Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Le Asi Me

Gbeƒãɖeɖe Le Asi Me

Gbeƒãɖeɖe Le Asi Me

ESIME apostolo Paulo nɔ Atene dugãa me la, eyia asi me ɖaɖea gbeƒã tso Yesu ŋu gbe sia gbe. (Dɔw. 17:17) Paulo tiae be yeaɖi ɖase le asi me elabena afi ma koŋue Atenetɔwo nɔna wu.

Le ƒe 2,000 kloe megbe la, Yehowa ƒe amewo gakpɔtɔ ɖia ɖase tso Mawu Fiaɖuƒe ŋuti gbedeasia ŋu na amewo le asiwo me. Nu ka tae? Elabena woate ŋu ake ɖe ame geɖewo ŋu le afi ma. Egbea la, asiɖiƒe aɖewo ate ŋu anye fiasegãwo. Ðasefo aɖewo biaa mɔ le fiasedzikpɔla alo fiasetɔ aɖewo gbɔ, si na wote ŋu ɖoa Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe kplɔ̃ alo nu bubu aɖe dzi le fiaseawo me.

Le kpɔɖeŋu me, nɔvi aɖewo ɖo Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖe teƒe aɖe le fiase gã aɖe me le New Jersey, U.S.A., wònya kpɔ ale gbegbe, eye woŋlɔ nu klã ɖe afi ma be, “Ƒome Dzidzenuwo—Aleke Míawɔ Alé Wo Me Ðe Asi?” Nu kae do tso eme? Le ŋkeke ɖeka ko me la, nɔviawo na agbalẽ 153 sɔŋ le gbegbɔgblɔ ade me.

Nyɔnu aɖe si va afi si woɖo agbalẽawo ɖo la ɖo to numeɖeɖe si Ðasefoawo dometɔ ɖeka nae la nyuie. Nyɔnua lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanɔ vevie na mí le mía ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ kple míaƒe ƒomegbenɔnɔ me. Exɔ agbalẽ siwo nye: Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, kple Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques).

Le ɣetrɔ me la, ŋutsu aɖe va to afi si woɖo agbalẽawo ɖo la yina ɖe nudzraƒe aɖe si te ɖe eŋu. Eƒe ŋku kli Young People Ask gbalẽa. Nɔvinyɔnu si tɔ ɖe agbalẽawo gbɔ la kpɔe dze sii le eƒe mo be agbalẽawo dometɔ aɖe do dzidzɔ nɛ. Nɔvinyɔnua biae be, “Agbalẽawo dometɔ aɖe do dzidzɔ na wòa?” Elɔ̃ ta, eye wòfia asi Young People Ask gbalẽa. Edo asi ɖa be yeatsɔ agbalẽa, eye nɔvinyɔnua tsɔe nɛ. Ŋutsua gblɔ be vi etɔ̃ le ye si. Esi woyi edzi nɔ dzea ɖom la, egblɔ be yedzroa nu me kpli wo zi ɖeka le kwasiɖa ɖe sia ɖe me. Viawo dometɔ eve siwo nye tsitsitɔawo la le woƒe ƒewuiwo me. Esi wònɔ ŋku dam ɖe agbalẽa me la, egblɔ be yeate ŋu azãe le yewoƒe ƒomea ƒe numedzodzro aɖewo me bɔbɔe. Gbeƒãɖelaa he eƒe susu yi Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona gbalẽa hã dzi, heka ɖe edzi nɛ be woa kple srɔ̃a woakpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe wo ŋu le woƒe ƒome nyametsotsowo wɔwɔ me la le eme. Ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽ sia hã ŋu, ewɔ nudzɔdzɔ ɖe wo ta, eye wòlɔ̃ be ame aɖe nava srã yewo kpɔ.

Alekee Ðasefoawo se le wo ɖokui me le ɖaseɖiɖi le fiasea me gbe ma gbe ŋu? Nɔvinyɔnu ɖeka gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe mɔnu sia do dzidzɔ nam ŋutɔ. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi!” Nɔvinyɔnu bubu gblɔ be: “Yehowa gblɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia yi ɖe anyigbaa ƒe mlɔenu ke. Egbea, wole gbeƒã ɖem na amewo le Paramus, New Jersey, le gbegbɔgblɔ vovovo me. Edo dzidzɔ nam ŋutɔ be mekpɔ gome le gbeƒãɖeɖe mɔnu sia me. Dzi dzɔ ame sia ame si kpɔ gome le eme ŋutɔ. Le ŋkekea ƒe nuwuwu la, mía dometɔ aɖeke medi be yeadzo le fiasea me o.”

Ðe wò hã àgate ŋu ato mɔ bubu aɖewo dzi aɖe gbeƒã nya nyuia? Mɔ vevitɔ si dzi míetona ɖea gbeƒãe nye tso aƒe me yi aƒe me. (Dɔw. 20:20) Gake ɖe manyo be nàbu ɖaseɖiɖi le asi me alo le fiase me hã ŋu oa?