Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Wokpɔ Dzie Woxɔna Se

Nu Si Wokpɔ Dzie Woxɔna Se

Nu Si Wokpɔ Dzie Woxɔna Se

“Ame si nye Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela susuna be asesẽ ŋutɔ be woanya ne nu si Kristotɔwo kple subɔsubɔha bubuwo fiana tso Mawu kpakple etsɔ me ŋu la nye nyateƒe. Womate ŋu anya gbeɖe o, alo ne woate ŋui hã la, manya wɔ le míaƒe ŋkeke siawo ya me o.”—XEXEMENUNYALA BERTRAND RUSSELL, 1953.

AME si ɖe nya agnostic, si gɔme woɖe be “Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela,” ɖe goe nye lãwo ŋuti nunyala aɖe si ŋkɔe nye Thomas Huxley. Wodzi Huxley le ƒe 1825 me; woa kple Charles Darwin wonɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka me, eye wòdo amedzɔtsolãme ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ. Huxley ŋlɔ le ƒe 1863 me be yemekpɔ kpeɖodzi aɖeke si ɖee fia be Mawu aɖe li si “lɔ̃ mí hetsɔ ɖe le eme na mí abe ale si Kristotɔwo fiaa nui ene o.”

Ame geɖe sena le wo ɖokui me egbea abe ame ŋkuta mawo ke ene; wogblɔna be nu si yewokpɔ la dzi koe yewoate ŋu axɔ ase. Wogblɔ be ame aɖe alo nane si ƒe anyinɔnɔ ŋuti kpeɖodzi aɖeke mele o la dzi xɔxɔ se nye nuwɔwɔ nuŋumabumabutɔe.

Ðe Biblia bia tso mía si be míaxɔ Mawu dzi ase eƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodzi aɖeke manɔmeea? Nu si tsi tsitre ɖe ema ŋu boŋue Biblia fia. Biblia ɖee fia be enye nuwɔwɔ nuŋumabumabutɔe—alo bometsitsi gɔ̃ hã—be woaxɔ nane si ŋuti kpeɖodzi aɖeke mele o la dzi ase. Egblɔ be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.

Ke nya kae míagblɔ tso Mawu dzi xɔxɔ se hã ŋu? Ðe kpeɖodzi aɖe li be míaxɔe ase be Mawu li, ʋuu keke wòahanye be elɔ̃a mí hetsɔa ɖe le eme na mía?

Mawu Ƒe Nɔnɔmewo Dze Ƒãa

Esime Biblia ŋlɔla Paulo, nɔ nu ƒom na agbalẽnyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le Atene la, egblɔ be Mawue “wɔ xexea kple nu siwo katã le eme.” Paulo gblɔ na eƒe nyasela siwo nye ɖikelawo be Mawu tsɔa ɖe le eme na ameƒomea, eye be, le nyateƒe me la, “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:24-27.

Nu ka tae Paulo ka ɖe edzi be Mawu li eye be etsɔ ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔ amegbetɔwo? Paulo ɖe susu siwo tae la dometɔ ɖeka me le agbalẽ si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la me. Eŋlɔ le Mawu ŋu be: “Eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi heyina, elabena wodzena wokpɔna le nu siwo wòwɔ la me.”—Romatɔwo 1:20.

Nyati etɔ̃ siwo kplɔ esia ɖo la ɖe Mawu ƒe nɔnɔme vevi etɔ̃ siwo dzena gaglãa le nu siwo wòwɔ me la fia. Ne èle wo xlẽm la, bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mese le ɖokuinye me le nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe nɔnɔme vevi siawo ŋu me?’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Biblia mebia tso mía si be míaxɔ Mawu dzi se eƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodzi manɔmee o

[Picture Credit Lines on page 2]

AKPAA DZI: Aɖoŋgo la: Entom Pictures/Paul Eekhoff; axa 32: Anyigba la: Based on NASA photo