Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yesu—De Ta Agu Na Mawu Le Mɔ Si Dzea Eŋu Nu

Srɔ̃ Yesu—De Ta Agu Na Mawu Le Mɔ Si Dzea Eŋu Nu

Srɔ̃ Yesu—De Ta Agu Na Mawu Le Mɔ Si Dzea Eŋu Nu

Mawu le amewo katã kpem “tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me” lɔlɔ̃tɔe be woade ta agu na ye. (Nyaɖ. 7:9, 10; 15:3, 4) Ame siwo lɔ̃ ɖe amekpekpe sia dzi la ate ŋu “[akpɔ] Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku.” (Ps. 27:4; 90:17) Abe hakpalaa ke ene la, wokɔa woƒe gbe dzi kafua Mawu gblɔna be: “Mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo ɖe Yehowa, mía wɔla, ŋku me!”—Ps. 95:6.

Tadedeagu Si Ŋu Yehowa De Asixɔxɔ Ŋutɔ

Esi Yesu nye Mawu ƒe Tenuvi ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe su esi wòsrɔ̃ Fofoa ƒe nuŋububu, gɔmeɖosewo, kple dzidzenuwo. Eya ta Yesu ate ŋu afia tadedeagu vavãtɔ la ame bubuwo kakaɖedzitɔe. Egblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—Yoh. 1:14; 14:6.

Yesu ɖo toɖoɖo Fofoa ɖokuibɔbɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Egblɔ be: “Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o; ke boŋ ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna.” Egblɔ kpee be: “Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” (Yoh. 8:28, 29) Mɔ kawo nue Yesu wɔ nu siwo dzea Fofoa ŋu le?

Gbã la, Yesu tsɔ eɖokui na Fofoa bliboe, si nye nu si koŋ tadedeagu na Mawu lɔ ɖe eme. Yesu ɖe eɖokuitsɔtsɔ na Fofoa bliboe fia to toɖoɖoe, Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, ne esia abia tso esi be wòato nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã, me. (Fp. 2:7, 8) Yesu ƒe tadedeagu na Mawu ƒe akpa vevi aɖee nye nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si wòwɔ atraɖii ale gbegbe be ame siwo xɔ edzi se kple ame siwo mexɔ edzi se o siaa yɔnɛ be Nufiala. (Mat. 22:23, 24; Yoh. 3:2) Gakpe ɖe eŋu la, Yesu zã eƒe ŋusẽ kple ɣeyiɣi le kpekpe ɖe amewo ŋu me. Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si wòɖe fia wɔe be mekpɔa ɣeyiɣi boo aɖeke na eɖokui gɔ̃ hã o, gake kpekpeɖeŋunana amewo doa dzidzɔ nɛ. (Mat. 14:13, 14; 20:28) Togbɔ be vovo menɔa Yesu ŋu o hã la, edia ɣeyiɣi doa gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo ɣesiaɣi. (Luka 6:12) Asixɔxɔ gã ka gbegbee nye esi Mawu anya de Yesu ƒe tadedeagu nɛ ŋu!

Ʋiʋli Vevie Be Yeadze Mawu Ŋu Nyuie

Yehowa de dzesi Via ƒe nuwɔnawo eye wòɖe Eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae. (Mat. 17:5) Gake Satana Abosam hã de dzesi Yesu ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe la. Eya ta Yesu va zu ame si koŋ Satana tɔ ŋkui wu. Nu ka tae? Elabena va se ɖe ɣemaɣi la, amegbetɔ aɖeke meɖo to Mawu le mɔ deblibo nu heto ema me tsɔ tadedeagu si de blibo la nɛ kpɔ o. Eye Abosam di be yeana Yesu nadzudzɔ tadedeagu si Yehowa dze na la tsɔtsɔ nɛ.—Nyaɖ. 4:11.

Esi Satana nɔ agbagba dzem be yeakplɔ Yesu atrae ta la, etsɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe ɖo eŋkume be yeatsɔ atee kpɔ. Ekplɔ Yesu yi “to aɖe si kɔkɔ ŋutɔ dzi, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe fiae.” Eye wògblɔ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò ne èdze klo de ta agu nam.” Aleke Yesu wɔ nui? Egblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’” (Mat. 4:8-10) Ɛ̃, Yesu de dzesii be anye trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna be yeade ta agu na Satana, aleke kee nu si wòtsɔ ɖo ye ŋkume la dze nu xɔasii o. Medi be yeawɔ tadedeagu nuwɔna ɖeka pɛ gɔ̃ hã na ame bubu aɖeke tsɔ wu Yehowa o.

Le míawo gome la, ɖewohĩ Satana matsɔ xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe aɖo mía ŋkume bene míade ta agu na ye o. Gake eyi edzi le agbagba dzem be yeagblẽ tadedeagu si Kristotɔ vavãwo tsɔ nana Mawu la dome. Abosam di be míade ta agu na nane alo ame bubu aɖe.—2 Kor. 4:4.

Kristo Yesu wɔ nuteƒe ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã. Yesu to eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me tsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa le mɔ si amegbetɔ bubu aɖeke mewɔ kpɔ o nu. Mí Kristotɔ vavã siwo li egbea míedzea agbagba vevie srɔ̃a Yesu ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe la, to míaƒe tadedeagu na Wɔla la tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me me. Le nyateƒe me la, ƒomedodo nyui si le mía kple Mawu domee nye nu xɔasitɔ kekeake na mí le agbe me.

Yayra Siwo Dona Tso Tadedeagu Si Dzea Mawu Ŋu Me

Tadedeagu “si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o,” le Mawu ŋkume la hea yayra geɖe vɛ. (Yak. 1:27) Le kpɔɖeŋu me, míele agbe le ɣeyiɣi si me ame siwo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo,” kple “ame siwo melɔ̃a nu nyui o” la le dzidzim ɖe edzi me. (2 Tim. 3:1-5) Gake le Mawu ƒe subɔla vavãwo dome ya la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míedea ha kple ame ɖɔʋu dzadzɛ siwo dzea agbagba léa Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe tadedeagu nɛ ŋu me ɖe asi. Ðe esia menaa dzidzeme mí oa?

Yayra bubu si dona tso mía ɖokui léle ɖimaƒomaƒoe tso xexe sia me mee nye be dzitsinya dzadzɛ sua mía si. Míedi be míana dzitsinya dzadzɛ nakpɔtɔ anɔ mía si, to Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ kple toɖoɖo Kaisaro ƒe se siwo metsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o me.—Mar. 12:17; Dɔw. 5:27-29.

Tadedeagu tso dzi blibo me gahea yayra bubu ƒomeviwo vɛ. Ne míetsɔa míaƒe susu ɖoa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi ke menye nu siwo doa dzidzɔ na mí o la, gɔmesese vavã nɔa míaƒe agbe ŋu eye míaƒe dzi dzea eme. Le esi míagblɔ be, “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge” teƒe la, agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le mía si.—1 Kor. 15:32.

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa he susu yi ɣeyiɣi si me ame siwo lé tenɔnɔ dzadzɛ me ɖe asi le Yehowa ŋkume la “[ado] go tso xaxa gã la me” dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be “Ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ la ɖe wo dzi.” (Nyaɖ. 7:13-15) Ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpuia dzi la menye ame bubu aɖeke wu Yehowa Mawu, Ame si ƒe ŋutikɔkɔe ƒo ɖe sia ɖe ta le xexe bliboa katã me o. Dze agbagba nàbu ale si gbegbe dzi adzɔ wò esime wòado dzaa na wò abe ame siwo wòkpe va eƒe agbadɔ me la dometɔ ɖeka ene, esime wòanɔ tawò kpɔm beléletɔe bene afɔku aɖeke nagadzɔ ɖe dziwò o, la ŋu kpɔ! Eye fifia kura gɔ̃ hã, míate ŋu anɔ vivi sem le eƒe ametakpɔkpɔ beléletɔe me va se ɖe afi aɖe.

Hekpe ɖe ŋu la, woɖɔ ame siwo katã tsɔa tadedeagu si dzea Mawu ŋu nanɛ la be wokplɔ wo yi “agbetsidzɔƒewo.” Tsidzidzi siawo siwo faa akɔ na ame la le tsitre ɖi na mɔnuɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ hena míaƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ. Ɛ̃, to Kristo ƒe tafevɔsaa dzi la, “Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo me.” (Nyaɖ. 7:17) Woakplɔ amegbetɔƒomea aɖo blibodede gbɔ, eye esia ahe dzidzɔ manyagblɔ vɛ na ame siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Fifia gɔ̃ hã la, Mawu ƒe tadeagula kpɔdzidzɔwo doa dzidzɔɣli tsɔ ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ tso dzi blibo me fiaa Yehowa, eye wodea ta agu nɛ le ɖekawɔwɔ me kple ame siwo le dziƒo, siwo dzia ha be: “Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò dɔwɔwɔwo nye gã, eye wowɔ nuku. Fia mavɔmavɔtɔ, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe. Yehowa, ame kae li, si mavɔ̃ wò ado wò ŋkɔ la ɖe dzi o, esi wònye wò ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla? Elabena dukɔwo katã ava de ta agu le ŋkuwòme, elabena wona wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo dze ƒãa.”—Nyaɖ. 15:3, 4.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nu kawoe Satana tsɔ le mía ŋkume ɖom bene yeagblẽ míaƒe tadedeagu me?