Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Adzɔ Le Etsɔ Me?

Nu Kae Adzɔ Le Etsɔ Me?

Nu Kae Adzɔ Le Etsɔ Me?

NU KA TAE ŊUÐOÐOA NYANYA LE VEVIE? Etsɔmemɔkpɔkpɔ si ƒomevi le ame si kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wònɔa agbe gbe sia gbee dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo si etsɔmemɔkpɔkpɔ gobi aɖeke mele o la nɔa agbe le mɔ si nye, “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge” la nu. (1 Korintotɔwo 15:32) Zi geɖe la, agbenɔnɔ sia ƒomevi naa amewo ƒoa wo ɖokui ɖe nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono me, wotsia dzimaɖi, eye susu me ƒe akɔdzeanyi ŋutɔŋutɔ mesua wo si o.

Le nyateƒe me la, ne amegbetɔ si mee nu si adzɔ le etsɔ me atso la, ekema mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke manɔ mía si o. Wole ɖi ƒom anyigbadzinu siwo nye ya, tsi, kple agblenyigbawo le mɔ si ɖeke mesɔ kpli o nu. Vɔvɔ̃ na nukliaʋa kple ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze le dzidzim ɖe edzi. Dɔléle kple hiãkame le fu ɖem na ame miliɔn geɖe le xexea me katã. Ke hã, míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔ me nyui, elabena susu nyui geɖewo li.

Togbɔ be amegbetɔwo mate ŋu agblɔ etsɔ me ɖi pɛpɛpɛ o hã la, Yehowa Mawu ya gblɔ tso eɖokui ŋu be yenye ‘ame si ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.’ (Yesaya 46:10) Nya kae Yehowa gblɔ le nu si adzɔ le etsɔ me ŋu?

Nya Si Biblia Gblɔ

Yehowa maɖe mɔ woagblẽ nu le anyigbaa kple nu gbagbe siwo le edzi la ŋu keŋkeŋ o. Le nyateƒe me la, Biblia do ŋugbe be Mawu “[ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒe alo dziƒodziɖuɖua dzi aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ ahana tame si wòɖo le gɔmedzedzea me nava eme. (1 Mose 1:26-31; 2:8, 9; Mateo 6:9, 10) Mawunyakpukpui siwo gbɔna kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si etsɔ me anɔ la do ŋgɔ, eye woɖe nu siwo eteƒe madidi o woadzɔ, siwo akpɔ ŋusẽ ɖe ame sia ame dzi le anyigba dzi la fia.

Psalmo 46:9, 10. ‘Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, ame si doa aƒedo anyigba, ame si tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!’

Yesaya 35:5, 6. “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.”

Yesaya 65:21, 22. “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.”

Daniel 2:44. “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”

Yohanes 5:28, 29. “Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.”

Nyaɖeɖefia 21:3, 4. “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

Ale Si Biblia Ƒe Ŋuɖoɖowo Naa Susu Me Ƒe Akɔdzeanyi Vavãtɔ

Gbã la, asesẽ na wò be nàxɔ nɔnɔme nyui siwo ŋu woƒo nu tso le afi sia la dzi ase. Gake Mawue do ŋugbe siawo, menye amegbetɔwoe o. Eye Yehowa Mawu “mate ŋu aka aʋatso o.”—Tito 1:2.

Ne èsrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu henɔa agbe ɖe eƒe sededewo nu la, wò susu me adze akɔ anyi le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Aʋawɔwɔ, hiãkame, dɔléle kple fukpekpe siwo amegãkuku hena vanae, alo ku gɔ̃ hã mana nàtsi dzodzodzoe o. Nu ka ta? Elabena àva ka ɖe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖɔ nu ɖe sia ɖe si nu mawo agblẽ le ŋuwò la ɖo.

Alekee nàwɔ be etsɔmemɔkpɔkpɔ sia ƒomevi nasu asiwò? Ele be nàwɔ ‘wò tamesusu yeyee,’ eye nàkpɔ kakaɖedzi na ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la.’ (Romatɔwo 12:2) Ðewohĩ ahiã be nàgawɔ numekuku geɖe bene nàkpɔ kpeɖodzi bubuwo be kakaɖedzi le Biblia me ŋugbedodowo ŋu. Viɖe geɖe ado tso agbagbadzedze ma me na wò. Naneke mana wò susu me nadze akɔ anyi le agbe me ade kakaɖedzi si asu asiwò la nu o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Nya kae Mawu ƒe Nya la gblɔ tso etsɔ me ŋu?

Yesaya 35:5

Yesaya 35:6

Yohanes 5:28, 29