Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔviŋutsu Aɖe Ƒe Dzikudodo

Nɔviŋutsu Aɖe Ƒe Dzikudodo

Na Sɔhɛwo

Nɔviŋutsu Aɖe Ƒe Dzikudodo

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be ye hã yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖia sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene. Na nudzɔdzɔa nanye nu ŋutɔŋutɔ na wò.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 4:1-12.

Le wò ŋutɔ wò nukpɔkpɔ nu la, aleke nàɖɔ Kain ƒe dzedzeme kple eƒe nɔnɔmee? Ke Habel ya ɖe?

․․․․․

‘Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ kawoe dze ƒãa le Kain ŋu, eye nu kawo mee esiawo dze le? (Galatiatɔwo 5:19-21)

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.—XLẼ KPUKPUI 4-7 AKE.

Vɔsawo koe Yehowa xɔ alo gbea, alo ɖe nu bubu aɖe hã nɔ nyaa me? (Lododowo 21:2)

․․․․․

Ɣeyiɣi kawo mee dzikudodo asɔ, gake nu ka tae menyo kura be “Kain bi dzi ŋutɔ” o?

․․․․․

Ɣekaɣie wòasɔ be woaʋã ŋu, gake nu ka tae mesɔ be Kain ya naʋã ŋu o? (1 Fiawo 19:10)

․․․․․

Nu kawoe Kain ate ŋu awɔ atsɔ ‘aɖu’ eƒe dzikudodo la dzi hafi?

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .

Dzikudodo.

․․․․․

Ŋuʋaʋã.

․․․․․

Ale si míate ŋu ‘aɖu’ dzodzro vɔ̃wo dzi.

․․․․․

NU KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU LE NUŊLƆÐI SIA ŊU, EYE NU KA TAE?

․․․․․