Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Luka Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Luka Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Luka Ƒe Agbalẽa Me

WOBUNA be Yudatɔwo koŋ ye woŋlɔ Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa na, eye woŋlɔ Marko tɔa na ame siwo menye Yudatɔwo o. Ke hã, woŋlɔ Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa na dukɔwo katã me tɔwo. Woŋlɔ Luka ƒe agbalẽa le ƒe 56-58 M.Ŋ. me lɔƒo, eye nuŋlɔɖia ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu tsitotsito.

Abe ale si ko atikewɔla lébename si ɖɔa ŋu ɖo awɔ ene la, Luka “ku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me,” eye wòŋlɔ nu siwo dzɔ le ƒe 35 dome—tso ƒe 3 D.M.Ŋ. va se ɖe ƒe 33 M.Ŋ. me—ŋu nyawo ɖi. (Luke 1:3) Nyatakaka siwo le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa me ƒe akpa 60 le alafa me kloe dze le eƒe agbalẽa ɖeɖe ko me.

SUBƆSUBƆDƆA ƑE GƆMEDZEDZE

(Luka 1:1–9:62)

Esi Luka ƒo nu tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu siaa dzidzi ŋu tsitotsito vɔ la, egblɔ na mí be Yohanes dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le Kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 15 lia me, si nye ƒe 29 M.Ŋ. ƒe ada me. (Luka 3:1, 2) Yohanes nyrɔ Yesu le ƒe ma ƒe kele me. (Luka 3:21, 22) Le ƒe 30 M.Ŋ. me la, ‘Yesu gbugbɔ yi Galilea eye wòde asi nufiafia me le woƒe ƒuƒoƒewo.’—Luka 4:14, 15.

Yesu dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔ gbãtɔ si wòwɔ le Galilea la gɔme. Egblɔ na amehawo be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã.” (Luka 4:43) Ekplɔ Simon si nye tɔƒodela kple ame bubuwo ɖe eɖokui ŋuti. Egblɔ be: ‘Tso fifia dzi la, mianɔ amewo ɖem agbagbee.’ (Luka 5:1-11; Mat. 4:18, 19) Apostolo 12-awo nɔ Yesu ŋu le eƒe gbeƒãɖeɖedɔ evelia si wòwɔ le Galilea la wɔɣi. (Luka 8:1) Le eƒe gbeƒãɖeɖedɔ etɔ̃lia wɔɣi la, edɔ ame 12-awo hegblɔ na wo be, “woaɖe gbeƒã Mawu fiaɖuƒe la ahada dɔ na amewo.”—Luka 9:1, 2.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:35—Ðe azi siwo nɔ Maria ƒe vidzidɔ me la dometɔ aɖe wɔ akpa aɖe le eƒe fufɔfɔa mea? Hafi Maria ƒe vi la nanye tɔgbuia siwo nye Abraham, Yuda, kple David ƒe dzidzimevi abe ale si Mawu do ŋugbee ene la, ele be Maria ƒe azi nawɔ akpa aɖe le eƒe fufɔfɔa me. (1 Mose 22:15, 18; 49:10; 2 Sam. 7:8, 16) Ke hã, Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ trɔ Mawu ƒe Vi deblibo la ƒe agbe de Maria ƒe vidzidɔ me si na wòfɔ fua. (Mat. 1:18) Esia ɖɔ blibomademade ɖe sia ɖe si nɔ azi ma si nɔ Maria ƒe vidzidɔ me ŋu la ɖo, eye wòkpɔ fugboe si nɔ tsitsim la ta tso fufɔfɔa ƒe gɔmedzedze me ke be vɔ̃ aɖeke medzɔ ɖe edzi o.

1:62—Ðe Zaxariya zu mumu kple tokunɔa? Ao. Ðeko megatea ŋu ƒoa nu o. Amewo ‘wɔ dzesi’ na Zaxariya tsɔ bia ŋkɔ si wòdi be yeana ɖevi la, gake mefia be eƒe to ku o. Anɔ eme godoo be ese nya siwo srɔ̃a gblɔ tso ŋkɔ si woana wo via ŋu. Ðewohĩ amewo wɔ dzesiwo tsɔ bia nya Zaxariya tso esia ŋu. Nyateƒe si wònye be Zaxariya ƒe aɖeka koe woɖɔ ɖo fia be mezu tokunɔ o.—Luka 1:13, 18-20, 60-64.

2:1, 2—Aleke “ŋkɔŋɔŋlɔ gbãtɔ sia” si woyɔ kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si me wodzi Yesu? Ŋkɔŋɔŋlɔ geɖewoe yi edzi le Kaisaro Augusto ƒe dziɖuɣi—gbãtɔ va eme le ƒe 2 D.M.Ŋ. me, si nye Daniel 11:20 me vava, eye evelia va eme le ƒe 6 alo 7 M.Ŋ. me. (Dɔw. 5:37) Kirenio nye nutomefia le Siria le ŋkɔŋlɔɣi eveawo siaa, eye edze ƒãa be zi evee wòɖu dzi abe nutomefia ene. Ŋkɔŋɔŋlɔ gbãtɔ si Luka yɔ ɖee fia be ƒe 2 D.M.Ŋ. mee wodzi Yesu.

2:35—Aleke “yi legbe aɖe” aƒo ɖe Maria ƒe luʋɔ mee? Esia ku ɖe ale si Maria axa nu ne ekpɔe be ame akpa gãtɔ gbe lɔlɔ̃ ɖe Yesu ƒe Mesianyenye dzi kple ale si wòase veve ne ekpɔ Yesu wòse veve ʋuu tsɔ kui la ŋu.—Yoh. 19:25.

9:27, 28—Nu ka tae Luka gblɔ be nɔnɔmetɔtrɔ la va eme le “ŋkeke enyi” megbe esime Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be wo dometɔ aɖewo “maɖɔ ku kpɔ o” va se ɖe esime wokpɔe wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒea me, evɔ Mateo kple Marko siaa gblɔ be “ŋkeke ade” megbee wòdzɔ? (Mat. 17:1; Mar. 9:2) Edze ƒãa be Luka tsɔ ŋkeke eve kpee—ŋkeke si dzi Yesu do ŋugbea kple ŋkeke si dzi wòva eme.

9:49, 50—Nu ka tae Yesu mexe mɔ na ŋutsu aɖe be wòaganya gbɔgbɔ vɔ̃wo o, togbɔ be ŋutsua menye eyomedzela o hã? Yesu mexe mɔ na amea o, elabena womekpɔ ɖo Kristo hamea anyi haɖe o. Eya ta mehiã be ŋutsua nadze Yesu yome ŋutɔŋutɔ hafi axɔ Yesu ƒe ŋkɔa dzi ase eye wòanya gbɔgbɔ vɔ̃wo o.—Mar. 9:38-40.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:32, 33; 2:19, 51. Maria ɣla nudzɔdzɔ kple nya siwo nye nyagblɔɖiwo ƒe emevava ɖe eƒe dzi me. Ðe míeɣlaa nu siwo Yesu gblɔ ɖi ku ɖe “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” ŋu la ɖe míaƒe dzi me, eye míetsɔa wo sɔna kple nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea mea?—Mat. 24:3.

2:37. Kpɔɖeŋu si Hana ɖo ɖi fia mí be ele be míasubɔ Yehowa atraɖii, ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa,’ eye “míaganɔ míaƒe” Kristotɔwo ƒe kpekpewo “gblẽm ɖi” o.—Rom. 12:12; Heb. 10:24, 25.

2:41-50. Yosef tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me, eye wòkpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ. Eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na ƒome ƒe tawo le go sia me.

4:4. Mele be míaɖe mɔ ŋkeke ɖeka nato mía ŋu gbɔgbɔmenuwo ŋu mabumabui o.

6:40. Ele be ame si fiaa Mawu ƒe Nya la naɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na eƒe nusrɔ̃viwo. Ele hã be wòanɔ wɔwɔm ɖe nu siwo wòfiana la dzi.

8:15. Be ‘míalé nya la me ɖe asi, eye míatse ku le dzidodo me’ la, ele be míase Mawu ƒe Nya la gɔme, akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ahaxɔe ade eme. Gbedodoɖa kple ŋugbledede le vevie ne míele Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo xlẽm.

SUBƆSUBƆDƆ SI YESU WƆ EMEGBE

(Luka 10:1–24:53)

Yesu dɔ ame 70 aɖewo ɖe eŋgɔ ɖe Yudea duwo kple nutowo me. (Luka 10:1) Eto “du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe nɔ nu fiam.”—Luka 13:22.

Ŋkeke atɔ̃ do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia la, Yesu do tedzi ge ɖe Yerusalem dua me. Ɣeyiɣia de be nya siwo wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ele na Amegbetɔvi la be wòakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo agbee, eye woawui, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe,” la nava eme.—Luka 9:22, 44.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

10:18—Nu ka gblɔmee Yesu nɔ esime wògblɔ na eƒe nusrɔ̃la 70-awo be: “Mekpɔ be Satana te gege xoxo abe dzikedzo ene tso dziƒo”? Yesu menɔ gbɔgblɔm be wonya Satana ɖa tso dziƒo xoxo o. Ɣeyiɣi kpui aɖe le Kristo ɖoɖo Fia le dziƒo le ƒe 1914 me megbe hafi esia dzɔ. (Nyaɖ. 12:1-10) Togbɔ be míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o hã la, ale si Yesu ƒo nu tso nu si ava dzɔ le etsɔ me ŋu abe ɖe wòdzɔ xoxo ene la ɖee fia kɔte be, ɖe wònɔ gbe tem ɖe edzi be ava eme godoo.

14:26—Gɔmesese ka nue wòle be Kristo yomedzela ‘nalé fu’ eƒe ƒometɔwo le? Le Biblia me la, ‘fuléle’ ate ŋu afia be woalɔ̃ ame alo nane ʋɛ wu bubu aɖe. (1 Mose 29:30, 31) Ele be Kristotɔwo “nalé fu” woƒe ƒometɔwo le gɔmesesea nu be woalɔ̃ Yesu wu ale si wolɔ̃ woƒe ƒometɔwoe.—Mat. 10:37.

17:34-37—Ame kawoe nye “hɔ̃wo,” eye nu kae nye “ŋutilã” si ŋu woƒo ƒu ɖo? Wotsɔ ame siwo “woakplɔ” alo axɔ na la sɔ kple hɔ̃ siwo kpɔa nu le didiƒe ʋĩi ke. “Ŋutilã” si ŋu woƒo ƒu ɖo lae nye Kristo vavã la le eƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ me kple gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo Yehowa naa wo la.—Mat. 24:28.

22:44—Nu ka tae Yesu xa nu vevie nenema gbegbe ɖo? Susu geɖewo tae wòxa nu ɖo. Yesu tsi dzi ɖe ale si eƒe ku abe nu vlo wɔla ene ahe vlodoame ava Yehowa Mawu kple Eƒe ŋkɔa dzii la ŋu. Gawu la, Yesu nyae nyuie be yeƒe agbe mavɔ nɔnɔ kple ameƒome bliboa ƒe etsɔme nɔ te ɖe yeƒe nuteƒewɔwɔ dzi.

23:44—Zãdokeli ye na be viviti do ɖe anyigbaa dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋua? Ao. Dzinu yeyewo koe zãdokeli dona, ke menye ɣeyiɣi si me ɣleti sɔna tegblẽe, abe esi dzɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi ene o. Viviti si do le gbe si gbe Yesu ku la nye nukunu tso Mawu gbɔ.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

11:1-4. Ne míetsɔ mɔfiame siawo sɔ kple Kpɔɖeŋugbedodoɖa si me nyawo to vovo vie, si Yesu gblɔ le Todzimawunya la me ɣleti 18 aɖewo do ŋgɔ la, míakpɔe kɔte be mele be míaƒe gbedodoɖawo nanye nya ɖeka ƒomevi aɖewo gbugbɔgblɔ ko o.—Mat. 6:9-13.

11:5, 13. Togbɔ be Yehowa dina vevie be yeaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí hã la, ele be míaku kutri le gbedodoɖa me.—1 Yoh. 5:14.

11:27, 28. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe mee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona, ke menye ƒomekadodowo alo ŋutilã me dzidzedzekpɔkpɔ gbɔe o.

11:41. Ele be nu siwo míenaa amewo le nublanuikpɔkpɔ ta la natso dzi si lɔlɔ̃ kple lɔlɔ̃nu faa yɔ fũu la me.

12:47, 48. Woabu fɔ ame si xɔ agbanɔamedzi geɖe gake do kpo wo gbɔ kpɔkpɔ la wu ame si menya eƒe agbanɔamedziwo alo se wo gɔme nyuie o.

14:28, 29. Nunya anɔ eme be míanɔ agbe ɖe nu si le mía si la nu.

22:36-38. Yesu mebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woatsɔ yi ɖe asi kple susu be woatsɔe akpɔ wo ɖokuiwo ta alo aʋli wo ɖokuiwo ta o. Ke boŋ esi yi nɔ wo si le zã si me wode Yesu asi me la, eʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi nɛ be wòfia nu vevi aɖe wo be: “Ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.”—Mat. 26:52.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Abe ƒome ƒe ta ene la, Yosef ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Lukae ŋlɔ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu tsitotsito wu