Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mekpɔ Gbɔdzɔe Tso Nye Sɔhɛmenɔɣi Ƒe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me

Mekpɔ Gbɔdzɔe Tso Nye Sɔhɛmenɔɣi Ƒe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me

Mekpɔ Gbɔdzɔe Tso Nye Sɔhɛmenɔɣi Ƒe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me

ABE ALE SI EUSEBIO MORCILLO GBLƆE ENE

Le ƒe 1933 ƒe September me la, meɖi tsa yi gakpɔ gã aɖe si ŋu wodzɔna vevie la me. Nɔvinyenyɔnu suetɔ Mariví si nɔ gaxɔ me ɣemaɣi la ƒe nyɔnyrɔxɔɣie. Gamenɔla kple gaxɔdzikpɔla aɖewo nɔ eteƒe esime menɔ nyɔnyrɔxɔnuƒoa ƒom. Hafi maɖe ale si wòdzɔe be mía kplii míeva le afi ma me la, mina magblɔ míaƒe ɖevimenɔɣi ŋu nya na mi.

WODZIM le Spain (Espagne) le May 5, 1954 dzi, eye menye vi enyi siwo mía dzilawo dzi la ƒe ŋgɔgbea. Mariví ye nye vi etɔ̃lia. Mía mama he mí míenye Katolikotɔ dovevienuwo, eye meɖoa ŋkui dzidzɔtɔe be, esime menɔ ɖevime le mamanyea gbɔ la, mevɔ̃a Mawu ŋutɔ. Gake mawuvɔvɔ̃ ƒe nya aɖeke menɔ dzinyelawo ya ƒe me o. Papa ƒoa mí ɖeviawo kple Dada edziedzi. Míenɔa vɔvɔ̃m ɣesiaɣi, eye etena ɖe dzinye vevie ŋutɔ ne mekpɔ Dada wòle fu kpem.

Medoa go nɔnɔme ɖedzileameƒo bubuwo le suku. Nufialawo dometɔ ɖeka, si nye nunɔla, tsɔa míaƒe ta xlãna ɖe gli ne míeɖo nyabiase aɖe ŋu nyuie o. Nunɔla bubu aɖe hã wɔa gbɔdɔnuwo ɖe sukuviwo ŋu ne wotsɔ woƒe sukudɔdeasiwo vae be woato wo me. Hekpe ɖe eŋu la, Katolikotɔwo ƒe nufiafiawo, abe dzomavɔ ene, tɔtɔam hedoa ŋɔdzi nam. Eteƒe medidi hafi mawuvɔvɔ̃ si nɔ menye la nu fa o.

Medze Agbe Manyatalenu Ƒe Mɔ Me

Esi nyemegaxɔa mawuvɔvɔ̃ ŋuti mɔfiame aɖeke o ta la, mete hadede kple agbe gbegblẽ nɔla sẽŋutawo le zãɣeɖuƒewo. Zi geɖe la, dzre dzɔna, eye míezãa hɛ, kɔsɔkɔsɔwo, kpluwo, kple zikpuiwo tsɔna wɔa avui. Togbɔ be nyemekpɔa gome le ŋutasẽnu mawo wɔwɔ me tẽe o hã la, gbe ɖeka la, woxlã nu ɖem meyi ɖi me.

Mlɔeba ame mawo dome nɔnɔ va tim, eya ta medi zãɣeɖuƒe siwo ka ɖe eme vie wu. Le teƒe mawo kura gɔ̃ hã la, atike muamewo zazã bɔ. Gake le esi teƒe be atike muame mawo nana dzidzeme kple susumekɔdzeanyim la, ɖe wona menɔ nu tramatramawo kpɔm hetsia dzodzodzoe boŋ.

Togbɔ be nyemekpɔ dzidzeme aɖeke le agbe sia nɔnɔ me o hã la, meble nɔvinyeŋutsu suetɔwo dometɔ ɖeka, si nye José Luis, kple xɔ̃nye vevi aɖe, si nye Miguel, de agbenɔnɔ sia me. Mía kple sɔhɛ bubu geɖe siwo nɔ Spain ɣemaɣi la, míege ɖe agbe vlo nɔnɔ ƒe mɔ me. Mewɔa nu sia nu si mate ŋui be makpɔ ga hena atike muamewo ƒeƒle. Bubu aɖeke megava nɔ ŋunye o.

Yehowa Va Xɔ Nam

Le ɣeyiɣi mawo katã me la, meɖoa dze edziedzi kple xɔ̃nyewo tso Mawu ƒe anyinɔnɔ kple tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. Mete ame aɖe si maɖe nye seselelãmewo agblɔ na la didi be wòakpe ɖe ŋunye manya Mawu. Meva de dzesii be, nye dɔwɔhatiwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Francisco la, ƒe nuwɔna to vovo na ame bubuawo tɔ. Edze abe dzi dzɔnɛ, eɖia anukware, eye wònyoa dɔme ene, eya ta meɖoe be maɖe nye dzimenyawo agblɔ nɛ. Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖekae Francisco nye, eye wòtsɔ Gbetakpɔxɔ aɖe si ƒo nu tso atike muamewo ŋu la nam.

Esi mexlẽ nyatia vɔ megbe la, medo gbe ɖa bia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu, ale: “Aƒetɔ, menya be èli, eye medi be manya wò ahawɔ wò lɔlɔ̃nu. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye dzro!” Francisco kple Ðasefo bubuwo zã Biblia tsɔ de dzi ƒo nam, eye wotsɔ Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo nam be maxlẽ. Meva kpɔe dze sii be, gbe si medo ɖa na Mawu la ŋu ɖomee wònɔ nam to wo dzi. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mete dzeɖoɖo tso nu siwo srɔ̃m menɔ la ŋu na José Luis kple xɔ̃nyewo.

Gbe ɖeka esi mía kple xɔ̃nye aɖewo míenɔ dzodzom le rɔk kɔnsɛt wɔƒe aɖe la, meɖe ɖokuinye ɖe aga. Esi menɔ adzɔge nɔ wo kpɔm la, menyɔ le ɖokuinye me kpɔ ale si gbegbe míaƒe agbenɔnɔ nyɔ ŋui le atike muamewo zazã ta. Tso ɣemaɣi la, metso nya me be maɖe asi le agbenɔnɔ ma ŋu, eye mazu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.

Mebia Francisco be wòana Biblia ɖekam, eye wòtsɔ agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee kpe ɖe eŋu nam. * Esi mexlẽ nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo be yeatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa, eye yeaɖe ku kura gɔ̃ hã ɖa ŋu la, meva ka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be nyateƒe si ate ŋu ana ablɔɖe amegbetɔwo la ŋue nye esia meke ɖo. (Yohanes 8:32; Nyaɖeɖefia 21:4) Emegbe mede kpekpe aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Ale si wowɔ nu ɖe ŋunye xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple vividoɖeameŋutɔe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.

Esi medi vevie be magblɔ nu siwo teƒe mekpɔ le Fiaɖuƒe Akpata me la na ame bubuwo ta la, meƒo José Luis kple xɔ̃nyewo nu ƒu enumake hegblɔe na wo katã. Le ŋkeke aɖewo megbe la, mí katã míede kpekpeawo dometɔ ɖeka. Nyɔnuvi aɖe si nɔ zikpui siwo nɔ mía ŋgɔ la dometɔ ɖeka dzi la nyè kɔ va kpɔ mí. Anya vɔ̃ esi wòkpɔ mí gbevuvi ɖa legbee tɔ siawo, eya ta meganyè kɔ va se ɖe esime kpekpea kpã o. Anya wɔ nuku nɛ esime míetrɔ va Fiaɖuƒe Akpata me kwasiɖa si kplɔe ɖo me, gake fifia míedo kot hebla taya (alo, kɔla).

Le esia megbe kpuie la, mía kple Miguel míede Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe. Míekpɔ naneke teƒe nenema kpɔ o—nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã si me ɖeviwo kple tsitsiawo siaa le. Ewɔ nuku be wowɔ takpekpea le afi si tututu míede rɔk kɔnsɛt le eteƒe medidi o la. Gake le wɔna sia ya me la, ame siwo dome míenɔ kple ha siwo woƒo la na dzi dzɔ mí ŋutɔ.

Mí katã míete Biblia sɔsrɔ̃. Le July 26, 1974 dzi, si nye ɣleti enyi megbe la, mía kple Miguel míexɔ nyɔnyrɔ. Mí ame evea míexɔ ƒe 20 ɣemaɣi. Mía dometɔ ene bubuwo xɔ nyɔnyrɔ le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe. Hehe si mexɔ to Biblia dzi la ʋãm mete kpekpe ɖe danye si nɔ dzi dom ɣeyiɣi didi aɖe la ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me, eye mete nye dzixɔse yeyea ŋu nya gbɔgblɔ nɛ. Mía dome va nɔ kplikplikpli. Medi ɣeyiɣi geɖe nɔ kpekpem ɖe nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu suetɔwo hã ŋu.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, danye kple nɔvinyewo katã srɔ̃ Biblia me nyateƒea hexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo, negbe nɔvinye ɖeka ko. Le ƒe 1977 me la, meɖe Soledad. Eyae nye nyɔnuvi ma si ɖi vo esime wòkpɔ mí le Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, mí ame evea míeva zu mɔɖelawo, abe ale si Yehowa Ðasefowo yɔa ame siwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia la ene.

Mekpe Ðe Mariví Ŋu

Esi nɔvinyenyɔnu sue Mariví nɔ ɖevime la, wozi edzi dɔ egbɔ sesẽe, eye ŋutasẽnuwɔna ma gblẽ nu le eŋu vevie. Esi wòɖo eƒe ƒewuiwo me la, eƒo eɖokui ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ, si me atike muamewo zazã, fififi, kple gbolowɔwɔ nɔ la me. Esi wòxɔ ƒe 23 la, wodee mɔ, eye wòyi eƒe agbe dzeakaɖa la nɔnɔ dzi le afi ma.

Ɣemaɣi la, menye nutome sue dzi kpɔla, si fia be meɖia tsa srãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpɔ. Le ƒe 1989 me la, woɖo mía kple Soledad ɖe nuto si me wode Mariví mɔ le la me. Dziɖuɖumegãwo xɔ via le esi eteƒe medidi o ye nye ema; ete ɖe edzi ale gbegbe be, megadi be yeanɔ agbe o. Gbe ɖeka meyi ɖasrãe kpɔ hedoe ɖe egbɔ be masrɔ̃ Biblia kplii, eye wòlɔ̃. Le nusɔsrɔ̃ ɣleti ɖeka megbe la, edzudzɔ atike muamewo kple atama zazã. Ne mebu ale si Yehowa do ŋusẽe wòwɔ tɔtrɔ siawo le eƒe agbenɔnɔ me ŋu la, edoa dzidzɔ nam ŋutɔ.—Hebritɔwo 4:12.

Esi Mariví te nusɔsrɔ̃ eteƒe medidi o la, edze egɔme nɔ Biblia me nyateƒeawo gblɔm na ehati gamenɔlawo kple gaxɔdzikpɔlawo. Togbɔ be wonɔ eɖem tso gakpɔ me yi gakpɔ me hã la, eyi edzi nɔ gbeƒã ɖem na amewo. Le gakpɔawo dometɔ aɖe me la, eɖe gbeƒã tso gaxɔ me yi gaxɔ me. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Mariví te Biblia sɔsrɔ̃ kple gamenɔla vovovowo le gakpɔ vovovowo me.

Gbe ɖeka la, Mariví gblɔ nam be yedi be yeaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ. Gake womeɖe mɔ nɛ be wòado le gakpɔa me o, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke hã be wòava nyrɔe o. Eganɔ nɔnɔme madeamedzi ma me ƒe ene bubu. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu lé xɔse me ɖe asi? Le ɣeyiɣi si tututu me hamea le kpekpewo wɔm la, eya hã srɔ̃a nu mawo ke le gaxɔa me. Ewɔ ɖoɖo srɔ̃a Biblia le eɖokui si hedoa gbe ɖa edziedzi hã.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖe Mariví yi gakpɔ gã aɖe si ŋu wodzɔna vevie la me, afi si ta si me woƒua tsi le la le. Esusui be teƒe yeye sia ana yeƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nanɔ bɔbɔe. Eye edzɔ nenema hã be, wova ɖe mɔ na Mariví mlɔeba. Aleae wòdzɔe be meva ƒo eƒe nyɔnyrɔxɔnuƒoa. Menɔ egbɔ le eƒe agbemeŋkeke vevitɔ sia dzi.

Le agbe si ƒomevi Mariví nɔ va yi ta la, exɔ AIDS (SIDA). Ke hã, eƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ wɔe be woɖe asi le eŋu kaba le gaxɔa me, le March 1994 me. Eva nɔ Dada gbɔ le mía ƒe me, eye wòwɔ dɔ veviedodotɔe abe Kristotɔ ene va se ɖe eƒe ku me le ƒe eve megbe.

Seselelãme Gbegblẽwo Dzi Ðuɖu

Nye hã nyemete ŋu si le agbe si ƒomevi menɔ tsã la me tsonuwo nu keŋkeŋ o. Ale si fofonye wɔ ŋlɔmi le ŋunye, kple agbe vlo si menɔ la, gakpɔtɔ nɔ nu gblẽm le ŋunye. Esi meva zu ame tsitsi la, fɔbubu ɖokuinye kple sese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o la ɖea fu nam vevie edziedzi. Ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le ƒonye vevie. Ke hã, Mawu ƒe Nya la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le tenɔnɔ ɖe seselelãme ɖefuname siawo nu me. Ŋugbledede tso mawunyakpukpuiwo, abe Yesaya 1:18 kple Psalmo 103:8-13 ene, ŋu edziedzi kpe ɖe ŋunye menɔa te ɖe fɔbubu ɖokuinye ƒe seselelãme siwo ɖea fu nam edziedzi la nu.

Gbedodoɖa hã nye nu vevi bubu si kpe ɖe ŋunye le tenɔnɔ ɖe sese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o nu la me. Zi geɖe la, ne mele gbe dom ɖa na Yehowa la, aɖatsi gena le mo nam. Ke hã, nya siwo le 1 Yohanes 3:19, 20 la doa ŋusẽm, afi si gblɔ be: “Esia mee míanyae le be míedzɔ tso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eŋkume, le nu sia nu si me míaƒe dzi abu fɔ mí le la me, elabena Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.”

Esi wònye metsɔa “dzi gbagbã, si tugu la” tena ɖe Mawu ŋu ta la, meva kpɔe be, menye ame baɖa menye nenema gbegbe abe ale si mebunɛ tsã ene hafi o. Biblia na kakaɖedzi ame siwo katã le Yehowa dim la be, medoa vlo ame siwo se veve ɖe agbe vlo si wonɔ va yi la ta vevie, eye wotrɔ hele eƒe lɔlɔ̃nu wɔm fifia la o.—Psalmo 51:19.

Ne ɖikeke ƒe seselelãmewo ho ɖe menye la, medzea agbagba bua nu nyuiwo, siwo nye mawumenɔnɔme siwo dze le Filipitɔwo 4:8, la ŋu. Mesrɔ̃ nya siwo le Psalmo 23 kple Yesu ƒe Todzimawunyaa me la ɖe ta me. Ne susu gbegblẽwo va ta me nam la, menɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siawo me nyawo gblɔm. Nu gbegblẽ siawo ɖeɖe ɖa le susu me alea kpena ɖe ŋunye, vevietɔ le zã siwo me nyemete ŋu le alɔ̃ dɔm o me.

Nu bubu si hã kpena ɖe ŋunye ye nye ale si srɔ̃nye kple Kristotɔ tsitsi bubuwo kafuam hedea dzi ƒo nam. Togbɔ be le gɔmedzedzea me la, esesẽna nam be maxɔ woƒe dzideƒonamenyawo ade eme hã la, Biblia kpe ɖe ŋunye mese egɔme be lɔlɔ̃ “[xɔa] nuwo katã dzi sena.” (1 Korintotɔwo 13:7) Azɔ hã, vivivi la, mete ŋu va lɔ̃na ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ŋunye, eye be seɖoƒe le nye ŋutetewo ŋu.

Nu nyui si do tso avu siwo wòva hiã be nye ŋutɔ mawɔ anɔ te ɖe seselelãme gbegblẽwo nu mee nye be, ena mete ŋu sea veve ɖe amewo nu le hamewo sasrã kpɔ ƒe dɔa me. Mía kple srɔ̃nye míele nya nyui gbɔgblɔ dɔa wɔm ƒe 30 kloe ye nye esia. Dzidzɔ si mekpɔna tso kpekpe ɖe amewo ŋu me la wɔnɛ be seselelãme gbegblẽwo megaɖea fu nam edziedzi o, eye nyemegaɖoa ŋku nu gbegblẽ siwo mewɔ va yi la hã dzi enuenu o.

Ne metrɔ kpɔ megbe hede ŋugble tso ale si gbegbe Yehowa yramee ŋu la, eʋãnam be magblɔ dzidzɔtɔe abe hakpala la ene, be: ‘Kafu Yehowa, ame si tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu, ame si ɖea wò agbe tso gbegblẽ me, eye wòtsɔa amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.’—Psalmo 103:1-4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Fɔbubu ɖokuinye kple sese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o la ɖea fu nam vevie edziedzi. Ke hã, Mawu ƒe Nya la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le tenɔnɔ ɖe seselelãme ɖefuname siawo nu me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Nɔvinyeŋutsu José Luis kple xɔ̃nye Miguel dze nye kpɔɖeŋu gbegblẽa kple nyuia siaa yome

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Morcillo ƒomea, le ƒe 1973 me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Esime Mariví nɔ ga me

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mía kple srɔ̃nye, Soledad