Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nà Wò Srɔ̃ɖeɖe Nakpɔtɔ Anye “Ka Ŋukplaba Etɔ̃”

Nà Wò Srɔ̃ɖeɖe Nakpɔtɔ Anye “Ka Ŋukplaba Etɔ̃”

Nà Wò Srɔ̃ɖeɖe Nakpɔtɔ Anye “Ka Ŋukplaba Etɔ̃”

“Ka ŋukplaba etɔ̃ mate ŋu alã bɔbɔe o.”—NYAGB. 4:12.

1. Ame kae na ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ la wɔ ɖeka le srɔ̃ɖeɖe me?

LE NUMIEMIEWO kple lãwo wɔwɔ vɔ megbe la, Yehowa Mawu wɔ ame gbãtɔ, Adam. Emegbe Mawu na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ kpeɖeŋutɔ deblibo aɖe nɛ. Esi Adam kpɔe la, egblɔ be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me.” (1 Mose 1:27; 2:18, 21-23) Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu, esi wòna ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ siawo wɔ ɖeka le srɔ̃ɖeɖe me eye wòyra wo.—1 Mose 1:28; 2:24.

2. Alekee Satana de masɔmasɔ Adam kple Eva dome?

2 Nublanuitɔe la, eteƒe medidi hafi srɔ̃ɖeɖe si Mawu ŋutɔ ɖo anyi la ɖo afɔku me o. Aleke wòdzɔe? Gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe, si wova yɔ emegbe be Satana la, ble Eva wòɖu ati ɖeka pɛ si ŋuti wode se ɖo be womegaɖu o la ƒe kutsetse. Emegbe, Adam hã va wɔ ɖeka kple srɔ̃a le nuwɔna sia si dze ƒãa be enye aglãdzedze ɖe Mawu ƒe dzedze be wòaɖu wo dzi ahafia mɔ wo ŋu la me. (1 Mose 3:1-7) Esime Yehowa va bia nya atsu kple asi sia ku ɖe nu si wowɔ ŋu la, nya si wogblɔ la ɖee fia kɔtɛ be wo nɔewo dome ƒomedodoa te gbegblẽ xoxo. Adam da fɔbubua ɖe srɔ̃a dzi gblɔ be: “Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu.”—1 Mose 3:11-13.

3. Nukpɔsusu masɔmasɔ kae va su Yudatɔ aɖewo si?

3 Ƒe alafa geɖewoe nye esia tso ɣemaɣi la, Satana zãa ayemɔnu vovovowo tsɔ dea mama srɔ̃tɔwo dome. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, ezãa subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo tsɔ doa srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ɖe ŋgɔ. Yuda subɔsubɔhakplɔla aɖewo megava dea bubu Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu o, eye woɖe mɔ srɔ̃ŋutsuwo gbea wo srɔ̃wo le nu maɖinuwo abe nuɖaɖa dze natee akpa ene ko ta. Gake Yesu ya gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”—Mat. 19:9.

4. Alekee srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me egbea?

4 Satana gale agbagba dzem kokoko be yeagblẽ srɔ̃ɖeɖe dome. Ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnuwo ƒe wo nɔewo ɖeɖe, ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔa anyi abe srɔ̃tɔwo ene evɔ womeɖe wo nɔewo le se nu o, kple ale si gbegbe srɔ̃gbegbe va bɔe la ɖee fia be ele dzidzedze kpɔm le go sia me. (Mixlẽ Hebritɔwo 13:4.) Nu kae wòle be mí Kristotɔwo míawɔ be míagana nukpɔsusu gbegblẽ si va su amewo si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o? Mina míadzro nu siwo ɖea dzesi le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze siwo me dzidzɔ le ŋu la me.

Mina Yehowa Nanɔ Miaƒe Srɔ̃ɖeɖea Me

5. Le srɔ̃ɖeɖe gome la, nu kae nya “ka ŋukplaba etɔ̃” fia?

5 Be atsu kple asi aɖe nakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe me la, ele be Yehowa nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Eƒe Nya la gblɔ be: “Ka ŋukplaba etɔ̃ mate ŋu alã bɔbɔe o.” (Nyagb. 4:12) Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe nya “ka ŋukplaba etɔ̃” nye. Ne wozã nya sia tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na srɔ̃ɖekadodo la, elɔa srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu, siwo le tsitre ɖi na ka eve gbãtɔawo, kple Yehowa Mawu, si nye ka etɔ̃lia, si wotsɔ de eve gbãtɔawo me helɔ̃ wo ɖekae wòzu ka ŋukplaba etɔ̃ la ɖe eme. Ne Mawu le srɔ̃ɖeɖea me la, enaa ŋusẽ nɔa atsu kple asi ŋu le gbɔgbɔ me be woate ŋu akpe akɔ kple kuxiwo, eye esiae nye nu vevi si nana wokpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeake le srɔ̃ɖeɖe me.

6, 7. (a) Nu kawoe Kristotɔwo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be Mawu nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖe me? (b) Nu kae doa dzidzɔ na nɔvinyɔnu aɖe wu le srɔ̃a ŋu?

6 Gake nu kae atsu kple asi ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔtɔ anye ka ŋukplaba etɔ̃? Hakpala David dzi ha be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” (Ps. 40:9) Nenema kee míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míesubɔnɛ kple dzi blibo. Eya ta ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnua siaa nana ƒomedodo nyui nanɔ woawo ŋutɔwo kple Yehowa dome, eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye woƒe dzidzɔ. Ele hã be atsu kple asiwo nadze agbagba ana wo nɔewo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu me nasẽ ɖe edzi.—Lod. 27:17.

7 Ne Mawu ƒe se la le míaƒe dzi me vavã la, míanɔ nɔnɔme nyuiwo abe xɔse, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ ene ɖem fia le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me, eye woado ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖekadodoa. (1 Kor. 13:13) Kristotɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sandra, si ɖe srɔ̃ ƒe 50 sɔŋ ye nye esia la gblɔ be: “Nu siwo dzɔa dzi nam le srɔ̃nye ŋu wue nye ale si wòte ŋu sua te nanam gbɔgbɔ me mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo, kple eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, si nu sẽ wu eƒe lɔlɔ̃ nam.” Srɔ̃ŋutsuwo, ɖe mia srɔ̃wo ate ŋu agblɔ nya mawo tɔgbi le mia ŋua?

8. Nu kae wòhiã be srɔ̃tɔwo nawɔ bene “fetu nyui” nasu wo si le woƒe srɔ̃ɖeɖea me?

8 Abe atsu kple asi ene la, ɖe mietsɔa gbɔgbɔmenuwo kple Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le miaƒe agbe mea? Gakpe ɖe eŋu la, ɖe nèbua srɔ̃wòa be enye yeƒe kpeɖeŋutɔ le Yehowa subɔsubɔ me ŋutɔŋutɔa? (1 Mose 2:24) Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta.” (Nyagb. 4:9) Le nyateƒe me la, ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nadze agbagba vevie be woakpɔ “fetu nyui,” si nye lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si anɔ wo dome ɖaa, si dzi Mawu ƒe yayra anɔ.

9. (a) Agbanɔamedzi kawoe le srɔ̃ŋutsuwo dzi? (b) Le Kolosetɔwo 3:19 ƒe nya nu la, alekee wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu?

9 Nu ɖeka aɖe si ɖenɛ fiana be Mawu le srɔ̃ɖeɖea mee nye srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ƒe agbagbadzedze be yewoanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu. Srɔ̃ŋutsu koŋ dzie agbanɔamedzia le be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ. (1 Tim. 5:8) Wode dzi ƒo na wo hã be woase wo srɔ̃wo ƒe seselelãmenuhiahiãwo gɔme na wo. Míexlẽ le Kolosetɔwo 3:19 be: “Mi srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o.” Biblia ŋuti nunyala aɖe ɖe nyagbɔgblɔ ‘anɔ dɔmedzoe dom helĩhelĩ’ gɔme be elɔ “nya veamewo gbɔgblɔ na wo, alo wo ƒoƒo, kple woƒe seselelãmenuhiahiãwo gbɔ makpɔmakpɔ, bemalémalé na wo, woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ makpɔmakpɔ, kple kpekpeɖeŋumanamana wo” ɖe eme. Eme kɔ ƒãa be mesɔ be nuwɔna mawo nayi edzi le Kristotɔwo ƒe ƒome me kura o. Ne srɔ̃ŋutsu le eƒe tanyenyea ŋu dɔ wɔm le lɔlɔ̃ me la, eʋãa srɔ̃a wòlɔ̃na faa bɔbɔa eɖokui ɖe ete.

10. Nɔnɔme kae wòle be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ naɖe afia?

10 Ele na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ siwo dina be Yehowa nanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me la hã be woanɔ agbe wòasɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Srɔ̃nyɔnuwo nebɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo, abe ale si woabɔbɔ na Aƒetɔ la ene, elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, abe ale si Kristo la hã nye ta na hame la ene.” (Ef. 5:22, 23) Satana ble Eva, heyi edzi le alakpanya si nye be ɖokusinɔnɔ tso Mawu gbɔ ahe dzidzɔ si anɔ anyi ɖaa vɛ la kakam. Esia tae ɖokuisinɔnɔ nuwɔnawo va bɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe me egbea ɖo. Gake le nyɔnu mawuvɔ̃lawo ya gome la, wo ɖokui bɔbɔ ɖe wo srɔ̃ lɔ̃amea ƒe tanyenye te mevea wo o. Woɖoa ŋku edzi be ɖe Yehowa wɔ Eva be wòanye “kpeɖeŋutɔ” na srɔ̃a, si edze ƒãa be enye ɖoƒe si ŋu Mawu dea asixɔxɔe. (1 Mose 2:18) Le nyateƒe me la, srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si lɔ̃na faa wɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple ɖoɖo sia la nye “fiakuku” na srɔ̃a.—Lod. 12:4.

11. Nu kae nɔviŋutsu aɖe gblɔ be eyae nye nu vevitɔ si na yewoƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔ dzidzedze?

11 Nu bubu si akpe ɖe atsu kple asi ŋu woana Mawu nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea mee nye Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ɖekae. Gerald, si le vivi sem le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me hena ƒe 55 sɔŋ la gblɔ be, “Nu si le vevie wu bene woakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe mee nye Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ɖekae.” Egblɔ kpee be, “Nuwo wɔwɔ ɖekae, vevietɔ nu siwo do ƒome kple Mawu subɔsubɔ la tea srɔ̃tɔwo ɖe wo nɔewo kpakple Yehowa ŋu kplikplikpli.” Biblia sɔsrɔ̃ ɖekae kpena ɖe ƒomea ŋu be Yehowa ƒe dzidzenuwo léna ɖe susu me na wo, woƒe gbɔgbɔmemenyenye dea to ɖe edzi wu, eye wònana woyia edzi nɔa ŋgɔyiyi wɔm.

12, 13. (a) Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be atsu kple asi nanɔ gbe dom ɖa ɖekae? (b) Gbɔgbɔmedɔ bubu kawoe nana srɔ̃ɖekadodoa me sẽna ɖe edzi?

12 Gbedodoɖa ɖekae hã naa srɔ̃tɔwo kpɔa dzidzɔ. Ne srɔ̃ŋutsu ‘trɔ eƒe dzi ƒo ɖe anyi’ heƒo nu tso nu vevi aɖewo koŋ siwo ku ɖe woƒe nɔnɔmeawo ŋu ŋu la, ɖeko gbedodoɖa siawo tɔgbi agana woƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ ɖe edzi. (Ps. 62:9 ) Le kpɔɖeŋu me, aleke gbegbe wòanɔ bɔbɔe ŋutɔ na mia kple srɔ̃wò be miaɖe asi le masɔmasɔ ɖe sia ɖe si ado mo ɖa le mia dome ŋu le kokoƒoƒo na Ŋusẽkatãtɔ la ɖekae hena eƒe mɔfiafia megbee nye esi! (Mat. 6:14, 15) Le ɖekawɔwɔ me kple gbedodoɖaa la, anyo ŋutɔ be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe naɖoe kplikpaa be yeakpe ɖe ame kemɛa ŋu, eye be yewoayi ‘edzi [ado] dzi anɔ anyi kple yewo nɔewo, eye yewoatsɔ anɔ yewo nɔewo kem faa.’ (Kol. 3:13) Miɖo ŋku edzi be gbedodoɖa ɖea ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ƒe nɔnɔme fiana. Fia David gblɔ be: “Ŋkuwo katã le asiwò nu kpɔm.” (Ps. 145:15) Ne míekpɔa Mawu si nu gbedodoɖatɔe la, míaƒe nuteɖeamedziwo anɔ ʋɛ, elabena míenyae be ‘eléa be na mí.’—1 Pet. 5:7.

13 Mɔ vevi bubu si dzi míato ana Yehowa nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe mee nye hamea ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekae. Le míaƒe kpekpewo me la, srɔ̃tɔwo srɔ̃a ale si woawɔ aɖu “aɖaŋu vɔ̃wo,” siwo ŋu dɔ Satana wɔna tsɔ dea mama ƒomewo me la dzi. (Ef. 6:11) Eye srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo yia gbeadzi ɖekae edziedzi la srɔ̃a ale si ‘woanɔ te sesĩe, maʋãmaʋãe.’—1 Kor. 15:58.

Ne Kuxiwo Do Mo Ða

14. Nu kawoe ate ŋu ana kuxiwo nado mo ɖa le srɔ̃tɔwo dome?

14 Le nyateƒe me la, anɔ eme be aɖaŋuɖoɖo mawo menye nu yeye na wò o, gake ɖe manyo be mia kple srɔ̃wò mianɔ anyi adzro wo me tso dzi me faa oa? Mikpɔe ɖa be ɖe nanewo li siwo ŋu wòle be mialé ŋku ɖo le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me hã. Gake Biblia gblɔ be, ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me Mawu le gɔ̃ hã “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Le amegbetɔ ƒe blibomademade, xexe mawɔsedzi sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ la, kple Abosam ƒe mɔ̃wo ta la, Mawu subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã ƒe srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ava ɖo kuxi sesẽwo me. (2 Kor. 2:11) Gake Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míekpea akɔ kple nɔnɔme sesẽ mawo. Ɛ̃, míate ŋui. Nuteƒewɔla Hiob ƒe lãhawo kple eƒe subɔviwo tsrɔ̃, viawo hã ku. Ke hã, Biblia gblɔ be: ‘Le nu siawo katã me la Hiob mewɔ nu vɔ̃ o, eye mebu vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.’—Hiob 1:13-22.

15. Aleke nuteɖeamedzi ate ŋu ana ame nawɔ nui, eye mɔ nyuitɔ ka nue wòle be srɔ̃tɔwo nawɔ nu le le nɔnɔme ma tɔgbi me?

15 Gake Hiob srɔ̃ ya gblɔ nɛ be: “Ègalé wò blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne nàku!” (Hiob 2:9) Le nyateƒe me la, ne afɔku alo kuxi sesẽwo do mo ɖa la, ale si gbegbe nu tena ɖe ame dzi la ate ŋu awɔe be ame ƒe nuwɔna magada asɔ o. Nunyala la kpɔe dze sii be: “Nuteɖeamedzi gɔ̃ hã ate ŋu ana nunyala nawɔ bometsinu.” (Nyagb. 7:7, NW) Ne nɔnɔme sesẽ alo “nuteɖeamedzi” aɖe wɔe be srɔ̃wò gblɔ nya tɔamewo na wò la, dze agbagba nàlé ɖokuiwò kpoo. Nya tɔamewo gbɔgblɔ na eya hã ate ŋu awɔe be mia dometɔ ɖeka alo mi ame evea siaa miava gblɔ nya aɖe si ana nɔnɔmea nagblẽ ɖe edzi kura. (Mixlẽ Psalmo 37:8.) Eya ta anyo be nàŋe aɖaba aƒu ‘nya tatra’ ɖe sia ɖe si nuteɖeamedzi alo dziɖeleameƒo ƒe nɔnɔme si me wòle na wògblɔ ɖe ŋuwò la dzi.—Hiob 6:3.

16. (a) Alekee Yesu ƒe nya siwo le Mateo 7:1-5 la ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu? (b) Nu ka tae dadasɔ le vevie ŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me?

16 Ele be mɔkpɔkpɔ si da sɔ nanɔ srɔ̃tɔwo si ɖe wo nɔewo ŋu. Srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu ade dzesi nɔnɔme manyomanyo aɖewo le srɔ̃a ŋu ahasusu be, ‘Mate ŋu ana wòatrɔ.’ To lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi me la, àte ŋu akpe ɖe srɔ̃wòa ŋu wòawɔ tɔtrɔ vivivi le nɔnɔmeawo ŋu ya. Gake mègaŋlɔ be o be Yesu tsɔ ame si léa ŋku ɖe ame bubu ƒe vodada suesuesuewo ŋu la sɔ kple ame si kpɔa “ati fefee” le nɔvia ƒe ŋku dzi eye wòdoa kpo “atikpo” kpɔkpɔ le eya ŋutɔ ƒe ŋku dzi. Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” (Mixlẽ Mateo 7:1-5.) Esia mefia be ele be srɔ̃tɔwo naŋe aɖaba aƒu nɔnɔme gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnyawo la dzi o. Robert, si ɖe srɔ̃ ƒe 40 kloe enye esia la, gblɔ be: “Srɔ̃tɔwo ƒe lɔlɔ̃ faa agblɔ woƒe dzimenyawo na wo nɔewo anukwaretɔe kple lɔlɔ̃ ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo dzi ame kemɛa he susu yi la dzi faa ate ŋu abia be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me.” Eya ta anyo be nàda asɔ. Le esi nɔnɔme nyui siwo mele srɔ̃wò si o nanɔ dziku dom na wo teƒe la, srɔ̃ ale si nàkpɔ ŋudzedze ɖe nɔnɔme nyui siwo le esi fifia la ŋu ahana woado dzidzɔ na wò.—Nyagb. 9:9.

17, 18. Ne nɔnɔmeawo va sẽ ɖe edzi la, afi kae míate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le?

17 Ne tɔtrɔwo va srɔ̃tɔwo ƒe agbe me la, ate ŋu ahe dodokpɔwo va wo dzi. Nɔnɔme sesẽ geɖewo ate ŋu adze ŋgɔ atsu kple asi ne viwo le wo si. Srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka alo ɖeviawo dometɔ ɖeka ate ŋu adze dɔ vevie. Dzila tsitsiwo ate ŋu ahiã beléle tɔxɛ. Ðevi siwo tsi la ate ŋu aʋu aɖanɔ wo ɖokui si. Teokrasi mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu ahe tɔtrɔ bubuwo hã vɛ. Tɔtrɔ siawo katã ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo kple nuteɖeamedzi va srɔ̃tɔwo dzi.

18 Ne nɔnɔmeawo va sẽ le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me ale gbegbe be miese le mia ɖokui me be ewu tsɔtsɔ na yewo azɔ ɖe, nu kae miate ŋu awɔ? (Lod. 24:10) Migana ta o! Naneke mado dzidzɔ na Satana wu be Mawu subɔla aɖe naɖe asi le tadedeagu dzadzɛa ŋu o. Agado dzidzɔ nɛ wu gɔ̃ hã ne atsu kple asi ɖe asi le tadedeagua ŋu. Eya ta miwɔ nu sia nu si miate ŋui be miaƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔtɔ anye ka ŋukplaba etɔ̃. Ame siwo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be woto tetekpɔ sesẽwo me hã ŋuti nuŋlɔɖi geɖewo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi la, David ɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na Yehowa be: “Mawu ve nunye, elabena amegbetɔwo [le teyem ɖe anyi].” (Ps. 56:2) Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be “amegbetɔwo” te ye ɖe anyia? Ameteteɖeanyi nuwɔnaa ɖatso ame aɖe si le didiƒe tso gbɔwò alo tsɔ ɖe gbɔwò kpuie gbɔ o, ɖo ŋku edzi be: Ŋusẽ ɖo David ŋu wòte ŋu do dzi, eye wò hã àte ŋui. David gblɔ be: “Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tsoa nye ŋɔdziwo katã me.”—Ps. 34:5.

Yayra Bubuwo

19. Nu kae míawɔ be Satana nagagblẽ nu le mía ŋu o?

19 Le nuwuɣi sia me la, ehiã be srɔ̃tɔwo ‘nayi edzi anɔ akɔ fam na wo nɔewo, eye woanɔ wo nɔewo tum ɖo.’ (1 Tes. 5:11) Mele be miaŋlɔ be o be, Satana tsɔ nya ɖe mía ŋu be ɖokuitɔdidi tae míewɔa nuteƒe na Yehowa ɖo. Ato mɔ ɖe sia ɖe si wòate ŋui la dzi be yeagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me, ne anye míaƒe srɔ̃ɖeɖe dome gbegblẽe gɔ̃ hã. Bene Satana nagagblẽ nu le mía ŋu o la, ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (Lod. 3:5, 6) Paulo ŋlɔ bena: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”—Fp. 4:13.

20. Yayra kawoe dona tsoa nana be Mawu nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe me me?

20 Yayra siwo dona tsoa nana be Mawu nanɔ srɔ̃ɖeɖea me me la sɔ gbɔ ŋutɔ. Esia nye nyateƒe le Joel kple srɔ̃a si wòɖe ƒe 51 sɔŋ ye nye esia la gome. Egblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi ɖe srɔ̃nye kple mía kplii ƒe ɖekawɔwɔ dzidzɔtɔe la ta. Kpeɖeŋutɔ adodoe aɖe ŋutɔe wònye nam.” Nu vevi kae kpe ɖe wo ŋu? Egblɔ be: “Míedzea agbagba ɣesiaɣi be míaɖe dɔmenyonyo, dzigbɔɖi, kple lɔlɔ̃ afia mía nɔewo.” Mía dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe nɔnɔme siawo afia le mɔ deblibo nu le nuɖoanyi sia me o. Ke hã, mina míadze agbagba vevie awɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi eye míana Yehowa nakpɔtɔ anɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ne míewɔe alea la, míaƒe srɔ̃ɖeɖea akpɔtɔ anye “ka ŋukplaba etɔ̃ [si] mate ŋu alã bɔbɔe o.”—Nyagb. 4:12.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae wòfia be ame nana Yehowa nanɔ eƒe srɔ̃ɖeɖe me

• Nu kae wòle be srɔ̃tɔwo nawɔ ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa?

• Nu kawoe ɖenɛ fiana be Mawu le srɔ̃ɖeɖea me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gbedodoɖa ɖekae kpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu wote ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu