Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènaa Amewo Ƒe Dzi Dzea Emea?

Ðe Nènaa Amewo Ƒe Dzi Dzea Emea?

Ðe Nènaa Amewo Ƒe Dzi Dzea Emea?

ÀKPƆ Hermon To si nye Anti-Lebanon to siwo le akasa nu dometɔ ɖeka la le toawo ƒe anyiehe kpa dzi; eƒe tame si nya kpɔna la kɔkɔ gbɔ atsiaƒu ŋu meta 2,814. Le ƒea ƒe akpa gãtɔ me la, sno xana ɖe Hermon To la tame, esia naa afu xɔdzo si toa etame le zã me la blana hezua zãmu. Zãmu la dzana ɖe ati kɔkɔ kple atikutsetseti siwo le toa ƒe abuɖiɖi me kple weingble siwo le eƒe bali me la dzi. Le blema Israel la, tsi medzana le dzomeŋɔli si nɔa anyi ɣeyiɣi didi la me o, eya ta zãmu fafɛ siawo koŋue naa tsi numiemiewo.

Le ha aɖe si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me me la, woɖɔ ɖekawɔwɔ fadziname si le Yehowa subɔlawo dome be “ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene.” (Psalmo 133:1, 3) Abe ale si ko Hermon To la naa zãmu fafɛ si naa tsi numiemiewo ene la, nenema kee míate ŋu ana ame siwo míedoa goe la ƒe dzi nadze eme. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Le Dzidzeme Nana Amewo Me

Yesu Kristo kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe amewo dzi. Egbɔnɔnɔ ɣeyiɣi kpui aɖe kura gɔ̃ hã ate ŋu ana ame ƒe dzi nadze eme ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Nya Nyui ŋlɔla Marko gblɔ be: “Esi [Yesu lé ɖeviwo] ɖe eƒe akɔnu la, eyra wo, le esime wòda asi ɖe wo dzi.” (Marko 10:16) Aleke gbegbe esia anya na ɖevi mawo ƒe dzi dze emee nye esi!

Le zã mamlɛtɔ si Yesu nɔ anyigba dzi abe amegbetɔ ene me la, eklɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Eƒe ɖokuibɔbɔ anya wɔ dɔ ɖe wo dzi vevie. Yesu gblɔ na wo be: “Mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.” (Yohanes 13:1-17) Ɛ̃, ele be woawo hã woabɔbɔ wo ɖokuiwo. Togbɔ be apostoloawo mese nya si gblɔm wònɔ na wo la gɔme o eye emegbe le zã ma ke me woʋli nya le wo nɔewo dome le ame si nye gãtɔ ŋu hã la, Yesu medo dziku o. Ke boŋ ede ŋugble kpli wo dzigbɔɖitɔe. (Luka 22:24-27) ‘Esime wodzu Yesu kura gɔ̃ hã medzu ame ɖe eteƒe o.’ Le nyateƒe me la, “esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.” Ele be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le dzidzeme nana amewo me la.—Petro I, 2:21, 23.

Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.” (Mateo 11:29) Tsɔe be yenɔ ame siwo Yesu nɔ nu fiamee la dome. Esi wo detɔwo ɖo toe esime wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒea me la, woƒe nu ku eye wogblɔ be: “Afika amesia kpɔ nenem nunya kple ŋusẽawo tsoe mahã?” (Mateo 13:54) Nuxexlẽ tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu ate ŋu afia nu geɖe mí tso ale si míate ŋu ana amewo ƒe dzi nadze eme la ŋu. Mina míakpɔ ale si Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi to nya tuameɖowo gbɔgblɔ kple didi be yeakpe ɖe amewo ŋu me la ɖa.

Nɔ Nya Tuameɖowo Gbɔgblɔ Dzi

Ele bɔbɔe be woamu xɔ aɖe ƒu anyi wu be woatu yeye. Míate ŋu azã gɔmeɖose sia si ku ɖe xɔmumu kple xɔtutu ŋu la ke le míaƒe nuƒoƒo me. Esi míenye ame madeblibowo ta la, vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mí katã ŋu. Fia Salomo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nuvɔ̃ o.” (Nyagblɔla 7:20) Ele bɔbɔe be woade dzesi ame bubu ƒe vodadawo eye woagblɔ nya tɔamewo atsɔ ada wo ɖe anyi. (Psalmo 64:3-5) Le gogo bubu me la, ebia nuŋububu nyui kple agbagbadzedze be míaƒe nuƒoƒowo nanye esiwo tua ame ɖo ɣesiaɣi.

Yesu zã eƒe nuƒoƒo tsɔ tu amewo ɖoe. Ena gbɔgbɔmedzidzeme amewo to Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ na wo me. (Luka 8:1) Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo hã ƒe dzi dze eme to ale si wòɖe Fofoa si le dziƒo la fia wo la me. (Mateo 11:25-27) Mewɔ nuku o be amewo lɔ̃na tena ɖe Yesu ŋu!

Gake agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ya metsɔ ɖeke le amewo ƒe nuhiahiãwo me o. Yesu gblɔ be: “Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo.” (Mateo 23:6) Le nyateƒe me la, wodo vlo ame tsɛwo hegblɔ le wo ŋu be: “Negbe ameha sia, si mele se la me nyam o la, koe le wo ŋuɖinu wɔm.” (Yohanes 7:49) Kakaɖedzitɔe la, nɔnɔme sia mate ŋu ana ame ƒe dzi nadze eme o!

Zi geɖe la, nya siwo míegblɔna la ɖea ame si míenye le ememe kple ale si míebua amewoe la fiana. Yesu gblɔ be: “Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45) Ekema nu kawoe míate ŋu awɔ bene míaƒe nuƒoƒo nana amewo ƒe dzi nadze eme?

Nu siwo míate ŋu awɔ la dometɔ ɖekae nye be míatɔ sẽe abu tame hafi aƒo nu. Lododowo 15:28 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ.” Mehiã be tamebubu sia naxɔ ɣeyiɣi didi o. Nuŋububu vie do ŋgɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ne míaƒe nya afa akɔ na amewo. Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe lɔlɔ̃ dze le nya si gblɔ ge mala la mea? Ðe wònye nyateƒea, alo nya segblɔ koea? Ðe wònye nya si ‘wogblɔ ɖe egblɔɣia?’ Ðe wòana ame siwo magblɔe na la ƒe dzi nadze eme ahatu wo ɖoa?’ (Lododowo 15:23) Ne míekpɔe be nya si gblɔ ge míala made ame dzi o alo masɔ le ɣeyiɣi ma me o la, anyo be míadze agbagba vevie aƒo asa na egbɔgblɔ. Ðe manyo sãsãsã wu be míagblɔ nya siwo atu amewo ɖo la ɖe nya mawo teƒe oa? Nya siwo ŋu womebu nyuie o gbɔgblɔ “le abe yitɔame ene,” gake nya tuameɖowo gbɔgblɔ ya “daa gbe le ame ŋu.”—Lododowo 12:18.

Nu bubu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋue nye be míana míaƒe susu nanɔ nɔnɔme siwo na be haxɔsetɔwo xɔ asi le Mawu ŋkume la dzi. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Yehowa kpɔa nɔnɔme nyuiwo le esubɔla wɔnuteƒewo dometɔ ɖe sia ɖe me—ame siwo míawo míate ŋu abu be woƒe agbenɔnɔ menyo o gɔ̃ hã. Ne míedzea agbagba be míade dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo la, míakpɔ susu nyui siwo ta wòle be míaƒo nu nyuie tso wo ŋu.

Kpe Ðe Amewo Ŋu

Yesu se nɔnɔme si me ame siwo wote ɖe anyi nɔ la gɔme bliboe. Le nyateƒe me la, “esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Gake menye ɖeko Yesu kpɔ nɔnɔme wɔnublanui si me wonɔ la dze sii o, ke boŋ ewɔ nane tsɔ kpe ɖe wo ŋu. Ekpe wo be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.” Eye wògana kakaɖedzi sia wo be: “Nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28, 30.

Míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me egbea. (Timoteo II, 3:1) “Xexeame ƒe agbagbadzedze” na be nu te ɖe ame geɖe dzi. (Mateo 13:22) Nɔnɔme wɔnublanui si me ame bubuwo le na be nu te ɖe wo dzi. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Aleke míate ŋu ana ame siwo le hiã me la ƒe dzi nadze emee? Abe ale si Kristo wɔe ene la, míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woƒe agbawo nanɔ wodzoe na wo.

Ame aɖewo dina be yewoavo tso yewoƒe nuteɖeamedziwo me to woƒe kuxiwo gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Ne ame siwo ƒo dzi ɖe le te ɖe mía ŋu hena kpekpeɖeŋu la, ɖe míegbɔa dzi ɖi ɖoa to wo nyuiea? Be woanye toɖola si sea veve ɖe ame nu la bia be woamla ame ɖokui. Ebia be woanɔ to lém ɖe nya si gblɔm amea le ŋu, wu be woanɔ ale si woaɖo nya ŋui alo ale si woakpɔ kuxia gbɔ la ŋu bum. Ne míeɖoa to nyuie, kpɔa amea ƒe ŋkume hekoa alɔgbɔnu ne esɔ la, míeɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le eme nɛ.

Le Kristo hamea me la, mɔnukpɔkpɔ geɖewo li si dzi míato ade dzi ƒo na haxɔsetɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ne míeyi kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la, míate ŋu adi ame siwo le akɔ kpem kple lãmesẽkuxiwo. Ɣeaɖewoɣi la, nu si ko wòhiãna be míawɔ atsɔ atu wo ɖoe nye be míatsɔ miniti ʋɛ aɖewo ade dzi ƒo na wo do ŋgɔ na kpekpeawo gɔmedzedze alo le kpakpã vɔ megbe. Gakpe ɖe esia ŋu la, ne míeyi Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe la, anyo be míade dzesi nɔvi siwo meva o. Ðewohĩ míate ŋu aƒo ka na wo ahaɖe ale si míetsɔ ɖe le woƒe nyonyo me la agblɔ alo abia nenye be woahiã míaƒe kpekpeɖeŋu le nanewo wɔwɔ me.—Filipitɔwo 2:4.

Agbanɔamedzi gbogbo aɖewo le hamemetsitsiwo dzi le hamea me. Míate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ana be woƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ nanɔ bɔbɔe na wo to nuwɔwɔ aduadu kpli wo kple dɔdeasi ɖe sia ɖe si woade asi na mí la wɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe me. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” (Hebritɔwo 13:17) Ne míeɖea ɖokuitsɔtsɔna faa ƒe gbɔgbɔ fiana la, míate ŋu ana ame “siwo kpɔa ha la dzi nyuie la,” ƒe dzi nadze eme.—Timoteo I, 5:17.

Migba Go Le Nyagbɔgblɔ Kple Nuwɔna Tuameɖowo Me

Tsi toŋtoŋ vivivi akpekpewoe ƒoa ƒu zua zãmu fafɛ siwo dzana blewublewu si dzena abe metso afi aɖeke o ene la. Nenema kee nu geɖe siwo Kristo ƒe nɔnɔme si le mía si ʋãa mí míewɔna la hea dzidzeme vanɛ na amewo wu nu nyui ɖeka aɖe ko wɔwɔ na wo.

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!” (Romatɔwo 12:10) Mina míatsɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo ade dɔwɔwɔ me. Neva eme be míato míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi ana dzidzeme vavã amewo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Zãmu si dzana le Hermon To la dzi —naa tsi fafɛ numiemiewo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Toɖola si sea veve ɖe ame nu naa amewo ƒe dzi dzea eme