Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Mawu mezãa dzɔdzɔmefɔkuwo tsɔ hea to na ame maɖifɔwo o. Mewɔe kpɔ o, eye mawɔe gbeɖe hã o. Nu ka tae? Elabena Biblia gblɔ le 1 Yohanes 4:8 be, “Mawu nye lɔlɔ̃.”

Lɔlɔ̃e ʋãa Mawu wòwɔa nu sia nu. Lɔlɔ̃ mewɔa nuvevi ame maɖifɔwo o, elabena Biblia gblɔ be “Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe ame havi ŋu o.” (Romatɔwo 13:10) Biblia gblɔ le Hiob 34:12 be: “Nyateƒee, Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o.”

Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe ɖi be afɔkuwo, abe ‘anyigbaʋuʋu gãwo’ ene, adzɔ le míaƒe ŋkekeawo me. (Luka 21:11) Gake ale si ko ne yamenutome ƒe nɔnɔme gblɔɖila gblɔ be ya ʋuduʋuduwo gbɔna ƒoƒo ge eye wòva eme nenema mefia be eya gbɔe wòtso o la, nenema kee menye Yehowa gbɔe dzɔdzɔmefɔkuwo tso o. Ne menye Mawu gbɔe fukpekpe siwo dzɔdzɔmefɔkuwo hena vanɛ na amegbetɔwo la tso o la, ke ame ka gbɔe wotso?

Biblia ɖee fia be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la [Satana Abosam] ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Amewulae wònye tso eƒe aglãdzedze le ameƒomea ƒe gɔmedzedze me ke va se ɖe míaƒe ŋkekea me. (Yohanes 8:44) Satana medea asixɔxɔ aɖeke amegbetɔ ƒe agbe ŋu o. Ðokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖe eyama me, eya ta mewɔ nuku o be eɖo xexemenuɖoanyi si doa ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ ɖe ŋgɔ la anyi. Le egbe ƒe xexemenuɖoanyia me la, amewo tafaa wo nɔewo ale gbegbe be wonaa wɔnamanɔŋutɔwo va tsoa aƒe ɖe teƒe siwo dzɔdzɔmefɔku loo, alo esiwo tso amegbetɔ ƒe nuwɔnawo gbɔ ate ŋu adzɔ le bɔbɔe. (Efesotɔwo 2:2; 1 Yohanes 2:16) Eya ta ele be afɔku siwo dzɔna ɖe amewo dzi la ƒe fɔbubua ƒe ɖe nayi na amegbetɔ ŋuklẽlawo. (Nyagblɔla 8:9) Nu ka tae?

Nukutɔe la, amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔe afɔku gbogbo aɖewo tsona. Le kpɔɖeŋu me, bu ahom sesẽ kpakple tsiɖɔɖɔ si gblẽ nu le Amerika ƒe du si nye New Orleans me, alo ale si ba gbogbo aɖe ɖiɖi tso to siwo le Venezuela ƒe ƒutanutowo me dzi va tsrɔ̃ aƒe siwo le balia me la dzi ŋu kpɔ. Zi geɖe le nudzɔdzɔ siawo kple bubuwo me la, dzɔdzɔmenuwo, abe ya kple tsidzadza ene, va zua afɔku gblẽnuwo le amegbetɔwo ƒe numanyamanya tso woƒe nutowo me ŋu, xɔtuɖaŋu maɖɔʋuwo zazã, ɖoɖo nyui mawɔmawɔ, nuxlɔ̃amenyawo dzi mawɔmawɔ, kple dziɖuɖumegãwo ƒe vodadawo ta.

Bu afɔku aɖe si dzɔ esime Yesu nɔ anyigba dzi ŋu kpɔ. Ɣemaɣi la, xɔ kɔkɔ aɖe mu le vo me hewu ame 18 sɔŋ. (Luka 13:4) Afɔku sia ate ŋu atso amegbetɔwo ƒe vodada, “azãgbe kple nuɖiɖeame,” alo evea siaa gbɔ. Gake kakaɖedzitɔe la, menye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃e wònye o.—Nyagblɔla 9:11.

Gake ɖe Mawu ŋutɔ na afɔku aɖe dzɔ kpɔa? Ɛ̃, gake to vovo na dzɔdzɔmefɔkuwo alo esiwo tso amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔ la, afɔku siwo tso Mawu gbɔ metsrɔ̃ ame nyuiwo kple ame vɔ̃wo siaa o, tameɖoɖo aɖe nɔ wo ŋu, eye ƒãa hafi wodzɔna. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu evee nye Tsiɖɔɖɔ si ɖe xexea me katã le blemafofo Noa ƒe ŋkekeawo me, kple tsɔtsrɔ̃ si va Sodom kple Gomora duawo dzi le Lot ƒe ŋkekeawo me. (1 Mose 6:7-9, 13; 18:20-32; 19:24) Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mawo tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo gbe dzimetɔtrɔ la ɖa, gake Mawu kpɔ ame dzɔdzɔewo ya ta wotsi agbe.

Le nyateƒe me la, ŋutete kple ŋusẽ le Yehowa Mawu si be wòahe fukpekpewo katã ava nuwuwu ahana gbɔdzɔe amegbetɔwo tso dzɔdzɔmefɔkuwo me, eye edi vevie be yeawɔe hã. Psalmo 72:12 gblɔ ɖi tso Fia, Yesu Kristo, si Mawu ŋutɔ ɖo la ŋu be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la.”