Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Míaƒe “Xɔnametɔ”

Yehowa Nye Míaƒe “Xɔnametɔ”

Yehowa Nye Míaƒe “Xɔnametɔ”

“Yehowa dea wo dzi, eye wòɖea wo.”—PS. 37:40.

1, 2. Yehowa ŋuti nyateƒe matrɔmatrɔ kae nye akɔfafa kpakple ŋusẽ tsoƒe na mí?

VƆVƆLI siwo ɣea ƒe keklẽ ɖe nuwo dzi nana míekpɔna la menɔa teƒe ɖeka ɖaa o. Esi anyigbaa nya le zɔ ɖem ko la, vɔvɔliawo nɔa zɔ ɖem henɔa tɔtrɔm. Gake anyigba kple ɣea Wɔla ya metrɔna o. (Mal. 3:6) Biblia gblɔ be: “Eyama metrɔna abe vɔvɔli ene o.” (Yak. 1:17) Nyateƒenya matrɔmatrɔ sia nyanya tso Yehowa ŋu nyea akɔfafa kpakple ŋusẽ tsoƒe vavã na mí, vevietɔ ne míele tetekpɔwo kple kuxi sesẽwo me tom. Nu ka tae?

2 Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa ɖee fia be yenye “Xɔnametɔ” le Biblia ŋlɔɣiwo. (Ps. 70:6) Esi wònye ame si metrɔna o, eye wòwɔa eƒe nyawo dzi ta la, esubɔla siwo li egbea ate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ‘Yehowa ade yewo dzi, eye wòaɖe yewo.’ (Ps. 37:40) Alekee Yehowa ɖe esubɔlawo le míaƒe ŋkekea me? Alekee wòate ŋu aɖe mí ame ɖekaɖekawoe?

Ðeɖekpɔkpɔ Tso Futɔwo Si Me

3. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be tsitretsiɖeŋulawo mate ŋu ana Yehowa ƒe amewo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia o?

3 Tsitretsiɖeŋu ɖe sia ɖe si Satana ahe va Yehowa Ðasefowo dzi la dometɔ aɖeke mate ŋu ana woadzudzɔ tadedeagu si Yehowa ɖeka ko dze na la tsɔtsɔ nɛ o. Mawu ƒe Nya la na kakaɖedzi mí be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu.” (Yes. 54:17) Futɔwo tee kpɔ zi geɖe be yewoana Mawu ƒe amewo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wode wo si la wɔwɔ, gake ɖeko wodo kpo nu. Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo ɖa.

4, 5. Yometiti ka mee Yehowa ƒe amewo to le ƒe 1918 me, eye nu kae do tso eme?

4 Le ƒe 1918 me la, subɔsubɔhakplɔlawo na wohe yometiti geɖe va Yehowa ƒe amewo dzi bene woatsɔ atsi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu. Le May 7 lia dzi la, United States dziɖuɖua de se be woalé J. F. Rutherford, si nɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm ɣemaɣi la kple ame bubu siwo nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã la. Le ɣleti eve me la, wobu fɔ Nɔviŋutsu Rutherford kple eƒe zɔhɛawo madzemadzee be wonye nugbeɖolawo, eye woka ƒe gbogbo aɖewo na wo be woatsɔ anɔ gaxɔ me. Ðe esia fia be tsitretsiɖeŋulawo kpɔ dzidzedze le ʋɔnudrɔ̃lawo zazã atsɔ atsi gbeƒãɖeɖedɔa nu ɖikaa mea? Kura o!

5 Ðo ŋku ŋugbe si Yehowa do dzi: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” Nuwo va trɔ nukutɔe. Le March 26, 1919 dzi, si nye ɣleti asieke le Nɔviŋutsu Rutherford kple eƒe zɔhɛawo léle vɔ megbe la, woda megbe na wo, eye woɖe wo le gaxɔa me. Le ƒe 1920, si nye ƒe si kplɔe ɖo, ƒe May 5 lia dzi la, wote fli ɖe nutsotso siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la me. Nɔviawo wɔ ablɔɖe sia ŋu dɔ tsɔ de dzo Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ me. Nu kae do tso eme? Dzidziɖedzi wɔnuku aɖe ŋutɔ te vava tso ɣemaɣi! Esiawo katã ŋuti kafukafua yi na míaƒe “Xɔnametɔ” la.—1 Kor. 3:7.

6, 7. (a) Aʋa kae woho ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Nazi Germany, eye nu kae do tso eme? (b) Nyateƒenya ka dzie egbegbe Yehowa ƒe amewo ƒe ŋutinya ɖo kpe?

6 Azɔ mina míakpɔ kpɔɖeŋu evelia ɖa. Le ƒe 1934 me la, Hitler ka atam be yeabu mo na Yehowa Ðasefowo keŋkeŋ le Germany. Eye enye nu si wòɖo kplikpaa be yeawɔ hã. Eteƒe medidi o, ame gbogbo aɖewo léle kple wo dede gaxɔ me dze egɔme. Wowɔ fu Ðasefo akpe geɖe, eye wowu wo dometɔ alafa geɖewo le fuwɔamesaɖawo me. Ðe Hitler te ŋu kpɔ dzidzedze le eƒe agbagbadzedze be yeaɖe Ðasefowo ɖa keŋkeŋ mea? Ðe wòte ŋu tɔ te gbeƒãɖeɖe nya nyuia le Germany keŋkeŋua? Gbeɖe! Le yometiti sesẽ mawo me la, mía nɔviwo yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le adzame. Esi Nazi dziɖuɖua va dze anyi mlɔeba la, wowɔ ablɔɖe si su wo si azɔ la ŋu dɔ tsɔ yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Egbea la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 165,000 sɔŋ ye le Germany. Le go sia me hã la, míaƒe “Xɔnametɔ” la gawɔ ɖe ŋugbe si wòdo be, “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o” la dzi.

7 Egbegbe Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi be Yehowa maɖe mɔ woatsrɔ̃ eƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo blibo la ɖa gbeɖe o. (Ps. 116:15) Ke mí ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Alekee Yehowa xɔna na mía dometɔ ɖe sia ɖe?

Ke Mía Ta Kpɔkpɔ Tso Afɔkuwo Me Ya Ðe?

8, 9. (a) Alekee míewɔ nya be Yehowa maɖe mí tso afɔkuwo me godoo ɣesiaɣi fifia o? (b) Nyateƒenya ka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo?

8 Yehowa medo ŋugbe na mí be yeakpɔ mía dome ame ɖekaɖekawo ta tso afɔkuwo me ɣesiaɣi fifia o. Nukpɔsusu si nɔ Hebrivi nuteƒewɔla etɔ̃ siwo gbe be yewomade ta agu na Fia Nebukadnezar ƒe sikalegba o si la kee nɔa míawo hã si. Ðekakpui mawuvɔ̃la mawo megblɔ be Yehowa akpɔ yewo ta tso afɔku me nukutɔe godoo o. (Mixlẽ Daniel 3:17, 18.) Gake eva dzɔ be Yehowa ɖe wo tso kpodzo bibi la me. (Dan. 3:21-27) Ke hã, le Biblia ŋlɔɣiwo kura gɔ̃ hã la, ƒãa hafi Yehowa ɖea eƒe amewo tso afɔku me nukutɔe. Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo ku le futɔwo si me.—Heb. 11:35-37.

9 Ke egbea ya ɖe? Esi Yehowa nye “Xɔnametɔ” ta la, kakaɖedzi li be ate ŋu aɖe ame tso afɔku me. Ðe míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be Yehowae ɖe ame le nudzɔdzɔ aɖe koŋ me egbea loo, alo menye eya ye oa? Ao. Ke hã, ate ŋu adzɔ be ame aɖe si te ŋu do le afɔku aɖe me la nase le eɖokui me be Yehowae ɖe ye. Anye nugbɔmewɔwɔ be ame bubuwo nabu fɔ ame si se le eɖokui me nenema. Gake ele be míalɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi be Kristotɔ wɔnuteƒe geɖewo ku le yometiti me, abe ale si wònɔ le Nazi dziɖuɖua te ene. Bubuwo hã ku le afɔku dziŋɔwo me. (Nyagb. 9:11) Míate ŋu abia be, ‘Ðe Yehowa mete ŋu nye “Xɔnametɔ” na nuteƒewɔla siwo ku kukpo oa?’ Mate ŋu anɔ nenema gbeɖe o.

10, 11. Nu ka tae amegbetɔ mete ŋu kpea ku dzi o, gake nu kae Yehowa ya ate ŋu awɔ tso eŋu?

10 Bu nya sia ŋu kpɔ: Amegbetɔ mete ŋu kpea ku dzi o, elabena ame aɖeke mate ŋu ‘aɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe,’ alo Hades, si nye ameƒomea ƒe yɔdo la, si me o. (Ps. 89:49) Ke Yehowa ya ɖe? Nɔvinyɔnu aɖe si tsi agbe le Nazi dziɖuɖua ƒe fuwɔamea me la ɖo ŋku nya si dadaa, si hã nye Ðasefo la gblɔ tsɔ fa akɔ nɛ ɖe nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo ku le fuwɔamesaɖawo me la dzi be: “Ne ku ate ŋu aɖe aboyo ame ɖikaa la, ke ɖe ema mafia be esesẽ wu Mawu oa?” Kakaɖedzitɔe la, ku mate ŋu asẽ ŋu wu ŋusẽkatãtɔ si nye Agbedzɔƒe la gbeɖe o! (Ps. 36:10) Yehowa aɖo ŋku ame siwo katã le tsiẽƒe la dzi, eye aɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe.—Luka 20:37, 38; Nyaɖ. 20:11-14.

11 Ke hã, Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔla wɔnuteƒe siwo li egbea. Azɔ mina míadzro mɔ etɔ̃ aɖewo siwo nu wònyea “Xɔnametɔ” na mí le vavã la me kpɔ.

Ametakpɔkpɔ Le Gbɔgbɔ Me

12, 13. Nu ka tae mía ta kpɔkpɔ le gbɔgbɔ me le vevie wu, eye alekee Yehowa naa takpɔkpɔ ma mí?

12 Yehowa kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me, si nye ametakpɔkpɔ si le vevie wu. Esi míenye Kristotɔ vavãwo ta la, míenya be nu bubu aɖe li si le vevie wu agbe si míele fifia. Míaƒe nu vevitɔ kekeakee nye mía kple Yehowa dome ƒomedodoa. (Ps. 25:14; 63:4) Ƒomedodo sia manɔmee la, gɔmesese boo aɖeke manɔ agbe si míele fifia ŋu o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si ɖe etsɔme ŋu o.

13 Dzidzɔtɔe la, Yehowa naa nu sia nu si míehiã bene míate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii la mí. Eƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, kple eƒe xexea me katã ƒe hame la li hena míaƒe kpekpeɖeŋu. Alekee miawɔ be nu siawo naɖe vi na mí bliboe? To eƒe Nya la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe edziedzi me la, míado ŋusẽ míaƒe xɔse ahana míaƒe mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi. (Rom. 15:4) To eƒe gbɔgbɔa biabia tso dzi blibo me le gbedodoɖa me dzi la, míaxɔ kpekpeɖeŋu si hiã bene míate ŋu aɖu nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo dzi. (Luka 11:13) To wɔwɔ ɖe mɔfiame siwo kluvi ƒe ha la nana to Biblia srɔ̃gbalẽwo kpakple míaƒe kpekpewo, kple takpekpewo dzi dzi la, míaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Mat. 24:45) Nu siawo kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me, eye wokpena ɖe mía ŋu be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu.—Yak. 4:8.

14. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe ale si Yehowa kpɔa ame ta le gbɔgbɔ mee ƒe vevienyenye fia.

14 Be míate gbe ɖe gbɔgbɔmetakpɔkpɔ sia dzi la, mina míatrɔ susu ɖe dzila siwo ŋu mieƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ ƒe ŋgɔdonya me la ŋu. Ŋkeke ʋɛ aɖewo le wo via, si ŋkɔe nye Theresa, ƒe bubu ŋuti nyaa sese megbe la, woxɔ nyatakaka gbãdziname sia be ɖe wowui. * Vifofoa gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ eta. Malɔ̃ ɖe edzi be esi míeva nya be ɖe wowui la, mebia ɖokuinye gbã be nu ka tae Yehowa mese nye gbedodoɖawo o. Gake menyae be Yehowa medo ŋugbe be yeakpɔ ye subɔla ɖekaɖekawo ta tso afɔku me nukutɔe ɣesiaɣi o. Meyi edzi nɔ gbe dom ɖa bene gɔmesese geɖe wu nasu asinye. Meva kpɔ akɔfafa tso nyanya be Yehowa kpɔa eƒe amewo ta le gbɔgbɔ me, si nye ale si wònaa nu siwo míehiã bene míakpɔtɔ anɔ ƒomedodo nyui me kplii la mí, me. Takpɔkpɔ sia le vevie wu ɖe sia ɖe, elabena ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme mavɔ dzi. Le gɔmesese ma nu la, Yehowa kpɔ Theresa ta, elabena enɔ esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe esime wòku. Nyanya be Yehowa ava fɔe ɖe tsitre le etsɔme nana nye susu me dzea akɔ anyi.”

Mía Léle Ðe Te Le Dɔléɣiwo

15. Mɔ kawo nue Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ne míedze dɔ vevie?

15 Yehowa ate ŋu alé mí ɖe te “le dɔ ba dzi,” abe ale si wòwɔe na David ene. (Ps. 41:4) Togbɔ be Yehowa medaa dɔ na mí nukutɔe le egbeŋkekeawo me tsɔ ɖea mí o hã la, ekpena ɖe mía ŋu. Alekee? Gɔmeɖose siwo le eƒe Nya la me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo le atikewɔwɔ kple nu bubuwo gome. (Lod. 2:6) Míate ŋu akpɔ nyatakaka kple aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe mía ŋu la le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nyati siwo ƒo nu tso míaƒe dɔlélea ŋu me. Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔa dzi ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la” mí be míatsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu ahalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o. (2 Kor. 4:7) Kpekpeɖeŋu sia ana míatsi dzi ɖe dɔlélea ŋu fũu akpa ale gbegbe be míaƒe susu nava dzo le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi o.

16. Alekee nɔviŋutsu aɖe wɔ te ŋu nɔ te ɖe dɔléle nu?

16 Èɖo ŋku nɔviŋutsu sɔhɛ si ŋu míeƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ ƒe ŋgɔdonya me la dzia? Le ƒe 1998 me la, wode dzesi lãmetutudɔ vɔ̃ɖi aɖe le eŋu (amyotrophic lateral sclerosis, alo sclérose latérale amyotrophique), si na wòva tu keŋkeŋ mlɔeba. * Alekee wòwɔ te ŋu nɔ te ɖe eƒe dɔlélea nu? Egblɔ be: “Nyanya be ku koe ava xɔm tso dɔléle sia si me na meto vevesese kple nuteɖeamedzi ƒe ɣeyiɣiwo me. Ɣesiaɣi si nu te ɖe dzinye vevie la, medoa gbe ɖa na Yehowa be wòana nu etɔ̃m: dzidzeme, dzigbɔɖi, kple dzidodo. Mekpɔe be Yehowa ɖo nye gbedodoɖa mawo ŋu. Dzidzeme kpe ɖe ŋunye medea ŋugble tso akɔfanamenuwo, abe ale si mava nɔ agbe le xexe yeyea me esime mate ŋu azɔ azɔli, aɖu nu viviwo, eye magate ŋu aɖo dze kple nye ƒometɔwo ake ŋu. Dzigbɔɖi kpe ɖe ŋunye mete ŋu kpe akɔ kple nye lãmetutudɔa ŋuti kuxiwo kple fuɖenamewo. Dzidodo kpe ɖe ŋunye melé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye nyemegbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o. Mese le ɖokuinye me be Yehowa lém ɖe te le dɔba dzi vavã abe ale si wòwɔe na David ene.”—Yes. 35:5, 6.

Míaƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ Na

17. Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na mí, eye alekee wòle be míase ŋugbedodo sia gɔme?

17 Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí. (Mixlẽ Mateo 6:33, 34 kple Hebritɔwo 13:5, 6.) Esia mefia be míanɔ anyi ade asi atame, alo agbe dɔwɔwɔ eye ŋutilãmenuhiahiãwo asu mía si o. (2 Tes. 3:10) Nu si ŋugbedodo sia fiae nye be: Ne míele Mawu Fiaɖuƒea dim gbã le míaƒe agbe me, eye míedi vevie be míakpɔ dɔ awɔ la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míakpɔ agbemenuhiahiã veviwo. (1 Tes. 4:11, 12; 1 Tim. 5:8) Ate ŋu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí le mɔ si míele mɔ kpɔm na o nu, ɖewohĩ to haxɔsetɔ aɖe si va na nane mí loo, alo di dɔ aɖe na mí la dzi.

18. Gblɔ nudzɔdzɔ aɖe si ɖee fia be Yehowa ate ŋu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí le hiãɣi.

18 Èɖo ŋku vidada dzilaɖekɛ si ŋu míeƒo nu tso le nyati gbãtɔa ƒe ŋgɔdonyaa me la dzia? Esi woa kple via nyɔnuvi sue la woʋu yi nuto bubu me la, dɔwɔɖuikpɔkpɔ nɔ sesẽm nɛ. Egblɔ be: “Medea gbeadzi ŋdimewo, eye mezãa ɣetrɔwo tsɔ nɔa dɔwɔɖui dim. Meɖo ŋku nane si dzɔ gbe ɖeka esi meyi fiase aɖe me be maɖaƒle nyinotsi la dzi. Metɔ heɖe ŋku ɖe amagbe kple detsiƒonu siwo le afi ma la sẽe, gake ga menɔ asinye maƒle ɖeke o. Nye nu mewɔ nublanui na ɖokuinye le agbe me nenema gbegbe kpɔ o. Gake kaka magbɔ va aƒe me gbe ma gbe la, mekpɔ be wotsɔ akplo geɖe siwo yɔ fũu kple amagbe kple detsiƒonu vovovowo la va da ɖe akpata si le nye xɔa godo la me. Wosɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu azã wo hena ɣleti geɖe. Ðeko aɖatsi ge le mo nam, eye meda akpe na Yehowa.” Eteƒe medidi o, nɔvinyɔnu sia va nya be nɔviŋutsu aɖe si le woƒe hamea me, si dea nu siawo ƒe agble le eƒe abɔ me lae tsɔ wo va na ye. Eŋlɔ lɛta nɛ emegbe be: “Togbɔ be meda akpe na wò geɖe ŋutɔ gbe ma gbe hã la, meda akpe na Yehowa hã be ezã wò dɔmenyonyoa tsɔ ɖo ŋku lɔlɔ̃ si le esi nam la dzi nam.”—Lod. 19:17.

19. Kakaɖedzi kae anɔ Yehowa subɔlawo si le xaxa gã la me, eye nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ fifia?

19 Eme kɔ ƒãa be nu siwo Yehowa wɔ le Biblia ŋlɔɣiwo kple le míaƒe ŋkekeawo me siaa na míekpɔ susu siwo ta wòle be míaka ɖe edzi be eyae nye míaƒe Kpeɖeŋutɔ. Eteƒe madidi o, ne xaxa gã la va Satana ƒe xexea dzi la, míahiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Ke hã, Yehowa subɔlawo ate ŋu atsɔ kakaɖedzi blibo akpɔ esi nu. Woate ŋu afɔ woƒe tawo ɖe dzi ahakpɔ dzidzɔ le esi wonyae be yewoƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo ta. (Luka 21:28) Gake nɔnɔme sesẽ kawo ke me míato fifia o, mina míaɖoe kplikpaa aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple kakaɖedzi blibo be mía Mawu si metrɔna gbeɖe o la nye míaƒe “Xɔnametɔ” vavã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Tenɔnɔ Ðe Afɔku Gbãdziname Aɖe Nu,” si dze le July 22, 2001 ƒe yevugbe me Nyɔ! ƒe axa 19-23.

^ mm. 16 Kpɔ nyati si nye “Nye Xɔse Lém Ðe Te Le Akɔkpekpe Kple Lãmetutudɔ Vɔ̃ɖi Aɖe Me,” si dze le January 2006, ƒe yevugbe me Nyɔ! me, axa 25-29.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Alekee Yehowa ate ŋu axɔ na ame siwo ku kukpo la?

• Nu ka tae gbɔgbɔmetakpɔkpɔ le vevie wu ɖe sia ɖe?

• Nu kae ŋugbe si Yehowa do be yeakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí la fia?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Woɖe asi le Nɔviŋutsu Rutherford kple eƒe zɔhɛ siwo wolé le ƒe 1918 me la ŋu, eye wote fli ɖe nutsotso siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yehowa ate ŋu alé mí ɖe te le ‘dɔba dzi’