Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ Ne Ŋkɔa Ƒe Yɔyɔ Ŋutɔŋutɔ Mele Nyanya O?

Nu Ka Tae Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ Ne Ŋkɔa Ƒe Yɔyɔ Ŋutɔŋutɔ Mele Nyanya O?

Exlẽlawo Bia Be

Nu Ka Tae Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ Ne Ŋkɔa Ƒe Yɔyɔ Ŋutɔŋutɔ Mele Nyanya O?

Egbea la, ame aɖeke menya ale si tututu woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa le blema Hebrigbe me o. Gake eɖe dzesi ŋutɔ be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Biblia me ade zi 7,000 sɔŋ. Yesu ɖe Mawu ƒe ŋkɔa fia esime wònɔ anyigba dzi, eye wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be, ŋkɔ ma ŋuti nakɔ. (Mateo 6:9; Yohanes 17:6) Eya ta kakaɖedzi le nu ɖeka aɖe ŋu—Mawu ƒe ŋkɔa zazã nɔ vevie ŋutɔ na Kristotɔwo. Ekema nu ka tae egbea ame aɖeke menya ale si tututu woyɔ ŋkɔa le blema o? Susu vevi eve aɖewo tae.

Gbã la, ƒe akpe eve aɖewoe nye esi va yi la, aʋatsodzixɔse si nye be enye nu gbegblẽ be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ la va su Yudatɔwo si. Ne nuxlẽla aɖe xlẽ nu va ɖo afi si Mawu ƒe ŋkɔa dze le le eƒe Biblia me la, ayɔ nya “Aƒetɔ” atsɔ aɖɔ lii. Esia wɔe be esi wodzudzɔ ŋkɔa yɔyɔ ƒe alafa geɖewo ta la, amewo megaɖoa ŋku ale si tututu woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa dzi o.

Evelia, wometsɔ ablɔɖegbeɖiɖi ŋlɔ blema Hebrigbe la o, abe ale si ko wotea ŋu tsɔa nyawo ƒe ŋɔŋlɔ kpui ɖɔa li wo le Eŋlisigbe kple gbe bubuwo me ene. Ne ame aɖe le nuŋlɔɖia xlẽm la, eya ŋutɔ dea ablɔɖegbeɖiɖi siwo womeŋlɔ o la eme tso susu me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova to mɔnu aɖe vae be woatsɔ akpɔ Hebrigbe me nyawo ta be woagaŋlɔ wo yɔyɔ be keŋkeŋ o. Wotsɔ ablɔɖegbeɖiɖiwo de nya sia nya si le Hebri Biblia me la me. Gake le Mawu ƒe ŋkɔa ya gome la, wotsɔa ablɔɖegbeɖiɖi siwo wotsɔ ŋlɔa “Aƒetɔ” dea eme ale be woatsɔ aɖo ŋku edzi na nuxlẽla be wòaxlẽe be Aƒetɔ alo womedea ɖeke kura eme o.

Eya ta nu si tsi anyi koe nye xaxagbeɖiɖi ene siwo woyɔna be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, eye nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, “Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo gɔme woɖena zi geɖe be YHWH alo JHVH lae tsi tsitre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le Biblia me.” Ele bɔbɔe be míakpɔ ale si ne wode ablɔɖegbeɖiɖiwo alo yɔ ablɔɖegbeɖiɖiwo de YHWH me la wòatrɔ azu “Yehowa,” si nye ŋkɔ si ame akpa gãtɔ zãna, eye ame geɖe da asi ɖe edzi le Eʋegbe me la dze sii.

Gake agbalẽnyala aɖewo gblɔna be “Yahweh” ye wòle be woazã. Ðe yɔyɔ ma sɔ kple ale si woyɔa ŋkɔa le blemae la wua? Ame aɖeke mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Le nyateƒe me la, agbalẽnyala bubuwo gblɔ susu aɖewo siwo tae mele be woazã yɔyɔ ma o ɖo. Le nyateƒe me la, anɔ eme godoo be Biblia me ŋkɔ siwo míeyɔna le gbe siwo míedona egbea me la mesɔ kple ale si woyɔ wo le blema Hebrigbe la me kura o, ke hã, ame aɖeke mehea nya o. Nu si tae nye be ŋkɔ siawo va zu mía degbewo ƒe akpa aɖe, eye amewo dea dzesi wo bɔbɔe. Nenema kee wòle le ŋkɔ Yehowa hã gome.

Woyɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be wonye dukɔ hena Mawu ƒe ŋkɔ. Woɖe gbeƒã ŋkɔa na amewo hede dzi ƒo na wo be woayɔ ŋkɔ ma. (Dɔwɔwɔwo 2:21; 15:14; Romatɔwo 10:13-15) Edze ƒãa be, Mawu di vevie be míayɔ yeƒe ŋkɔa le gbe ɖe sia ɖe si ko míedona la me, ase nu si wòfia la gɔme ahanɔ nu wɔm wòanɔ ɖeka wɔm kple nu si ŋkɔ ma tsi tsitre ɖi na.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]

Eɖe dzesi ŋutɔ be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Biblia me nuŋlɔɖiwo me ade zi 7,000 sɔŋ