Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Gbe Kae Yesu Do?

Agbalẽnyalawo ƒe nu mesɔna le gbe si Yesu do esime wònɔ anyigba dzi la gome o. Ke hã, esime Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, edze kɔte be anya zã Hebrigbe ƒomevi aɖe kple Aramgbe ƒe gbetagbe aɖe. Esime Yesu va Nazaret le Galilea la, ege ɖe ƒuƒoƒe si nɔ afi ma la me, xlẽ nu tso Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa me, eye edze ƒãa be Hebrigbe mee woŋlɔ agbalẽ sia ɖo. Womegblɔ nya aɖeke si fia be Yesu ɖe akpa si wòxlẽ la me ɖe Aramgbe me o.—Luka 4:16-21.

Nufialagã G. Ernest Wright gblɔ tso gbe siwo wodona le Palestina esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la ŋu be: “Edze ƒãa be Helagbe kple Aramgbee nye gbe siwo amewo lɔ̃a dodo . . . Wonya Roma srafowo kple Roma megãwo be wodoa Latingbe, gake Yudatɔ siwo lé blema Yuda subɔsubɔ me ɖe asi la doa Hebrigbe ƒomevi aɖe ɣemaɣi.” Mewɔ nuku be nuŋɔŋlɔ si Pilato klã ɖe Yesu ƒe fuwɔametia ŋu la nɔ gbe etɔ̃ siwo nye Hebri, Latin, kple Hela me o.—Yohanes 19:20.

Alan Millard gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Kakaɖedzitɔe la, Roma nutomefiawo doa Helagbe le woƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eye Yesu anya ɖo nya siwo Pilato biae le ʋɔnudrɔ̃ƒea la ŋu le Helagbe me.” (Discoveries From the Time of Jesus) Togbɔ be Biblia megblɔe tẽe be nenemae wònɔ o hã la, eɖe dzesi be womegblɔ be nyagɔmeɖela aɖe nɔ nyawo gɔme ɖem le ʋɔnudrɔ̃ƒea o.—Yohanes 18:28-40.

Le nufialagã Wright ƒe nya nu la, “míate ŋu ato mɔ gobi aɖeke dzi anya ne [Yesu] tea ŋu doa Helagbe alo Latingbe o, gake ezã Aramgbe alo Hebrigbe aɖe si dzi Aramgbe kpɔ ŋusẽ ɖo si ame akpa gãtɔ dona la edziedzi le eƒe nufiafiadɔa me.”—Biblical Archaeology, 1962, axa 243.

Aleke gbegbe kpe siwo wotsɔ tu gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la loloe?

Esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ nu ƒom tso gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ŋu la, wogblɔ be: “Nufiala, kpɔ ɖa! Kpe kawo gbegbee nye esi, eye xɔ kawo gbegbee nye esi!” (Marko 13:1) Gake aleke gbegbe kpe mawo dometɔ aɖewo loloe?

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Fia Herodes gagbugbɔ Gbedoxɔ Toa tu wòlolo zi gbɔ zi eve wu esi nɔ anyi le Salomo ŋɔli. Enye gɔmeɖoanyi gãtɔ kekeake si amegbetɔwo ɖo anyi kpɔ le blema, edidi meta 480, eye wòkeke meta 280. Wogblɔ be xɔtukpeawo dometɔ aɖewo ƒe didime nye meta 11, woƒe kekeme nye meta 5, eye woƒe kɔkɔme nye meta 3. Xɔtukpe ʋɛ aɖewo ƒe kpekpeme wu tɔn 50. Ðeka aɖe gɔ̃ hã ƒe kpekpeme de tɔn 400 kloe, eye agbalẽnyalagã aɖe gblɔ be “ɖeke melolo de enu le teƒe aɖeke le blema o.”

Yesu ɖo eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyabiasea ŋu be: “[Miele] xɔtutu gã siawo kpɔma? Womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.” (Marko 13:2) Xɔtukpe gã mawo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le afi si Roma srafowo he wo hetutu wo ƒu anyi ɖo le ƒe 70 Mia Ŋɔli me la va se ɖe egbe.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Kpe siwo wotsɔ tu gbedoxɔa siwo wotutu ƒu anyi ɖe gbedoxɔ to la godo le Yerusalem