Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zã “Nya Viviwo” Nàtsɔ Atu Wò Ƒomea Ðo

Zã “Nya Viviwo” Nàtsɔ Atu Wò Ƒomea Ðo

Zã “Nya Viviwo” Nàtsɔ Atu Wò Ƒomea Ðo

DZI meganya le dodom na David o. Ele srɔ̃a lalam be wòado go le xɔa me ne yewoadzo, eye sẽ kple sẽ la, ekpɔa game. Esi srɔ̃a Diane do tso xɔa me mlɔeba la, dzi ku David ale gbegbe be, mete ŋu ɖu eɖokui dzi o.

Edo ɣli ɖe srɔ̃a ta be: “Fifi hafi wònyo na wò be, nàdo go le xɔa mea? Ɣesiaɣi ko ètsia megbe! Gbe ka gbe koŋ wò hã nàva wɔ ɖe game dzi?”

Diane ƒe dzi gbã. Ewó avi trɔ ge ɖe xɔa me. Azɔ David kpɔe be yemewɔe nyuie o. Ðeko eƒe dzikudodoa gblẽ nyaa ɖe edzi. Nu ka wɔ ge wòala fifia? Eɖe hũ sesĩe, eye wòdze srɔ̃a yome yi xɔa me.

Kpɔɖeŋu sia nye nu ŋutɔŋutɔ si dzɔna zi geɖe, alo? Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be, nègblɔ nya aɖe si mèdi be yeagblɔ hafi oa? Ne míebua nyawo ŋu nyuie hafi ƒoa nu o la, ewɔnɛ be zi geɖe la, míegblɔa nya siwo va vea mí emegbe. Eya ta esɔ be Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”—Lododowo 15:28.

Mele bɔbɔe be míabu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu o, vevietɔ ne míedo dziku, vɔvɔ̃ ɖo mí, alo ame aɖe wɔ nane wòve mí. Vevietɔ ne míele míaƒe ƒometɔ kplikplikpliwo dome la, ɣesiaɣi si míadi be míaɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be, míabu fɔ wo alo ahe nya ɖe wo ŋu vevie. Ema ate ŋu ave ame evelia, alo ahe nyahehe avae.

Nu kae míate ŋu awɔ, be esia nagadzɔ o? Aleke míawɔ aɖu mía ɖokui dzi? Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Biblia ŋlɔla Salomo ƒe nyawo me.

Bu Nya Si Nàgblɔ Kple Ale Si Nàgblɔe Ŋu

Esi Salomo, si ŋlɔ Biblia gbalẽ si nye Nyagblɔla la, nɔ agbe ƒe toflokonyenye ŋuti nya wɔdɔɖeamedzia ŋlɔm la, anya nɔ eme godoo be nanewo te ɖe edzi hafi wòdi be yeaŋlɔ nu tso nya sia ŋu. Egblɔ be: “Melé fu agbenɔnɔ”! Esi wònɔ nua ŋlɔm va se ɖe afi aɖe la, egblɔ be agbea nye “toflokowo ƒe tofloko!” (Nyagblɔla 2:17; 12:8) Ke hã, menye nu siwo te ɖe Salomo dzi la ɖeɖe sɔŋ koe wòŋlɔ ɖe Nyagblɔla ƒe agbalẽa me o. Mesusu be ale si nyaa le la, nenema koe wogblɔnɛ ta wògblɔe kã o; ke boŋ eɖu eɖokui dzi. Salomo ƒe agbalẽa ƒe nuwunyawo ɖee fia be ‘edi nya viviwo be yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo wòŋlɔ ɖi la, wole eteƒe.’ (Nyagblɔla 12:10) Biblia bubu ɖe akpa sia gɔme be, “edze agbagba be yeaɖe nu siawo me le mɔ nyuitɔ kekeake nu wòade pɛpɛpɛ.”—Contemporary English Version.

Edze ƒãa be, Salomo nya be ele be yeaɖu ye ɖokui dzi. Ne míagblɔe la, enɔ eɖokui biam be: ‘Ðe nya si medi be magblɔ la nye nyateƒe, eye wòde pɛpɛpɛa? Ne mezã nya siawo ɖe, ɖe woavivi amewo nua, eye ɖe wole eteƒea?’ Esi ‘wòdi nyateƒenya viviwo’ ta la, ete ŋu ɖu eɖokui dzi be eƒe seselelãmewo mekpɔ ŋusẽ ɖe nya siwo wògblɔ dzi akpa o.

Esia wɔe be, menye ɖeko agbalẽ si wòŋlɔ la le etɔxɛ o, ke boŋ enye mawumenunya dzɔtsoƒe ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. (2 Timoteo 3:16, 17) Ðe ale si Salomo ƒo nu tso nya siwo ate ŋu ado dziku na ame ŋu, le mɔ si anya xɔ nu la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mía kple míaƒe ame veviwo dome dzeɖoɖowo nanyo ɖe edzia? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.

Srɔ̃ Ale Si Nàwɔ Aɖu Wò Seselelãmewo Dzi

Na míawɔ kpɔɖeŋu aɖe: Tsɔe be ɖevi aɖe lé eƒe dodokpɔ ŋuti nyatakakagbalẽvi ɖe asi gbɔ tso suku, eye edze ƒãa be, mele dzidzɔ kpɔm o. Fofoa lé ŋku ɖe sukunusɔsrɔ̃ vovovoawo ŋu, eye wòde dzesii be, mewɔ dɔ nyuie le wo dometɔ ɖeka me o. Fofoa do dziku enumake, eye wòɖo ŋku ɣeyiɣi geɖe siwo ɖevia nɔa eƒe sukudɔdeasiwo wɔwɔ hem ɖe megbe la dzi. Fofoa di be yeawó ɖe ɖevia ta be: “Kuviatɔwo ƒe kuviatɔ! Wò ya yi edzi nenema; agbatedɔ ko nàva wɔ!”

Hafi vifofo sia naɖe mɔ seselelãme gbegblẽwo nakpɔ ŋusẽ ɖe nya si wòagblɔ dzi la, anyo be wòabia eɖokui be: ‘Ðe nu si susum mele la nye nyateƒe hesɔ pɛpɛpɛa?’ Nyabiase sia ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòagaɖe mɔ eƒe seselelãmewo nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi wu ale si nyaawo le ŋutɔŋutɔ o. (Lododowo 17:27) Nyateƒee wònye be ɖevia ava zu agbatedɔwɔla le esi mete ŋu wɔ dɔ le sukunusɔsrɔ̃ ɖeka pɛ me nyuie o ta? Nu sia nu mee wònye kuviatɔ le vavãa, alo ɖe wònɔ hehem ɖe megbe le sukudɔdeasiawo wɔwɔ ŋuti le esi mese nusɔsrɔ̃ ma gɔme nyuie o taa? Biblia te gbe ɖe edzi enuenu be, ele vevie be míabu nuwo ŋu nyuie abe ale si wole ŋutɔŋutɔ ene. (Tito 3:2; Yakobo 3:17) Hafi dzila nate ŋu ade dzi ƒo na via la, ele be wòazã ‘nyateƒenya, siwo le eteƒe.’

Di Nya Siwo Sɔ

Ne vifofoa bu nya si wòdi be yeagblɔ ŋu vɔ la, ate ŋu abia eɖokui be: ‘Aleke wòle be magblɔ nya siae, bene wòanya xɔ na vinyea?’ Nyateƒee, nya siwo sɔ la kpɔkpɔ mele bɔbɔe o. Gake ele be dzilawo naɖo ŋku edzi be, zi geɖe la, sɔhɛwo susuna be, ne yewomete ŋu wɔ nane nyuie o ko la, efia be yewomenyo na naneke o. Ne womete ŋu wɔ nane nyuie o la, etena ɖe wo dzi ale gbegbe be, womegabua susu nyui ɖe wo ɖokuiwo ŋu o. Ne dzilaa wɔ nu wògbɔ eme la, ate ŋu ana susu gbegblẽ si ɖevia le bubum ɖe eɖokui ŋu xoxo la nu nagasẽ ɖe edzi. Kolosetɔwo 3:21 gblɔ be: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.”

Zi geɖe la, nyagbewo, abe “ɣesiaɣi” kple “gbeɖe o” ene, zua amiɖeɖeɖenya, si nana be ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ la megadzena o. Ne dzila aɖe gblɔ na via be, “Màte ŋu awɔ naneke nyuie gbeɖe o” la, ɖe ɖevia agabu eɖokui be asixɔxɔ aɖe le ye ŋua? Ne wogblɔa fɔbuamenya siawo tɔgbi na ɖevia enuenu la, ava te eɖokuibubu be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Menye ɖeko nya mawo aɖe dzi le ɖevia ƒo o, womenye nyateƒe hã o.

Zi geɖe la, enyona sãsãsã wu be woaƒo nu tso nu nyui siwo ɖevia te ŋu wɔ le nɔnɔme aɖe me la boŋ ŋu. Vifofo si ƒe nya míegblɔ le kpɔɖeŋua me la ate ŋu agblɔ nya sia tɔgbi: “Vinye, mekpɔe be ète ɖe dziwò be mèdze agbagba le sukunusɔsrɔ̃ sia me tututu o. Gake menya be, zi geɖe la, èdoa vevie nu le wò sukudɔdeasiwo wɔwɔ me. Eya ta na míaɖo dze tso sukunusɔsrɔ̃ sia ŋu akpɔe ɖa be, aleke míawɔ akpɔ nu siwo na mète ŋu le dɔ wɔm le eme nyuie o la gbɔ hã.” Hafi vifofo sia nanya ale si wòakpe ɖe via ŋu nyuie wu la, ate ŋu abia nya aɖewo koŋ eyama, bene wòanya nu siwo gbɔ kuxia anya tso.

Nyawo ŋu bubu nyuie kple wo gbɔ kpɔkpɔ dɔmenyotɔe alea aɖe vi godoo tsɔ wu dzikunyawo gbɔgblɔ na ɖevia. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Nya dzeto la anyitsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.” (Lododowo 16:24) Ðeviwo—míagblɔ ko be ƒomea me tɔwo katã—tsina hekpɔa dzidzedze nyuie ne ŋutifafa kple lɔlɔ̃ le ƒomea me.

“Nya Si Wu Dzi”

Gbugbɔ bu kpɔɖeŋu si míewɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze la ŋu kpɔ. Ðe manyo wu ne ɖe ŋutsua gbɔ dzi ɖi hedi ‘nyateƒenya viviwo’ wu esi wòblu ɖe srɔ̃a ta le dziku me oa? Anyo be srɔ̃ŋutsu si le nɔnɔme ma me la nabia eɖokui be: ‘Ne nyateƒee wònye be ehiã be srɔ̃nye nadze agbagba anɔ game dzi hã ɖe, nyateƒee wònye be etsia megbe ɣesiaɣia? Ɣeyiɣi nyuitɔ si me wòle be magblɔ nya sia nɛ ye nye esia? Ðe nyahehe ɖe eŋu kple dziku ate ŋu aʋãe wòadi be yeawɔ tɔtrɔa?’ Nya siawo biabia mía ɖokui ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagblɔ nya si ave ame siwo míelɔ̃ la o.—Lododowo 29:11.

Ke ne ɖeko míaƒe dzeɖoɖowo va zua dzre enuenu ya ɖe? Ðewohĩ ahiã be míabu nuwo ŋu ayi ŋgɔe ahabu seselelãme siwo le mía ʋãm be míazã nyagbe mawo la ŋu. Nya siwo míegblɔna, vevietɔ ne nu te ɖe mía dzi alo míedo dziku la, ate ŋu aɖe ame si míenye le ememe ŋutɔŋutɔ la afia. Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Ne míagblɔe bubui la, nya siwo míegblɔna la ɖea míaƒe dzimesusuwo, didiwo, kple nɔnɔmewo fiana.

Ðe míebua nuwo ŋu nyuie, eye kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ le mía si ɖe agbea ŋua? Ekema adze le gbe si míetsɔna ƒoa nui kple nya siwo míegblɔna hã me. Ðe míaƒe nya me sẽna kpaɖii, míekana ɖe amewo dzi o, alo bua fɔ ame kabakaba? Ne nenemae la, ekema nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe ate ŋu aɖe dzi le amewo ƒo. Ðewohĩ mía ŋutɔwo míanya ale si míaƒe nuŋububu kple nuƒoƒo gblẽa nu le ame ŋui o. Míate ŋu asusui kura gɔ̃ hã be, ale si míebua nuwo ŋui la sɔ. Ke hã, ele be míakpɔ nyuie be míagable mía ɖokui o.—Lododowo 14:12.

Míada akpe be Mawu ƒe Nya la le mía si. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada míaƒe susuwo kpɔ anya esiwo sɔ kple esiwo ŋu wòahiã be míawɔ asitɔtrɔ le. (Hebritɔwo 4:12; Yakobo 1:25) Nɔnɔme ka ke domee míenyi tso mía dzilawo gbɔ alo hehe ka ƒomevie míexɔ o, mí katã míate ŋu atiae be míawɔ tɔtrɔ le míaƒe nuŋububu kple ale si míewɔa nui ŋu, ne míawo ŋutɔ míedii nenema ko.—Efesotɔwo 4:23, 24.

Hekpe ɖe Biblia zazã ŋu la, nu bubu aɖe hã li, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ne ale si míeƒoa nu na amewoe la sɔ alo mesɔ o. Nu si ko nàwɔe nye be, nàbia ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, bia srɔ̃wò alo viwòwo be woagblɔ ale si nèwɔa nui le go sia me la na wò naneke maɣlamaɣlae. Bia xɔ̃wò kpɔnuteƒe aɖe si nya wò nyuie. Abia ɖokuibɔbɔ be nàlɔ̃ ɖe nya si woagblɔ na wò la dzi ahawɔ asitɔtrɔ siwo ahiã.

Bu Nya Ŋu Hafi Nàgblɔe!

Nya mamlɛtɔ si míagblɔ ye nye be, ne míedi vavã be míagblɔ nya wòave amewo o la, ele be míawɔ ɖe nya si Lododowo 16:23 gblɔ la dzi, be: “Nunyalawo bua tame hafi ƒoa nu; esia wɔnɛ be amewo lɔ̃na ɖe nya si wogblɔna la dzi bɔbɔe.” (Today’s English Version) Manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi be míaɖu míaƒe seselelãmewo dzi ya o. Ke hã, ne míedzea agbagba be míase nu gɔme na amewo tsɔ wu be míabu fɔ wo alo aɖi gbɔ wo la, ekema nya siwo sɔ zazã le míaƒe nuƒoƒo me kpɔkpɔ anɔ bɔbɔe.

Nyateƒee, mía dometɔ aɖeke mede blibo o. (Yakobo 3:2) Mí katã míeƒoa nu tamemabumabutɔe ɣeaɖewoɣi. (Lododowo 12:18) Gake le Mawu ƒe Nya la ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu asrɔ̃ ale si míabu nyawo ŋu nyuie hafi agblɔ wo, eye míabu ame bubuwo ƒe seselelãme kple woƒe nyonyo ŋu wu mía ŋutɔwo mía tɔwo. (Filipitɔwo 2:4) Mina míaɖoe kplikpaa adi ‘nyateƒenya viviwo,’ vevietɔ ne míele nu ƒom na míaƒe ƒometɔwo. Ekema míaƒe nuƒoƒo matɔ ame ahaɖe dzi le ame ƒo o, ke boŋ ada gbe le ame siwo míelɔ̃na la ŋu ahade dzi ƒo na wo.—Romatɔwo 14:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nu kae nàwɔ, be nàgagblɔ nya siwo ava ve wò emegbe o?