya ŋutinya sia nyuie. Le Isak ƒe amegãkuku me la, edɔ via Esau be wòayi gbe me aɖawu lã aɖe aɖa na ye, hegblɔ be: “Ne maɖu, be mayra wò hafi aku!” Esi Rebeka se nya si srɔ̃a gblɔ la, eɖa nu nyui aɖe, eye wòɖo aɖaŋu na Yakob be: “Natsɔe ayi na fofowò, ne wòaɖu, eye wòayra wò hafi aku.” Eya ta Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa, esime Esau ƒe awuwo nɔ eŋu, eye gbɔ̃ ƒe agbalẽ siwo ŋu fu le la hã nɔ eƒe asiwo kple eƒe kɔ ŋu. Esi Isak biae be, “Vinye, wò amekae?” la, Yakob ɖo eŋu be: “Nye enye Esau, wò ŋgɔgbevi.” Isak xɔ edzi se, eye wòyrae.—Mose I, 27:1-29.

Biblia meɖe nu sia nu me ku ɖe susu si tae Rebeka kple Yakob wowɔ nu nenema ɖo ŋu o, gake ena míenya be nɔnɔme kpata aɖee wònye do mo ɖa. Gake anyo be míade dzesii be esi Mawu ƒe Nyaa megblɔ be nu si Rebeka kple Yakob wowɔ la nyo loo, alo gblẽ o ta la, nuŋlɔɖi sia mede aʋatsokaka kple ameflunuwɔwɔ dzi o. Ke hã, Biblia na nyatakaka bubuwo ku ɖe nu si dzɔ ŋu.

Gbã la, nuŋlɔɖia na eme kɔ be Yakob ye dze axɔ fofoa ƒe yayra, ke menye Esau o. Elabena Yakob ƒle ŋgɔgbevinyenyea le nɔvia vetsua si le se nu do ŋgɔ esime wòdzrae nɛ ɖe nuɖuɖu agba ɖeka ta, esime dɔ nɔ ewum vevie. Esau “do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye.” (Mose I, 25:29-34) Eya ta esi Yakob yi fofoa gbɔ la, yayra si wòdze axɔ dimee wònɔ.

Evelia, esi Isak va de dzesii be Yakob ye yeyra la, medze agbagba be yeatrɔe o. Ðewohĩ anya ɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Rebeka hafi wòdzi venɔviawo la dzi be: “Tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!” (Mose I, 25:23) Anyo be míade dzesii hã be esime Yakob sɔ gbe hena ʋuʋu yi ɖe Haran la, Isak gagblɔ yayranya geɖewo kpe esiwo wòtsɔ yrae gbã.—Mose I, 28:1-4.

Eye mlɔeba, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa nya nu siwo katã nɔ dzɔdzɔm eye wòtsɔ ɖe le wo me. Yayranya siwo Isak gblɔ la do ƒome kple ŋugbe si Mawu do na Abraham. (Mose I, 12:2, 3) Ne ɖee Mawu medi be Yakob naxɔ yayraa o la, anye ne eto mɔ aɖe dzi de nu nyaa me. Ðe esia teƒe la, ɖe Yehowa ɖo kpe yayra siawo dzi boŋ esime wògblɔ na Yakob be: “Woayra anyigba dzi dukɔwo katã le mia kple wò dzidzimeviwo me.”—Mose I, 28:10-15.