Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae ami ʋeʋĩ si Maria zã la xɔ asi nenema gbegbe ɖo?

Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, Maria, Lazaro nɔvinyɔnu la, tsɔ “alabastrogoe, si me ami ʋeʋĩ aɖe le, si nye nardomi akuakua, si xɔ asi ŋutɔ la, va do,” eye wòkɔe ɖe Yesu ƒe tame. (Marko 14:3-5; Mateo 26:6, 7; Yohanes 12:3-5) Marko kple Yohanes ƒe nuŋlɔɖiawo gblɔ be ami ʋeʋĩ sia ƒe homee nye denario 300—si anɔ abe dɔwɔla ƒe ƒe ɖeka ƒe dɔwɔfetu ene.

Afi kae wowɔ ami ʋeʋĩ sia le? Wobui be nu miemie sue aɖe (Nardostachys jatamansi), si ʋẽna lilili, si miena ɖe Himalaya Tonutowo me lae wotsɔ wɔa ami ʋeʋĩ sia si ŋu woƒo nu tso le Biblia me. Zi geɖe la, amewo tsɔa nu bubuwo tsakana ami ʋeʋĩ xɔasi sia alo wɔa eƒomeviwo tsɔ flua amee. Gake Marko kple Yohanes siaa zã nya si nye “nardomi akuaku.” Nyateƒe si wònye be ami ʋeʋĩ sia xɔ asi ŋutɔ la ɖee fia be anye keke India kee wòwɔe le.

Nu ka tae Marko ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be ɖe Maria ‘gbã alabastrogoe la’? Zi geɖe la, alabastrogoe ƒe kɔme nɔna lɛɛ ale be woate ŋu atu enu ale gbegbe be ʋeʋẽ lililia manɔ dodom o. Alan Millard ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Yesu ƒe ɣeyiɣia me nuzazã siwo ŋu woke ɖo ŋu la me be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be míakpɔ ale si nyɔnu ma atsɔ dzidzɔ blibo aŋe [goea ƒe kɔ], eye megbɔ dzi ɖi be yeaʋui o, ahatrɔ ami ʋeʋĩa katã le eme enumake la le susu me.” (Discoveries From the Time of Jesus) Esia na míese nu si tae “ami la ƒe ʋeʋẽ lilili xɔ aƒea me katã” la gɔme. (Yohanes 12:3) Nunana xɔasi aɖe ŋutɔe wònye vavã, eye wòsɔ nyuie hã ŋutɔ. Nu ka tae? Ŋkeke ʋɛ aɖewo koe nye ema va yi esi Yesu fɔ nyɔnu sia si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la nɔviŋutsu Lazaro, si wòlɔ̃na vevie la, ɖe tsitre tso ku me.—Yohanes 11:32-45.

Yerixo—dugã ɖekae loo, alo dugã eve yea?

Mateo, Marko, kple Luka siaa ŋlɔ nu tso Yesu ƒe dɔdada na ame aɖe nukutɔe le teƒe aɖe si gogo Yerixo la ŋu. (Mateo 20:29-34; Marko 10:46-52; Luka 18:35-43) Mateo kple Marko siaa gblɔ be esi Yesu nɔ “go dom” le Yerixo lae wòwɔ nukunu ma. Gake Luka ya gblɔ be nu sia dzɔ esime Yesu nɔ Yerixo “gogom.”

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, dugã ɖekae woyɔna be Yerixo loo, alo dugã eve yea? Numekugbalẽ aɖe ɖo eŋu be: “Kaka va ɖo ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la, wogbugbɔ tso Yerixo dua ɖe teƒe si didi tso tsãtɔa gbɔ abe meta 1,600 lɔƒo ene le du xoxoa ƒe anyiehe gome. Herodes Gãtɔ tu vuvɔŋɔlifiasã ɖe afi ma.” (Bible Then & Now) Woɖo kpe esia dzi le Biblia ŋutinya gbalẽ aɖe me be: “Du eve ƒokplie Yerixo nye le Yesu ƒe ɣeyiɣia me. . . . Xoxotɔa si nye Yudatɔwo tɔ la didi tso yeyea si nye Romatɔwo tɔ la gbɔ abe meta 1,600 ene.”

Eya ta Yesu anya wɔ nukunua esime wònɔ go dom le Yudatɔwo ƒe du la me henɔ Romatɔwo ƒe dua gogom loo, alo enɔ go dom le Romatɔwo tɔ me henɔ Yudatɔwo tɔ gogom. Eme kɔ ƒãa be ale si nɔnɔmeawo nɔ esime woŋlɔ nya siawo ɖii la nyanya kpe ɖe mía ŋu míese nya siwo dze abe ɖe wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ene la gɔme.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Alabastrogoe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Réunion des Musées Nationaux/Art Resource, NY