Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nane Si Biam Amewo Le Le Xexea Me Godoo

Nane Si Biam Amewo Le Le Xexea Me Godoo

Nane Si Biam Amewo Le Le Xexea Me Godoo

BU EŊU KPƆ: Ame miliɔn alafawo, alo miliɔn akpewo kura gɔ̃ hã, le nu ɖeka aɖe biam. Wole xexea me katã dzi ɖula la biam be wòawɔ nane koŋ na yewo. Ke hã, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe nya nu si tututu biam wole. Ðe wòate ŋu adzɔ be, ame nanɔ nu si menya o la biamaa? Ɛ̃, eye ele dzɔdzɔm hã gbe sia gbe. Nu ka biam ame siawo katã le? Wole biabiam be Mawu Fiaɖuƒea nava!

Akɔntabubu aɖe ɖee fia be, subɔsubɔha vovovo 37,000 sɔŋ me nɔlawoe yɔa wo ɖokuiwo be Kristotɔwo, hegblɔna be Yesu Kristo ye nye yewoƒe Kplɔla. Ame miliɔn akpe eve kple edzivɔ ye le subɔsubɔha mawo me. Wo dometɔ gbogbo aɖewo doa gbe si ame geɖe yɔna be Mía Fofo Si Le Dziƒo la ɖa. Ènya gbedodoɖa ma? Abe ale si Yesu fiae eƒe nusrɔ̃lawo ene la, gbedodoɖa ma dze egɔme ale: ‘Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔna le dziƒo ene!’—Mateo 6:9, 10, Eʋegbe Biblia.

Ƒe alafa geɖee nye esia si sɔlemedelawo gbugbɔa nya siawo gblɔna edziedzi bubutɔe ne woyi sɔleme. Ƒomewo kple ame ɖekaɖekawo hã doa gbe sia si wonya nyuie la ɖa, le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me. Wodonɛ ɖa tso dzi blibo me veviedodotɔe. Wo dometɔ geɖe srɔ̃ emenyawo ɖe tame, eye wonye nya siwo wogblɔna ko wo ŋu mabumabui. Menye sɔlemedela siawo, siwo katã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la, koe kpɔa mɔ na Mawu Fiaɖuƒea hedoa gbe ɖa be wòava o.

Subɔsubɔha Siwo Me Tɔwo Menye Kristotɔwo O Hã Bianɛ

Yuda subɔsubɔ ƒe gbedodoɖa nyanyɛ aɖee nye esi woyɔna be Kaddish, si wodona ɖa le woƒe ƒuƒoƒewo gbe sia gbe alo ne woƒe ame vevi aɖe ku. Ke hã, gbedodoɖa sia meku ɖe ku alo konyifafa ŋu o. Gbedodoɖa ma ƒe akpa aɖe gblɔ be: “[Mawu] neɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le wò agbenɔɣi . . . newɔe kaba.” * Gbe bubu aɖe si wodona ɖa le ƒuƒoƒewo le blema la ku ɖe mɔkpɔkpɔ na Mesia si tso David ƒe ƒomea me la ƒe Fiaɖuƒea ŋu.

Mawu Fiaɖuƒea ƒe nya do dzidzɔ na ame siwo menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Times of India) ka nya ta be, India subɔsubɔha kplɔla xɔŋkɔ aɖe si nɔ agbe le ƒe alafa 19 lia me, si di be Hindutɔwo, Moslemtɔwo, kple Kristotɔwo nawɔ ɖeka la, gblɔ be: “Mawu fiaɖuƒe vavã la mate ŋu ava o, negbe ɖe ɣedzeƒetɔwo kple ɣetoɖoƒetɔwo wɔ ɖeka hafi.” Eye Moslemtɔwo ƒe kɔledzi aɖe si le Strathfield, Australia, la dzi kpɔla ŋlɔ ɖo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe nyitsɔ laa be: “Mexɔe se be, Yesu atrɔ ava, eye wòaɖo Mawu Fiaɖuƒe vavã la anyi, abe ale si Moslemtɔwo katã xɔe se ene.”

Ðikeke aɖeke mele eme o be, ame miliɔn akpe geɖe ye le mɔ kpɔm na Mawu Fiaɖuƒea hebiana be wòava. Gake bu nu wɔmoya aɖe ŋu kpɔ.

Ðewohĩ èle nyanya na wò be, mí Yehowa Ðasefowo, siwo ŋlɔa magazine sia me nyawo la, míeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me le miaƒe nutoa me dzroa Biblia me nyawo me kple amewo. Esime míenɔ nyati sia ŋlɔm la, míenɔ dɔ sia wɔm le xexea me katã, le dukɔ 236 me le gbegbɔgblɔ siwo wu 400 me. Nu si koŋ ŋu míeɖea gbeƒã tso ye nye Mawu Fiaɖuƒea. De dzesii be, magazine sia ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye, Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe. Zi geɖe la, míebiaa amewo be, ɖe wodoa gbe ɖa be Fiaɖuƒe ma nava hã. Ame akpa gãtɔ ɖoa eŋu be ɛ̃. Gake ne míebia wo be nu kae Fiaɖuƒea nye hã la, ame akpa gãtɔ ƒe ŋuɖoɖoa ɖenɛ fiana be womenyae o. Le ame bubuwo gome la, womese nu si tututu wogblɔna la gɔme o.

Nu ka tae ame geɖe anɔ nu si womenya o la biam? Le esi Mawu Fiaɖuƒea nye nya si gɔme womate ŋu ase o taea? Ao. Woɖe nu si Fiaɖuƒea nye la me eme kɔ nyuie le Biblia me. Gawu la, nya si Biblia gblɔ tso Fiaɖuƒea ŋu la ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ vavã nasu asiwò le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ ale si Biblia ɖe mɔkpɔkpɔ ma me. Emegbe míadzro ɣeyiɣi si me woaɖo Yesu ƒe gbedodoɖa be Fiaɖuƒea nava ŋu la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Abe kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia ene la, Yudatɔwo ƒe gbedodoɖa sia hã bia be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ. Togbɔ be ame aɖewo susu be wodoa gbe sia ɖa tso keke Kristo ƒe ŋkekea me ke alo do ŋgɔ nɛ, evɔ ame aɖewo meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o, hã la, mele be wòawɔ nuku na mí be, gbedodoɖa eve siawo me nyawo ɖi wo nɔewo o. Menye nu yeye ye Yesu fia le gbedodoɖa sia me o. Nu siwo wòbia la dometɔ ɖe sia ɖe nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔ siwo nɔ Yudatɔwo katã si ɣemaɣi la dzi. Ðeko Yesu nɔ dzi dem ƒo na ehati Yudatɔwo be woado gbe ɖa abia nu siwo wòle be woanɔ biabiam xoxoxo la.