Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Kluvinyɔnuvi!”

“Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Kluvinyɔnuvi!”

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

“Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Kluvinyɔnuvi!”

MARIA ke ŋku ɖi nɔ nu kpɔm gãa esime amedzro la ge ɖe woƒe aƒea me. Amedzroa mebia Maria fofo alo dadaa ta o. Etae wòva ɖo! Eka ɖe edzi be menye Nazarettɔ ye amedzroa nye o. Le woƒe du sue ma me la, wokpɔa amedzrowo dzea sii bɔbɔe. Afi sia afi si ŋutsu sia ayi la, woakpɔe be amedzroe wònye. Eƒo nu na Maria le mɔ aɖe si to vovo kura nu, egblɔ nɛ be: “Medo gbe na wò, wò ame si nu wove ŋutɔ, Yehowa li kpli wò.”—Luka 1:28.

Aleae Biblia ɖe Maria, Heli vinyɔnu, si tso Nazaret si le Galilea la fia míi. Le mɔ aɖe nu la, esia dzɔ esime nyametsotso vevi aɖe wɔwɔ dze ŋgɔe. Wodo eƒe ŋugbe na atikpala Yosef—menye kesinɔtɔe ŋutsu sia nye o, gake enye ŋutsu nuteƒewɔla aɖe. Eya ta edze abe wowɔ ɖoɖo ɖe Maria ƒe agbe ŋu xoxo ene. Anɔ agbe tsɛ, akpe asi ɖe Yosef ŋu abe srɔ̃nyɔnu ene, eye woadzi viwo ahakpɔ wo dzi ɖekae. Kasia la, amedzro sia xɔ dɔdeasi bubu aɖe tso eƒe Mawu gbɔ vae nɛ, eye dɔdeasi sia atrɔ eƒe agbenɔnɔ.

Awɔ nuku na wò be nàsee be Biblia megblɔ nya boo aɖeke na mí tso Maria ŋu o. Megblɔ nya boo aɖeke tso ƒome si me wòtso, eƒe amenyenye, alo eƒe dzedzeme kura gɔ̃ hã ŋu o. Ke hã, nya siwo Mawu ƒe Nya la gblɔ tso eŋu la ɖe ame si ƒomevi wònye la fia mí kɔte.

Be míanya Maria nyuie la, ahiã be míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu nu vovovo siwo subɔsubɔhawo fiana tso eŋu. Eya ta míaƒo nu tso eƒe “dzedzeme” gbogbo siwo wotana, esiwo wowɔna kple kpe ɣi zɔzrɔ̃ewo, alo esiwo wowɔna ɖe gli ŋu, la ŋu o. Míaƒo nu tso mawuŋununya kple sɔlemenufiafia siwo gɔme sese sesẽna siwo me wodaa dzesideŋkɔwo abe “Mawu ƒe Nɔ” kple “Dziƒo Fianyɔnu” ene ɖe nyɔnu ɖokuibɔbɔla sia dzi la hã ŋu o. Mina míatrɔ susu ɖe nu si tututu Biblia fia mí tso eŋu la ŋu boŋ. Biblia na míenya nu vevi geɖe ku ɖe eƒe xɔse ŋu hefia ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe xɔsee la mí.

Mawudɔla Aɖe Va Srãe Kpɔ

Abe ale si nànyae ene la, Maria ƒe amedzroa menye amegbetɔ dzro aɖe ko o. Mawudɔla Gabriel ye. Esi wòyɔ Maria be enye “ame si nu wove ŋutɔ” la, “eɖi vo ŋutɔ le nya la ŋuti,” eye wòte eɖokui biabia be, gbedoname ka ƒomevie esia anya nye mahã. (Luka 1:29) Ame kae ve enu ŋutɔ? Maria menɔ mɔ kpɔm be amegbetɔ aɖeke nave ye nu o. Gake mawudɔla la nɔ nu ƒom tso Yehowa Mawu ƒe amenuveve ŋu. Ema nɔ vevie na Maria ŋutɔ. Ke hã, mesusui dadatɔe be Mawu ve ye nu xoxo o. Ne míeʋlina be Mawu ƒe amenuveve nasu mía si eye míesusunɛ ɖokuidodoɖedzitɔe be esu mía si xoxo o la, míasrɔ̃ nu vevi aɖe si gɔme ɖetugbui Maria va se bliboe la. Mawu tsia tsitre ɖe ɖokuidoɖedzilawo ŋu, gake elɔ̃a ɖokuibɔbɔlawo, eye wòkpena ɖe wo ŋu.—Yakobo 4:6.

Ahiã be ɖokuibɔbɔ ma tɔgbi nanɔ Maria si, elabena mawudɔla la tsɔ mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ aɖe ɖo eŋkume. Eɖe eme nɛ be adzi vi aɖe si ava nye amegbetɔ vevitɔ kekeake. Gabriel gblɔ be: “Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anae, eye wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Kakaɖedzitɔe la, Maria nya nu tso ŋugbe si Mawu do na David ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ ye nye ma va yi la ŋu—si nye be eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka aɖu fia tegbee. (2 Samuel 7:12, 13) Eya ta Maria ƒe viŋutsu lae ava nye Mesia si Mawu ƒe amewo nɔ mɔ kpɔm na ƒe alafa geɖewoe nye ema la!

Gawu la, mawudɔla la gblɔ nɛ be woayɔ viaŋutsua be “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi.” Aleke nyɔnu si nye amegbetɔ ate ŋu adzi Mawu ƒe Vi? Aleke Maria ate ŋu awɔ adzi vi kura ya? Wodo eƒe ŋugbe na Yosef, gake womeɖe wo nɔewo haɖe o. Maria bia nya sia anukwaretɔe be: “Aleke nu sia adzɔe, esi wònye nyemedɔ kple ŋutsu aɖeke kpɔ o?” (Luka 1:34) De dzesii be mekpe ŋu na Maria be wòagblɔ be yemenya ŋutsu o. Ðe ema teƒe la, ede asixɔxɔ eƒe dzadzɛnyenye le agbenɔnɔ gome ŋu. Egbea la, sɔhɛ geɖewo dina vevie be yewoatsɔ yewoƒe ɖetugbui nɔaƒe nyenye aƒu gbe, eye woɖua fewu le ame siwo mewɔnɛ o la ŋu ne wonya see ko. Xexea trɔ nyateƒe! Gake Yehowa ya metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Mawu gadea asixɔxɔ ame siwo léa agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi la ŋu, abe ale si wòwɔe le Maria ƒe ŋkekeawo me ene.—Hebritɔwo 13:4.

Togbɔ be Maria nye Mawu subɔla wɔnuteƒe hã la, enye ame madeblibo. Ekema aleke wòate ŋu adzi vi deblibo, si nye Mawu ƒe Vi la? Gabriel ɖe eme be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Le esia ta, woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.” (Luka 1:35) Nu kɔkɔe nye “nu si ŋuti kɔ,” “nu si le dzadzɛ,” “nu si woɖe ɖe vovo.” Zi geɖe la, amegbetɔwo tsɔa woƒe nu vɔ̃ me nyenye makɔmakɔ la dzia wo viwoe. Gake le nya sia me la, Yehowa awɔ nukunu tɔxɛ aɖe. Atrɔ Via ƒe agbe tso dziƒo ava de Maria ƒe vidzidɔ me, eye wòazã eƒe dɔwɔŋusẽ alo gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ “ado vɔvɔli” ɖe Maria dzi, si akpɔ ɖevia ta be nu vɔ̃ nagaɖi ɖe eŋu o. Ðe Maria xɔ mawudɔla la ƒe ŋugbedodoa dzi sea? Aleke wòwɔ nui?

Ale Si Maria Wɔ Nu Ðe Gabriel Ƒe Nya La Ŋui

Esesẽna na ɖikelawo, siwo dome Kristodukɔa ƒe mawunyaŋununyalawo hã le la, be woaxɔe ase be ame aɖe si menya ŋutsu o nate ŋu adzi vi. Togbɔ be wonya agbalẽ ale gbegbe hã la, womete ŋu se nyateƒenya bɔbɔe aɖe gɔme o. Abe ale si Gabriel gblɔe ene la, “Mawu magblɔ nya aɖeke wòado kpo emevava o.” (Luka 1:37) Maria xɔ Gabriel ƒe nyawo dzi se be wonye nyateƒe, elabena enye ɖetugbui aɖe si si xɔse sẽŋu nɔ. Ke hã, eƒe xɔsea menye nu sia nu ko dzi xɔxɔ se o. Abe ale si wòanɔ le ame butame ɖe sia ɖe gome ene la, Maria hiã na kpeɖodzi siwo dzi wòatu eƒe xɔsea ɖo. Gabriel nɔ klalo be yeana kpeɖodzi bubu mawoe. Egblɔ Maria ƒe ƒometɔ tsitsi Elisabet, si wonya ɣeyiɣi didi aɖe be enye konɔ la, ŋu nya nɛ. Gake Mawu na wòfɔ fu nukutɔe!

Fifia, nu kae Maria awɔ? Eƒe dɔdeasia nɔ eŋgɔ, eye kpeɖodziwo hã su esi be Mawu le wɔwɔ ge ɖe nu siwo katã Gabriel gblɔ la dzi. Mele be míabui be mɔnukpɔkpɔ sia meɖo vɔvɔ̃ nɛ alo be menye kuxi aɖeke nɛ o. Gbã la, ele be wòabu woa kple Yosef dome ŋugbedodoa ŋu. Aleke woawɔ aɖe wo nɔewo ne ŋutsua va nya nu tso eƒe fufɔfɔa ŋu? Nu bubue nye be dɔdeasia ŋutɔ hã ate ŋu adze agbanɔamedzi sesẽ aɖe ŋutɔ. Enɔ nɛ be Mawu ƒe nuwɔwɔ vevitɔ kekeake—si nye Via malɔ̃nugbɔa—ƒe fu nanɔ eƒo! Enɔ nɛ be wòakpɔ ɖevia dzi ne eva dzii wònye vidzĩ wɔnamanɔŋutɔ, eye wòakpɔ eta le xexe vɔ̃ɖi aɖe me. Nyateƒee, agbanɔamedzi gã aɖee nye ema!

Biblia ɖee fia be ŋutsu kalẽtɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã he ɖe megbe le dɔdeasi sesẽ siwo tso Mawu gbɔ la xɔxɔ ŋu ɣeaɖewoɣi. Mose he nya be yemebi ɖe nuƒoƒo me ate ŋu anye Mawu ƒe nyanuɖela o. (2 Mose 4:10) Yeremiya gblɔ be ‘yemetsi o,’ ɖevi ko yenye yemate ŋu axɔ dɔdeasi si Mawu tsɔ na ye la o. (Yeremiya 1:6) Eye Yona si le eƒe dɔdeasia nu! (Yona 1:3) Ke Maria ya ɖe?

Amewo gakpɔtɔ ƒoa nu tso ɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo si dze le eƒe nyawo me ŋu va se ɖe egbe. Egblɔ na Gabriel be: “Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe kluvinyɔnuvi menye! Neva eme nam le wò nya la nu.” (Luka 1:38) Kluvinyɔnuvi nye aƒemesubɔviwo dometɔ si le tsɛ wu; eƒe agbe katã le eƒe aƒetɔ ƒe asi me. Nenemae Maria se le eɖokui me ɖe eƒe Aƒetɔ Yehowa ŋu. Enyae be yele dedie le eƒe asiwo me, eye be ewɔa nuteƒe na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ, eye ayra ye ne yewɔ nu sia nu si yeate ŋui le agbanɔamedzi sesẽ sia tsɔtsɔ me.—Psalmo 18:26.

Ɣeaɖewoɣi la, Mawu biaa nanewo tso mía si siwo dzena na mí abe nu siwo sesẽ akpa, alo nu siwo manya wɔ o ene. Gake ena kpeɖodzi gbogbo aɖewo mí le eƒe Nya la me siwo ta míate ŋu aka ɖe eya amea dzi ahatsɔ mía ɖokuiwo ade eƒe asiwo me abe ale si Maria wɔe ene. (Lododowo 3:5, 6) Ðe míalɔ̃ awɔea? Ne míewɔe la, aɖo eteƒe na mí, eye esia ana míakpɔ susu siwo tae wòle be míaxɔ eya amea dzi ase geɖe wu ɖo.

Eyi Ðasrã Elisabet Kpɔ

Gɔmesese vevi aɖe nɔ nya siwo Gabriel gblɔ tso Elisabet ŋu la ŋu na Maria. Nyɔnu siwo katã le xexea me la dometɔ kae ate ŋu ase eƒe nɔnɔmea gɔme nɛ nyuie wu? Maria wɔ kaba yi du aɖe si le Yudea ƒe tonuto aɖe me, si anɔ abe ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe mɔzɔzɔ ene, la me. Esi Maria ge ɖe Elisabet kple nunɔla Zaxariya ƒe aƒe me la, Yehowa gana kpeɖodzi sẽŋu bubu aɖewoe si gado ŋusẽ eƒe xɔse ɖe edzi. Esi Elisabet se Maria ƒe gbedoname ko la, ɖevi si nɔ eƒe dɔ me la ho kple dzidzɔ. Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, eye wòyɔ Maria be, “nye Aƒetɔ dada.” Mawu ɖee fia Elisabet be Maria ƒe via ava zu eƒe Aƒetɔ, si nye Mesia la. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòkafu Maria ɖe eƒe toɖoɖo nuteƒewɔwɔtɔe ta hegblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye nyɔnu si xɔe se hã.” (Luka 1:39-45) Ɛ̃, nu sia nu si ƒe ŋugbe Yehowa do na Maria la ava eme!

Emegbe Maria ƒo nu. Wokpɔ eƒe nyawo ta nyuie heŋlɔ wo ɖe Luka 1:46-55 me. Esiae nye Maria ƒe nuƒo si didi wu si woŋlɔ ɖi ɖe Biblia me, eye wòɖe nu geɖe fia ku ɖe eŋu. Eɖe akpedada kple ŋudzedzekpɔkpɔ fia esime wòkafu Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònae be wòazu Mesia la dada ta. Eɖe xɔse si gbegbe nɔ esi la fia, esime wògblɔ be Yehowa bɔbɔa dadalawo kple ŋusẽtɔwo ɖe anyi, eye wòkpena ɖe ɖokuibɔbɔlawo kple ame dahe siwo dina be yewoasubɔe la ŋu. Ena míekpɔ sidzedze si gbegbe nɔ esi la hã. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be, eyɔ nya siwo wu 20 tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me!

Eme kɔ ƒãa be Maria de ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu vevie. Ke hã, eyi edzi bɔbɔ eɖokui, eye wòzã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe eƒe nɔnɔmea me tsɔ wu be wòazã eya ŋutɔ ƒe susu. Ðevi si nɔ tsitsim le eƒe dɔ me hã va ɖe nɔnɔme ma ke fia emegbe hegblɔ be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe medea bubu ma tɔgbi Mawu ƒe Nya la ŋu hedea subɔsubɔ ƒe bubu deto eŋua? Alo ɖe melɔ̃a nye ŋutɔ nye susuwo alo nye nufiafiawo zazã?’ Ale si Maria aɖo nya sia ŋui la dze ƒãa.

Maria nɔ Elisabet gbɔ hena ɣleti etɔ̃, eye ɖikeke mele eme o be, wode dzi ƒo na wo nɔewo ale gbegbe. (Luka 1:56) Nyɔnu evea ɖo ŋku xɔlɔ̃ ƒe ame si nɔnɔ ƒe vevienyenye dzi na mí. Ne míedze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa mía Mawu la vavã la, kakaɖedzitɔe la, esia ana míatsi le gbɔgbɔ me eye míate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. (Lododowo 13:20) Gake ɣeyiɣia de mlɔeba be Maria natrɔ ayi aƒe. Nya kae Yosef agblɔ ne ese be efɔ fu?

Maria Kple Yosef

Anɔ eme godoo be Maria melala fua do hafi wògblɔe na Yosef o. Ðikeke mele eme o be enɔ nɛ be wòagblɔe nɛ. Do ŋgɔ la, anya nɔ ale si ŋutsu mawuvɔ̃la ɖɔʋu sia awɔ nui ne egblɔ nya sia nɛ la ŋu bum. Ke hã, ete ɖe eŋu hegblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe edzi la nɛ. Abe ale si nàte ŋu akpɔ mɔe ene la, nya sia sese na Yosef tɔtɔ vevie. Edi be yeaxɔ nyɔnuvi sia si wòlɔ̃na vevie la dzi se, gake nya si wògblɔ nɛ la nye nu madzɔkpɔ. Biblia megblɔ nu siwo va susu me na Yosef, alo ale si wòbu nya sia ŋui la na mí o. Gake Biblia gblɔ be edi be yeagbee, elabena wobua ame siwo le ŋugbedodo me ɣemaɣi la abe srɔ̃tɔwo ene. Ke hã, medi be yeado ŋukpee le gaglãgbe alo ana woahe to nɛ o, eya ta eɖoe be yeagbee le adza me. (Mateo 1:18, 19) Anya te ɖe Maria dzi ŋutɔ be wòakpɔ ŋutsu nyodɔme sia wòanɔ nu xam ɖe nu madzɔkpɔ sia ŋu. Ke hã, Maria medo dziku o.

Yehowa meɖe mɔ Yosef wɔ nu si wòsusu be eyae nye nyuitɔ la o. Mawudɔla aɖe gblɔ nɛ le drɔ̃e me be, nukunue Maria ƒe fufɔfɔa nye vavã. Esia anya na gbɔdzɔe Yosef ŋutɔ! Azɔ Yosef wɔ nu abe ale si Maria wɔ nu le gɔmedzedzea me ene—ewɔ nu wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔfiame. Eɖe Maria wòzu srɔ̃a, eye wònɔ dzadzraɖoɖi ɖe agbanɔamedzi tɔxɛ si nye Yehowa ƒe Vi la dzi kpɔkpɔ ŋu.—Mateo 1:20-24.

Anyo be srɔ̃tɔwo kple ame siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum nasrɔ̃ nu tso atsu kple asi sia siwo nɔ anyi ƒe 2,000 aɖewoe nye esia la ƒe ŋutinya me. Esi Yosef kpɔ nyɔnu si wòɖe yeye la wònɔ eƒe dɔwo wɔm henɔ via dzi kpɔm la, anya kpɔ dzidzɔ godoo be Yehowa ƒe dɔla fia mɔ ye. Yosef anya kpɔ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le nyametsotso veviwo wɔwɔ me ƒe vevienyenye adze sii. (Psalmo 37:5; Lododowo 18:13) Ðikeke mele eme o be eyi edzi ɖɔa ŋu ɖo henyoa dɔme le nyametsotsowɔwɔ abe ƒomea ƒe ta ene me.

Le go bubu me la, nya ta kae míate ŋu aƒo ku ɖe ale si Maria lɔ̃ faa be yeaɖe Yosef ŋu? Togbɔ be eƒe nya la gɔme sese sesẽ na Yosef le gɔmedzedzea me hã la, Maria gbɔ dzi ɖi na ŋutsu sia si ava nye ƒomea ƒe ta la. Kakaɖedzitɔe la, esrɔ̃ nu vevi aɖe tso esia me, eye wònye nufiame na nyɔnu Kristotɔ siwo li egbea hã. Mlɔeba la, nudzɔdzɔ siawo anya ɖe dzeɖoɖo faa anukwareɖiɖitɔe ƒe vevienyenye fia Yosef kple Maria.

Kakaɖedzitɔe la, srɔ̃tɔ yeye mawo dze woƒe srɔ̃ɖeɖea gɔme tso gɔmeɖoanyi nyuitɔ kekeake dzi. Wo ame avea siaa lɔ̃ Yehowa Mawu wu nu bubu ɖe sia ɖe, eye wodina vevie be yewoƒe nu nadze eŋu le yewoƒe agbanɔamedzi abe dzila nyui lébenamewo ene la tsɔtsɔ me. Ke hã, yayra geɖewo le wo lalam, eye woado go kuxi siwo lolo wu hã. Yesu, ame si atsi ava zu ame vevitɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ la, nyinyi ƒe mɔnukpɔkpɔ dze ŋgɔ wo.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Lɔlɔ̃ na Mawu ye nye srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmeɖoanyi nyuitɔ