Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Xagai Kple Zaxarya Ƒe Agbalẽawo Me

Nya Vevi Siwo Tso Xagai Kple Zaxarya Ƒe Agbalẽawo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Xagai Kple Zaxarya Ƒe Agbalẽawo Me

ƑE 520 D.M.Ŋ. mee. Ƒe wuiade va yi tso esime Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon la ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔa gbugbɔgatu ƒe gɔmeɖoanyiawo le Yerusalem. Ke hã, womewu gbedoxɔa tutu nu o, eye futɔwo xe mɔ ɖe xɔtutudɔa nu. Yehowa ɖo Xagai nyagblɔɖilae, eye le ɣleti eve megbe la, eɖo Zaxarya hã nyagblɔɖilae be woagblɔ yeƒe gbedeasi na dukɔa.

Taɖodzinu ɖekae nɔ Xagai kple Zaxarya si: Woade dzo dukɔa me be woagatrɔ ɖe gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa ŋu. Viɖe do tso woƒe agbagbadzedzewo me, eye kaka ƒe atɔ̃ nava yi la, wowu gbedoxɔa tutu nu. Xagai kple Zaxarya ŋlɔ gbedeasi siwo woɖe gbeƒãe la ɖe Biblia gbalẽ siwo ŋu woƒe ŋkɔ le la me. Xagai wu eƒe agbalẽa ŋɔŋlɔ nu le ƒe 520 D.M.Ŋ. me eye Zaxarya hã wu etɔ nu le ƒe 518 D.M.Ŋ. me. Abe nyagblɔɖila mawo ene la, Mawu de dɔ aɖe, si nu wòle be míawu hafi nuɖoanyi sia nawu enu la, asi na míawo hã. Eyae nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. Na míakpɔ dzideƒonamenya siwo le Xagai kple Zaxarya ƒe agbalẽawo me na mí ɖa.

“MILÉ ŊKU ÐE MIAƑE ZƆZƆME ŊU!”

(Xagai 1:1–2:23)

Kaka ŋkeke 112 nava yi la, Xagai gblɔ gbedeasi ʋãme ene na dukɔa. Gbãtɔae nye: “Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu! Miyi towo dzi miatsɔ atiwo vɛ, be miatu xɔ lae, ne wòadze ŋunye, eye bubu nanɔ ŋunye, Yehowa ye gblɔe.” (Xagai 1:7, 8) Dukɔa wɔ ɖe nya sia dzi. Yehowa do ŋugbe le gbedeasi evelia me be: “Matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.”—Xagai 2:7.

Eƒe gbedeasi etɔ̃lia ɖee fia be gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa gbegblẽɖi na be ‘woƒe asinudɔwɔwɔwo katã kple vɔ, siwo wosana la ŋu mekɔ le Yehowa ŋkume o.’ Gake Yehowa ‘ade yayra aƒe tso ŋkeke’ si dzi woagatso ɖe dɔa ŋu la dzi. Abe ale si wòdze le gbedeasi enelia mee ene la, Yehowa ‘atsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo’ eye wòawɔ Mɔmefia Zerubabel abe “ŋkɔsigee” ene.—Xagai 2:14, 19, 22, 23.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:6—Nu kae nyagbɔgblɔ “mieno nu, meɖi kɔ na mi o” fia? Nya sia fia ko be wein manɔ anyi sɔ gbɔ o. Esi Yehowa ƒe yayra meganɔ wo dzi o ta la, wein ʋɛ aɖe ko woakpɔ—si masu wo kaka ava ɖi kɔ na wo o.

2:6, 7, 21, 22—Ame ka alo nu kae le dukɔwo ʋuʋum, eye nu kae anye emetsonu? Yehowa le ‘dukɔwo katã ʋuʋum’ to nana be wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia le xexea me katã me. Gbeƒãɖeɖedɔa wɔe hã be wole ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo’ hem va Yehowa ƒe aƒea me, si na ŋutikɔkɔe yɔe taŋ. Esusɔ vie ko “Yehowa Zebaot” aʋuʋu “dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe,” si ana fifinuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nu ayi keŋkeŋ.—Hebritɔwo 12:26, 27.

2:9—Mɔ kawo nue “xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ̃ asɔ gbɔ wu gbãtɔ tɔ” le? Esia anye le mɔ etɔ̃ ya teti nu: Ƒe agbɔsɔsɔme si nu gbedoxɔa nɔ anyi, ame siwo fia nu le eme, kple ame agbɔsɔsɔme siwo de ta agu na Yehowa le eme. Togbɔ be Salomo ƒe gbedoxɔ gã la nɔ anyi hena ƒe 420, si nye tso ƒe 1027 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 607 D.M.Ŋ. me hã la, “xɔ megbetɔ” ya nɔ anyi hena ƒe 580 kple edzivɔwo sɔŋ, si tso enuwuwu le ƒe 515 D.M.Ŋ. me va ɖo etsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me. Gawu la, Mesia la—Yesu Kristo—fia nu amewo le “xɔ megbetɔ” la me, eye ame geɖe yi ɖade ta agu na Mawu le eme wu “gbãtɔ.”—Dɔwɔwɔwo 2:1-11.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:2-4. Mele be amewo ƒe tsitretsitsi ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nana míawo ŋutɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ nanɔ vevie na mí wu ‘Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã’ o.—Mateo 6:33.

1:5, 7. Enyo be ‘míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu’ akpɔe ɖa be alekee ale si míenɔa agbee le ŋusẽ kpɔm ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodoa dzi hã.

1:6, 9-11; 2:14-17. Yudatɔ siwo nɔ Xagai ƒe ŋkekea me la nɔ gbagblam ɖe woawo ŋutɔwo ƒe dɔwo ŋu gake womekpɔ tsɔɖui aɖeke le woƒe dɔ sesẽawo wɔwɔ me o. Wogblẽ gbedoxɔtutudɔa ɖi, eya ta Mawu ƒe yayra menɔ wo dzi o. Ele be míatsɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ eye míasubɔ Mawu kple luʋɔ blibo, elabena míenyae be ŋutilãmenu ʋɛ alo geɖe ɖale mía si o, ‘Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ.’—Lododowo 10:22.

2:15, 18. Yehowa de dzi ƒo na Yudatɔawo be woatsɔ woƒe dzi aku ɖe gbedoxɔtutudɔa ŋu tso ŋkeke ma dzi, ke menye ɖe ale si wogblẽ dɔa ɖi tsã ŋu o. Nenema kee wòle be míawo hã míaʋli sesĩe be míaƒe susu katã naku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu egbea.

‘MAVA ME TO ŊUSẼ ME O, KE BOŊ TO NYE GBƆGBƆ DZI’

(Zaxarya 1:1–14:21)

Zaxarya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme kple Yudatɔwo kpekpe be ‘woatrɔ va Yehowa gbɔ.’ (Zaxarya 1:3) Ŋutega enyi siwo kplɔe ɖo la ɖo kpe edzi be Mawu le megbe na gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa. (Kpɔ aɖeka si nye “Zaxarya Ƒe Ŋutega Enyi Siwo Me Wòzã Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo Le.”) Woawu xɔtutudɔa nu, gake “mava me to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to [Yehowa ƒe] gbɔgbɔ dzi.” (Zaxarya 4:6) Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Zemax (si gɔmee nye Miemie) “atu Yehowa ƒe gbedoxɔ la” eye “anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi.”—Zaxarya 6:12, 13.

Betel dua dɔ amewo ɖe nunɔlawo gbɔ be woaɖabia nya wo ku ɖe nutsitsidɔ siwo yewowɔna tsɔ ɖoa ŋku tsɔtsrɔ̃ si va Yerusalem dzi la dzi ŋuti. Yehowa gblɔ na Zaxarya be nutsitsidɔ ene siwo wowɔna, tsɔ ɖoa ŋku afɔku si dzɔ ɖe Yerusalem dzi dzi la azu “dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso kpakple ŋkekenyuie.” (Zaxarya 7:2; 8:19) Yehowa ƒe nya eve siwo kplɔe ɖo la lɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo, Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo, kple Mawu ƒe amewo gbugbɔgaɖoanyi ŋuti gbedeasi aɖe, ɖe eme.—Zaxarya 9:1; 12:1.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:5—Nu ka tae ŋutsu aɖe tsɔ dzidzeka nɔ Yerusalem dzidzem? Esia nye kpeɖodzi be woatu ametakpɔkpɔ ƒe gli aƒo xlã dua. Mawudɔlaa gblɔ na ŋutsua be Yerusalem dua akeke ta eye Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ anɔ edzi.—Zaxarya 2:7-9.

6:11-13—Ðe fiakukuɖɔɖɔ na Nunɔlagã Yosua na wòzu fia nunɔla? Ao, menye Dawid ƒe fiaƒomea mee Yosua tso o. Gake fiakukuɖɔɖɔ nɛ nye ame si ƒomevi Mesia la anye ŋuti nyagblɔɖikpɔɖeŋu. (Hebritɔwo 6:20) Nyagblɔɖi si ku ɖe “Miemie” ŋu la va eme ɖe dziƒo Fia Nunɔla Yesu Kristo dzi. (Yeremya 23:5) Ale si Yosua subɔ Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la abe nunɔlagã ene le gbedoxɔ si wogbugbɔ tu me la, nenema kee Yesu Kristo hã nye Nunɔlagã le tadedeagu dzadzɛ tsɔtsɔ na Yehowa le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me.

8:1-23—Ɣekaɣie Yehowa ƒe nya ewo siwo le mawunyakpukpui siawo me va eme? Nyagbɔgblɔ “ale Yehowa Zebaot gblɔ esi” kple ŋutifafa ƒe ŋugbe si Mawu do na eƒe amewo la do ŋgɔ na eƒe nya ewo mawo dometɔ ɖe sia ɖe. Nya siawo dometɔ aɖewo va eme le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me, gake wo katã anya va eme le ƒe 1919 M.Ŋ. me loo, alo wole eme vam fifi laa. *

8:3—Nu ka tae woyɔ Yerusalem be “nyateƒedu” ɖo? Hafi woatsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, enye ‘du sẽŋuta,’ si me aʋatso nyagblɔɖila kple nunɔlawo kpakple ame maɖianukwarewo yɔ fũu. (Zefanya 3:1; Yeremya 6:13; 7:29-34) Gake esi wogbugbɔ tu gbedoxɔa eye dukɔa lé fɔ ɖe tadedeagu na Yehowa ŋu la, wogblɔa nyateƒe si ku ɖe tadedeagu dzadzɛtɔ ŋu le afi ma, si wɔe be woyɔ Yerusalem be “nyateƒedu.”

11:7-14—Nu kae ɖe dzesi le Zaxarya ƒe atikplɔ eve siwo wòtso heyɔ ɖeka be “Dɔmefafa” eye evelia be “Ðekawɔwɔ” ŋu? Woƒo nu tso Zaxarya ŋu abe ame si “[akplɔ] alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu”—ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo, siwo ƒe kplɔlawo te wo ɖe anyi—la ene. Akpa si Zaxarya wɔ abe alẽkplɔla ene la nye vɔvɔ̃li na Yesu Kristo, si Mawu dɔ ɖe eƒe ame siwo wòbla nu kpli la gbɔ evɔ wogbee la. Atikplɔ si nye “Dɔmefafa” tsotso tsi tsitre ɖi na Mawu ƒe Se ƒe nubabla si wòwɔ kple Yudatɔwo la ɖeɖeɖa kple eƒe nuwɔwɔ kpli wo le dɔmefafa me ƒe nuwuwu. Atikplɔ si nye “Ðekawɔwɔ” la tsotso fia teokrasi ƒe nɔviwɔwɔ kple ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome la me tsotso.

12:11—Nu kae nye “kuteƒe [alo konyifafa] na Hadad-Rimon le Megido tagba”? Wowu Fia Yosia le aʋa si wòwɔ kple Farao Nexo, si tso Egipte, le “Megido tagba” la me, eye wotsɔ “konyifahawo” fa eƒe ku hena ƒe geɖe. (Kronika II, 35:25) Eya ta “kuteƒe na Hadad-Rimon” anya ku ɖe konyifafa ɖe Yosia ƒe kua ta ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:2-6; 7:11-14. Yehowa kpɔa dzidzɔ eye wòtrɔna ɖe ame siwo xɔa mokaname, trɔa dzi me hetrɔna ɖe eyama ŋu to tadedeagu nɛ tso luʋɔ blibo me la ŋu. Le go bubu me la, meɖoa to ame siwo ‘gbea toɖoɖo, helia ʋume kpakoo, eye wotea nu ɖe to me’ la ƒe gbedodoɖa o.

4:6, 7. Mɔxenu aɖeke mesesẽ akpa si Yehowa ƒe gbɔgbɔ mete ŋu ɖe ɖa hena gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa nuwuwu dzidzedzetɔe o. Míate ŋu aɖu kuxi ɖe sia ɖe si míado goe le míaƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu me dzi to ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le xɔse me me.—Mateo 17:20.

4:10. Esi Yehowa lé ŋku ɖe gbedoxɔ si Zerubabel kple aƒe amewo tu ŋu tsitotsito la, ekpɔe be wozɔ ɖe yeƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi pɛpɛpɛ. Esia fia be agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu mesesẽ akpa na amegbetɔ madeblibowo o.

7:8-10; 8:16, 17. Be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míawɔ nu dzɔdzɔe, míalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, anye nublanuikpɔlawo, ahato nyateƒe na mía nɔewo.

8:9-13. Yehowa yraa mí ne míena ‘agbe ɖo míaƒe asiwo me’ ɖe dɔ si wòde asi na mí be míawɔ ŋu. Yayra siawo ƒe ɖewoe nye ŋutifafa, dedienɔnɔ, kple gbɔgbɔmeŋgɔyiyi.

12:6. Ele be ame siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe amewo dome nanɔ ‘abe akakati bibi ene’—woƒe dzonɔameme naɖe dzesi.

13:3. Ele be míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu vavã la kple eƒe habɔbɔa naƒo míaƒe nuteƒewɔwɔ na amegbetɔ, aleke kee mía kplii dome le kplikplikpli o, ta sãsãsã.

13:8, 9. Ame gbogbo aɖewoe nye xɔsegbela siwo Yehowa gbe, wonye dukɔa ƒe akpa eve le etɔ̃ me. Akpa etɔ̃lia ɖeka ŋu koe wokɔ abe ɖee wolóloe le dzo me ene. Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa gbe ame siwo katã gblɔna be Kristotɔwo yewonye la ƒe akpa gãtɔ, si nye Kristodukɔa. Ame ʋɛ aɖewo, siwo nye Kristotɔ amesiaminawo, koe ‘yɔ Yehowa ƒe ŋkɔa dzi’ hebɔbɔ wo ɖokui be wòakɔ yewo ŋu. Woa kple woƒe haxɔsetɔwo ɖee fia be menye ɖeko Yehowa ƒe ŋkɔ le yewo ŋu abe eƒe Ðasefowo ene o, ke yewonɔa agbe ɖe enu hã.

Ele Be Míana Dzo Naɖo Mía Me Ðe Dɔ Ŋu

Aleke gbedeasi siwo Xagai kple Zaxarya gblɔ la ka míi egbea? Ne míede ŋugble le ale si woƒe gbedeasia de dzo Yudatɔawo me wotrɔ ɖe gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa ŋu ŋu la, ɖe esia meʋãa míawo hã be míakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me dzonɔamemetɔe oa?

Zaxarya gblɔe ɖi be Mesia la ‘ado tedzi,’ woafia eyomemɔ axɔ ‘klosalo blaetɔ̃,’ woaƒoe, eye ‘lãhaa aka hlẽ.’ (Zaxarya 9:9; 11:12; 13:7) Aleke gbegbee ŋugbledede le Zaxarya ƒe Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo me vava ŋu doa ŋusẽ míaƒe xɔsee nye esi! (Mateo 21:1-9; 26:31, 56; 27:3-10) Míaƒe kaka ɖe Yehowa ƒe Nya la kple mɔnuɖoɖo siwo wòwɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ dzi me gasẽ ɖe edzi.—Hebritɔwo 4:12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Kpɔ January 1, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9-22.

[Aɖaka si le axa 11]

ZAXARYA ƑE ŊUTEGA ENYI SIWO ME WÒZÃ KPƆÐEŊUNYAGBƆGBLƆWO LE

1:8-17: Na kakaɖedzi be woawu gbedoxɔa tutu nu eye woayra Yerusalem kple Yuda ƒe du bubuawo.

2:1-4: Do ‘lãdzo ene siwo kaka Yuda hlẽ,’ siwo nye dziɖuɖu siwo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu la ƒe nuwuwu ŋugbe.

2:5-17: Ðee fia be Yerusalem akeke ta eye Yehowa anye “dzogli anɔ eŋu godoo”—anye takpɔkpɔ nɛ.

3:1-10: Ðee fia be Satana nɔ megbe na tsitretsitsi ɖe gbedoxɔtutudɔa ŋu eye be woɖe Nunɔlagã Yosua hekɔ eŋu.

4:1-14: Na kakaɖedzi be woaɖe mɔxenu siwo le abe towo ene la ɖa eye be Mɔmefia Zerubabel awu gbedoxɔtutudɔa nu.

5:1-4: Gblɔ fiƒodenya ɖe nu vɔ̃ wɔla siwo tsi to mahemahee la ŋu.

5:5-11: Gblɔ vɔ̃ɖinyenye ƒe nuwuwu ɖi.

6:1-8: Do mawudɔlawo ƒe ŋgɔxɔxɔ kple woƒe ametakpɔkpɔ ƒe ŋugbe.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Taɖodzinu kae le Xagai kple Zaxarya ƒe gbedeasiawo ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Aleke ame siwo xɔa ŋgɔ la le ‘abe akakati bibi ene’?