Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèbi Ðe “Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ” La Dodo Mea?

Ðe Nèbi Ðe “Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ” La Dodo Mea?

Ðe Nèbi Ðe “Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ” La Dodo Mea?

“Mana dukɔwo natrɔ ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛ aɖe dodo ŋu, be wo katã nayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.”—ZEF. 3:9, NW.

1. Nunana wɔnuku kae Yehowa na mí?

MENYE amegbetɔwoe to gbegbɔgblɔ vɛ o, ke boŋ nunanae wònye tso amegbetɔ Wɔla, Yehowa Mawu, gbɔ. (2 Mose 4:11, 12) Ena ŋutete amegbetɔ gbãtɔ, Adam, menye be wòate ŋu aƒo nu ko o, ke be wòato nya yeyewo hã vɛ bene wòate ŋu azã nya vovovowo le nuƒoƒo me. (1 Mose 2:19, 20, 23) Nunana wɔnuku kae nye esi wònye! Ena be amegbetɔwo tea ŋu ƒoa nu kple wo Fofo si le dziƒo hekafua eƒe ŋkɔ kɔkɔe la gɔ̃ hã.

2. Nu ka tae amegbetɔwo megava le gbegbɔgblɔ ɖeka dom o?

2 Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe ƒe alafa 17 gbãtɔawo me la, gbegbɔgblɔ ɖeka koe amewo katã dona, wònye “nuƒoƒo ɖeka ŋugbe.” (1 Mose 11:1) Emegbe aglãdzedze va do mo ɖa le Nimrod ƒe ŋkekea me. Esi amegbetɔ tomaɖolawo gbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi ta la, wova ƒo ƒu ɖe teƒe si wova yɔ emegbe be Babel, eye woɖoe be yewoanɔ teƒe ɖeka. Wote mɔ̃ gã nyadri aɖe tutu ‘bene yewoƒe ŋkɔ nanyɔ,’ ke menye hena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe o. Eya ta Yehowa tɔtɔ gbegbɔgblɔ gbãtɔ si aglãdzela mawo dona la, eye wòna wova te gbe vovovowo dodo. Esia wɔe be wova kaka ɖe anyigba blibo la dzi.—Mixlẽ 1 Mose 11:4-8.

3. Nu kae dzɔ esime Yehowa tɔtɔ gbe na aglãdzelawo le Babel?

3 Egbea la, gbegbɔgblɔ akpe nanewo—ame aɖewo gblɔ be awu 6,800 gɔ̃ hã—ye wodona le xexea me godoo. Gbegbɔgblɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe dodo bia tamebubu mɔnu vovovowo. Eya ta edze abe esi Yehowa Mawu tɔtɔ gbe na aglãdzela mawo la, ɖe wòtutu gbe gbãtɔ si wo katã wodona la ɖa le woƒe susu me keŋkeŋ ene. Menye ɖeko wòtsɔ nya bubuwo de susu me na wo ko o, ke etrɔ woƒe tamebubu mɔnuwo hena gbeŋutise yeyewo hã va su wo si. Eya ta mewɔ nuku o be wova yɔ afi si wotu mɔ̃ kɔkɔ ma ɖo la be “Babel,” si gɔmee nye tɔtɔ! (1 Mose 11:9) Enyo be míade dzesii be Biblia ɖeka koe na numeɖeɖe si de edeƒe ku ɖe ale si wòdzɔ be gbegbɔgblɔ vovovowo va li egbea la ŋu.

Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ Yeye Aɖe

4. Nu kae Yehowa gblɔ ɖi be adzɔ le míaƒe ŋkekea me?

4 Aleke kee ale si Mawu tɔtɔ gbe na amewo le Babel ƒe ŋutinya si le Biblia me ɖawɔa dɔ ɖe mía dzii o, nu vevi aɖe si agawɔ dɔ ɖe ame dzi wu la dzɔ le míaƒe ŋkekea me. Yehowa gblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖila Zefaniya dzi be: “Emegbe mana dukɔwo natrɔ ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛ aɖe dodo ŋu, be wo katã nayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔe asubɔe.” (Zef. 3:9, NW) Nu kae nye “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” sia, eye aleke míawɔ abi ɖe edodo me?

5. Nu kae nye gbegbɔgblɔ dzadzɛ la, eye nu kae do tso tɔtrɔ ɖe edodo ŋu me?

5 Gbegbɔgblɔ dzadzɛ lae nye nyateƒe si ku ɖe Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖo siwo wòɖe gblɔ le eƒe Nya, Biblia, me ŋu. “Gbegbɔgblɔ” sia lɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe kple ale si Fiaɖuƒe sia ava kɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, aʋli eƒe dziɖulanyenye ta ahahe yayra mavɔwo vae na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo la ŋuti gɔme sese nyuitɔ ɖe eme. Nu kae do tso tɔtrɔ ɖe gbegbɔgblɔ sia dodo ŋu me? Biblia gblɔ na mí be dukɔwo ‘ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ,’ eye “woatsɔ nusɔsɔe asubɔe.” To vovo na nu si dzɔ le Babel la, tɔtrɔ ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛ la ŋu he kafukafu vae na Yehowa ƒe ŋkɔ, eye wòna eƒe amewo wɔ ɖeka.

Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ La Sɔsrɔ̃

6, 7. (a) Nu kawoe gbe yeye sɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme, eye aleke esia ku ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛ la sɔsrɔ̃ ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro azɔ?

6 Ne ame aɖe di be yeasrɔ̃ gbe bubu aɖe la, ele nɛ be wòawɔ nu geɖe wu nya yeyewo léle ɖe susu me ko. Gbe yeye sɔsrɔ̃ lɔ nuŋububu kple tamebubu mɔnu yeyewo sɔsrɔ̃ ɖe eme. Amewo ƒe nuŋububu kple nukokoedoname mɔnuwo tea ŋu toa vovo le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Nyagbe yeyewo yɔyɔ abia ŋutinu siwo wozãna le nuƒoƒo me, abe aɖe ene, tɔtrɔ le mɔ vovovowo nu. Nenema kee wòle ne míete Biblia me nyateƒea ŋuti gbegbɔgblɔ dzadzɛ la sɔsrɔ̃. Ebia nu geɖe wu Biblia me nufiafia vevi ʋɛ aɖewo ko sɔsrɔ̃. Hafi míabi ɖe gbegbɔgblɔ yeye sia dodo me la, ehiã be míatrɔ míaƒe tamesusuwo kple ale si míebua nuwo ŋui.—Mixlẽ Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 4:23.

7 Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míabi ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me, ke menye be míase egɔme ko o? Abe ale si ko wòle le gbe ɖe sia ɖe sɔsrɔ̃ me ene la, mɔfiame vevi aɖewo li siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míabi ɖe Biblia me nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔa dodo me. Mina míadzro afɔ vevi aɖewo siwo amewo ɖe le gbe bubuwo sɔsrɔ̃ me la me bene míakpɔ ale si afɔɖeɖe siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le kpɔɖeŋu gbegbɔgblɔ yeye la sɔsrɔ̃ mee ɖa.

Bibi Ðe Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ La Dodo Me

8, 9. Nu kae wòle be míawɔ ne míedi be míasrɔ̃ gbegbɔgblɔ dzadzɛ la, eye nu ka tae esia le vevie ɖo?

8 Ðo to nyuie. Gbã la, gbegbɔgblɔ yeye ate ŋu aɖi sagaa le to me na ame si mesee kpɔ o. (Yes. 33:19) Gake ne amea va le to lém ɖe nya siwo wòsena ŋu nyuie la, ate dzesidede nya ɖekaɖeka aɖewo kple mɔ si nu wogblɔa nya aɖewo ɖo edziedzi le gbea dodo me. Nenema kee woxlɔ̃ nu mí be: “[Ele] vevie na mí be míalé to ɖe nu siwo míese la ŋu geɖe wu, bene míagatra mɔ gbeɖe o.” (Heb. 2:1) Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo enuenu be: “Ame si to li na la, nesee.” (Mat. 11:15; 13:43; Mar. 4:23; Luka 14:35) Ɛ̃, ehiã be ‘míaɖo to, be míase nu siwo míesena la gɔme’ bene míase gbegbɔgblɔ dzadzɛa gɔme nyuie wu.—Mat. 15:10; Mar. 7:14.

9 Togbɔ be toɖoɖo bia be ame nadze agbagba atsɔ eƒe susu katã aku ɖe nya si sem wòle ŋu hã la, agbagbadzedze sia ɖea vi ŋutɔ. (Luka 8:18) Ne míeyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, ɖe míetea ŋu naa míaƒe susu katã nɔa nu siwo me ɖem wole ŋua, alo ɖe míaƒe susu nɔa tsaglãla tsam? Ele vevie ŋutɔ be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míaƒe susu naku ɖe nya siwo gblɔm wole ŋu. Ne menye nenema o la, míate ŋu ava zu kuviatɔwo le nusese me.—Heb. 5:11.

10, 11. (a) Hekpe ɖe toɖoɖo nyuie ŋu la, nu kae wòle be míawɔ? (b) Nu ka hãe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo lɔ ɖe eme?

10 Srɔ̃ ame siwo bi ɖe edodo me. Wodea dzi ƒo na gbe yeye srɔ̃lawo be menye ɖeko wòle be woanye toɖola nyuiwo ko o, ke woadze agbagba asrɔ̃ ale si ame siwo bi ɖe gbea dodo me yɔa nyawoe kple mɔ siwo nu wogblɔa nyawo le. Esia kpena ɖe gbea srɔ̃lawo ŋu woƒoa asa na nyaawo yɔyɔ bubui, si ate ŋu awɔe be womabi ɖe gbea dodo me o. Nenema kee wòle be míawo hã míasrɔ̃ ame siwo bi ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛ la ƒe ‘nufiafiaɖaŋuwo’ zazã me lae. (2 Tim. 4:2) Bia kpekpeɖeŋu. Lɔ̃ faa nàwɔ tɔtrɔ ne èwɔ vodada eye woɖɔ wò ɖo.—Mixlẽ Hebritɔwo 12:5, 6, 11.

11 Menye Biblia me nyateƒea dzi xɔxɔ se kple efiafia koe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo lɔ ɖe eme o, ke elɔ agbenɔnɔ wòasɔ ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo nu hã ɖe eme. Be míate ŋu awɔ esia la, ehiã be míasrɔ̃ ame bubuwo. Esia lɔ woƒe xɔse kple subɔsubɔ dzonɔamemetɔe sɔsrɔ̃ ɖe eme. Esia lɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ blibo katã hã sɔsrɔ̃ ɖe eme. (1 Kor. 11:1; Heb. 12:2; 13:7) Ne míedoa vevie nu le esia wɔwɔ me la, ana be ɖekawɔwɔ anɔ Mawu ƒe amewo dome, si awɔe be mí katã míatsɔ nusɔsɔe anɔ gbegbɔgblɔ dzadzɛa dom.—1 Kor. 4:16, 17.

12. Akpa kae nuléleɖesusume wɔna le gbe yeye sɔsrɔ̃ me?

12 Lé nyawo ɖe susu me. Ehiã be gbe yeye srɔ̃lawo nalé nu yeye geɖewo ɖe susu me. Esia lɔa nya kple nyagbɔgblɔ yeyewo ɖe eme. Le Kristotɔwo gome la, nyawo léle ɖe susu me ate ŋu akpe ɖe wo ŋu geɖe be woabi ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me. Le nyateƒe me la, anyo ŋutɔ ne míete ŋu lé Biblia gbalẽwo ƒe ŋkɔwo kple ɖoɖo si nu wole la ɖe susu me. Ame aɖewo ɖoe woƒe taɖodzinu be yewoalé mawunyakpukpui xexlẽme aɖe kple wo me nyawo ɖe susu me. Ame bubuwo hã kpɔe be aɖe vi na yewo ne yewolé Fiaɖuƒea ƒe hawo, Israel toawo kple apostolo 12-awo ƒe ŋkɔwo, kpakple gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa vovovoawo ɖe susu me. Le blema la, Israel vi geɖewo lé psalmowo me nyawo ɖe susu me. Le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la, kaka ŋutsuvi sue aɖe naxɔ ƒe ade la, ete ŋu lé mawunyakpukpui 80 kple edzivɔwo me nyawo ɖe susu me pɛpɛpɛ. Ðe míawo hã míate ŋu awɔ nuléleɖesusume ƒe ŋutete xɔasi si le mía si la ŋu dɔ nyuie wua?

13. Nu ka tae nya ɖeka sese edziedzi le vevie ɖo?

13 Nya ɖeka sese edziedzi kpena ɖe susua ŋu, eye ŋkuɖodzinyawo gbɔgblɔ na mí edziedzi nye Kristotɔwo ƒe hehe si xɔm míele la ƒe akpa vevi aɖe. Apostolo Petro gblɔ be: “Manɔ klalo ɣesiaɣi be maɖo ŋku nu siawo dzi na mi, togbɔ be mienya wo, eye mieli ke sesĩe le nyateƒe si le mia me fifia la me hã.” (2 Pet. 1:12) Nu ka tae míehiã ŋkuɖodzinyawo? Elabena wonana míaƒe nugɔmesese dea to ɖe edzi, míebua nuwo ŋu yia ŋgɔe, eye wodoa ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi anɔ to ɖom Yehowa. (Ps. 119:129) Ŋkuɖoɖo Mawu ƒe dzidzenuwo kple gɔmeɖosewo dzi edziedzi kpena ɖe mía ŋu míedzroa mía ɖokui me, eye wòkpena ɖe mía ŋu hã be míezua “nyasela [siwo] ŋlɔa nu be” o. (Yak. 1:22-25) Ne míeyia edzi ɖoa ŋku nyateƒea dzi na mía ɖokui o la, nu bubuwo ava kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi, eye míagate ŋu ava bi ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me nyuie o.

14. Nu kae akpe ɖe mía ŋu le gbegbɔgblɔ dzadzɛa sɔsrɔ̃ me?

14 Xlẽ nu wòaɖi. (Nyaɖ. 1:3) Gbe yeye srɔ̃la aɖewo nɔa gbea srɔ̃m le wo ɖokui si le ɖoɖoezizi me. Esia wɔwɔ menana wobina ɖe gbea dodo me o. Esia tae ne míele gbegbɔgblɔ dzadzɛa srɔ̃m la, ahiã ɣeaɖewoɣi be míakɔ gbe dzi atsɔ “gbe blewu” axlẽ nu bene míaƒe susu nate ŋu aku ɖe nu si xlẽm míele ŋu. (Mixlẽ Psalmo 1:1, 2. *) Ewɔwɔ alea nana nu si xlẽm míele la tsia susu me na mí nyuie wu. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘woatsɔ gbe blewu axlẽ nu’ la do ƒome kplikplikpli kple ŋugbledede. Abe ale si ko wòle be nu siwo míeɖuna natu le dɔme na mí hafi woaɖe vi na mí bliboe ene la, ŋugbledede hã le vevie hafi míate ŋu ase nu siwo míexlẽ la gɔme nyuie wu. Ðe míezãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ dea ŋugble tso nu siwo míesrɔ̃na ŋua? Ne míexlẽ Biblia ƒe akpa aɖe vɔ la, ele be míade ŋugble tso nu si míexlẽ la ŋu nyuie.

15. Aleke míate ŋu asrɔ̃ gbegbɔgblɔ dzadzɛa ƒe “gbeŋutise” lae?

15 Srɔ̃ gbeŋutise la. Le gbe yeye sɔsrɔ̃ me la, eva hiãna be woasrɔ̃ gbeŋutise, alo ɖoɖo siwo nu wotua nyaawo ɖo kple wo ŋuti sewo. Esia kpena ɖe mía ŋu míesea ɖoɖo si nu gbea le gɔme, eye wòkpena ɖe mía ŋu míedonɛ nyuie. Abe ale si ko nyawo nɔa ɖoɖo aɖe koŋ nu le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me ene la, Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛa hã le ɖoɖo aɖe koŋ, si nye ‘nya nyuitɔwo ƒe kpɔɖeŋu’ la, nu. (2 Tim. 1:13) Ehiã be míasrɔ̃ “kpɔɖeŋu” ma.

16. Kuxi kae wòle be míaƒo asa na, eye alekee míate ŋu awɔ aƒo asa nɛ?

16 Yi edzi nanɔ ŋgɔyiyi wɔm. Ame ate ŋu asrɔ̃ gbe aɖe ava ɖo afi si wòate ŋu azãe atsɔ aɖo dze kple amewo va se ɖe afi aɖe ko, eye wòadzudzɔ ŋgɔyiyiwɔwɔ. Kuxi sia tɔgbi ate ŋu ado mo ɖa le gbegbɔgblɔ dzadzɛa srɔ̃lawo hã gome. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:11-14.) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na kuxi sia? Do vevie be nàyi edzi anɔ gbegbɔgblɔ dzadzɛa srɔ̃m. “Esia tae esi míedzo le Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo gbɔ la, mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ, eye míaganɔ gɔmeɖoanyi ɖom ake o, si nye dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzi xɔxɔse, nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi vovovowo ŋuti nufiafia kple asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ.”—Heb. 6:1, 2.

17. Nu ka tae nusɔsrɔ̃ edziedzi le vevie ɖo? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Ðo ɣeyiɣi aɖewo koŋ ɖi hena nusɔsrɔ̃. Nusɔsrɔ̃ hena ɣeyiɣi kpui aɖe edziedzi nyo wu ɣeyiɣi gbogbo aɖe zazã atsɔ asrɔ̃ nu ƒãa zi ɖeka. Srɔ̃ nu le ɣeyiɣi siwo wò susu le te eye susuhenu aɖeke maɖe fu na wò o la me. Gbe yeye sɔsrɔ̃ le ko abe afɔmɔɖeɖe to avetsu aɖe me ene. Zi ale si wonya zɔa afɔmɔ sia dzi edziedzi ko la, zi nenemae edzizɔzɔ va nɔa bɔbɔe wu. Ne wodzudzɔ afɔmɔ sia dzi zɔzɔ la, eteƒe madidi hafi edzi katã nato gbe o. Eya ta veviedodonu le gbea sɔsrɔ̃ me kple edodo edziedzi le vevie ŋutɔ! (Dan. 6:16, 20) Eya ta ahiã be ‘míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi’ le Biblia me nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me “ɣeawokatãɣi” gbedodoɖatɔe.—Ef. 6:18.

18. Nu ka tae wòle be míado gbegbɔgblɔ dzadzɛa le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su mía si me?

18 Do gbea! Nɔ edom! Nɔ edodo dzi ɖaa! Ekpea ŋu na ame aɖewo siwo le gbegbɔgblɔ yeye srɔ̃m la be yewoado gbea, elabena wovɔ̃na be yewoava wɔ vodada. Esia menana wowɔa ŋgɔyiyi kabakaba o. Le gbegbɔgblɔsɔsrɔ̃ gome la, gbea dodo edziedzi le vevie ŋutɔ. Zi ale si gbea srɔ̃la le edom edziedzi la, zi nenemae wòva bina ɖe edodo me. Nenema kee wòle be míanɔ gbegbɔgblɔ dzadzɛa dom ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na mí. “Dzie [wotsɔ xɔna sena] hena dzɔdzɔenyenye, gake nue wotsɔna ʋua eme le dutoƒo hena ɖeɖekpɔkpɔ.” (Rom. 10:10) Menye ɖeko ‘míeʋua míaƒe xɔse me le dutoƒo’ le míaƒe nyɔnyrɔxɔɣi o, ke míeʋua eme hã ne míeƒoa nu tso Yehowa ŋu le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su mía si me hekpe ɖe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ŋu. (Mat. 28:19, 20; Heb. 13:15) Míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu be míedoa gbegbɔgblɔ dzadzɛa nyuie eme kɔna.—Mixlẽ Hebritɔwo 10:23-25.

Mina Míawɔ Ðeka Atsɔ Gbegbɔgblɔ Dzadzɛa Anɔ Yehowa Kafum

19, 20. (a) Nu wɔnuku ka wɔm Yehowa Ðasefowo le le míaƒe ŋkekea me? (b) Nu kae nye wò tameɖoɖo kplikpaa?

19 Akeke gbegbe wòado dzidzɔ na amee nye esi be woanɔ Yerusalem le Kwasiɖa ŋdi, Sivan 6 lia, ƒe 33 M.Ŋ. dzi! Hafi ga asieke naƒo ŋdi ma la, ame siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me la ‘te gbe bubuwo dodo’ nukutɔe. (Dɔw. 2:4) Gbegbɔgblɔ bubuwo dodo nukutɔe meganye nunana na Mawu ƒe amewo egbea o. (1 Kor. 13:8) Ke hã, Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le gbegbɔgblɔ vovovo 430 sɔŋ me.

20 Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye esi be, gbe ka kee míeɖadona le dzɔdzɔme nu o, mí katã míewɔ ɖeka le Biblia me nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodom! Le mɔ aɖe nu la, esia nye nu si dzɔ le Babel la ɖɔɖɔɖo. Yehowa ƒe amewo le ekafum le ɖekawɔwɔ me abe gbe ɖeka dom wole ene. (1 Kor. 1:10) Mina míaɖoe kplikpaa be mía kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo katã le anyigba dzi godoo míayi edzi atsɔ “nusɔsɔe” anɔ subɔsubɔm esi míele agbagba dzem be míabi ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛ la dodo me, hena mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, ƒe kafukafu.—Mixlẽ Psalmo 150:1-6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Psalmo 1:1, 2 (NW): “Dzidzɔtɔe nye ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, eye metsia tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o. Ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòtsɔa gbe blewu xlẽa eƒe se la zã kple keli.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae nye gbegbɔgblɔ dzadzɛ la?

• Nu kawoe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo lɔ ɖe eme?

• Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míabi ɖe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 23]

Dze Agbagba Nàbi Ðe Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ La Dodo Me

to toɖoɖo nyuie me.

Luka 8:18; Heb. 2:1

to ame siwo bi ɖe edodo me la sɔsrɔ̃ me.

1 Kor. 11:1; Heb. 13:7

to nyawo léle ɖe susu me kple nya ɖeka ŋugbe sese edziedzi me.

Yak. 1:22-25; 2 Pet. 1:12

to nuxexlẽ wòaɖi me.

Ps. 1:1, 2; Nyaɖ. 1:3

to “gbeŋutise” la sɔsrɔ̃ me.

2 Tim. 1:13

to ŋgɔyiyiwɔwɔ me.

Heb. 5:11-14; 6:1, 2

to ɣeyiɣi aɖewo koŋ ɖoɖoɖi hena nusɔsrɔ̃ me.

Dan. 6:16, 20; Ef. 6:18

to edodo me.

Rom. 10:10; Heb. 10:23-25

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yehowa ƒe amewo le gbegbɔgblɔ dzadzɛ la dom le ɖekawɔwɔ me