Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Edze Le Vidada Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Me

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Edze Le Vidada Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Me

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Edze Le Vidada Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Me

“Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!”—YESAYA 49:15.

VIDZĨE aɖee nye ema le dadaa ƒe akɔnu kpoo esime dadaa le no namee. Nɔnɔme sia tɔgbi ɖea lɔlɔ̃ deto si le vidada si na via fiana. Pam, si nye vidada, gblɔ be: “Esime mekɔ vinyea ɖe akɔnu zi gbãtɔ la, seselelãme deto aɖe nyɔ ɖe menye, eye mekpɔe be agba gã aɖe dze ŋgɔm be malé be na vi sia si medzi tetie nye ema la.”

Togbɔ be mía ŋutɔwo míekpɔnɛ dzea sii be vidada ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia via wɔa akpa vevi aɖe le ɖevia ƒe tsitsi nyuie me hã la, numekukuwo ɖo kpe esia dzi. Agbalẽ aɖe si Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Susu Ƒe Dɔwɔwɔ Nyui Gbɔ ta la gblɔ be: “Numekukuwo ɖee fia be vidzĩe siwo wogblẽ ɖi bemalémalé na woe kple esiwo woɖe ɖa le wo dadawo ŋu la va zua ɖevi siwo mekpɔa dzidzɔ kura o, eye nu tena ɖe wo dzi ale gbegbe be wotsia dzodzodzoe gɔ̃ hã.” Agbalẽ sia kee ƒo nu tso numekuku aɖe si ɖee fia be ɖevi siwo wolɔ̃ vevie helé be na tso woƒe vidzĩe me ke la ƒe tagbɔ ɖana wu esiwo wogblẽ ɖi bemalémalé na woe la ŋu.

Alan Schore, si nye tagbɔdɔléleŋutinunyafiala gã le UCLA Atikewɔwɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le United States (États-Unis) la, gblɔ tso akpa vevi si vidada ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia wɔna ŋu be: “Ðevi ƒe ƒomedodo gbãtɔa—esi nɔa woa kple dadaa dome—le abe gɔmeɖoanyi ene, le esi wònaa ŋutete si ava nɔ ɖevia si le seselelãme siwo katã wòava ɖe afia le woa kple ame bubuwo dome ƒomedodowo me la sua esi ta.”

Nublanuitɔe la, blanuiléle, dɔléle, alo nuteɖeamedzi bubuwo ate ŋu awɔe be vidada naŋlɔ via alo “eƒe vidzĩe” gɔ̃ hã be. (Yesaya 49:15) Gake menye aleae wòle le dzɔdzɔme nu o. Le nyateƒe me la, edze abe ɖee wowɔ vidadawo be woalɔ̃ wo viwo le dzɔdzɔme nu ene. Numekulawo kpɔe be lãmetsi aɖe, si woyɔna be oxytocin, si nana lãkusi kple lãmekawo hena ne vidada le sisim le vidziɣi la, dzina ɖe edzi, eye eva wɔa akpa vevi aɖe le notsi ƒe dzidzi ɖe vidadaa ƒe nowo me me. Woxɔe se be lãmetsi sia, si dzina le ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa me, la wɔa akpa vevi aɖe le ale si vidadawo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo viwo le dzɔdzɔme nu ɖokuitɔmadimaditɔe la me.

Afi Kae Lɔlɔ̃ Dzɔ Tso?

Ame siwo doa amedzɔtsolãme ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ la fiaa nu be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃, abe esi ƒomevi vidada ɖena fiaa via ene la, dzɔ le eɖokui si le vo me, eye be, esi wònye viɖenu ta la, enu meyi esime amegbetɔ nɔ tɔtrɔm vivivi tso lã ƒe nɔnɔme me va se ɖe esime wòva zu ame o. Le kpɔɖeŋu me, Internet dzi nyatakakanaƒe si nye Mothering Magazine, gblɔ be: “Míaƒe ahɔhɔ̃a ƒe akpa gbãtɔ si trɔna kpena ɖe eƒe akpa si ƒe dome míenyi esime míenɔ tɔtrɔm tso lãwo me lae woyɔna be limbic system, si nye seselelãmewo dzɔtsoƒe. Ahɔhɔ̃a ƒe akpa siae wɔnɛ be ƒomedodo kplikplikpli ɖoa vidadawo kple wo viwo dome.”

Enye nyateƒe be míaƒe ahɔhɔ̃a ƒe akpa ma wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe seselelãmewo ɖeɖe fia me ya. Gake wò ŋutɔ bu eŋu kpɔ, ɖe susu le eme be woagblɔ be vidada ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia via nye ŋutete si dzɔ le vo me, si ƒe dome míenyi tso lãwo gbɔa?

Azɔ bu numeɖeɖe bubu sia hã ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be Mawue wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, esia fia be, ewɔ amegbetɔwo hena ŋutete wo be woaɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia. (1 Mose 1:27) Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o.” Nu ka tae? “Elabena Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Taflatsɛ, de dzesii be mawunyakpukpui sia megblɔ be lɔlɔ̃ le Mawu si o. Ke boŋ, egblɔ be Mawu nye lɔlɔ̃. Eyae nye lɔlɔ̃ ƒe Dzɔtsoƒe.

Biblia ƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu ale: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si mesɔ o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi kabakaba o. Meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu o, ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” (1 Korintotɔwo 13:4-8) Ðe susu le eme be míaxɔe ase be nɔnɔme sia si ƒo ɖe sia ɖe ta la dzɔ le eɖokui si le vo mea?

Aleke Nèse Le Ðokuiwò Me?

Esi nèxlẽ ale si woƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu le memama si do ŋgɔ me la, ɖe wòdzro wò vevie be ame aɖe naɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbi afia yea? Ele dzɔdzɔme nu be wòadzro wò nenema. Nu ka tae? Esi “míenye Mawu ƒe viwo” tae. (Dɔwɔwɔwo 17:29) Ðe wowɔ mí be míase vivi ne woɖe lɔlɔ̃ ma ƒomevi fia mí, eye be míawo hã míanɔ eɖem anɔ fiafiam. Eye míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ mí vevie. (Yohanes 3:16; 1 Petro 5:6, 7) Mawunyakpukpui gbãtɔ si míeyɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la ɖee fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃ nu sẽ henɔa anyi ɖaa wu esi nɔa vidada si na via gɔ̃ hã!

Gake ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Ne nunya, ŋusẽ, kple lɔlɔ̃ sia gbegbe le Mawu si la, ke nu ka tae meɖe fukpekpewo ɖa o? Nu ka tae wòɖe mɔ ɖeviwo kuna? Nu ka tae wòɖe mɔ ameteteɖeanyi le edzi yim, eye amewo to ŋukeklẽ kple bemalémalé na anyigbaa dzi le edome gblẽm?’ Esiawo nye biabia vevi siwo wòle be woakpɔ ŋuɖoɖo siwo sɔ na.

Nu ka kee Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelawo ɖagblɔ o, àte ŋu ake ɖe biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo ŋu. Ame miliɔn geɖe siwo le dukɔ alafa geɖewo me la ke ɖe ŋuɖoɖo mawo ŋu to nana be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli wo me. Magazine sia talawo le dzi dem ƒo na wò be wò hã nàwɔ nenema ke. Ne wò Mawu ŋuti sidzedze va le dzidzim ɖe edzi to eƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple nusɔsrɔ̃ tso eƒe nuwɔwɔwo ŋu me la, àva kpɔe dze sii be Mawu mele adzɔge boo tso gbɔwò alo nye ame si màte ŋu anya o. Ke boŋ kakaɖedzi ava su asiwò godoo be Mawu “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:27.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Mawu ƒe lɔlɔ̃ na mí nu sẽ wu esi nɔa vidada si na via gɔ̃ hã