Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa Na Ame Siwo Le Kudɔ Lém

Akɔfafa Na Ame Siwo Le Kudɔ Lém

Akɔfafa Na Ame Siwo Le Kudɔ Lém

“Esi mesee gbã be kudɔ lémee Dada le la, nyemexɔe se o. Metɔtɔ ale gbegbe eye menɔ bɔbɔe nam be malɔ̃ ɖe edzi be kumɔ dzie nye ma danye lɔlɔ̃a le o.”—Grace, Canada.

NE Ðɔktawo gblɔ be kudɔ lémee ame aɖe le la, etena ɖe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo siaa dzi ale gbegbe eye womenyaa ale si woawɔ nui o. Ame aɖewo tɔtɔna eye womenyana ne ɖe wòle be yewoagblɔ nyateƒea na dɔnɔa o. Ame aɖewo hã menyana ne yewoate ŋu ado dzi akpɔ yewoƒe lɔlɔ̃tɔa ƒe fukpekpe, alo ɖewohĩ ale si dɔlélea ava na wòadze abe ɖee asixɔxɔ aɖeke mele eŋu o ene la, teƒe o. Ame geɖe tsia dzi le wo ɖokui me be yewomanya nya si yewoagblɔ alo nu si yewoawɔ ne dɔnɔa va ɖo kudo nu o.

Nu kawoe wòhiã be nànya tso ale si wòle be nàwɔ nui ne dzigbãnya siawo tɔgbi do mo ɖa la ŋu? Eye aleke nàte ŋu azu ‘xɔlɔ̃ vavã,’ akɔfala, kple kpeɖeŋutɔ le nɔnɔme wɔnublanui sia me?—Lododowo 17:17.

Ale Si Míewɔa Nu Le Dzɔdzɔme Nu

Le dzɔdzɔme nu la, míexaa nu vevie ne dɔléle sesẽ aɖe va dze míaƒe ame vevi aɖe dzi. Le ɖɔktawo gɔ̃ hã gome la, togbɔ be wokpɔnɛ dɔnɔwo kuna edziedzi hã la, ame siwo le kudɔ lém la ƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo nana wotɔtɔna zi geɖe, alo womenyaa nu si woawɔ gɔ̃ hã o.

Anɔ eme be asesẽ be wò hã nàɖu wò seselelãmewo dzi ne nèkpɔ wò ame vevi aɖe wòle veve sem. Hosa, si nye nyɔnua aɖe si le Brazil, si nɔvinyɔnu nɔ kudɔ lém la, gblɔ be: “Nu sesẽ aɖe ŋutɔe wònye be nàkpɔ ame aɖe si nèlɔ̃na vevie wòanɔ veve sem atraɖii.” Esime nuteƒewɔla Mose kpɔe anyi ƒo ɖe nɔvianyɔnu ŋu la, edo ɣli be: “Ao, [Mawu,] yɔ dɔe dzroe!”—4 Mose 12:12, 13.

Esi wònye be mía Mawu, Yehowa, si sea veve ɖe ame nu la wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, míexaa nu vevie ne dɔléle na míaƒe ame vevi aɖe le veve sem. (1 Mose 1:27; Yesaya 63:9) Alekee Yehowa sena le eɖokui me ku ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo ŋu? Bu ale si Yesu wɔ nui la ŋu kpɔ. Eɖe nɔnɔme siwo le Fofoa si la fia le mɔ deblibo nu. (Yohanes 14:9) Esi Yesu kpɔ ame siwo dɔléle nɔ fu ɖem na la, “woƒe nu wɔ nublanui” nɛ. (Mateo 20:29-34; Marko 1:40, 41) Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ na esia mee ene la, esime Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku, eye Yesu kpɔ ale si ku gblẽ nu le ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋui la, ete ɖe edzi vevie eye “aɖatsi ge le mo” nɛ. (Yohanes 11:32-35) Le nyateƒe me la, Biblia ƒo nu tso ku ŋu be enye futɔ eye wòdo ŋugbe be eteƒe madidi o, dɔléle kple ku maganɔ anyi o.—1 Korintotɔwo 15:26; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ðewohĩ ne èse nya gbãdziname sia be wò ame vevi aɖe le kudɔ lém la, àse le ɖokuiwò me be yeatsɔ fɔbubua ada ɖe ame aɖe dzi. Ke hã, Ðɔkta Marta Ortiz, si ŋlɔ nu tso beléle na ame siwo le kudɔ lém ŋu la, ɖo aɖaŋu sia be: “Ƒo asa na fɔbubu ame bubuwo—ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, alo ɖokuiwò—ɖe dɔnɔa ƒe nɔnɔmea ta. Ðeko esia ana nugɔmemasemase na mia nɔewo nado gã ɖe edzi, eye wòana miaƒe susu nadzo le nu si le vevie wu, si nye ame si le kudɔa lém ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ, la dzi.” Afɔ vevi kawoe nàte ŋu aɖe atsɔ akpe ɖe wò ame vevi si le dɔa lém la ŋu be wòate ŋu anɔ te ɖe dɔlélea kpakple nyanya be dɔlélea akplɔ ye yi ku me mlɔeba la nui?

Wò Susu Nenɔ Amea Ŋutɔ Dzi Ke Menye Dɔlélea O

Afɔ gbãtɔ si nàɖee nye be megatsɔ susu ɖo ale si dɔlélea gblẽ nu le amea ƒe dzedzeme ŋu la dzi o, ke boŋ wò susu nenɔ ame si wònye ŋutɔŋutɔ la dzi. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Sarah, si nye dɔnɔdzikpɔla la gblɔ be: “Media ɣeyiɣi kpɔa foto siwo amea ɖe esime wònɔ lãmesẽ nyui me. Meɖoa toe nyuie ne ele nu ƒom tso eƒe gbe aɖe gbe ŋu. Esia kpena ɖe ŋunye nye susu nɔa ame si wònye ŋutɔŋutɔ kple nu siwo wòwɔ le agbe me la ŋu, ke menye nɔnɔme si me wòle fifia o.”

Anne-Catherine, si hã nye dɔnɔdzikpɔla la ɖe ale si wòte ŋu wɔna eƒe susu nɔa amea ŋutɔ ŋu, ke menye ale si dɔlélea na eƒe dzedzeme trɔ ŋu o la gblɔ ale: “Menɔa dɔnɔa ƒe ŋkuwo dzi kpɔm tututu hetsɔa susu ɖoa nu siwo mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu la dzi.” Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Edzɔna zi geɖe be ne dɔléle alo afɔku aɖe gblẽ nu le míaƒe ame vevi aɖe ƒe dzedzeme ŋu la, ekpɔkpɔ ɖea fu na mí vevie ŋutɔ. Nu nyuitɔ si míawɔ le nɔnɔme siawo mee nye be míanɔ míaƒe ame vevia ƒe ŋkuwo, siwo ya metrɔna o la, dzi kpɔm tututu.”—The Needs of the Dying—A Guide for Bringing Hope, Comfort, and Love to Life’s Final Chapter.

Le nyateƒe me la, ahiã be ame naɖu eɖokui dzi ahaɖo tame kplikpaa hafi ate ŋu awɔ esia. Georges, si nye Kristotɔ dzikpɔla aɖe si srãa kudɔlélawo kpɔ edziedzi la hã gblɔ be, “Ele be míaƒe lɔlɔ̃ na mía havia nu nasẽ wu dɔlélea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.” Ne wò susu le amea ŋutɔ dzi, ke menye dɔlélea o la, aɖe vi na wò ŋutɔ kple wò ame vevi si le dɔa lém la siaa. Yvonne, si kpɔ ɖevi siwo nɔ kansadɔ lém gbɔ la, gblɔ be, “Nyanya be yeate ŋu akpe ɖe dɔnɔawo ŋu woanya be asixɔxɔ gale yewo ŋu la akpe ɖe ŋuwò nàŋe aɖaba aƒu ale si dɔlélea gblẽ nu le woƒe dzedzeme ŋui la dzi.”

Nɔ Klalo Hena Eƒe Nyawo Sese

Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo nanɔ hehem ɖe megbe le tete ɖe ame si ɖo kudo nu ŋu me, togbɔ be wolɔ̃e vevie hã. Nu ka tae? Wotsia dzi le wo ɖokui me be yewomanya nya si yewoagblɔ o. Ke hã, Anne-Catherine, si kpɔ xɔlɔ̃a aɖe si lé kudɔ nyitsɔ laa gbɔ la he susu yi akpa si ɖoɖoezizi hã wɔna dzi. Egblɔ be: “Menye nya siwo míegblɔna koe faa akɔ na amea o, ke boŋ nɔnɔme siwo míeɖena fiana hãe. Zikpui tsɔtsɔ anɔ anyi, tete ɖe dɔnɔa ŋu, asidodo ɖa alé eƒe asiwo, avifafa ne eɖe ale si wòle sesem le eɖokui me gblɔ—esiawo katã ɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le eme nɛ vavã.”

Anɔ eme be wò ame vevi si le dɔa lém adi be yeaɖe ale si yele sesem le ye ɖokui me la agblɔ faa naneke maɣlamaɣlae. Gake zi geɖe la, eya hã kpɔnɛ dzea sii be ate ŋu ate ɖe yeƒe ame veviwo dzi ne wose nu siwo le fu ɖem na ye la, eye be wodina be yewoaƒo asa na nya mawo tɔgbi sese. Ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo susui be yewole dɔnɔa ƒe nyui dim la ate ŋu anɔ asa ƒom na dzeɖoɖo kple dɔnɔa tso nya vevi siwo kae ŋu, alo anɔ eƒe dɔlélea ŋuti nyatakaka siwo wòle be wòase hafi la ɣlam ɖee. Nu kae dona tso nuwɔwɔ alea me? Ðɔkta aɖe si kpɔa kudɔlélawo gbɔ la ɖe nu me be agbagbadzedze be woaɣla nyateƒea “xɔa ŋusẽ le agbagbadzedze siwo le vevie wu, siwo nye kadodo nyuie me nɔnɔ kple ame bubuwo kpakple akɔkpekpe kple dɔlélea, la si.” Eya ta ne dɔnɔa ŋutɔ dii ko la, ele be woaɖo dze kplii faa tso eƒe nɔnɔmea kpakple ale si wòate ŋu ava dzɔ be wòaku kpuie la ŋu.

Esime mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema la dometɔ aɖewo dze ŋgɔ ku la, womehe ɖe megbe le woƒe dzimaɖitsitsiwo ɖeɖe gblɔ na Yehowa Mawu me o. Le kpɔɖeŋu me, esi Fia Xizkiya si xɔ ƒe 39 ɣemaɣi se be yele kuku ge la, eɖe eƒe dzimaɖitsitsiwo gblɔ. (Yesaya 38:9-12, 18-20) Nenema kee wòle be woaɖe mɔ na ame siwo le kudɔ lém la be woaɖe nuxaxa si le dzi dzi na wo le nyanya be yewoƒe agbe nu ava tso kpata la agblɔ faa. Ðewohĩ nu te ɖe wo dzi vevie le esi wokpɔe be yewomate ŋu aɖo yewoƒe taɖodzinu aɖewo, abe tsaɖiɖi yi teƒeteƒewo, ƒome ɖoɖo anyi, tɔgbui alo mama yɔviwo xɔxɔ, alo mawusubɔsubɔdɔ geɖe wu wɔwɔ ene, gbɔ o ta. Ðewohĩ woatsi dzi le wo ɖokui me be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ava ɖe wo ɖokui ɖe aga le yewo ŋu le esi woanɔ vɔvɔ̃m be yewomanya ale si yewoawɔ nui o ta. (Hiob 19:16-18) Vɔvɔ̃ na fukpekpe, ale si woƒe ŋutinuwo ava dzudzɔ dɔwɔwɔ, alo nyanya be yewoava ku kpuie ɖeɖe gɔ̃ hã ate ŋu ana nu nate ɖe wo dzi ale gbegbe.

Anne-Catherine gblɔ be: “Ele vevie be nàɖe mɔ na dɔnɔa wòaɖe nya siwo le dzi dzi nɛ la agblɔ nyamatsomatso le enui, alo fɔmabumabui, alo vɔvɔ̃ siwo wòɖe gblɔ mabumabu nu tsɛe. Emae nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya ale si tututu wòle sesem le eɖokui me, ahase eƒe didiwo, dzimaɖitsitsiwo, kple mɔkpɔkpɔwo gɔme nɛ.”

Eƒe Nuhiahiã Veviwo Nenɔ Susu Me Na

Ðewohĩ ne atikewɔwɔ sesẽwo kple woƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo wɔe be wò zɔhɛa ƒe nɔnɔmea va nyra ɖe edzi la, ate ŋu ate ɖe dziwò ale gbegbe be nàŋlɔ eƒe nuhiahiã veviwo be. Wo dometɔ ɖekae nye eƒe gomenɔamesi be eya ŋutɔ nawɔ tiatia le nu siwo ka eyama gome.

Le teƒe aɖewo la, ɖewohĩ ƒomea me tɔwo adze agbagba be yeakpɔ dɔnɔa ta to ale si tututu eƒe nɔnɔmea le la ɣaɣla ɖee me ale gbegbe be, woagbe mɔɖeɖe na dɔnɔa be eya ŋutɔ nawɔ nyametsotso le atike si woawɔ nɛ gome. Le teƒe bubuwo la, ɖewohĩ kuxi bubu kurae ado mo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, Jerry, si nye dɔnɔdzikpɔla la gblɔ be, “Ɣeaɖewoɣi la, edzɔna be ame siwo va srãa dɔnɔwo kpɔ la nɔa nya siwo ku ɖe dɔnɔa ŋu la gblɔm esime wole tsitre ɖe egbɔ tututu abe ɖee mele afi ma o ene.” Le go evea siaa me la, nuwɔwɔ alea kloa bubu ɖa le dɔnɔa ŋu.

Mɔkpɔkpɔnɔamesi hã nye nuhiahiã vevi bubu. Le dukɔ siwo me atikewɔwɔ ƒe mɔnu deŋgɔwo le la, mɔkpɔkpɔnɔamesi wɔa akpa vevi aɖe le atikewɔwɔ mɔnu nyuitɔ didi me. Michelle, si na kpekpeɖeŋu dadaa le kansadɔléle ƒe fuɖeɖe nɛ zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ me la, gblɔ be: “Ne Dada di be yeate dɔdamɔnu aɖe kpɔ alo yeayi aɖakpɔ ɖɔkta bibi aɖe la, mekpena ɖe eŋu le esiawo ŋuti numekukuwɔwɔ me. Meva kpɔe dze sii be mele be manɔ mɔ kpɔm be akpɔ dɔyɔyɔ enumake o, ke hã ele be maɖɔ ŋu ɖo be nyemagblɔ nya siwo aɖe dzi le eƒo o.”

Ke ne mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woate ŋu ada dɔa o ya ɖe? Ðo ŋku edzi be ehiã be woaɖo dze kple ame si le kudɔa lém la tso eƒe ku ŋu naneke maɣlamaɣlae. Georges, Kristotɔ dzikpɔla si ŋu míeƒo nu tso va yi la, gblɔ be: “Ele vevie ŋutɔ be woagaɣla ale si gbegbe dɔnɔa ƒe ku gogoe la ɖee o. Esia ana mɔnukpɔkpɔ dɔnɔa be wòawɔ ɖoɖo siwo hiã ahadzra ɖo ɖe eƒe kua ŋu.” Dzadzraɖo sia nana dɔnɔa sena le eɖokui me be yekpɔ nu sia nu si gbɔ wòle be yeakpɔ la gbɔ, eye eƒe dzi adze eme be yeƒe ku mava zu agba ɖe ame bubuwo dzi o.

Enye nyateƒe be nya siawo me dzodzro mele bɔbɔe o. Gake nuƒoƒo tso nu siawo ŋu naa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ame be wòaɖe eƒe seselelãme detowo agblɔ faa naneke maɣlamaɣlae. Ame si ɖo kudo nu adi be yeadzra mia kplii dome masɔmasɔwo ɖo, aɖe kuku, alo abia tsɔtsɔke. Ame nɔewo dome dzeɖoɖo faa alea ate ŋu awɔe be ƒomedodo kplikplikpli ava nɔ mia kplii dome wu tsã.

Akɔfafa Na Amea Le Eƒe Ŋkeke Mamlɛawo Me

Aleke nàte ŋu afa akɔ na ame aɖe si ɖo kudo nu? Ðɔkta Ortiz, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Miɖe mɔ na dɔnɔa wòagblɔ eƒe didi mamlɛawo. Milé to ɖe eƒe nyawo ŋu nyuie. Ne anya wɔ la, midze agbagba miawɔ eƒe didiwo dzi nɛ. Ne manya wɔ o la, mito nyateƒe nɛ.”

Le gaƒoƒo siawo me la, ɖewohĩ ame si ɖo kudo nu la adi vevie be yeaƒo nu kple ame siwo le vevie nɛ le agbe me wu la wu tsã. Georges, si ŋu míeƒo nu tso va yi la, gblɔ be, “Mikpe ɖe dɔnɔa ŋu wòaƒo nu kpli wo, ne woƒe dzeɖoɖoa anɔ kpuie le esi ŋusẽ le vɔvɔm le dɔnɔa ŋu ta gɔ̃ hã.” Ne telefon dzie woaɖo dzea le gɔ̃ hã la, esia naa mɔnukpɔkpɔ wo be woade dzi ƒo na wo nɔewo ahado gbe ɖa ɖekae. Christina, si nye Canadatɔ aɖe si ƒe ame vevi etɔ̃ ku ɖe wo nɔewo yome la, gblɔ be, “Zi ale si wole tetem ɖe woƒe kuɣi ŋu la, zi nenemae wohiãna gbedodoɖa ɖekae kple wo nɔvi Kristotɔwo.”

Ðe wòle be nàvɔ̃ na avifafa le wò ame vevi si ɖo kuɖo nu la ŋkumea? Ao. Ne efa avi la, mɔnukpɔkpɔe nye ema nam nèle wò zɔhɛ si ɖo kudo nu la be wòazu wò akɔfala. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Enye nu si wɔa dɔ ɖe ame dzi vevie be ame si ɖo kudo nu la nafa akɔ na ame, eye dɔnɔa bua esia mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe ŋutɔ.” (The Needs of the Dying) Ne ame sia si ame bubuwo lé be na ʋuu la ŋutɔ hã va le akɔ fam na ame bubuwo la, esia nana wòkpɔnɛ dzea sii be yenye xɔlɔ̃, vifofo, alo vidada si tsɔa ɖe le eme na ame.

Ðewohĩ nanewo ate ŋu axe mɔ na wò be mànɔ wò ame vevia si ɖo kudo nu la gbɔ hafi wòaku o. Ke hã, ne èdzɔ be ète ŋu le egbɔ le ɣeyiɣi mawo me, eɖanye le kɔdzi alo le aƒe me o, la, dze agbagba nàlé eƒe asi ɖe asi va se ɖe esime wòamia nu. Ɣeyiɣi mamlɛ siawo nye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàɖe seselelãme siwo ƒãa hafi nàɖe wo gblɔ la agblɔ na wò ame vevi si ɖo kudo nu la. Ne wɔna vɔ le amea ŋu kura gɔ̃ hã la, megana esia naxe mɔ na wò be nàdo kpo babayi dodo nɛ ahaɖe wò lɔlɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ be yeagava kpɔe ake le tsitretsitsia me agblɔ nɛ o.—Hiob 14:14, 15; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Ne èwɔ ɣeyiɣi mamlɛ siawo ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu la, àƒo asa na fɔbuameɖokui ƒe seselelãmewo emegbe. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi mawo siwo me nu tena ɖe ame dzi vevie le la ate ŋu ava nye esiwo ŋu bubu ate ŋu ahe akɔfafa vae na wò le etsɔ me. Ne èwɔ esiawo katã la, aɖee afia be yenye xɔlɔ̃ vavã “le hiã me.”—Lododowo 17:17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Ne wò susu le amea ŋutɔ dzi, ke menye dɔlélea o la, aɖe vi na wò ŋutɔ kple wò ame vevi si le dɔa lém la siaa

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nane Si Nana Wodea Bubu Dɔnɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋu

Le dukɔ geɖewo me la, wodzea agbagba be woade bubu gome si le dɔnɔ si be wòaku le ŋutifafa kple bubu me la ŋu. Dɔnɔ ƒe didiwo le atikewɔwɔ me ŋuti nuŋlɔɖi wɔwɔ da ɖi nye kpekpeɖeŋunu vevi aɖe ŋutɔ le bubudede dɔnɔwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu me, eye wònana hã be woaɖe mɔ na wo be woaku le aƒe me loo, alo le dɔnɔdzikpɔƒe.

Akpa vevi siwo dɔnɔ ƒe didiwo le atikewɔwɔ me ŋuti nuŋlɔɖi wɔnae nye:

• Ana dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nanɔ ɖɔktawo kple ƒometɔwo dome

• Ana ƒomea navo tso nyametsotso sesẽwo wɔwɔ me

• Eɖea atikewɔwɔ siwo mehiã o, esiwo wɔwɔ sesẽ, esiwo xɔasi, kple esiwo dɔnɔa madi o, la ƒe hloloetsotso dzi kpɔtɔ

Dɔnɔ ƒe didiwo le atikewɔwɔ me ŋuti nuŋlɔɖi alɔ nyatakaka siwo gbɔna ɖe eme:

• Ame si nye ameteƒenɔla le atikewɔnyawo me ƒe ŋkɔ

• Atikewɔmɔnu siwo nàdi be woazã na ye kple esiwo màdi o ne eva dzɔ be womate ŋu awɔ naneke le wò nɔnɔmea ŋu o

• Ne anya wɔ la, ɖɔkta si nya nu tso tiatia siwo nèwɔ ŋu la ƒe ŋkɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Na wò susu nanɔ ame si wònye ŋutɔŋutɔ kple nu siwo wòwɔ le agbe me la ŋu, ke menye nɔnɔme si me wòle fifia o