Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Yehowa Gblɔ Ði La Vana Eme

Nu Si Yehowa Gblɔ Ði La Vana Eme

Nu Si Yehowa Gblɔ Ði La Vana Eme

‘NYEE nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye ame si ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.’ (Yesaya 46:9, 10) Aleae Yehowa, ame si tea ŋu gblɔa nu si ava dzɔ le etsɔ me ɖi wòvana eme pɛpɛpɛ la, gblɔ.

Ame sia ame nya be, amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ nu si ava dzɔ le etsɔ me la ɖi pɛpɛpɛ o. Eya ta ele be nyanya be Biblia nye nyagblɔɖigbalẽ la naʋã ame siwo katã le nyateƒea dim la be woadoe kpɔ be etso Mawu gbɔ vavã abe ale si Biblia ŋutɔ gblɔe ene hã. Mina míadzro Biblia me nyagblɔɖi aɖewo, siwo va eme xoxo la me.

Blemadukɔ Deŋgɔwo

Mawu gblɔe ɖi be Babilon nu ayi keŋkeŋ, eye be woatsrɔ̃ Edom, Moab kple Amon hã tegbee. (Yeremiya 48:42; 49:17, 18; 51:24-26; Obadiya 8, 18; Zefaniya 2:8, 9) Ale si dukɔ siawo tsrɔ̃ gbidii la ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la nye nyateƒe.

Ðewohĩ ame aɖe aʋli nya be, ame sia ame ate ŋu agblɔe ɖi be dukɔ aɖe nu ava yi mlɔeba godoo, aleke kee ŋusẽ ɖale eŋui o. Gake ame si ʋlia nya alea la ŋlɔ nya vevi aɖe be, si nye be Biblia ɖe nu me yi ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ ale si tututu woatsrɔ̃ Babilon la ɖii tsitotsito. Biblia gblɔe ɖi be, Mediatɔwoe aɖu dua dzi, be Kores ye anɔ ŋgɔ na asrafo siwo ava dze dua dzi, eye be woana tɔsisi siwo nye takpɔnu na dua la me tsiwo namie.—Yesaya 13:17-19; 44:27–45:1.

Menye dukɔ ɖe sia ɖe si dzi Biblia gblɔ be woaɖu la ŋue wògblɔ le be, enu ayi tegbee o. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu nɔ ale si Babilontɔwo atsrɔ̃ Yerusalem la gblɔm ɖi la, egblɔ be woagbugbɔ dua atso, togbɔ be Babilontɔwo meɖea asi le woƒe kluviwo ŋu gbeɖe o hã. (Yeremiya 24:4-7; 29:10; 30:18, 19) Esia va eme, eye Yudatɔwo ƒe dzidzimeviwo gakpɔtɔ nye dukɔ li va se ɖe egbegbe.

Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔ ɖi be woatsrɔ̃ xexemeŋusẽ si nye Egipte, gake be “emegbe la ame aganɔ edzi abe tsã ene.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dukɔ sia si kpɔ ŋusẽ le blema la azu “fiaɖuƒe sue.” (Yeremiya 46:25, 26; Xezekiel 29:14, 15) Esia hã va eme. Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ xexemeŋusẽ si nye Hela hã, gake megblɔ kpɔ be dukɔ sia nu ayi tegbee o. Nu kae míesrɔ̃ tso dukɔ siwo ŋu Yehowa gblɔ le be woatsrɔ̃ wo gbidii la ƒe bubu le ŋutinya me, kple esiwo ŋu megblɔ nya siawo tɔgbi ɖo o la ƒe anyinɔnɔ me? Eyae nye be, nyagblɔɖi vavã, siwo dzi woate ŋu aka ɖo la, le Mawu ƒe Nya la me.

Wogblɔe Ði Tsitotsito Wòwɔ Nuku

Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Yehowa gblɔ nya geɖe ku ɖe Babilon ƒe anyidzedze ŋu. Nenema kee esime Xezekiel ƒe agbalẽa nɔ Tiro dua ƒe anyidzedze gblɔm ɖi la, egblɔ be woalɔ eƒe kpewo, atiwo kple gli gbagbãwo aƒu gbe “ɖe atsiaƒu me.” (Xezekiel 26:4, 5, 12) Nyagblɔɖi sia va eme le ƒe 332 D.M.Ŋ. me esime Alexander Gãtɔ na eƒe asrafowo zã Tiro dua ƒe akpa si le anyigba ƒuƒui dzi, si dzi wòɖu xoxo la, ƒe gli gbagbãwo tsɔ do mɔ yi dua ƒe akpa si le tɔ dome la dzi, eye wòɖu eya hã dzi.

Nyagblɔɖi si le Daniel 8:5-8, 21, 22 kple 11:3, 4 la hã ƒo nu tso ‘Hela fia’ sesẽ aɖe ŋu tsitotsito. Egblɔe ɖi be, dziɖula sia nu ayi le ɣeyiɣi si me ŋusẽ aɖo eŋu wu, eye emegbe woama eƒe fiaɖuƒea me ɖe akpa ene, gake menye na eƒe dzidzimeviwo o. Ƒe 200 kple edzivɔ le nyagblɔɖi sia gbɔgblɔ megbe la, Alexander Gãtɔ va zu fia sesẽ ma. Míexlẽ le ŋutinyagbalẽwo me be, eva ku kukpo, eye be mlɔeba la, eƒe asrafomegã ene ye va ma eƒe fiaɖuƒea ɖe wo nɔewo dome—ke menye eƒe dzidzimeviwo o.

Ðeklemiɖela aɖewo gblɔ be nu siawo dzɔ hafi woŋlɔ wo ɖi. Gake galé ŋku ɖe nuŋlɔɖi si ŋu míeƒo nu tsoe, si le Daniel ƒe agbalẽa me ŋu kpɔ. Ne nyagblɔɖie wònye vavã la, ekema emenyawo ɖe dzesi ŋutɔ. Gake ne nyateƒee wònye be nuawo dzɔ ŋutɔŋutɔ hafi wogblɔ be nyagblɔɖie wònye la, ekema ɖe womegblẽ nya geɖe ɖi akpa wo magblɔmagblɔe oa? Ne ameblela aɖe si nɔ agbe le Alexander ƒe ku megbee nɔ agbagba dzem be yeana nuxlẽlawo nasusu be nyagblɔɖie la, ekema nu ka tae megblɔ kpee be, le Alexander ƒe ku megbe la, viawo dometɔ eve adze agbagba be fiaɖuƒea nazu yewo tɔ, gake be woawu wo o? Nu ka tae megblɔ be ƒe gbogbo aɖewo ava yi hafi asrafomegã eneawo katã ava nɔ Alexander ƒe fiaɖuƒea ƒe akpa vovovoawo nu o? Eye nu ka tae meyɔ fiagã la kple eƒe asrafomegã eneawo ŋkɔwo o?

Gbɔgblɔ be Biblia me nyagblɔɖiwo va eme hafi woŋlɔ wo ɖi la nye nukpɔsusu si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o, si le ame siwo tsoa nya me be womate ŋu agblɔ etsɔ me ɖi o hafi va nɔa Biblia me kpeɖodziawo me kum la si ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Esi wogbe be yewomaxɔ Biblia dzi ase be enye Mawu ƒe Nya o ta la, eva zu dzizizi na wo be, woatsɔ amegbetɔ ƒe susu ɖeɖe dzaa ko aɖe nu sia nu si dzɔna la me. Ke hã, nya siwo hiã la koe Mawu na wogblɔ ɖi tsɔ ɖo kpe edzi be ye gbɔe nyagblɔɖiawo tso. *

Biblia me nyagblɔɖiwo ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse ne èdia ɣeyiɣi dea ŋugble le nyagblɔɖi aɖewo koŋ kple ale si wova emee ŋu. Ðe manyo be nàwɔ ɖoɖo adzro Biblia me nyagblɔɖiwo me oa? Nyaɖoɖo siwo le agbalẽ si nye, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia, ƒe axa 200 la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. * Ne èle esia wɔm la, wɔe kple susu be wòado ŋusẽ wò xɔse. Mègatsi dzi o; menye nyagblɔɖi agbɔsɔsɔme si me nète ŋu dzro ye nye nu vevitɔ o. Ke boŋ de ŋugble ne nàkpɔe be, nu sia nu si Yehowa gblɔ ɖi la vaa eme pɛpɛpɛ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Ne èdi numeɖeɖe bubu siwo ɖee fia be, Biblia me nyagblɔɖiwo meva eme hafi wova ŋlɔ wo ɖi o la, ekema kpɔ agbalẽ si nye, Is There a Creator Who Cares About You? (Y a-t-il un Créateur qui se soucie de vous?) si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 106-11.

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

AGBENƆNƆ ŊUTI GƆMEÐOSEWO

Nu bubu aɖe si ŋu nàde ŋugble le ye nye esi: Mawu si gblɔ xexemeŋusẽwo ƒe dodo kple anyidzedze ɖi la kee ɖo agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose siwo le Biblia me hã. Wo dometɔ aɖewoe nye:

Nu si ame ƒãe wòŋena.Galatiatɔwo 6:7.

Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ. Dɔwɔwɔwo 20:35.

Sese le ame ɖokui me be yele Mawu subɔm nyuie ye hea dzidzɔ vanɛ.Mateo 5:3.

Àte ŋu aka ɖe edzi be, ne yetsɔ gɔmeɖose siawo wɔ dɔe le yeƒe agbenɔnɔ me la, woaɖe vi na ye godoo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

Mawu ƒe Nya la gblɔ dukɔ siawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖikaa ɖi . . .

EDOM

BABILON

. . . gake megblɔe ɖe esiawo ya ŋu o

HELA

EGIPTE

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

WHO photo by Edouard Boubat

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Alexander Gãtɔ