Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Ŋusɛ̃ Edze Le Ɣletiviwo Me

Mawu Ƒe Ŋusɛ̃ Edze Le Ɣletiviwo Me

Mawu Ƒe Ŋusɛ̃ Edze Le Ɣletiviwo Me

‘Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame ka wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.’—YESAYA 40:26.

ƔLETIVI siwo ƒe lolome le vedomesi la dometɔ ɖeka koe míaƒe ɣea nye. Togbɔ be ele alea hã la, míaƒe anyigba la ƒe kpekpeme zi gbɔ zi akpe 330 sɔŋ ye ade ɣea tɔ nu. Ɣletivi siwo te ɖe míaƒe anyigbaa ŋu la dometɔ akpa gãtɔ le sue wu ɣe la. Gake míaƒe ɣea ƒe kpekpeme zi gbɔ zi 27 ya teti ye ade ɣletivi bubuwo, abe esi wona ŋkɔe be V382 Cygni ene, ƒe kpekpeme nu.

Dzoxɔxɔ alo ŋusẽ agbɔsɔsɔme kae dona tso míaƒe ɣea me? Wò ya bu ale si gbegbe dzo aɖe nu asẽe ne adzɔ be ànɔ eƒe dzoxɔxɔa sem ne èle adzɔge tso egbɔ abe kilomita 15 sɔŋ ene ŋu kpɔ. Ɣe la le adzɔge tso anyigbaa gbɔ abe kilomita miliɔn 150 sɔŋ ene. Ke hã, le ŋkeke si dzi ŋdɔa nu sẽ ŋutɔ la, dzoxɔxɔa te ŋu mea ame ƒe ŋutigbalẽ vevie ŋutɔ gɔ̃ hã! Gake nukutɔe la, ŋusẽ si dona tso ɣea me ƒe akpa ɖeka le miliɔn ɖeka me lɔƒo koe va ɖoa míaƒe anyigbaa dzi. Ke hã, ɣea ƒe ŋusẽ ƒe akpa sue sia su be wòalé nu gbagbe siwo le anyigba dzi la ƒe agbe ɖe te.

Le nyateƒe me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be dzoxɔxɔ alo ŋusẽ si gbegbe dona tso ɣea me la katã ate ŋu alé agbe ɖe te le ɣletinyigba siwo lolo abe míaƒe anyigba ene la ɖekaɖeka miliɔn teƒe miliɔn ɖeka teƒe 31 dzi. Alo be míase ŋusẽ agbɔsɔsɔme sia gbegbe gɔme la, míagate ŋu abu eŋu ale: Ne woate ŋu alɔ ŋusẽ agbɔsɔsɔme si dona tso ɣea me le sekɛnd ɖeka pɛ ko me la, “ate ŋu ana [elektrikŋusẽ United States (États-Unis)] le agbɔsɔsɔme si wozãna le dukɔ ma me egbea nu hena ƒe miliɔn asieke sɔŋ,” abe ale si Dɔwɔƒe Si Léa Ŋku Ðe Yamenutome Ƒe Nɔnɔmewo Ŋu ka nya ta le woƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe ene.

Ɣea titinae ŋusẽ si dona tso eme la dzɔna tsona, enye teƒe si nukliaŋusẽ hea atɔmwo sesĩe wonɔa wo nɔewo lɔm henɔa wowom sesĩe le henana ŋusẽ gbogbo aɖe dona tso wo me. Ɣe la lolo ŋutɔ, eye etitina hã tri eye wòxe kpikpikpi ale gbegbe be exɔa ƒe miliɔn geɖe hafi ŋusẽ sia si dzɔna tso etitina la va ɖoa gota. Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea gblɔ be: “Ne ŋusẽ si dona tso Ɣea titina la nu tso egbe la, ƒe miliɔn 50 sɔŋ ava yi hafi míade dzesii le Anyigba dzi!”

Azɔ bu nya sia ŋu kpɔ: Ne èfɔ mo dzi le zã si me ya me kɔ nyuie la, àkpɔ ɣletivi akpe geɖe siwo hã me ŋusẽ gbogbo manyagblɔ ma tɔgbi dona le, abe míaƒe ɣea tɔ ke ene. Eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be ɣletivi biliɔn gbogbo manyaxlẽ aɖewoe le yamenutoa me!

Afi kae ɣletivi siawo katã dzɔ tso? Numekula akpa gãtɔ xɔe se egbea be ɖeko xexe gbahoo sia va dzɔ le eɖokui si le vo me anɔ abe ƒe biliɔn 14 aɖewoe nye sia ene, togbɔ be woawo ŋutɔwo menya ta le ale si nuawo dzɔe nu o hã. Ðeko Biblia ya gblɔ kpuie ko be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (1 Mose 1:1) Ðikekemanɔmee la, esɔ be wogblɔ be “alɔkame sesẽ” le Ame si wɔ ŋusẽ klitsu dzɔtsoƒe siwo míeyɔna be ɣletiviwo la si.—Yesaya 40:26.

Ale Si Mawu Zãa Eƒe Ŋusẽ La

Yehowa Mawu zãa eƒe ŋusẽ tsɔ kpena ɖe ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ku kutri geɖe le nufiafia amewo tso Mawu ŋu me. Amegbetɔ koe Paulo hã nye, gake ete ŋu wɔ nu nyui geɖewo togbɔ be wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hã. Nu kae kpe ɖe eŋu? Ye ŋutɔ gblɔ be yexɔ “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la” tso Mawu gbɔ.—2 Korintotɔwo 4:7-9.

Yehowa Mawu zãa eƒe ŋusẽ hã tsɔ tsrɔ̃a ame siwo ɖonɛ koŋ gbea eƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti la dzi wɔwɔ. Yesu Kristo he susu yi Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃ kpakple Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa dzi abe ale si Yehowa zãa eƒe ŋusẽa tsɔ tsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ɖeɖe ko la ƒe kpɔɖeŋuwo ene. Yesu gblɔ ɖi be eteƒe madidi o, Yehowa agazã eƒe ŋusẽ ake atsɔ atsrɔ̃ ame siwo menɔa agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu o.—Mateo 24:3, 37-39; Luka 17:26-30.

Aleke Nèse Le Ðokuiwò Me?

Ne ède ŋugble tso Mawu ƒe ŋusẽ si dzena le ɣletiviwo me ŋu la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Fia David ene, ame si gblɔ be: ‘Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nu ka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?’—Psalmo 8:4, 5.

Nyateƒee, ne míetsɔ mía ɖokui sɔ kple xexe gbahoo sia la, míakpɔe be míeɖi naneke kura o, eye esia ana míabɔbɔ mía ɖokui. Ke hã, mele be Mawu ƒe ŋusẽa nado ŋɔdzi na mí o. Yehowa ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ nya dedziƒoname sia ɖi be: ‘Mawu naa lãmesesẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Nu tia kɔ na ɖekakpuiwo, eye ɖeɖi tea wo ŋu, eye ŋutsuwo dzea anyi; ke ŋusẽ yeye ɖoa ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.’—Yesaya 40:29-31.

Ne èdi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, àte ŋu aka ɖe edzi be azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ akpe ɖe ŋuwò. Gake ele be nàbiae hafi. (Luka 11:13) Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu ado dzi le tetekpɔwo me eye ado ŋusẽ wò nàwɔ nu si le eteƒe.—Filipitɔwo 4:13.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Mawu ado ŋusẽ wò nàwɔ nu si le eteƒe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Tso dzigbe le miame yi to godoo: Whirlpool galaxy, Pleiades star cluster, Orion Nebula, Andromeda galaxy

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Anyigba la ƒe kpekpeme zi gbɔ zi akpe 330 sɔŋ ye ade ɣea tɔ nu

[Picture Credit Lines on page 7]

Ɣletiviƒuƒoƒo si le aɖaka titinatɔ me: NASA, ESA and AURA/Caltech; susɔeawo: National Optical Astronomy Observatories