Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afɔku Aɖe Dzɔ Le Solomon Islands

Afɔku Aɖe Dzɔ Le Solomon Islands

Afɔku Aɖe Dzɔ Le Solomon Islands

Le Dzoɖa, April 2, 2007, dzi la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe si de dzidzeme 8.1 la gblẽ nu le Solomon Islands, si nye ƒukpohatsotso aɖe si le Australia ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, dzi vevie. Le miniti ʋɛ aɖewo ko me la, ƒutsotsoe siwo tɔ ka ɖe wo nɔewo nu, siwo dometɔ aɖewo ŋu woka nya ta le be wokɔ meta 10, la va ƒo ɖe ƒukpo siwo le Solomon Islands ƒe Ɣetoɖoƒe Nutoa me la dzi hewu ame 52, eye wòna ame 6,000 hã zu aƒemanɔsitɔwo.

Teƒe siwo wògblẽ nu le wu la dometɔ ɖekae nye Gizo, si nye ƒutadu aɖe si me ame 7,000 lɔƒo le, le Ghizo Ƒukpo, si gbɔ didi tso teƒe si anyigbaa ʋuʋu tso la gbɔ abe kilometa 45 ene, la dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe hame sue si le Gizo dua me la me tɔwo nɔ dzadzram ɖo be yewoawɔ Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔna si wowɔna ƒe sia ƒe la le fiẽ me. (1 Korintotɔwo 11:23-26) Esi ŋu ke gbe ma gbe la, ɣea dze nyuie eye ƒu la hã dze akɔ anyi. Gake kasia, esi wòƒo 7:39 le Gizo la, anyigba ʋuʋu sesĩe.

Anyigba Ʋuʋu!

Ron Parkinson, si nye hamemetsitsi aɖe, kple srɔ̃a, Dorothy, wonɔ asi trɔm le ŋdi nuɖuɖu ŋu esime anyigbaa ʋuʋu. Ron gblɔ be: “Míaƒe aƒe si tsi ŋutɔ la bi yi go si kple go kemɛ segesege abe neti ene gake memu o. Anyigbaʋuʋua ɖi sesĩe ale gbegbe. Tsitrenuɖakawo, xɔmenuwo, kple kasaŋku aɖe si le tsitrenu, kpakple nu bubuwo katã mu dze anyigba gbloo enumake eye nuɖugbawo kple kpluwo katã hlẽ kpotokpoto. Agbagba blibo wònye míedze hafi te ŋu do va gota. Atukpa gbagbãwo si Dorothy, le esi medo afɔkpa o ta.”

Tony kple Christine Shaw, siwo nye dutanyanyuigblɔlawo, siwo gbɔ medidi tso mía gbɔ o la, hã si du do go va gota. Christine gblɔ be: “Anyigbaa ʋuʋu sesĩe ale gbegbe be medze anyi eye tsotso zu dɔ nam. Menɔ aƒewo kpɔm le tsia me. Ƒutsotsoe aɖe si kɔ ŋutɔ la ho wo ɖa tso woƒe agunu ke. Amewo nɔ akrowo kum ŋkubiãtɔe to nu gbagbãawo me nɔ agbetsilawo dim. Kasia, anyigba gaʋuʋu sesĩe ake—eye sẽe ko, egaʋuʋu ake. Anyigbaʋuʋu suesuesuewo nɔ dzɔdzɔm kplɔe ɖo hena ŋkeke atɔ̃ sɔŋ. Ŋɔdzinu aɖe ŋutɔe wònye!”

Tsunami Kplɔe Ðo

Patson Baea nɔ eƒe aƒe me le Sepo Hite ƒukpo si gbɔ didi tso Gizo abe kilometa ade ene la dzi esime anyigbaa ʋuʋu. Aleke nuwo nɔ na Patson kple eƒe ƒomea le afɔku sia me?

Patson ɖo ŋku nudzɔdzɔa dzi gblɔ be: “Mesi du to ƒua to ɖo ta srɔ̃nye, Naomi, kple mía vi eneawo gbɔ. Anyigbaʋuʋua tsɔ wo xlã ɖe anyi gake nuvevi aɖeke mewɔ wo o. Ðeviawo nɔ ƒoƒom kpakpakpa, eye wo dometɔ aɖewo nɔ avi fam. Enumake mía kple Naomi míefa akɔ na wo.

“Mede dzesii be atsiaƒua nɔ agbo dzem ŋɔdzitɔe. Edze ƒãa be Tsunami alo ƒugɔmenyigbaʋuʋu le dzɔdzɔ ge. Esia ana míaƒe ƒukpo sue la anyrɔ keŋkeŋ godoo. Danye, Evalyn, si le ƒukpo sue aɖe si gbɔ medidi tso mía gbɔ o dzi la hã ɖo afɔku me. Enumake mena nye ƒomea ge ɖe míaƒe akro si wodoa dzo na la me eye míedze mɔ be míaɖaxɔ nɛ.

“Esi míeɖe zɔ yi ŋgɔ sẽe la, ƒutsotsoe gã aɖe mli sesĩe va to míaƒe akroa te. Atsiaƒua nɔ eɖokui nyamam nɔ dzi yim henɔ anyi vam ŋɔdzitɔe. Esi míeɖo danye gbɔ la, míekpɔe be etɔtɔ ŋutɔ eye wònɔ vɔvɔ̃m na tsia ƒuƒu. Mía vi Jeremy, si xɔ ƒe 15, kpakple Naomi, wodzo ɖe ƒu dzeagboa me, heƒu tsia yi ɖakpe ɖe eŋu kplɔe va akroa me. Emegbe, meku akroa sesĩe ɖo ta ƒu gãa dzi.

“Le ɣeyiɣi sia me la, atsiaƒua si yi ɖe megbemegbee ale gbegbe be míete ŋu nɔ adzakpo siwo nɔ tsia te tsã la kpɔm ƒo xlã ƒukpoa keŋ. Kasia, ƒutsotsoe gã aɖe mli va tsyɔ ƒukpo evea siaa dzi. Ƒutsotsoea ɖalɔ míaƒe aƒe si me míexɔa amedzrowo ɖo, si nɔ ƒua to, la hegbãe keŋkeŋ tso eƒe agunu ke. Tsia si to míaƒe aƒe si me míenɔna koŋ la me hegblẽ míaƒe nunɔamesiwo dometɔ geɖe dome. Esi atsiaƒua va dze akɔ anyi mlɔeba la, míeɖatsɔ míaƒe Biblia kple hadzigbalẽwo le míaƒe aƒe si tsia ɖe la me eye míeɖo ta Gizo dua me.”

Aƒe gbagbãwo kple ame kukuwo sɔŋ koe nɔ ƒua ta. Ghizo Ƒukpoa ƒe ɣetoɖoƒekpa dzie afɔkua gblẽ nu le wu. Woka nya ta be ƒutsotsoe gã aɖe si kɔ meta atɔ̃ la mli va kplɔ kɔƒedu 13 ya teti dzo keŋkeŋ!

Zã ma me la, ame 22 ƒo ƒu ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le Gizo la me hena Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo wɔwɔ. Dzidzɔtɔe la, nuvevi boo aɖeke mewɔ ame siawo dometɔ aɖeke o. Ron, si ŋu míeƒo nu tso va yi la gblɔ be: “Elektrikkaɖi menɔ anyi o, eye míaƒe akaɖi siwo zãa kerosene hã gbã. Eya ta tɔtsi ye Nɔviŋutsu Shaw zã tsɔ ƒo nuƒoa. Míekɔ gbe dzi sesĩe tsɔ hagbe vovovoawo dzi akpedahawo na Yehowa le vivitia me.”

Kpekpeɖeŋunaɖoɖowo

Esime afɔkua ŋuti nya ɖi le Honiara, si nye fiadua me la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afi ma tso ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu kpla. Woto telefonkadodowo dzi enumake xɔ nyatakaka be Ðasefo siwo le nuto siwo me afɔkua dzɔ le la dometɔ akpa gãtɔ le dedie. Wodɔ ame aɖewo ɖa be woaɖadi Ðasefo aɖe si le saɖeaganuto aɖe me le Choiseul Ƒukpo dzi la. Wova ke ɖe eŋu mlɔeba wònɔ dedie. Woɖo ga ɖe Gizo be woatsɔ aƒle nuhiahiãwo na ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔlawo ɖo yameʋu gbãtɔ si yina nutoa me la heva ɖo Gizo le Yawoɖagbe. Craig Tucker, si nye Alɔdzekɔmitia me tɔwo dometɔ ɖeka la, gblɔ be: “Míetsɔ nuhiahiã aɖaka gbogbo aɖewo yii. Togbɔ be wogbe ʋuɖola geɖewo ƒe agbawo tsɔtsɔ le esi yameʋua mate ŋu akɔ wo katã o ta hã la, míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míaƒe agbaawo katã va ɖo dedie. Wonɔ kpekpeɖeŋunu gbãtɔ siwo va ɖo afɔkuteƒea la dome. Le ŋkeke eve megbe la, wogatsɔ nuhiahiã bubuwo de tɔdziʋuwo ɖo ɖa.”

Le ɣeyiɣi mawo me la, Tony Shaw kple Patson Baea, kpakple Ðasefo bubu siwo tso Gizo la, nɔ akro me zɔ mɔ hena gaƒoƒo eve sɔŋ be yewoaɖakpe ɖe Ðasefo siwo nɔ saɖeaganuto aɖe me le Ranongga ƒukpoa dzi la ŋu. Anyigbaʋuʋua ƒe sesẽ na ƒukpo sia, si didi kilomita 32 eye wòkeke kilomita 8 la, gaho ɖe dzi meta 2 wu ale si wònɔ tsã! Edze ƒãa be ƒukpoa ƒe hoho kpata nenemae na tsunami la dzɔ hena tsi ɖe ƒukpowo katã le nutoa me.

Tony gblɔ be: “Esime hamea me tɔwo kpɔ mí la, wogli kple dzidzɔ. Nuvevi aɖeke mewɔ wo o, wonɔ dedie, eye wonɔ xexe elabena wonɔ vɔvɔ̃m na anyigbaʋuʋu bubu siwo agate ŋu adzɔ. Míaƒe tɔdziʋua ye nye gbãtɔ si tsɔ kpekpeɖeŋununanawo vae. Hafi míadzo la, míewɔ ɖeka do gbe ɖa da akpe na Yehowa tso dzi me.”

Patson gblɔ be: “Le ŋkeke aɖewo megbe la, míegbugbɔ yi Ranongga be míaɖatsɔ nuhiahiã bubuwo ayi na wo eye míaɖadi Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si sa ɖe aga le ƒukpoa ƒe go kemɛ la. Mlɔeba, míeɖake ɖe Matthew Itu kple eƒe ƒomea ŋu le gbetome afi aɖe. Wofa dzidzɔvi le esi wokpɔe be míeŋlɔ yewo be o ta! Anyigbaʋuʋua kaka woƒe aƒea kple xɔ bubu siwo katã le kɔƒea me. Gake nu si ŋu wotsi dzi ɖo wue nye be ƒomea nakpɔ Biblia bubuwo ɖe esiwo bu le afɔkua me la teƒe.”

Eteƒekpɔlawo Gblɔ Kafukafunyawo

Amewo medo kpo dzesidede Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia sia o. Craig Tucker gblɔ be: “Esi nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si ƒo nu tsi tsitre ɖe kpekpeɖeŋunaɖoɖowo ƒe megbetsitsi ŋu see be Yehowa Ðasefowo tsɔ nuɖuɖu, agbadɔvɔwo, kple nuhiahiã vevi bubuwo ɖana haxɔsetɔwo le anyigbaʋuʋua ƒe ŋkeke ʋɛ aɖewo ko megbe la, ewɔ nuku nɛ eye wòwɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ.” Patson gblɔ kpee be: “Ame siwo le Ranongga ƒukpoa ƒe kɔƒenutowo me la kpɔ ŋudzedze ɖe ale si míetso ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu kpata la ŋu eye wofa konyi le woawo ŋutɔwo ƒe sɔlemehawo ƒe kpekpeɖeŋumanamana wo ta.” Nyɔnu aɖe gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be, “Miaƒe habɔbɔa tso ɖe kpekpeɖeŋunana mi ŋu kaba ŋutɔ!”

Ðasefowo na kpekpeɖeŋu woƒe aƒelikawo hã. Christine Shaw gblɔ be: “Esi míeyi atikewɔƒe si wova ɖo ɖe Gizo be woazã hena ɣeyiɣi aɖe la, míekpɔ atsu kple asi aɖe si míeɖe gbeƒã na eteƒe medidi o la le afi ma. Wo ame evea siaa dze afɔku eye nu te ɖe wo dzi vevie. Tsia ƒe sisi adãtɔe he nyɔnua mamayɔvi ɖa tso eƒe asiwo me eye wòno tsi ku. Míetrɔ yi aƒe me enumake ɖatsɔ nuɖuɖu kpakple nudodo siwo wohiã la vae na wo. Woda akpe na mí geɖe ŋutɔ.”

Le nyateƒe me la, ame siwo dzi dzɔdzɔmefɔkua dzɔ ɖo la hiã kpekpeɖeŋu geɖe wu ŋutilãmenuwo ko. Wohiã akɔfafa si Mawu ƒe Nya, Biblia, nana la vevie ŋutɔ. Ron gblɔ be: “Subɔsubɔnunɔla aɖewo nɔ gbɔgblɔm be Mawue nɔ to hem na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta. Gake míawo ya míeɖee fia amewo le Biblia me be Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi gbeɖe o. Ame geɖewo da akpe na mí le esi míetsɔ gbɔgbɔmenyawo fa akɔ na wo ta.”—2 Korintotɔwo 1:3, 4; Yakobo 1:13. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 24 Kpɔ nyati si nye “‘Nu Ka Tae?’—Biabia Sesẽtɔ Kekeake Ŋu Ðoɖo,” si dze le November 2006 ƒe Nyɔ! Yevugbe me tɔ, axa 3–9 me. Woma eƒe kɔpi alafa geɖe le Gizo, le afɔkua megbe.

[Diagram/​Maps on page 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Choiseul

Ghizo

Gizo

Ranongga

HONIARA

AUSTRALIA

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Baea ƒomea le woƒe akro si wodoa dzo na la me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tsunami la ƒe nugbegblẽ le Gizo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Fiaɖuƒe Akpata sia ɖeka koe nye xɔ si tsi anyi le Lale, le Ranongga Ƒukpoa dzi