Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

Le Braɖa, July 17, 2007, ƒe fiẽ me, anɔ abe ga adre ene la, yameʋu aɖe tra ɖa tso mɔ gbadza si dzi yameʋuwo hona le le Brazil ƒe yameʋudzeƒe si amewo sɔa gbɔ le fũu le São Paulo dua ƒe titina la dzi. Yameʋu la tso ʋumɔ gã aɖe heyi ɖage ɖe agbadzraɖoƒe aɖe me. Ame 200 aɖewoe ku le afɔkua me.

YAMEƲUFƆKU sia si wogblɔna be eyae nye sesẽtɔ si dzɔ le Brazil kpɔ la madzo le ame siwo ƒe ame veviwo tsi eme la ƒe susu me gbeɖe o. Ame siwo ƒe ame veviwo tsi afɔku sia me la dometɔ ɖekae nye Claudete. Enɔ television kpɔm ɣemaɣi esi wòse nu tso yameʋufɔkua ŋu. Viaŋutsu si ŋkɔe nye Renato hã nɔ yameʋua me. Exɔ ƒe 26 ko. Ewɔ ɖoɖo be yeaɖe srɔ̃ le October me. Claudete yɔe le eƒe asitelefon dzi ʋuu do kpoe. Vidada sia mu dze anyi henɔ avi fam hehehe, eye woble enu do kpoe.

Antje ƒe ŋugbetɔ ku le ʋufɔku dziŋɔ aɖe me le January 1986 me. Esi wòse afɔkua ŋu nya la, etɔtɔ le eɖokui me ale gbegbe. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, nyemexɔe se kura o. Mesusui be drɔ̃e vɔ̃ aɖe ko kumee menɔ, eye be manyɔ enumake ahakpɔe be menye nyateƒee o. Menɔ dzodzom nyanyanya, eye mese veve helĩhelĩ abe ɖe ame aɖe tu kɔ dɔme nam ene.” Antje lé blanuiléledɔ le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Togbɔ be afɔkua dzɔ ƒe 20 aɖewoe nye esi va yi hã la, egakpɔtɔ dzona nyanyanya ne eɖo ŋku nudzɔdzɔ ma dzi.

Míate ŋu atsɔ nyagbewo dzaa ko aɖɔ ale si ame ƒe ame vevi aɖe ƒe ku le vome nana wotɔtɔna, tsia yaa, bua mɔkpɔkpɔ, eye wònaa ame meganɔa eɖokui me o la wòade edeƒe o. Ke hã, amewo gaxaa nu vevie kokoko ne edze kɔte be woƒe ame vevi aɖe aku gɔ̃ hã, abe ale si wòate ŋu anɔ ne amea dze dɔ ɣeyiɣi didi aɖe ene. Aleke kee wòɖale o, amewo xaa nu godoo. Nanci dada lé dɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe hafi ku le ƒe 2002 me. Ke hã, gbe si gbe dadaa ku la, Nanci nɔ anyi ɖe anyigba le kɔa dzi, eye wòtɔtɔ vevie. Ðeko wònɔ nɛ abe viɖe aɖeke megale agbea ŋu o ene. Ƒe atɔ̃ aɖewoe nye esia va yi, gake egafaa avi kokoko ne eɖo ŋku dadaa dzi.

Ðɔkta Holly G. Prigerson gblɔ be: “Amewo meŋlɔa woƒe ame veviwo ƒe ku be gbeɖegbeɖe o, ɖeko woƒe susu dzona le edzi vie.” Ne wò ame vevi aɖe ku le vome loo alo ɖe wòlé dɔ hafi ku o, àbia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòsɔ be maxa nua? Aleke wòanya wɔ be manɔ te ɖe nye ame vevi aɖe ƒe ku nui? Ðe magakpɔ nye ame vevi la akea?’ Míadzro biabia siawo kple bubu siwo anya nɔ asiwò la me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

EVERTON DE FREITAS/AFP/Getty Images