Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo

Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo

Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo

“Mawu, wò afɔ netsɔ ɖe ŋunye! Nye xɔnametɔ kple ɖenyela nènye.”—PS. 70:6.

1, 2. (a) Ɣekaɣiwoe Mawu subɔlawo doa gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe yewo ŋu? (b) Biabia kae fɔ ɖe te, eye afi kae míakpɔ ŋuɖoɖoa le?

ESIME srɔ̃nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 23 la dzilawo yi mɔkeke la, nyatakaka va ɖo wo gbɔ be wo vinyɔnua bu womegakpɔe o. Wokpɔe be anye nugbeɖoɖoe. Wofɔ woƒe nuwo enumake heɖo ta aƒe me, eye le ɣeyiɣi mawo katã me la, wonɔ koko ƒom na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Wodo sɔhɛ Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 20 la kpɔ hekpɔe be dɔléle aɖe si ana wòazu lãmetututɔ keŋkeŋ mlɔeba la le eŋu. Ete gbedodoɖa na Yehowa enumake. Ga menɔ vidada dzilaɖekɛ aɖe, si le agbagba dzem be yeakpɔ dɔ aɖe awɔ la, si wòatsɔ aƒle nu woa kple vianyɔnu ƒe 12 vi woaɖu o. Eƒo koko na Yehowa tso dzi blibo me. Ɛ̃, ne dodokpɔ sesẽwo va dze ŋgɔ Mawu subɔlawo la, eyama ŋu koe wotrɔna ɖo hena kpekpeɖeŋu. Ðe nèdo ɣli na Yehowa le nɔnɔme sesẽ aɖe me kpɔa?

2 Esia fɔ biabia vevi aɖe ɖe te: Ðe míate ŋu akpɔ mɔ kakaɖedzitɔe be Yehowa aɖo gbe siwo míedona ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu la ŋua? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo si doa ŋusẽ xɔse la dze le Psalmo 70 lia me. David, ame si nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe, si do go dodokpɔ sesẽ geɖewo eye wòto nɔnɔme sesẽwo me le agbe me lae ŋlɔ psalmo wɔdɔɖeamedzi sia. Gbɔgbɔ ʋã hakpala sia wògblɔ le Yehowa ŋu be: “Mawu, . . . nye xɔnametɔ kple ɖenyela nènye.” (Ps. 70:6) Psalmo 70 lia me dzodzro ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si ta míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo me kple kakaɖedzi blibo be anye míaƒe “Xɔnametɔ.”

‘Xɔnametɔ Nènye’

3. (a) Le Psalmo 70 lia me la, alekee David do ɣli na Yehowa be wòaxɔ na ye kaba? (b) Kakaɖedzi kae David ɖe gblɔ le Psalmo 70 lia me?

3 Le Psalmo 70 lia ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu siaa la, hakpalaa do ɣli na Mawu vevie be wòaxɔ na ye kaba. (Mixlẽ Psalmo 70:2-6.) David ɖe kuku na Yehowa be “netsɔ”; “wò afɔ netsɔ” nàxɔ nam. Le kpukpui 3 va se ɖe 5 me la, David bia nu atɔ̃ aɖewo Yehowa. Nu etɔ̃ gbãtɔ siwo wòbia la ku ɖe ame siwo le didim be yewoawui la ŋu. David bia Yehowa be nena yeƒe futɔawo nado kpo nu, eye wòana ŋu nakpe wo le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Nu eve mamlɛ siwo wòbia le kpukpui 5 lia me la ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti. David do gbe ɖa na Yehowa be wòana ame siwo dina eyama la nakpɔ dzidzɔ eye woadoe ɖe dzi. Le psalmo sia ƒe nuwuwu la, David gblɔ na Yehowa be: “Nye xɔnametɔ kple ɖenyela nènye.” De dzesii be, le afi sia la, menye ɖe David ƒo koko nɔ biabiam be, ‘Xɔ nam dzro,’ o. Ke boŋ ɖe wògblɔ be, ‘Nye xɔnametɔ nènye,’ si ɖe kakaɖedzi si le esi la fia. David ka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe ye ŋu.

4, 5. Nu kawoe míesrɔ̃ tso David ŋu le Psalmo 70 lia me, eye kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si?

4 Nu kawoe Psalmo 70 lia ɖe fia le David ŋu? Esi futɔwo tso ɖe David ŋu heɖoe kplikpaa be yewoaɖe eƒe agbe ɖa la, metee kpɔ be yeakpɔ nyaa gbɔ le ye ɖokui si o. Ke boŋ, eka ɖe edzi be Yehowa atso ɖe yeƒe futɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi ahawɔ ɖe wo ŋu ale si wòdii. (1 Sam. 26:10) David yi edzi ka ɖe edzi bliboe be Yehowa xɔna na ame siwo dinɛ eye wòkpena ɖe wo ŋu. (Heb. 11:6) David xɔ edzi se be susu geɖewo li siwo ta wòle be tadeagula vavã mawo tɔgbi nakpɔ dzidzɔ ahado Yehowa ɖe dzi to eƒe gãnyenye ŋuti nya gbɔgblɔ na amewo me.—Ps. 5:12; 35:27.

5 Abe David ene la, kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si be Yehowa nye míaƒe Kpeɖeŋutɔ kple “Xɔnametɔ.” Eya ta ne míele dodokpɔ sesẽwo me tom alo míekpɔe be míehiã kpekpeɖeŋu vevie la, esɔ be míado gbe ɖa na Yehowa be eƒe afɔ netsɔ wòaxɔ na mí. (Ps. 71:12) Gake aleke Yehowa aɖo gbe si míado ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu la ŋui? Hafi míadzro mɔ siwo dzi Yehowa ate ŋu ato akpe ɖe mía ŋu me la, mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi wòto xɔ na David, esime wòkpe ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽwo me la me.

Eɖee Le Futɔwo Si Me

6. Nu kae kpe ɖe David ŋu wònya be Yehowa xɔna na ame dzɔdzɔewo?

6 Biblia me nuŋlɔɖi siwo nɔ anyi ɣemaɣi la kpe ɖe David ŋu wònya be ame dzɔdzɔewo ate ŋu aka ɖe Yehowa dzi be akpe ɖe yewo ŋu. Esime Yehowa he Tsiɖɔɖɔ va xexe mavɔ̃mawu aɖe dzi la, ekpɔ Noa kple eƒe ƒome vɔ̃mawu la ƒe agbe ta. (1 Mose 7:23) Esime Yehowa na dzo kple aŋɔ dza kɔ ɖe Sodom kple Gomora me tɔ vɔ̃ɖiawo dzi la, ekpe ɖe ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnu eveawo ŋu wotsi agbe. (1 Mose 19:12-26) Esime Yehowa tsrɔ̃ Farao dadala la kple eƒe aʋakɔa le Ƒu Dzĩa me la, Ekpɔ eƒe amewo ta, eye wòkpe ɖe wo ŋu heɖe wo tso ku dziŋɔ ma me. (2 Mose 14:19-28) Ekema, ɖe wòwɔ nuku be David do Yehowa ɖe dzi le psalmo bubu me be enye ‘xɔname ƒe Mawua’?—Ps. 68:21.

7-9. (a) Susu ka koŋ tae David te ŋu ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ameɖeŋusẽ ŋu? (b) Ame kae David tsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔa ŋuti kafukafu na?

7 Susu aɖe koŋ nɔ David ŋutɔ si si tae wòɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ ŋu bliboe ɖo. Nu siwo me David ŋutɔ to na wòkpɔe be Yehowa ƒe “abɔ mavɔwo” ate ŋu axɔ na ame siwo subɔnɛ. (5 Mose 33:27) Yehowa ɖe David zi gbɔ zi geɖe tso ‘futɔ nyanyrawo’ si me. (Ps. 18:18-20, 49) Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa.

8 Esime Israel nyɔnuwo te David kafukafu ɖe eƒe kalẽwɔwɔ le aʋawɔwɔ me ta la, Fia Saul va ʋã ŋu David vevie ale gbegbe be wòda akplɔe zi eve sɔŋ. (1 Sam. 18:6-9) David de axa na akplɔ biɖoe la zi evea siaa. Ðe wònye esi ŋutete le David si be wòate ŋu adzo kpo kaba kple ale si wòbi ɖe aʋawɔwɔ me tae wòte ŋu de axa na akplɔa? Ao. Biblia me nuŋlɔɖia gbɔ be “Yehowa li kplii.” (Mixlẽ 1 Samuel 18:11-14.) Emegbe esime Saul ƒe nugbeɖoɖo ɖe David ŋu be Filistitɔwo nawui medze edzi o la, ‘Saul kpɔe dze sii be, Yehowa li kple David.’—1 Sam. 18:17-28.

9 Ame kae David tsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔa ŋuti kafukafu na? Psalmo 18:1 gblɔ be David “gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso . . . Saul si me.” David ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ le hadzidzi me, hegblɔ be: “Yehowa, nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso.” (Ps. 18:3) Ðe medoa ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ be míanyae be ŋutete le Yehowa si be wòaxɔ na eƒe amewo oa?—Ps. 35:10.

Elée Ðe Te Le Dɔléba Dzi

10, 11. Nu kae kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si me David dze dɔ abe ale si woƒo nu tso eŋu le Psalmo 41 lia me ene?

10 Fia David va dze dɔ vevie ɣeaɖeɣi, abe ale si woƒo nu tso eŋu le Psalmo 41 lia me ene. David va tsi dɔléba dzi hena ɣeyiɣi aɖe, eye dɔa nu sẽ ale gbegbe be ewɔ na eƒe futɔ aɖewo be “magafɔ akpɔ o.” (Kpukpui 8, 9) Ɣekaɣie dɔ sesẽ ma dze David dzi? Nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tso le psalmo sia me ate ŋu aku ɖe nuteɖeamedzi ƒe ɣeyiɣi aɖe si me David to le agbe me esime viaŋutsu Absalom nɔ didim be yeaxɔ fianyenyea le esi la ŋu.—2 Sam. 15:6, 13, 14.

11 Le kpɔɖeŋu me, David ƒo nu tso exɔlɔ̃ vevi aɖe si ɖua abolo kplii ŋu be, eva zu ye gɔme zɔla. (Kpukpui 10) Ðewohĩ esia na míeɖo ŋku nane si dzɔ ɖe David dzi la dzi. Le Absalom ƒe aglãdzeɣia la, David ƒe aɖaŋuɖola, Axitofel, si dzi wòka ɖo la va zu egɔmezɔla eye wòwɔ ɖeka kple Absalom le aglãdzedze ɖe fiaa ŋu me. (2 Sam. 15:31; 16:15) Wò ya kpɔe ɖa le susu me be fia lae nye ema, si dɔléle gba lãme na wòtsi aba dzi eye ŋusẽ aɖeke mele eŋu wòatso gɔ̃ hã o, evɔ wònya be nugbeɖolawo sɔŋ koe ƒo xlã ye hele yeƒe ku dim ale be yewoate ŋu ana yewoƒe tameɖoɖo vɔ̃wo nava eme.—Kpukpui 6.

12, 13. (a) Kakaɖedzinya kae David gblɔ? (b) Alekee Mawu anya do ŋusẽ David?

12 David ƒe ŋuɖoɖo ɖe “Xɔnametɔ” la ŋu me megbɔdzɔ o. David gblɔ be ne mawusubɔla wɔnuteƒe aɖe le dɔ lém la: “Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi. Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔ ba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aba dzi nɔnɔ bubui.” (Ps. 41:2, 4) De dzesii le afi sia hã be David gblɔ kakaɖedzitɔe be “Yehowa akpe ɖe eŋu.” David ka ɖe edzi be Yehowa axɔ nɛ. Alekee?

13 David mekpɔ mɔ be Yehowa ato nukumɔ aɖe dzi aɖe eƒe dɔlélea ɖa o. Ke boŋ kakaɖedzi nɔ David si be “Yehowa akpe ɖe eŋu,” si fia be, alée ɖe te ahado ŋusẽe le dɔbaa dzi. Ðikeke mele eme o be David ŋutɔ hiã kpekpeɖeŋu ma. To vovo na dɔléle si na ɖeɖi te eŋu la, futɔ siwo le nya vɔ̃wo gblɔm tso eŋu la sɔŋue ƒo xlãe. (Kpukpui 6, 7) Anɔ eme be Yehowa do ŋusẽ David to nana be wòaɖo ŋku akɔfanya aɖewo dzi me. Eɖe dzesi ŋutɔ be David gblɔ be: “Èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta.” (Kpukpui 13) Nu bubu si hã anya do ŋusẽ David ye nye ŋkuɖoɖo edzi be Yehowa bua ye ame maɖifɔe togbɔ be dɔlélea na yegbɔdzɔ, eye yeƒe futɔwo nɔ nya vɔ̃wo gblɔm ɖe ye ŋu hã. David va haya mlɔeba. Ðe nyanya be Yehowa ate ŋu alé ame siwo le dɔ lém ɖe te la medea dzi ƒo na mí ŋutɔ oa?—2 Kor. 1:3.

Ekpɔ Eƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Nɛ

14, 15. Ɣekaɣie hiã va tu David kple eƒe amewo vevie, eye afi kae wokpɔ kpekpeɖeŋu tso?

14 Esime David zu Fia ɖe Israel dzi la, ete ŋu se vivi le nuɖuɖu kple nunono nyuitɔwo kekeake me, eye wòte ŋu kpe ame bubuwo wova ɖu nu kplii gɔ̃ hã. (2 Sam. 9:10) Ke hã, David to hiãkame hã me. Esime via Absalom dze aglã heɖo nugbe be yeaxɔ fianyenyea le esi la, David kple ame siwo le eƒe akpa dzi la si dzo le Yerusalem. Wosi yi Gilead nyigba, si le Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome la dzi. (2 Sam. 17:22, 24) Esi nɔnɔmea ƒoe ɖe David kple eƒe amewo nu be woazu sisilawo ta la, nuɖuɖu kple nunono va hiã wo vevie, eye ɖeɖi hã va te wo ŋu belibeli. Ke afi kae woakpɔ nu siwo hiã wo la tso le gbedadaƒo afi ma?

15 Mlɔeba la, David kple eƒe amewo va ɖo Maxanayim du la me. Wodo go ŋutsu dzinɔameƒotɔ etɔ̃ aɖewo le afi ma, siwo ŋkɔe nye: Sobi, Maxir, kple Barzilai. Wolɔ̃ faa be yewoatsɔ yewoƒe agbe ade afɔku me be yewoakpe ɖe fia si Mawu ŋutɔ tia la ŋu, elabena ɖikeke mele eme o be, ne Absalom te ŋu xɔ fianyenyea la, ahe to na ame sia ame si na kpekpeɖeŋu David la vevie. Esi ŋutsu wɔnuteƒe etɔ̃ siawo kpɔ nɔnɔme sesẽ si me David kple eƒe amewo nɔ la, wotsɔ abawo, lu, ƒo, bli tɔtɔe, gbagbayi, atiyi, anyitsi, notsi kpẽke, kple alẽwo va na wo. (Mixlẽ 2 Samuel 17:27-29.) Ŋutsu etɔ̃ siawo ƒe nuteƒewɔwɔ kple amedzrowɔwɔ si tɔgbi mebɔ o la anya wɔ dɔ ɖe David dzi ŋutɔ. David mate ŋu aŋlɔ woƒe nuwɔna sia be gbeɖe o.

16. Ame ka koŋ ye kpɔ David kple eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo?

16 Gake ame ka koŋ ye kpɔ David kple eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo? David ka ɖe edzi be Yehowa léa be na eƒe amewo. Yehowa ate ŋu aʋã esubɔla bubuwo be wòakpe ɖe hati tadeagula aɖe si ɖo hiã me la ŋu. Esi David de ŋugble tso nu sia si dzɔ le Gilead nyigba dzi ŋu la, ɖikeke mele eme o be, ekpɔe be dɔmenyonyo si ŋutsu etɔ̃ mawo ɖe fia la nye Yehowa ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe. Le David ƒe agbe ƒe nuwuwu lɔƒo la, eŋlɔ bena: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi [eya ŋutɔ hã le eme], eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Ps. 37:25) Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme kpɔ gbeɖe oa?—Lod. 10:3.

“Yehowa Nya Ale Si Wòaɖe Ame”

17. Nu ka dzie Yehowa ɖo kpe zi gbɔ zi geɖe?

17 Mawusubɔla geɖe siwo Yehowa zu xɔnametɔ na le blema la dometɔ ɖeka koe David nye. Tso David ƒe ɣeyiɣiawo me va ɖo fifia la, Mawu ɖo kpe apostolo Petro ƒe nya siwo gbɔna la ƒe nyateƒenyenye dzi zi gbɔ zi geɖe, be: “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.” (2 Pet. 2:9) Mina míakpɔ kpɔɖeŋu eve bubuwo ɖa.

18. Alekee Yehowa xɔ na eƒe amewo le Xizkiya ƒe ŋkekea me?

18 Esi Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ sesẽ la ho ɖe Yuda duwo ŋu hedo ŋɔdzi na Yerusalemtɔwo le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, Fia Xizkiya do gbe ɖa be: “Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò [Yehowa] ɖeɖe koe nye [Mawu].” (Yes. 37:20) Xizkiya ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe bubu koŋ ŋue yetsi dzi ɖo. Yehowa ɖo gbe sia si wòdo ɖa tso dzi blibo me la ŋu. Le zã ɖeka pɛ ko me la, mawudɔla ɖeka pɛ wu Asiriatɔ 185,000 sɔŋ tsɔ xɔ na Yehowa subɔla wɔnuteƒeawo.—Yes. 37:32, 36.

19. Nuxlɔ̃ame ka dzi wɔwɔe na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo te ŋu si le afɔku nu?

19 Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ena nuxlɔ̃ame nyagblɔɖi aɖe si aɖe vi na eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yudea. (Mixlẽ Luka 21:20-22.) Ƒe blananewo va yi, gake le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yudatɔwo ƒe aglãdzenuwɔna aɖe wɔe be Roma srafowo ho ɖe Yerusalem ŋu. Aʋakɔ sia si nɔ Cestius Gallus ƒe kpɔkplɔ te la te ŋu va gbã gbedoxɔa ƒe gli ƒe akpa aɖe, eye kasia wogatrɔ dzo le vome. Esi Kristotɔ wɔnuteƒewo de dzesii be esia nye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoasi le tsɔtsrɔ̃ si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi la nu ta la, wosi yi towo dzi. Roma ʋakɔa gatrɔ va le ƒe 70 M.Ŋ. me. Fifia ya, womegatrɔ dzo o, eye wotsrɔ̃ Yerusalem keŋkeŋ. Kristotɔ siwo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi la te ŋu si le tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ ma nu.—Luka 19:41-44.

20. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nye míaƒe “Xɔnametɔ”?

20 Ŋugbledede tso kpeɖodzi siwo li be Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu la ŋu doa ŋusẽ míaƒe xɔse ale gbegbe. Nu siwo wòwɔ le blema la nana míekana ɖe eyama dzi bliboe. Kuxi kawo ke me tom míele fifia, alo ekawo mee míava to le etsɔme o, míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa nye míaƒe “Xɔnametɔ.” Gake alekee Yehowa axɔ na mí? Ke ame siwo ŋu míeƒo nu tso le ŋgɔdonyaa me ya ɖe? Alekee nuwo va yi na woe? Mina míakpɔe ɖa le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Kakaɖedzi kae Psalmo 70 lia na mí?

• Alekee Yehowa lé David ɖe te le dɔléba dzi?

• Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yehowa ate ŋu aɖe eƒe amewo tso woƒe futɔwo si me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa ɖo Xizkiya ƒe gbedodoɖaa ŋu