Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu

Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ

Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu

Nu kae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la?

Dziɖuɖu si aɖu anyigbaa katã dzie Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye. Yesu gblɔ be: “Miawo mido gbe ɖa ale: . . . ‘Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.’”—Mateo 6:9, 10; Daniel 2:44.

Ame kawoe anye dziɖulawo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me?

Wodzi Yesu be wòanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula. Mawudɔla aɖe gblɔ na Yesu dada be: “Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anae, eye wòaɖu fia.” (Luka 1:30-33) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu tia eyomedzelawo dometɔ aɖewo be woava ɖu dzi kpli ye. Egblɔ na eƒe apostolowo be: “Miawoe nye ame siwo nɔ ŋunye le nye tetekpɔwo me; eye mele nu blam kpli mi, abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene, hena fiaɖuƒe aɖe.” (Luka 22:28, 29; Daniel 7:27) Yesu yome dzela siwo aɖu fia kplii la ƒe xexlẽmee nye ame 144,000.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1.

Afi kae woaɖo dziɖuɖua anyi le?

Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu dzi tso dziƒo. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi [le dziƒo] la, megagbɔna ake, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bene afi si mele la, miawo hã mianɔe. . . . Meyina Fofo la gbɔ.”—Yohanes 14:2, 3, 12; Daniel 7:13, 14.

Nu kae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ tso vɔ̃ɖinyenye ŋu?

Yesu akɔ anyigba la ŋu to ame vɔ̃ɖiwo ɖeɖeɖa me. Yesu gblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la [Yesu] va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã kpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ anɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ . . . Eye ame siawo [madzɔmadzɔawo] ayi ɖe ɖeɖeɖa mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo ya ayi ɖe agbe mavɔ la me.”—Mateo 25:31-34, 46.

Ame kawoe anye Fiaɖuƒea te viwo anɔ agbe le anyigbaa dzi?

Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5; Psalmo 37:29; 72:8) Anyigba la dzi ava yɔ fũu kple ame siwo le ale si woalɔ̃ wo nɔewoe srɔ̃m fifia. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.

Nu kae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea le anyigba dzi?

Yesu ada dɔ na ameƒomea. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒo nu na amewo “tso Mawu fiaɖuƒe la ŋu, eye wòda dɔ na ame siwo katã hiã dɔyɔyɔ.” (Luka 9:11) Esime apostolo Yohanes kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋutega me megbe la, egblɔ be: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye . . . Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ wònɔ gbɔgblɔm be: ‘Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ . . . Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o.’”—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea agbugbɔ Paradiso aɖo anyi ɖe anyigbaa dzi. Nu vɔ̃ wɔla aɖe si hã wowu le Yesu wuɣi la gblɔ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èɖo wò fiaɖuƒe la me.” Eye Yesu gblɔ nɛ bena: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be: Ànɔ Paradiso me kplim.”—Luka 23:42, 43; Yesaya 11:4-9.

Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ƒe ta 8 lia hena numeɖeɖe bubuwo

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae.