Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esea Míaƒe Vevesesewo Gɔme Na Mí

Esea Míaƒe Vevesesewo Gɔme Na Mí

Te Ðe Mawu Ŋu

Esea Míaƒe Vevesesewo Gɔme Na

Yohanes 11:33-35

VEVESESEÐEAMENU nye ŋutete si nana ame te ŋu sea veve si sem ame bubuwo le la le eɖokui me. Ame aɖeke mede Yehowa Mawu nu le veveseseɖeamenu me o. Eƒe amewo ƒe fukpekpe tena ɖe edzi. Aleke míawɔ aka ɖe nya sia dzi? Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖe ale si tututu Yehowa sea veve ɖe mía nu la fia le mɔ de blibo nu. (Yohanes 5:19) Le kpɔɖeŋu me, bu nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tso le Yohanes 11:33-35 ŋu kpɔ.

Esime Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku kpata la, Yesu yi kɔƒe si me wòku ɖo la me. Abe ale si nàkpɔ mɔe ene la, Lazaro nɔvinyɔnu siwo nye Maria kple Marta nɔ nu xam vevie. Yesu lɔ̃ ƒome sia vevie ŋutɔ. (Yohanes 11:5) Aleke wòawɔ nu le nɔnɔme sia me? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi Yesu [kpɔ Maria] wònɔ avi fam, eye Yudatɔ siwo va kplii la nɔ avi fam la, eɖe hũ le gbɔgbɔ la me, eye wòxa nu vevie; eye wògblɔ be: ‘Afi kae mietsɔe yi ɖamlɔ?’ Wogblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, va kpɔe.’ Aɖatsi ge le mo na Yesu.” (Yohanes 11:33-35) Nu ka tae Yesu fa avi? Enye nyateƒe be exɔlɔ̃ vevi Lazaro ku, gake eva be yeafɔe tso ku me. (Yohanes 11:41-44) Ðe wòanye be nu bubu aɖe hãe anya wɔ dɔ ɖe Yesu dzia?

Gbugbɔ lé ŋku ɖe mawunyakpukpui si míeyɔ le etame la ŋu. De dzesii be esi Yesu kpɔ Maria kple ame siwo nɔ avi fam kplii la, “eɖe hũ” eye “wòxa nu vevie.” Nya siwo wozã le gbe gbãtɔa me la ɖee fia be nuxaxa vevie ƒe seselelãmee wòɖe fia. * Nu siwo Yesu kpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi vevie ŋutɔ. Ale si gbegbe nu te ɖe edzi le ememe la dze kɔtɛ le ale si aɖatsi lólo ɖe mo nɛ la me. Edze ƒãa be veve si sem ame bubuwo nɔ la te ɖe Yesu dzi vevie. Ðe ame aɖe si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la ƒe avifafa na aɖatsiwo ge le mo na wò kpɔa?—Romatɔwo 12:15.

Yesu ƒe veveseseɖeamenu na míekpɔ Fofoa, Yehowa, ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nui la dze sii kɔtɛ. Ðo ŋku edzi be Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yohanes 14:9) Eya ta ne míexlẽ be “aɖatsi ge le mo na Yesu” la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ŋutɔ hã sea veve ne esubɔlawo le veve sem. Le nyateƒe me la, Biblia ŋlɔla bubuwo hã ɖo kpe nyateƒenya sia dzi. (Yesaya 63:9; Zaxariya 2:12) Mawu si sea veve ɖe ame nu ka gbegbee nye esi Yehowa nye!

Míete ŋu tena ɖe ame siwo sea veve ɖe ame nu ŋu bɔbɔe. Ne dzi ɖe le mía ƒo alo míelé blanui la, míetena ɖe mía havi si ate ŋu ase nu gɔme na mí ahase veve ɖe mía nu la ŋu. Ðe mele be míate ɖe Yehowa, Mawu si sea veve ɖe mía nu eye wòsea susu siwo ta míefaa aɖatsiwo ɖo gɔme na mí la ŋu geɖe wu oa?—Psalmo 56:9.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “aɖatsi ge le mo” fiana “avifafa le ɖoɖoezizi me” zi geɖe, gake nya si wozã tsɔ ɖɔ Maria kple ame bubuawo ƒe avifafa ya ate ŋu afia “avifafa hehehe.”