Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Magblẽ Eƒe Nuteƒewɔlawo Ði O

Yehowa Magblẽ Eƒe Nuteƒewɔlawo Ði O

Yehowa Magblẽ Eƒe Nuteƒewɔlawo Ði O

“[Yehowa] magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. [Àkpɔ] wo ta tegbee.”—PS 37:28.

1, 2. (a) Nudzɔdzɔ siwo do Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ kawoe yi edzi le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me? (b) Nɔnɔme etɔ̃ kawo mee Yehowa kpɔ eƒe nuteƒewɔlawo ta le?

ƑE ALAFA ewolia D.M.Ŋ. mee, eye wònye ɣeyiɣi si me wòle be Yehowa subɔlawo nawɔ nyametsotso vevi aɖe. Ne menye ɖe wova ɖe mɔ na Israel to siwo le dziehekpa dzi la me tɔ siwo adã ɖo mo na la be woanɔ wo ɖokui si o la, anye ne dukɔmeviʋa dzɔ le Israel. Woƒe fia, Yerobeam, si woɖo eteƒe medidi o la, va to subɔsubɔ yeye aɖe vɛ le dukɔa me be yeatsɔ ana yeƒe dziɖuŋusẽ nali ke. Edi tso eteviwo si be woabɔbɔ ɖe ye te bliboe. Nu kae Yehowa subɔla wɔnuteƒewo awɔ? Ðe woayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu si wodea ta agu na la? Ame akpe geɖewo wɔ nuteƒe, eye Yehowa kpɔ wo ta esime woyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.—1 Fia. 12:1-33; 2 Kron. 11:13, 14.

2 Egbea hã, wole Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ dom kpɔ. Biblia xlɔ̃ nu be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ. Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.” Ðe míate ŋu ‘atsi tsitre ɖe eŋu, ahanɔ te sesĩe le xɔse mea’? (1 Pet. 5:8, 9) Mina míadzro nu siwo dzɔ do ŋgɔ teti na Fia Yerobeam ɖoɖo zi dzi le ƒe 997 D.M.Ŋ. me kple eɖoɖo zia dzi megbe teti la me ahakpɔe ɖa be nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso wo me hã. Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, wote Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ɖe anyi. Enɔ na wo hã be woakpe akɔ kple xɔsegbelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo, eye le ɣeyiɣi mawo ke me la, wonɔ agbagba dzem nɔ woƒe dɔdeasi sesẽwo gbɔ kpɔm. Le nɔnɔme etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, Yehowa megblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi ɣemaɣi o, eye magblẽ wo ɖi egbea hã o.—Ps. 37:28.

Ne Wote Wo Ðe Anyi

3. Nu ka tae ameteteɖeanyi menɔ Fia David ƒe dziɖuɖua te o?

3 Mina míadzro nu siwo nɔ edzi yim hafi Yerobeam va zu fia la me. Lododowo 29:2 gblɔ be: “Ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ ɖua tse.” Le blema Israel Fia David ƒe dziɖuɣi la, dukɔa meɖu tse o. Menye ame debliboe David nye o, gake ewɔ nuteƒe na Mawu heɖo ŋu ɖe eŋu. David ƒe dziɖuɖua mete amewo ɖe anyi o. Yehowa bla nu kple David be: “Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.”—2 Sam. 7:16.

4. Nu kawo dzie yayra siwo me dukɔa se vivi le le Salomo ƒe dziɖuɣi la nɔ te ɖo?

4 Le David vi Salomo ƒe dziɖuɖu ƒe gɔmedzedze la, ŋutifafa xɔ aƒe ɖe Israel eye nu dze edzi na eteviwo ale gbegbe be woate ŋu agblɔ le ɣeyiɣi ma ŋu be enye vɔvɔli na ale si nuwo ava nɔ le Kristo Yesu Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. (Ps. 72:1, 17) Susu aɖeke menɔ anyi si tae Israel to 12-awo dometɔ aɖe nadze aglã o. Gake yayra siwo me Salomo kple eteviwo se vivi le la nɔ te ɖe nanewo dzi. Yehowa gblɔ na Salomo do ŋgɔ be: ‘Ne èzɔ le nye ɖoɖowo nu, èwɔ nye kɔnuwo dzi, eye nèlé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya, si megblɔ na fofowò David la, dzi na wò. Eye manɔ Israel viwo dome, eye nyemagblẽ nye dukɔ Israel ɖi o.’—1 Fia. 6:11-13.

5, 6. Nu kae do tso Salomo ƒe nuteƒemawɔmawɔ na Mawu me?

5 Esi Salomo tsi la, megava wɔ nuteƒe na Yehowa o, eye wòva nɔ gome kpɔm le alakpasubɔsubɔ me. (1 Fia. 11:4-6) Vivivi la, Salomo va gbe nu le Yehowa ƒe sewo gbɔ, eye wòva nɔ ŋuta sẽm le eteviwo ŋu vevie. Esẽ ŋuta le eteviwo ŋu ale gbegbe be le eƒe ku megbe gɔ̃ hã la, dukɔa gaƒo nu tso eƒe ameteteɖeanyia ŋu na via Rexabeam, si va xɔ ɖe eteƒe, eye wobia tso esi be wòana gbɔdzɔe yewo. (1 Fia. 12:4) Alekee Yehowa wɔ nui esime Salomo va zu nuteƒemawɔla?

6 Biblia gblɔ na mí be: ‘Yehowa do dɔmedzoe ɖe Salomo ŋu, elabena eƒe dzi trɔ ɖa le Israel ƒe Mawu la ŋu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve.’ Yehowa gblɔ na Salomo be: ‘Esi mèlé nye nubabla kple nye ɖoɖo, siwo megblɔ na wò la me ɖe asi o la, eya ta madu fiaɖuƒe la le asiwò ahatsɔ na wò dɔla.’—1 Fia. 11:9-11.

7. Togbɔ be Yehowa gbe Salomo hã la, alekee wòlé be na esubɔla wɔnuteƒewo?

7 Eya ta Yehowa dɔ nyagblɔɖila Axiya be wòaɖasi ami na ame aɖe si ava nye ɖela. Ðela mae nye Yerobeam, ŋutsu si dze nyuie eye wònye ame siwo wɔ dɔ na Salomo la dometɔ ɖeka. Togbɔ be Yehowa lé Fiaɖuƒe nubabla si wòwɔ kple David me ɖe asi hã la, eda asi ɖe edzi be woama Israel to 12-awo me. Woatsɔ to ewo ana Yerobeam, eye to eve asusɔ ɖi na David ƒe fiaƒomea, si teƒenɔlae Fia Rexabeam si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi la nye. (1 Fia. 11:29-37; 12:16, 17, 21) Yehowa gblɔ na Yerobeam be: ‘Nenye be, nèɖo to se, siwo katã mede na wò, eye nèzɔ nye mɔ dzi hewɔ nu si nyo le ŋkunye me, be nèlé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, abe ale si nye dɔla David wɔ ene la, ekema manɔ kpli wò, eye mado wò aƒe ɖe dzi, abe ale si mewɔe na David ene, eye matsɔ Israel na wò.’ (1 Fia. 11:38) Yehowa ɖe afɔ si ana gbɔdzɔe eƒe amewo tso ameteteɖeanyia me tsɔ xɔ na wo.

8. Nɔnɔme sesẽ kawoe ɖea fu na Mawu ƒe amewo egbea?

8 Ameteteɖeanyi kple madzɔmadzɔnyenye xɔ aƒe ɖe xexea me egbea. Nyagblɔla 8:9 gblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” Asitsatsa me ŋukeklẽ kple dunyahehe me nu fitifiti wɔwɔwo ate ŋu ahe gakuxi sesẽwo vae. Zi geɖe la, dziɖuɖumegãwo, asitsala xɔŋkɔwo, kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo meɖoa kpɔɖeŋu nyui aɖeke le agbe nyui nɔnɔ gome o. Eya ta abe ale si wònɔ le nuteƒewɔla Lot gome ene la, “sedzidalawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ atraɖii [ɖea] fu na” Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea la hã vevie ŋutɔ. (2 Pet. 2:7) Gawu la, esi míawo ya míedzea agbagba be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu le ŋutifafa me la, dziɖula sẽŋutawo tɔa ŋku mí hetia mía yome zi geɖe.—2 Tim. 3:1-5, 12.

9. (a) Afɔ kawoe Yehowa ɖe xoxo be yeatsɔ aɖe yeƒe amewo? (b) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu awɔ nuteƒe na Mawu tegbee?

9 Gake míate ŋu aka ɖe nyateƒenya vevi sia dzi bliboe be: Yehowa magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o! Wò ya bu afɔ siwo wòɖe xoxo be yeaɖɔ li dziɖula nu fitifiti wɔla siwo le xexea me egbea la ŋu kpɔ. Woɖo Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me la anyi xoxo. Yesu Kristo le dzi ɖum le dziƒo ƒe alafa ɖeka kloe enye esia. Eteƒe madidi o, ahe gbɔdzɔe blibo avae na ame siwo vɔ̃a Mawu ƒe ŋkɔ la. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 11:15-18.) Yesu ŋutɔ wɔ nuteƒe na Mawu yi ɖase ɖe ku me xoxo. Mava wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eteviwo ŋu abe ale si Salomo wɔe ene gbeɖe o.—Heb. 7:26; 1 Pet. 2:6.

10. (a) Alekee míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋu? (b) Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si?

10 Dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si ava ɖe ameteteɖeanyi ɖa keŋkeŋ lae Mawu Fiaɖuƒea nye. Ele be míanɔ Yehowa Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe nuteƒewɔwɔtɔe. Esi míeka ɖe Fiaɖuƒea dzi bliboe ta la, míegbea nu le xexea me ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo gbɔ heléa fɔ ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu veviedodotɔe. (Tito 2:12-14) Míedzea agbagba be míanɔ anyi ɖimaƒomaƒoe tso xexe sia me. (2 Pet. 3:14) Nɔnɔme sesẽ kawo mee míaɖato fifia o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ mía ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me. (Mixlẽ Psalmo 97:10.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Psalmo 116:15 na kakaɖedzi mí be, ‘Yehowa ƒe ame kɔkɔewo ƒe ku xɔ asi le eŋkume.’ Yehowa ƒe subɔlawo xɔ asi na eyama ale gbegbe be maɖe mɔ woƒe ƒuƒoƒo bliboa natsrɔ̃ o.

Ne Xɔsegbegbe Do Mo Ða

11. Alekee wòdzɔe be Yerobeam va zu nuteƒemawɔla?

11 Ðe wòle be Fia Yerobeam ƒe dziɖuɖua nahe gbɔdzɔe vae na Mawu ƒe amewo hafi. Gake ɖe eƒe nuwɔnawo gava do woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ boŋ. Esi bubu kple mɔnukpɔkpɔ si su Yerobeam si mesu nɛ o ta la, ete mɔ siwo dzi wòato ana ŋusẽ geɖe wu naɖo eƒe dziɖuɖua ŋu la didi. Egblɔ be: “Ne dukɔ sia le Yerusalem yim, be woaɖasa vɔ le Yehowa ƒe me la, ekema dukɔ sia ƒe dzi atrɔ ɖe eƒe aƒetɔ Yuda-fia Rexabeam ŋu, eye woawum ahatrɔ ayi Yuda-fia Rexabeam gbɔ.” Eya ta Yerobeam wɔ sikanyivi eve, siwo dzi wòto ɖo subɔsubɔ yeye aɖe anyi. ‘Etsɔ ɖeka ɖo Betel, eye wòtsɔ evelia ɖo Dan. Eye nu sia zu nu vɔ̃; eye dukɔ la yia ɖeka gbɔ le keke Dan ke. Etu nuxeƒewo, eye wòtsɔ dukɔ la ƒe ame sia ame ƒomevi, si metso Lewi viwo dome o la, ɖo nunɔlae.’ Yerobeam ŋutɔ ɖo “ŋkekenyuie na Israel-viwo” gɔ̃ hã, eye “wòde vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ.”—1 Fia. 12:26-33.

12. Nu kae Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ dziehefiaɖuƒea ƒe nutowo me la wɔ esime Yerobeam ɖo nyivisubɔsubɔ anyi le Israel?

12 Nu kae Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo le dziehefiaɖuƒea ƒe nutowo me la awɔ azɔ? Lewi vi siwo nɔ du siwo wotsɔ na wo me le dziehefiaɖuƒea ƒe nutowo me la ɖe afɔ si hiã la heheɖemegbemanɔmee hewɔ nuteƒe abe wo tɔgbi siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo ene. (2 Mose 32:26-28; 4 Mose 35:6-8; 5 Mose 33:8, 9) Wogblẽ woƒe domenyinuwo ɖi heʋu kple woƒe ƒomewo yi anyiehe le Yuda, afi si woate ŋu ayi woƒe tadedeagu na Yehowa dzi le kplamatsedonu aɖeke manɔmee. (2 Kron. 11:13, 14) Israel vi siwo yi Yuda do ŋgɔ be yewoanɔ afi ma hena ɣeyiɣi aɖe la tso nya me be yewoatsi afi ma, eye be yewomagatrɔ ayi yewo de o. (2 Kron. 10:17) Yehowa kpɔ egbɔ be mɔa nɔ ʋuʋu ɖi be, le dzidzime siwo ava va me la, dziehefiaɖuƒea me tɔ siwo ava gbe nu le nyivisubɔsubɔa gbɔ ahatrɔ ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu la nate ŋu ava Yuda.—2 Kron. 15:9-15.

13. Le egbeŋkekeawo me la, alekee xɔsegbelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi do Mawu ƒe amewo kpɔe?

13 Xɔsegbelawo kple woƒe ŋusẽ gbegblẽ siwo wokpɔna ɖe amewo dzi nye afɔku na Mawu subɔla siwo li egbea hã. Dukplɔla aɖewo ŋutɔ tee kpɔ be yewoaɖo Dukɔa ƒe subɔsubɔ mɔnu aɖe anyi, eye wozia wo teviwo dzi be woaxɔe ade eme. Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo kple ɖokuisinuwɔla aɖewo tee kpɔ be yewoawɔ yewo ɖokui gbɔgbɔmenunɔlawoe. Gake Kristotɔ vavãwo dome koe amesiamina adodoeawo, siwo nye “nunɔla siwo nye fiawo” la le.—1 Pet. 2:9; Nyaɖ. 14:1-5.

14. Alekee wòle be míawɔ nu ɖe xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo ŋu?

14 Abe ale si wònɔ le Lewi vi wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me gome ene la, Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea meɖe mɔ xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo flu wo o. Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ƒoa asa na xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo hegbea nu le wo gbɔ heheɖemegbemanɔmee. (Mixlẽ Romatɔwo 16:17.) Togbɔ be míelɔ̃na faa bɔbɔa mía ɖokui na dziɖuɖumegãwo le dukɔmewɔna aɖewo me eye míedea akpa aɖeke dzi le aʋawɔwɔwo me o hã la, Mawu Fiaɖuƒeae míewɔa nuteƒe na. (Yoh. 18:36; Rom. 13:1-8) Míegbea nu le ame siwo gblɔna be yewole Mawu subɔm evɔ wotoa woƒe nuwɔnawo dzi doa vloe la ƒe alakpanyawo gbɔ.—Tito 1:16.

15. Nu ka tae wòdze be míaku ɖe “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe?

15 Azɔ hã, bu nyateƒe si wònye be Yehowa le kpekpem ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be wole dodom le xexe vɔ̃ɖi sia me, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, hele gegem ɖe gbɔgbɔmeparadiso si wòɖo anyi me la ŋu kpɔ. (2 Kor. 12:1-4) Míatsɔ dzi siwo me yɔ fũu kple akpedada ayi edzi aku ɖe “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu, be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” la ŋu goŋgoŋ. Kristo ‘tsɔ kluvi sia ɖo eƒe nuwo katã nu.’ (Mat. 24:45-47) Eya ta ne mía dometɔ aɖe mese kluvi ƒe ha sia ƒe nyametsotso aɖe gɔme nyuie o gɔ̃ hã la, mele be ema nana míagbe edziwɔwɔ alo atrɔ ayi Satana ƒe xexea me o. Ðe eteƒe la, nuteƒewɔwɔ ana míawɔ nu le ɖokuibɔbɔ me ahakpɔ Yehowa si nu be wòava kɔ nuwo me.

Ne Wole Dɔ Siwo Mawu De Wo Si Wɔm

16. Dɔ kae wode asi na nyagblɔɖila aɖe si tso Yuda?

16 Yehowa bu fɔ Yerobeam ɖe eƒe xɔsegbegbe nuwɔnawo ta. Edɔ nyagblɔɖila aɖe wòzɔ mɔ tso Yuda yi Betel, le dziehe gome, wòɖa ke ɖe Yerobeam ŋu wònɔ dzadzram ɖo be yeasa vɔ le vɔsamlekpui si eya ŋutɔ wɔ la dzi. Enɔ na nyagblɔɖilaa be wòagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ aɖe na Yerobeam. Ðikeke mele eme o be dɔdeasi sesẽ aɖe ŋutɔe wònye.—1 Fia. 13:1-3.

17. Alekee Yehowa kpɔ eƒe ame dɔdɔa ta?

17 Esi Yerobeam se Yehowa ƒe fɔbuamegbedeasia la, edo dziku vevie ŋutɔ. Edo asi ɖe Mawu ƒe ame dɔdɔa gbɔ hedo ɣli gblɔ na ame siwo nɔ afi ma be: “Milée!” Gake kasia, hafi ame aɖe nade nane wɔ ge nyagblɔɖilaa la, “asi, si fiaa do ɖe egbɔ la, dze ti, eye mete ŋu gabii ɖe akɔ me o. Vɔsamlekpui la fe, eye afi la dudu tso vɔsamlekpui la dzi.” Esia ƒoe ɖe Yerobeam nu wòbia nyagblɔɖilaa be wòado gbe ɖa na Yehowa ahaɖe kuku nɛ be wòana yeƒe asi si dze ti la naɖɔ ɖo. Nyagblɔɖilaa wɔe nenema, eye eƒe asi la ɖɔ ɖo. Yehowa to esia dzi kpɔ eƒe ame dɔdɔa ta be womewɔ nuvevii o.—1 Fia. 13:4-6.

18. Alekee Yehowa kpɔa mía ta esime míele subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm nɛ vɔvɔ̃manɔmee?

18 Esi míele gome kpɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me la, míedoa go ame siwo mekɔa ŋkume ɖe mí o, alo ame siwo hea nya kpli mí gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Gake mele be míaɖe mɔ amewo ƒe numawɔmawɔ ɖe mía ŋu nyuie nana dzo si le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la nu natsi o. Abe ale si wònɔ le Yerobeam ƒe ŋkekea me nyagblɔɖila sia si ŋkɔ womeyɔ o gome ene la, wona ‘mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Yehowa vɔvɔ̃manɔmee, le nuteƒewɔwɔ me.’ * (Luka 1:74, 75) Togbɔ be míekpɔa mɔ be Yehowa naxɔ na mí nukutɔe egbea o hã la, esi míenye eƒe Ðasefowo ta la, egakpɔtɔ le mía ta kpɔm hele ŋusẽ dom mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple mawudɔlawo dzi. (Mixlẽ Yohanes 14:15-17; Nyaɖeɖefia 14:6.) Mawu magblẽ ame siwo yia edzi ɖea gbeƒã eƒe nya vɔvɔ̃manɔmee la ɖi gbeɖe o.—Fp. 1:14, 28.

Yehowa Akpɔ Eƒe Nuteƒewɔlawo Ta

19, 20. (a) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa magblẽ mí ɖi gbeɖe o? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Yehowa nye míaƒe Mawu si wɔa nuteƒe. (Nyaɖ. 15:4; 16:5) Enye ‘nuteƒewɔla le eƒe nuwɔwɔwo katã me.’ (Ps. 145:17) Eye Biblia ka ɖe edzi na mí be: ‘Adzɔ eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔ ŋuti.’ (Lod. 2:8) Ne Mawu subɔla wɔnuteƒewo le nɔnɔme sesẽwo me tom alo le akɔ kpem kple xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo alo le dɔdeasi sesẽ aɖe wɔm la, woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa afia mɔ yewo ahakpe ɖe yewo ŋu.

20 Nya si ŋu wòhiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabu vevie ye nye: Nu kae akpe ɖe ŋunye malé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi le nɔnɔme sesẽwo me, alo ne tetekpɔwo dze ŋgɔm? Ne míagblɔe bubui la, aleke mawɔ ana nye nuteƒewɔwɔ na Mawu me nasẽ ɖe edzi?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Míava kpɔe ne nyagblɔɖila ma yi edzi ɖo to Yehowa loo alo meɖo toe o, kple nu si va dzɔ ɖe edzi la le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee Yehowa ɖee fia be yemegblẽa yeƒe nuteƒewɔlawo ɖi ne wote wo ɖe anyi o?

• Alekee wòle be míawɔ nu ɖe xɔsegbelawo kple woƒe nukpɔsusuwo ŋu?

• Alekee Yehowa kpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ta ne wole Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔm?

[Biabiawo]

[Map/​Picture on page 5]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

DZIEHEFIAÐUƑEA (Yerobeam)

Dan

SIXEM

Betel

ANYIEHEFIAÐUƑEA (Rexabeam)

YERUSALEM

[Nɔnɔmetata]

Yehowa megblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi esime Yerobeam ɖo nyivisubɔsubɔ anyi o

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yayra siwo me Salomo kple eteviwo se vivi le la nɔ te ɖe nanewo dzi