Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzeme Le Agbe Me!

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzeme Le Agbe Me!

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzeme Le Agbe Me!

GA KPLE nu siwo ga ate ŋu aƒle yome nɔnɔ ye nye nu vevitɔ na ame geɖe le agbe me. Ame aɖewo tɔe nye be yewoaxɔ ŋkɔ le xexea me. Ame bubuwo ƒe taɖodzinue nye be yewoƒe nutaɖaŋuwo nanyo ɖe edzi. Ame aɖewo hã tɔe nye be yewoana kpekpeɖeŋu amewo. Gake ame geɖe menya taɖodzinu si le wo si le agbe me alo susu si ta wole agbe ɖo o?

Ke wò ya ɖe? Ède ŋugble vevie tso susu si ta nèle agbe ɖo ŋu kpɔa? Ðe manyo be nàde ŋugble tso nu siwo yome amegbetɔwo tina la dometɔ aɖewo ŋu akpɔ ɖa be ɖe wohea dzidzɔ kple dzidzeme vanɛ vavã mahã oa? Nu kae nana wokpɔa dzidzeme le agbe me?

Ga Kple Vivisese Ƒe Wɔƒe Li

Biblia gblɔ le Nyagblɔla 7:12 be: “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” Ɛ̃, viɖe le ga ŋu. Èhiã ga si nu nànɔ agbe ɖo, vevietɔ nenye be ƒomedzikpɔkpɔ ƒe agba le dziwò.—Timoteo I, 5:8.

Ðe míate ŋu anɔ agbe dzidzɔdonamenu siwo ga ate ŋu aƒle la manɔmea? Togbɔ be Yesu Kristo Ame si ɖo Kristotɔnyenye anyi la gblɔ be yemekpɔ teƒe si yeaziɔ ta ɖo o hã la, eɖu nu damiwo heno wein nyuiwo ɣeaɖewoɣi. Gawu la, awu xɔasi aɖe nɔ esi wòdona.—Mateo 8:20; Yohanes 2:1-11; 19:23, 24.

Ke hã, Yesu meti vivisese yome le agbe me o. Eɖo taɖodzinu nyuiwo na eɖokui. Yesu gblɔ be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” Emegbe ewɔ kpɔɖeŋu aɖe tso ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ƒe anyigba wɔ nu geɖe la ŋu, ŋutsua gblɔ na eɖokui be: “Nuka wɔ ge mala? Elabena nyemekpɔ afisi maƒo nye kutsetsewo nu ƒu ɖo o. . . . Mamu nye avawo, eye matu gãtɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo. Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo; gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.” Nu kae gblẽ le ŋutsu la ƒe nuŋububu ŋu? Yesu yi eƒe kpɔɖeŋua dzi be: “Mawu gblɔ [na kesinɔtɔ la] bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?” Ne ŋutsua ƒo nukuwo nu ƒu na eɖokui gɔ̃ hã la, mate ŋu azã kesinɔnu siawo ne eku o. Esi Yesu nɔ eƒe nya ta ƒom la, egblɔ nuxlɔ̃amenya sia na eƒe nyaselawo be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—Luka 12:13-21.

Vavãe, míehiã ga, eye vivisese hã ƒe wɔƒe li. Ke hã, menye ga loo alo vivisesee nye nu vevitɔwo le agbe me o. Nu vevitɔ wu le agbe mee nye be míanye kesinɔtɔwo le Mawu gbɔ, si fia be míanɔ agbe si ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Veviea?

Ame geɖe ƒe taɖodzinue nye be yewoaxɔ ŋkɔ. Didi be woaxɔ ŋkɔ alo be amewo naɖo ŋku ye dzi menye nu gbegblẽ kokoko o. Biblia gblɔ be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.”—Nyagblɔla 7:1.

Le ame ƒe kugbe la, woŋlɔ nu siwo wowɔ le eƒe agbe me katã ɖi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Ne amea wɔ nu nyuiwo la, eƒe kugbe nyo sãsãsã wu eƒe dzigbe, ŋkeke si dzi womekpɔ nya naneke kura tso agbe si wòava nɔ la ŋu o.

Fia Salomo ye ŋlɔ Biblia gbalẽ si nye Nyagblɔla la. Salomo fo Absalom di be yeaxɔ ŋkɔ. Gake edze abe viaŋutsu etɔ̃ siwo ana eƒe ŋkɔ natsi anyi la katã ku le woƒe ɖevime ene. Ke nu kae Absalom wɔ? Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: ‘Absalom ɖo kpe aɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsu aɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la.’ (Samuel II, 14:27; 18:18) Womeke ɖe kpe sia ƒe gbagbãwo ŋu o. Nu si ko dzi Biblia nusrɔ̃viwo ɖoa ŋkui le Absalom ŋue nye be enye aglãdzela vɔ̃ɖi si ɖo nugbe ɖe fofoa Dawid ŋu be yeaxɔ eƒe fiazikpuia sesẽe.

Ame geɖe dzea agbagba egbea be yewoato nu siwo yewowɔ dzi ana amewo naɖo ŋku yewo dzi. Wodia ŋkɔxɔxɔ le amegbetɔ siwo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu trɔna kabakaba la gbɔ. Ke hã, nu kae dzɔna ɖe ŋkɔxɔxɔ siawo tɔgbi dzi? Christopher Lasch ŋlɔ ɖe agbalẽ si woyɔna be The Culture of Narcissism me be: “Le míaƒe ŋkeke sia si me ŋkɔxɔxɔ nɔa te ɖe ame ƒe sɔhɛnyenye, nyonyo, kple eƒe ame tɔxɛ nyenye koŋ dzi me la, ŋkɔxɔxɔ nu va yina kabakaba fifia wu, eye ame siwo ŋu amewo kpɔa dzidzɔ ɖo la tsia dzimaɖi ɣesiaɣi be amewo ava ɖe susu ɖa le yewo dzi.” Esia wɔe be fefewɔla xɔŋkɔ geɖe ƒoa wo ɖokuiwo ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã kple aha tsu nono me, eye esia tsoa woƒe agbe dzi zi geɖe. Vavãe, viɖe aɖeke mele ŋkɔxɔxɔ didi me o.

Ekema ame ka gbɔe wòle be míawɔ ŋkɔ nyuiwo na mía ɖokuiwo le? Esime Yehowa nɔ nu ƒom tso ame aɖewo siwo lé eƒe Sea me ɖe asi ŋu la, egblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ . . . wo ɖe aƒenye me kple nye gliwo me; ŋkɔ mavɔ, si metsrɔ̃na o la, mana amesiawo tɔgbe.” (Yesaya 56:4, 5) Esi ame siwo dzea Mawu ŋu ɖoa toe ta la, ana “ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ” wo. Mawu aɖo ŋku woƒe ŋkɔwo dzi yi ɖe “mavɔ” me ale be womatsrɔ̃ wo o. Ŋkɔ sia tɔgbi ye Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ na mía ɖokuiwo le Yehowa, mía Wɔla la, gbɔ.

Yesaya nɔ nya gblɔm ɖi tso ɣeyiɣi si me nuteƒewɔlawo anɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba dzi la ŋu. “Agbe mavɔ” le Paradiso ma mee nye “agbe vavã la”—agbe si ƒomevi Mawu ɖo tame be amegbetɔwo nanɔ esime wòwɔ wo. (Timoteo I, 6:12, 19) Le esi míanɔ agbe manadzidzemeame si nu va yina kabakaba minyam la, ɖe manyo wu be míaminya agbe mavɔ la boŋ oa?

Nutata Alo Dɔmenyodɔwo Yome Nɔnɔ Ðeɖe Mesɔ Gbɔ O

Nutala geɖe dina be yewoana yewoƒe nutata nanyo ɖe edzi bene yewoata nu si ŋu wosusu be kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. Agbe si míele fifia le kpuie akpa na ema wɔwɔ. Esime Hideo, nutala si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si va yi me nɔ eƒe ƒe 90-awo me la, edze agbagba be yeana yeƒe nutataɖaŋu nanyo ɖe edzi. Ne nutala aɖe te ŋu ɖo afi si eya ŋutɔ kpɔ be yeƒe dɔa nyo azɔ hã la, ɣemaɣi la magate ŋu ata nu geɖe abe ale si wòwɔnɛ tsã esime ŋusẽ nɔ eŋu la ene o. Gake nenye be ɖe wòanɔ agbe tegbee ya ɖe? Bu mɔnukpɔkpɔ siwo asu esi be wòana eƒe nutata nanyo ɖe edzi la ŋu kpɔ!

Nya kae míagblɔ tso dɔmenyodɔwo yome nɔnɔ ya ŋu? Enyo be ame natrɔ susu ɖe ame dahewo ŋu ahazã eƒe nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe wo ŋui. Biblia gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ðetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe nyonyo me ate ŋu ana dzidzeme ame vavã! Gake kpekpeɖeŋu ka gbegbee ame ɖeka ate ŋu ana, nenye be etsɔ eƒe agbe katã ɖo anyi na esia wɔwɔ gɔ̃ hã? Seɖoƒe li na nu si mí amegbetɔwo míate ŋu awɔ atsɔ aɖe ame bubuwo ƒe fukpekpe dzi akpɔtɔ la. Ŋutilãmenu gbogbo aɖe nana gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ amewo ƒe nuhiahiã vevitɔ aɖe si dzi ame akpa gãtɔ ŋea aɖabu ƒuna eye womekpɔa egbɔ na wo o la gbɔ o. Nu kae nye nuhiahiã ma?

Dzɔdzɔmedidi Aɖe Gbɔ Kpɔkpɔ Hiã Vevie

Le Yesu ƒe Todzimawunya la me la, eƒo nu tso dzɔdzɔmedidi vevi aɖe ŋu esime wògblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3, NW) Eya ta le Biblia ƒe nya nu la, dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ menɔa te ɖe kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, dzidzedzekpɔkpɔ le nutata me, alo dɔmenyodɔwo yome nɔnɔ dzi o. Ke boŋ enɔa te ɖe míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ, si nye didi be míasubɔ Mawu la, dzi.

Apostolo Paulo de dzi ƒo na ame siwo menya Wɔla la o be woadii. Paulo gblɔ be: “[Mawu wɔ] amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba la ƒe ŋku me; eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe mahĩ, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o; elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye míele.”—Dɔwɔwɔwo 17:26-28.

Dzɔdzɔmedidi si le mía me be míasubɔ Mawu vavã la gbɔ kpɔkpɔ ye nye nu vevi si nana míekpɔa dzidzɔ vavã le agbe me. Míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ hã ana be míaƒe asi nasu “agbe vavã la” dzi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Teresa nye ame si xɔ ŋkɔ le television dzi le wo dedu me esime wòzu Amerikatɔ Afrika vidzidzi gbãtɔ si nye fefewɔla si wɔa akpa vevitɔ le eƒe fefe si xɔa gaƒoƒo ɖeka si woɖena kwasiɖa sia kwasiɖa la me. Gake eteƒe medidi o eɖe asi le nu mawo katã ŋu. Nu ka tae? Egblɔ be: “Meka ɖe edzi be aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi wɔwɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ.” Teresa medi be yeade ye kpli Mawu dome ƒomedodoa afɔku me to television dzi fefe siwo doa gbɔdɔdɔnuwɔnawo kple ŋutasesẽ ɖe ŋgɔ la dzi o. Meganye ame si xɔ ŋkɔ le amewo ƒe ŋkume o, gake nɔ agbe si me dzidzeme vavã le, elabena ewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa heɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia, eye wòdze agbagba kpe ɖe amewo ŋu be wotu ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu ɖo.

Wogblɔ be eƒe hadɔwɔla aɖe gblɔ ku ɖe Teresa ƒe nyametsotso be yeadzudzɔ fefewɔwɔ la ŋu ale: “Nye dzi gbã, elabena evem ŋutɔ be etsɔ nu si nye ya mesusu be enye ŋutete tɔxɛ aɖe nɔ esi la ƒu gbe. Gake edze ƒã be eke ɖe nane si lolo wu henyo wu la ŋu.” Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Teresa ku. Gake le eƒe ku megbe la, eƒe hadɔwɔla ma ke gblɔ be: “Ekpɔ dzidzɔ le agbe me, eye esia koe mí katã míedina le agbe me. Mía dometɔ nenie ate ŋu agblɔ nya mawo ke?” Le ame siwo tsɔ woa kple Mawu dome ƒomedodoa ɖo nɔƒe gbãtɔ gake woku gome la, tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku le wo si le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te.—Yohanes 5:28, 29.

Tameɖoɖo aɖe le Wɔla la si na anyigba kple amegbetɔ siwo le edzi siaa. Edi be nàsrɔ̃ nu tso tameɖoɖo sia ŋu, eye nànɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba dzi. (Psalmo 37:10, 11, 29) Fifiae wòle be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la, kple tame si wòɖo ɖe ŋuwò la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò sidzedze sia nasu asiwò. Taflatse te ɖe wo ŋu alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nu kae gblẽ le kesinɔtɔ si ƒe kpɔɖeŋu Yesu wɔ la ƒe nuŋububu ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Àdi be yeanɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba dzia?