Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Wòle Be Míado Gbe Ða Le Yesu Ƒe Ŋkɔ Me?

Nu Ka Tae Wòle Be Míado Gbe Ða Le Yesu Ƒe Ŋkɔ Me?

Nu Ka Tae Wòle Be Míado Gbe Ða Le Yesu Ƒe Ŋkɔ Me?

YESU fia nu ku ɖe gbedodoɖa ŋu zi geɖe. Esime wònɔ anyigba dzi la, Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo doa gbe ɖa le “mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi.” Nu ka tae? “Bene amewo nakpɔ yewo.” Edze ƒãa be wodi be amewo nakafu yewo le yewoƒe mawusosroɖa gbenɔnɔ ta. Wo dometɔ geɖewo nɔa gbe didiwo dom ɖa henɔa nya ɖeka tɔgbiwo gblɔm, abe ‘nya geɖe gbɔgblɔe’ ana woase woƒe gbedodoɖawo ene. (Mateo 6:5-8) Yesu na eme kɔ be gbedodoɖa mawo ƒomevi nye nu dzodzro, eye wòto esia me kpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woanya nu siwo wòle be woaƒo asa na ne wole gbe dom ɖa. Gake efia nu geɖe wu nu siwo woaƒo asa na le gbedodoɖa me ko.

Yesu fia nu be ele be míaƒe gbedodoɖawo naɖee afia be míedi be Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti nakɔ, be Eƒe Fiaɖuƒe nava, eye be woawɔ Eƒe lɔlɔ̃nu. Yesu fia nu hã be esɔ be míabia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu le nu siwo ku ɖe mía ŋutɔwo ŋu la gome. (Mateo 6:9-13; Luka 11:2-4) Yesu wɔ kpɔɖeŋuwo tsɔ ɖee fia be ehiã be míaɖe kutrikuku, xɔse, kple ɖokuibɔbɔ afia hafi woase míaƒe gbedodoɖawo. (Luka 11:5-13; 18:1-14) Eye egate gbe ɖe eƒe nufiafiawo dzi to kpɔɖeŋu si eya ŋutɔ ɖo dzi.—Mateo 14:23; Marko 1:35.

Ðikeke mele eme o be nufiame siawo kpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu be ale si wodoa gbe ɖae la ganyo ɖe edzi. Ke hã, Yesu lala va se ɖe eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me hafi wòfia eƒe nusrɔ̃lawo nu vevitɔ kekeake ku ɖe gbedodoɖa ŋu.

“Nya Siwo He Tɔtrɔ Va Ale Si Wodoa Gbe Ðae Me”

Yesu zã eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔ dzi dem ƒo na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo. Ɣeyiɣia sɔ nyuie be wòafia nu yeye aɖe wo. Egblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” Emegbe edo ŋugbe sia na wo kakaɖedzitɔe be “Nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ me la, mawɔe, bene woado Fofo la ɖe dzi to Vi la dzi. Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe.” Egblɔ le eƒe numeɖeɖea ƒe nuwuwu lɔƒo be: “Va se ɖe fifia la, miebia nu ɖeka teti hã le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, bene miaƒe dzidzɔ nagba go.”—Yohanes 14:6, 13, 14; 16:24.

Nya siawo le vevie ale gbegbe. Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be nya mawo nye “nya siwo he tɔtrɔ va ale si wodoa gbe ɖae me.” Menye ɖe Yesu di be woadzudzɔ gbedodoɖa na Mawu ahado gbe ɖa na ye o. Ke boŋ mɔ yeye si dzi woato ate ɖe Yehowa Mawu ŋu fiamee wònɔ.

Le nyateƒe me la, Mawu sea esubɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖawo ɣesiaɣi. (1 Samuel 1:9-19; Psalmo 65:3.) Gake tso esime Israel va zu dukɔ ɖeadzɔgbe na Mawu la, enɔ na ame siwo katã di be Mawu nase yewoƒe gbedodoɖawo la be woalɔ̃ ɖe edzi be Israel nye Mawu ƒe dukɔ tiatia. Eye emegbe, tso Salomo ƒe ɣeyiɣia me la, enɔ na wo be woalɔ̃ ɖe edzi be gbedoxɔa mee nye teƒe si Mawu tia be woasa vɔ na ye le. (5 Mose 9:29; 2 Kronika 6:32, 33) Ke hã, ɣeyiɣi aɖe koe tadedeagu ƒe mɔnu ma nɔ anyi. Abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, Se si wona Israel dukɔa kple vɔ siwo wosana le gbedoxɔa me la nye ‘nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli, ke menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o.’ (Hebritɔwo 10:1, 2) Ele be nua ŋutɔŋutɔ nava xɔ ɖe vɔvɔli la teƒe. (Kolosetɔwo 2:17) Tso ƒe 33 M.Ŋ. me la, menye Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ dzie ame kple Yehowa dome ƒomedodo ganɔa te ɖe o, ke boŋ ɖe toɖoɖo ame si Sea nɔ asi fiamee, si nye Kristo Yesu la, dzi.—Yohanes 15:14-16; Galatiatɔwo 3:24, 25.

“Ŋkɔ Si Ƒo Ŋkɔ Bubu Ðe Sia Ðe Ta”

Yesu ɖo mɔ deŋgɔtɔ si dzi woato ate ɖe Yehowa ŋu la anyi, heɖe eɖokui fia be yenye xɔlɔ̃ sẽŋu aɖe si dzi míato bene Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋu. Nu kae na Yesu dze be wòanɔ ɖoƒe ma hena míaƒe nyonyo?

Esi wodzi mí katã ɖe nu vɔ̃ me ta la, nu sia nu si míawɔ, alo vɔ ɖe sia ɖe si míasa mate ŋu aklɔ nu vɔ̃ ma ɖa le mía ŋu alo ana be ƒomedodomenɔnɔ kple mía Mawu kɔkɔetɔ, Yehowa, ƒe gome nasu mía si o. (Romatɔwo 3:20, 24; Hebritɔwo 1:3, 4) Ke hã, Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe xe fe ɖe ameƒomea ƒe nu vɔ̃wo ta. (Romatɔwo 5:12, 18, 19) Tso ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ su ame sia ame si di be woatsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye la si be tenɔnɔ dzadzɛ nasu esi le Yehowa ŋkume, eye wòate ŋu ‘aƒo nu na Mawu faa vɔvɔ̃manɔmee.’ Gake ele be wòaɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi xɔxɔse afia ahado gbe ɖa to eƒe ŋkɔ dzi.—Efesotɔwo 3:11, 12.

Ne míedoa gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔa me la, míeɖenɛ fiana be míexɔ akpa vevi etɔ̃ ya teti si wòwɔna le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me la dzi se: (1) Eyae nye “Mawu ƒe Alẽvi” si ƒe vɔsa dzi wonɔa te ɖo tsɔa nu vɔ̃ kena. (2) Yehowa fɔe ɖe tsitre eye fifia la, enye “nunɔlagã” si le nanam be tafea naɖe vi na amewo. (3) Eya ɖeɖe koe nye “mɔ” si dzi míato ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me.—Yohanes 1:29; 14:6; Hebritɔwo 4:14, 15.

Gbedodoɖa le Yesu ƒe ŋkɔa me dea bubu Yesu ŋu. Bubudede Yesu ŋu alea sɔ, elabena Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame “nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.” (Filipitɔwo 2:10, 11) Gake vevietɔ wu la, gbedodoɖa le Yesu ƒe ŋkɔa me nyea kafukafu na Yehowa, ame si tsɔ Via na ɖe míaƒe nyonyo ta.—Yohanes 3:16.

Biblia zã dzesideŋkɔ kple ŋkɔ bubu geɖewo na Yesu bene woakpe ɖe mía ŋu míanya ɖoƒe kɔkɔ si gbegbe wòle. Esiawo kpe ɖe mía ŋu míese viɖe gbogbo siwo míekpɔna to nu siwo Yesu wɔ, esiwo wɔm wòle fifia, kple esiwo wòava wɔ ɖe mía ta la gɔme. (Kpɔ aɖaka si nye “Ðoƒe Vevi Si Yesu Le,” le axa 14.) Nyateƒee, wotsɔ “ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la” na Yesu. * Wotsɔ ŋusẽ katã si le dziƒo kple anyigba dzi la de asi nɛ.—Filipitɔwo 2:9; Mateo 28:18.

Meganye Kɔnu Dzro Ko O

Nyateƒee, ne míedi be Yehowa nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me. (Yohanes 14:13, 14) Gake mele be “le Yesu ƒe ŋkɔ me” gbɔgblɔ le míaƒe gbedodoɖawo ƒe nuwuwu nazu kɔnu dzro aɖe ko o. Nu ka tae?

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Zi geɖe la, ne èwɔ nu nyui aɖe na amewo la, wògblɔna be “akpe.” Gake èsusu be ɣesiaɣie woƒe gbɔgblɔ be “akpe” nyea nu si tso dzi mea, alo esi wònye be ele be woada akpe ta koe amewo gblɔnɛ ɖoa? Le nyateƒe me la, ele be míana gɔmesese geɖe wu nanɔ míaƒe gbedodoɖawo tsɔtsɔ to Yesu ƒe ŋkɔ me ŋu, ke mele be wòanye nu mame dzro aɖe si anɔ ko abe akpe si metso dzi me o gbɔgblɔ ene o. Togbɔ be ele be míanɔ “gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe” hã la, mele be woanye kɔnu dzro ko o, ke boŋ ele be míado wo ɖa tso “dzi blibo me.”—1 Tesalonikatɔwo 5:17; Psalmo 119:145.

Aleke míate ŋu awɔ be gbɔgblɔ be “le Yesu ƒe ŋkɔ me” naganye kɔnu dzro aɖe ko o? Ðe manyo be míade ŋugble tso nɔnɔme lédziname geɖe siwo le Yesu si la ŋu oa? De ŋugble tso nu siwo wòwɔ xoxo kple esiwo wòlɔ̃ faa be yeagava wɔ na wò la ŋu. Ne èle gbe dom ɖa la, da akpe na Yehowa, eye nàkafui ɖe mɔ wɔnuku si nu wòzãa Via le la ta. Ne ewɔnɛ nenema la, àva ka ɖe Yesu ƒe ŋugbedodo sia dzi bliboe be: “Ne miebia nane Fofo la la, atsɔe ana mi le nye ŋkɔ me.”—Yohanes 16:23.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ŋkɔ” la ate ŋu afia “nu sia nu si ŋkɔ lɔna ɖe eme, abe ŋusẽnɔƒe, nɔnɔme ɖedzesiwo, ɖoƒe, gãnyenye, ŋusẽ, [kple] nyuiwɔwɔwo ene, ɖe eme.”—Vine’s Expository Dictionary of New Testament Words.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Ele be míado gbe ɖa tso “dzi blibo me,” ke menye abe kɔnu dzro aɖe ko ene o

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

ÐOƑE VEVI SI YESU LE

Be nàse ɖoƒe si Yesu le gɔme bliboe la, bu dzesideŋkɔ, ameɖɔŋkɔ, kple ŋkɔ siwo woyɔna nɛ la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Adam Mamlɛtɔ.1 Korintotɔwo 15:45.

Aɖaŋudela Wɔnuku.Yesaya 9:5.

Aƒetɔ.Yohanes 13:13.

Agbe Ƒe Kplɔla Vevitɔ.Dɔwɔwɔwo 3:15.

Alẽkplɔla Nyui.Yohanes 10:11.

Amegbetɔvi.Mateo 8:20.

Amen.2 Korintotɔwo 1:19, 20; Nyaɖeɖefia 3:14.

Apostolo.Hebritɔwo 3:1.

Avuléla.1 Timoteo 2:5.

Ðasefo Nyateƒetɔ.Nyaɖeɖefia 1:5.

Fia.Nyaɖeɖefia 11:15.

Fofo Mavɔ.Yesaya 9:5.

Hame La Ƒe Ta.Efesotɔwo 5:23.

Xɔla.Luka 2:11.

Imanuel.Mateo 1:23.

Kplɔla.Mateo 23:10.

Kristo/Mesia.Mateo 16:16; Yohanes 1:41.

Mawudɔlawo Ƒe Tatɔ Mixael.1 Tesalonikatɔwo 4:16; Yuda 9.

Mawu Ƒe Alẽvi.Yohanes 1:29.

Mawu Ƒe Vi.Yohanes 1:34.

Mawu Kalẽtɔ.Yesaya 9:5.

Nufiala.Yohanes 13:13.

Nunɔlagã.Hebritɔwo 4:14, 15.

Nya La.Yohanes 1:1.

Ŋutifafafia.Yesaya 9:5.

Ʋɔnudrɔ̃la.Dɔwɔwɔwo 10:42.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]