Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Mawu Vavã La Ŋu

Tso Mawu Vavã La Ŋu

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ

Tso Mawu Vavã La Ŋu

Ðe ŋkɔ le Mawu sia?

Yesu fia nu be ŋkɔ le Mawu si. Yesu gblɔ be: “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’” (Mateo 6:9) Biblia ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Yesu gblɔ tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu na Fofoa le gbedodoɖa aɖe me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.”—Yohanes 17:26.

Ame kae nye Yehowa?

Yesu yɔ Yehowa be “Mawu vavã ɖeka la” elabena Yehowae nye Wɔla la. (Yohanes 17:3) Yesu gblɔ be: ‘Ðe miexlẽe kpɔ bena, ame si wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ woe o mahã?’ (Mateo 19:4) Yesu gblɔ hã be: “Mawu nye Gbɔgbɔ.” (Yohanes 4:24) Eya ta míate ŋu akpɔ Mawu o.—2 Mose 33:17-20.

Nu kae Mawu di tso mía si?

Esi ame aɖe bia Yesu be se kae nye gãtɔ wu mahã la, eɖo eŋu be: “Gbãtɔe nye, ‘Oo Israel, see, Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe, eye ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.’ Eveliae nye esi, ‘Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”—Marko 12:28-31.

Alekee míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Mawu?

Yesu gblɔ be: “Melɔ̃ Fofo la.” Aleke wòɖe eƒe lɔlɔ̃ na eyama fiae? Egblɔ be: “Abe ale si tututu Fofo la de se nam be mawɔ ene la, nenemae mele ewɔm.” (Yohanes 14:31) Egblɔ hã be: “Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” (Yohanes 8:29) Míate ŋu adze Mawu ŋu to nusɔsrɔ̃ tso eyama ŋu me. Esime Yesu nɔ gbe dom ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta ɣeaɖeɣi la, egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, . . . ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3; 1 Timoteo 2:4.

Aleke míate ŋu awɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?

Mɔ ɖeka si dzi míato anya Mawue nye to ŋkuléle ɖe nu siwo wòwɔ ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie, elabena womeƒãa nu alo ŋea nu, alo ƒoa nuwo nu ƒu ɖe nudzraɖoƒewo o; ke hã, mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?” Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Mele be míaɖe mɔ dzimaɖitsitsi ɖe míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu naxe mɔ na mí be míagasubɔ Mawu o.—Mateo 6:26-33.

Mɔ nyuitɔ si dzi míato asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋue nye to eƒe Nya, Biblia la, sɔsrɔ̃ me. Yesu yɔ Ŋɔŋlɔawo be “Mawu ƒe nya la.” (Luka 8:21) Yesu gblɔ na Mawu be: “Wò nya la nye nyateƒe.”—Yohanes 17:17; 2 Petro 1:20, 21.

Yesu kpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ tso eyama ŋu be: “Ðe míaƒe dzi menɔ dzo lém le mía me, esi wònɔ nu ƒom na mí le mɔa dzi, henɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?” (Luka 24:32) Hafi míate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui, alɔ̃ faa be ame bubuwo nafia nu mí. Yesu gblɔ be: “Ne mietrɔ hezu abe ɖevi suewo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.”—Mateo 18:3.

Nu ka tae sidzedze Mawu naa ame kpɔa dzidzɔ?

Ehiã be míanya tameɖoɖo si le agbea ŋu, eye Mawu kpena ɖe mía ŋu be míanyae. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Yehowa fiaa mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo la mí. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:28; Yesaya 11:9.

Kpɔ numeɖeɖe bubuwo le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ƒe ta gbãtɔ me

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

“Mena wonya wò ŋkɔ la.” —Yohanes 17:26

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu to eƒe nuwɔwɔwo kple Biblia dzi