Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fofo Aɖe Si Ðeke Mesɔ Kplii O

Fofo Aɖe Si Ðeke Mesɔ Kplii O

Te Ðe Mawu Ŋu

Fofo Aɖe Si Ðeke Mesɔ Kplii O

Mateo 3:16, 17

“FOFO.” Nya ʋɛ aɖewo koe wɔa dɔ ɖe ame dzi wu nya sia. Vifofo si lɔ̃a viawo ŋutɔŋutɔ la kpena ɖe wo ŋu nu dzea edzi na wo. Eya ta esɔ be Biblia yɔ Yehowa be “Fofo.” (Mateo 6:9) Fofo ka ƒomevie Yehowa nye? Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míadzro nya siwo Yehowa gblɔ na Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi la me. Le nyateƒe me la, ale si vifofo ƒoa nu na viawo la ɖea dzila si ƒomevi wònye la fiana.

Le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe October me lɔƒo la, Yesu yi Yordan Tɔsisia to be woanyrɔ ye. Biblia gblɔ nu si dzɔ la na mí ale: “Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, efɔ tso tsia te enumake, eye kpɔ ɖa! Dziƒowo nu ʋu, eye wòkpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la wònɔ ɖiɖim ɖe edzi abe ahɔnɛ ene. Kpɔ ɖa! Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒowo gblɔ be: ‘Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo.’” * (Mateo 3:16, 17) Lɔlɔ̃nya siawo, siwo do tso Yehowa ŋutɔ nu la, fia nu geɖe tso Fofo si ƒomevi wònye ŋu la mí. De dzesi nu etɔ̃ siwo Yehowa gblɔ na Via.

Gbã la, esi Yehowa gblɔ be “Ame siae nye Vinye” la, efia be enɔ gbɔgblɔm be: ‘Enye dada nam be menye Fofowò.’ Vifofo buameŋu nyae be ehiã be ɖeviwo nase le wo ɖokui me be wolɔ̃ yewo hebua yewo ŋu, eye ekpɔa nu hiahiã sia gbɔ na wo. Ehiã be ɖeviwo nakpɔe be asixɔxɔ le yewo ŋu, eye yewole vevie le ƒomea me. Wò ya bu ale si Yesu anya se le eɖokui me—togbɔ be etsi ɣemaɣi hã—be wòasee Fofoa nagblɔ nya siawo nɛ ŋu kpɔ!

Evelia, esi Yehowa yɔ Via be ‘ame si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o’ la, eɖee gblɔ le dutoƒo be yelɔ̃ Yesu. Le mɔ aɖe nu la, Fofo la le gbɔgblɔm be, ‘Melɔ̃ wò.’ Vifofo nyui gblɔna na viawo be yelɔ̃ wo vevie. Nya siawo gbɔgblɔ—kple nuwɔna tsɔtsɔ kpe ɖe eŋu—kpena ɖe ɖeviwo ŋu wotsina nyuie. Bu ale si wòanya de Yesu ƒe dzi gbɔe esi wòsee Fofoa gblɔ be yelɔ̃e la ŋu kpɔ!

Etɔ̃lia, Yehowa to nya siwo nye “si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo” gbɔgblɔ dzi ɖee fia be, yekpɔ ŋudzedze ɖe ye Vi la ŋu. Ðeko wònɔ abe ɖe Yehowa nɔ gbɔgblɔm be, ‘Vinye, mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm nèle la ŋu’ ene. Vifofo lɔ̃ame dia mɔnukpɔkpɔwo tsɔ nana viawo nyana be yekpɔa dzidzɔ ɖe nu nyui siwo wowɔna, alo nya nyui siwo wogblɔna la ŋu. Ne ɖeviwo kpɔe be, yewo dzilawo kpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu la, edoa ŋusẽ wo hedea dzi ƒo na wo. Nyateƒee, anya de dzi ƒo na Yesu ŋutɔ be wòasee be, ye Fofo kpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu!

Vavãe, Yehowa nye Fofo si ɖeke mesɔ kplii o. Ðe nèle fofo sia tɔgbi dima? Ne ɛ̃ la, ekema wò dzi ate ŋu adze eme be, nànyae be, anya wɔ be mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Ne èsrɔ̃ nu tso eŋu, xɔ edzi se, eye nèdzea agbagba vevie wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, alɔ̃ be mia kpli ye dome nanɔ kplikplikpli. Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ðe nane ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be, yele dedie wu be mia kple Yehowa Mawu, Fofo nyuitɔ kekeake la, dome nanɔ kplikplikplia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa, si me nyawo sɔ kple esia, nu la, Yehowa zã nya “wò” hegblɔ be: “Wòe nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; mekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.”Luka 3:22.