Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Naxum, Xabakuk, Kple Zefanya Ƒe Agbalẽawo Me

Nya Vevi Siwo Tso Naxum, Xabakuk, Kple Zefanya Ƒe Agbalẽawo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Naxum, Xabakuk, Kple Zefanya Ƒe Agbalẽawo Me

ASIRIATƆWO ƒe xexemeŋusẽ la ɖu Samaria si nye Israel to ewo fiaɖuƒea ƒe fiadu la dzi xoxo. Asiria le ŋɔdzi dom na Yuda hã ƒe geɖee nye esia. Gbedeasi aɖe le nyagblɔɖila Naxum si tso Yuda la si ɖe Niniwe si nye Asiriatɔwo ƒe fiadu la ŋu. Gbedeasi mae le Biblia gbalẽ sia si Naxum ŋlɔ le ƒe 632 D.M.Ŋ. me la me.

Xexemeŋusẽ si akplɔ esia ɖoe nye Babilon Fiaɖuƒe si dzi Kaldea fiawo ɖu ɣeaɖewoɣi. Xabakuk ƒe agbalẽ, si ŋɔŋlɔ nu woanya wu le ƒe 628 D.M.Ŋ. me la, gblɔ ale si Yehowa azã xexemeŋusẽ ma abe eƒe dɔwɔnu ene atsɔ ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ avae kple nu si ava dzɔ ɖe Babilon ŋutɔ dzi mlɔeba la ɖi.

Nyagblɔɖila Zefanya si tso Yuda la dze nyagbɔgblɔɖi gɔme do ŋgɔ na Naxum kple Xabakuk siaa. Enɔ nya gblɔm ɖi ƒe 40 kple edzivɔwo hafi wova tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, egblɔ nya ɖi ku ɖe Yuda ƒe tsɔtrɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ si nɔ wo ŋgɔ la siaa ŋu. Nyagblɔɖi siwo ku ɖe dukɔ bubuwo ŋu hã le Biblia gbalẽ si nye Zefanya la me.

“BABA NA HLƆ̃DODU”

(Naxum 1:1–3:19)

Yehowa Mawu ame si “gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi” lae gblɔ “nya ɖe Niniwe ŋu.” Togbɔ be Yehowa nye “sitsoƒe le xaxagbe” na ame siwo sinɛ tsona hã la, woatsrɔ̃ Niniwe godoo.—Naxum 1:1, 3, 7.

“Yehowa agagbugbɔ Yakob ƒe gãnyenye vɛ [agbugbɔ aɖoe te].” Asiria do ŋɔdzi na Mawu ƒe amewo abe “dzata lé nu” ene. Yehowa ‘aƒo ɖe Niniwe dzi’ eye eƒe “dzataviwo atsi yi nu.” (Naxum 2:3, 13, 14) “Baba na hlɔ̃dodu”—si nye Niniwe. ‘Ame siwo katã se nya le eŋu la, aƒu akpe ɖe eŋu’ ahatso aseye.—Naxum 3:1, 19.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:9—Nu kae ado tso Niniwe ‘tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ’ me na Yuda? Ana woavo tso Asiriatɔwo si me tegbee; “eye xaxa mado ta ɖa zi evelia o.” Naxum nɔ nu ƒom abe ɖe Niniwe megali o ene heŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, du nyui xɔla ƒe afɔwo ɖo towo dzi, eye wòle gbeƒã ɖem ŋutifafa be: Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiewo.”—Naxum 2:1.

2:7—“Agbo, siwo le tɔ to” kawoe woʋu? Agbo siawoe nye mɔ siwo Tigris Tɔsisia me tsiwo ɖe ɖe Niniwe gliwo me. Le ƒe 632 D.M.Ŋ. me esime Babilontɔwo kple Mediatɔwo ƒe aʋakɔ ƒokpli la ho ɖe Niniwe ŋu la, ŋɔdzi melé dua me tɔwo kura o. Niniwe gli kɔkɔwo wɔe be emetɔwo bui be womate ŋu age ɖe yewoƒe dua me o. Ke hã, tsidzadza gãwo na be Tigris tɔsisia ɖɔ gbagba. Le ŋutinyaŋlɔla Diodorus ƒe nya nu la, “tsia ɖɔ xɔ dua ƒe akpa aɖe eye wòmu gli siwo le dua ŋu ƒe akpa aɖe hã.” Aleae tɔa ƒe agbowo ʋu, eye abe ale si wogblɔe ɖi ene la, woxɔ Niniwe kaba abe ale si dzo fiãa gbe ƒuƒui ene.—Naxum 1:8-10.

3:4—Aleke Niniwe nɔ abe gbolo ene? Niniwe flu dukɔwo le mɔ sia nu be edoa ŋugbe na wo be yeazu wo xɔlɔ̃ ahakpe ɖe wo ŋu, gake le nyateƒe me la, ɖe wòtea wo ɖe anyi boŋ. Le kpɔɖeŋu me, Asiria na kpekpeɖeŋu aɖewo Yuda Fia Axaz esime Siria kple Israel tɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu. Gake mlɔeba la, ‘Asiria fia va ƒo [Axaz] ɖe anyi, eye wòxaxae ɖo.’—Kronika II, 28:20.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:2-6. Yehowa ƒe hlɔ̃biabia eƒe futɔ siwo gbe be yewomasubɔe tso dzi blibo me o la ɖee fia be Yehowa dina be ye subɔlawo nasubɔ ye tso dzi blibo me.—Mose II, 20:5.

1:10. Niniwe ƒe gli kɔkɔ nyadriwo kple xɔ kɔkɔ gbogboawo mexe mɔ na Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ ɖi ɖe eŋu la me vava o. Yehowa ƒe ame siwo li egbea ƒe futɔwo mate ŋu asi le Mawu ƒe toheʋɔnudɔdrɔ̃ nu o.—Lododowo 2:22; Daniel 2:44.

‘AME DZƆDZƆE LA ANƆ AGBE’

(Xabakuk 1:1–3:19)

Xabakuk ƒe agbalẽa ƒe ta eve gbãtɔawo nye dzeɖoɖo si yi edzi le nyagblɔɖila la kple Yehowa Mawu dome. Esi nu siwo nɔ edzi yim le Yuda te ɖe Xabakuk dzi ta la, ebia Mawu be: “Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be: “Manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna.” Ewɔ nuku na nyagblɔɖila la be Mawu azã ‘ame tovowo’ atsɔ ahe to na Yuda. (Xabakuk 1:3, 6, 13) Mawu na kakaɖedzi Xabakuk be ame dzɔdzɔe la ayi edzi anɔ agbe, gake futɔ la masi le tohehe nu o. Gawu la, Xabakuk ŋlɔ fuwɔame ewo siwo woahe ava futɔ siwo nye Kaldeatɔwo dzi la ɖi.—Xabakuk 2:4.

Le gbe aɖe si Xabakuk do ɖa be woave yewo nu me la, egbugbɔ gblɔ ale si Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ gã fia le blema le Ƒudzĩa nu, le gbeadzi, kple Yerixo la le “konyifahawo” me. Nyagblɔɖilaa gblɔ ale si Yehowa aho ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu le Harmagedon me le dziku me la hã ɖi. Etsɔ nya siawo wu gbedodoɖaa nu be: “Aƒetɔ Yehowa enye nye ŋusẽ, awɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wòana mazɔ kɔkɔƒewo.”—Xabakuk 3:1, 19.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:5, 6—Nu ka tae wòsesẽ na Yudatɔwo be woaxɔe ase be woate ŋu anyɔ Kaldeatɔwo ɖe Yerusalem ŋu? Esime Xabakuk dze eƒe nyagblɔɖidɔa wɔwɔ gɔme la, Egipte nɔ ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe Yuda dzi. (Fiawo II, 23:29, 30, 34) Togbɔ be Babilontɔwo te ŋusẽkpɔkpɔ ɣemaɣi hã la, woƒe aʋakɔ la mekpɔ ɖu Farao Nexo dzi haɖe o. (Yeremya 46:2) Gawu la, Yehowa ƒe gbedoxɔ la nɔ Yerusalem, eye Dawid ƒe fiaƒome la nɔ dzi ɖum tso afi ma kplamatsedonu aɖeke manɔmee. Le Yudatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi gome la, be Mawu naɖe mɔ Kaldeatɔwo natsrɔ̃ Yerusalem adze “nane” si womate ŋu awɔ gbeɖe o. Eɖanye aleke kee wòsesẽ na wo be woaxɔ Xabakuk ƒe nyawo dzi ase o, ŋutega si wòkpɔ be Babilontɔwo atsrɔ̃ Yerusalem la ‘va eme’ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me.—Xabakuk 2:3.

2:5—Ame kae nye “ŋutsu” la, eye nu ka tae “manɔ anyi aɖe dzi ɖi” alo aɖo eƒe taɖodzinu gbɔ o? Babilontɔ siwo zãa woƒe bibi le aʋawɔwɔ me tsɔ ɖua dukɔwo dzi la woe “ŋutsu” la tsi tsitre ɖi na. Aʋadziɖuɖu ƒe vivisese na be wòva nɔ abe ame aɖe si no wein mu ene. Makpɔ dzidzedze le eƒe tameɖoɖo si nye be yeaƒo dukɔwo katã nu ƒu na ye ɖokui la me o, elabena Yehowa azã Mediatɔwo kple Persiatɔwo atsɔ aƒui anyi. Egbea la, dunyaheŋusẽwoe “ŋutsu” la tsi tsitre ɖi na. Kaka ɖe ame ɖokui dzi kple dada le eya hã mum eye wòdia takeke ŋukeklẽtɔe. Gake metea ŋu ɖoa eƒe taɖodzinu si nye be ‘yeaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe ye ɖokui gbɔ’ la gbɔ o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ana ameƒomea nawɔ ɖeka.—Mateo 6:9, 10.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:1-4; 1:12–2:1. Xabakuk bia nya siwo tso dzi me, eye Yehowa ɖo wo ŋu nɛ. Mawu vavã la sea esubɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖawo.

2:1. Abe Xabakuk ene la, ele be míanɔ ŋudzɔ ahaxɔ dzo le gbɔgbɔ me. Ele hã be míalɔ̃ faa atrɔ míaƒe tamesusu wòawɔ ɖeka kple ‘nyaheɖeameŋu’ alo ɖɔɖɔɖo siwo ɖewohĩ míaxɔ la.

2:3; 3:16. Esi míele Yehowa ƒe ŋkeke si gbɔna la lalam le xɔse me ta la, mina míalé nuwɔwɔ kpata ƒe nukpɔsusu me ɖe asi.

2:4. Be míate ŋu atsi agbe le Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna la, ele be míado dzi le nuteƒewɔwɔ me.—Hebritɔwo 10:36-38.

2:6, 7, 9, 12, 15, 19. Dzɔgbevɔ̃e ava ame siwo klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi ŋu, lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ, nɔa agbe gbegblẽ, alo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe trɔ̃subɔsubɔ me la dzi godoo. Ele be míakpɔ nyuie be nɔnɔme kple nuwɔna siawo nagage ɖe mía me o.

2:11. Ne míegbe nukoklo le xexe sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi la, “kpewo axlɔ̃ le gli me.” Ele vevie be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia dzinɔameƒotɔe!

3:6. Naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ne ele eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hem vae o, amegbetɔwo ƒe habɔbɔ siwo dzea nu siwo li ke sesĩe abe to kple togbɛwo ene gɔ̃ hã mate ŋui o.

3:13. Kakaɖedzi le mía si be womatsrɔ̃ ame sia ame le Harmagedon me o. Yehowa axɔ na esubɔla wɔnuteƒewo.

3:17-19. Togbɔ be nɔnɔme sesẽwo ava mía dzi do ŋgɔ na Harmagedon kple ewɔɣi siaa hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana “ŋusẽ” mí esi míeyi edzi le esubɔm dzidzɔtɔe.

“YEHOWA ƑE ŊKEKE GÃ LA TU AƑE”

(Zefanya 1:1–3:20)

Baal subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe Yuda. Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Zefanya dzi be: “Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu.” Zefanya xlɔ̃ nu mí be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe.” (Zefanya 1:4, 7, 14) Ame siwo wɔa Mawu ƒe nudidiwo dzi koe ‘woatsɔ aɣla’ le ŋkeke ma dzi.—Zefanya 2:3.

‘Baba na du si sẽa ŋuta’—Yerusalem! Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, . . . ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi.” Gake Mawu do ŋugbe be: “Ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matsɔ mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi dukɔwo katã dome.”—Zefanya 3:1, 8, 20.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:13, 14—Nu kawo ƒe ‘hawoe anɔ ɖiɖim’ le Niniwe si zu aƒedo keŋkeŋ la me? Esi wònye be Niniwe azu gbemelãwo kple xewo nɔƒe ta la, ha si anɔ ɖiɖim la fia xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ kple ɖewohĩ ya si anɔ aƒedowo ƒe fesrewo nu tom la ƒe gbeɖiɖi.

3:9—Nu kae nye “gbegbɔgblɔ dzadzɛ, NW” la, eye aleke wodonɛ? Eyae nye Mawu ƒe nyateƒe si le eƒe Nya, Biblia, la me. Elɔ Biblia ƒe nufiafiawo katã ɖe eme. Míedoa gbe sia to nyateƒe la dzi xɔxɔ se, efiafia amewo pɛpɛpɛ kple agbenɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:8. Edze abe Zefanya ŋɔli me tɔ aɖewo nɔ didim be yewoƒe nu nadze dukɔ siwo ƒo xlã yewo la ŋu to “dutatɔwo ƒe avɔwo” tata me ene. Bometsitsi ka gbegbee nye esi wòanye be Yehowa subɔla siwo li egbea la nadze agbagba be yewoasrɔ̃ xexea me tɔwo to mɔ siawo tɔgbi dzi!

1:12; 3:5, 16. Yehowa yi edzi nɔ nyagblɔɖilawo ɖom ɖe eƒe amewo be woaxlɔ̃ nu wo ku ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu. Ewɔ esia togbɔ be Yudatɔ geɖe ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye wometsɔ ɖeke le gbedeasia me o—abe ale si ko aha ɖoa ƒã ɖe weingo gɔme ene—kura gɔ̃ hã. Esi Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe ta la, mele be míaɖe mɔ amewo ƒe ɖekematsɔleme nana míaƒe ‘asiwo nado agblɔ o,’ ke boŋ míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia madzudzɔmadzudzɔe.

2:3. Yehowa koe ate ŋu axɔ na mí le eƒe dzikudogbe la. Ne míedi be Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be ‘míadi Yehowa,’ to eƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe me; ado gbe ɖa ahabia eƒe mɔfiame; eye míate ɖe eyama ŋu. Ele be ‘míadi dzɔdzɔenyenye’ to agbe dzadzɛ nɔnɔ me. Eye ‘míadi ɖokuibɔbɔ’ to tufafa kple ɖokuibɔbɔɖeanyi tutuɖo me.

2:4-15; 3:1-5. Tsɔtsrɔ̃ si tɔgbi va Yerusalem kple dukɔ siwo ƒo xlãe dzi la kee ava Kristodukɔa kple dukɔ siwo katã tea Mawu ƒe amewo ɖe to la dzi le Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe la. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 18:4-8) Ele be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo vɔvɔ̃manɔmee.

3:8, 9. Esi míele Yehowa ƒe ŋkeke la lalam ta la, míedzraa ɖo ɖe agbetsitsi ŋu to “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la sɔsrɔ̃ kple ‘Mawu ƒe ŋkɔ yɔyɔ’ me to mía ɖokuiwo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe nɛ dzi. Míewɔa ɖeka hã kple Yehowa ƒe amewo tsɔa “nusɔsɔ” subɔnɛ eye míetsɔa “kafukafuvɔsa” nanɛ.—Hebritɔwo 13:15.

‘Ele Du Dzi Ŋutɔ’

Hakpala la dzi ha be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o.” (Psalmo 37:10) Ne míede ŋugble tso nya siwo wogblɔ ɖi ɖe Niniwe ŋu le Naxum ƒe agbalẽa me kple esiwo wogblɔ ɖi ku ɖe Babilon kple Yuda gbexɔsea ŋu le Xabakuk ƒe agbalẽa me ŋu la, ɖikeke aɖeke mele eŋu o be hakpala la ƒe nyawo ava eme godoo. Gake ɣeyiɣi didi kae wòle be míalala ase ɖo?

Zefanya 1:14 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” Zefanya ƒe agbalẽa gblɔ nu si míawɔ be woatsɔ mí aɣla le ŋkeke ma dzi kple nu si wòle be míawɔ fifia atsɔ adzra ɖo ɖe agbetsitsi ŋu la na mí. Nyateƒee, “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Niniwe ƒe gli nyadriwo mexe mɔ ɖe Naxum ƒe nyagblɔɖiwo me vava nu o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Randy Olson/National Geographic Image Collection