Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tesalonikatɔwo Kpakple Timoteo Me

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tesalonikatɔwo Kpakple Timoteo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tesalonikatɔwo Kpakple Timoteo Me

HAME yeye si woɖo le Tesalonika la to yometitiwo me tso esime woɖoe anyi, le ɣeyiɣi si me Paulo zɔ mɔ yi afi ma. Eya ta esime Timoteo, si anya nɔ eƒe ƒe 20-awo me, la trɔ tso afi ma hehe nya nyuiwo gbɔ tso wo ŋu la, esia ʋã Paulo wòŋlɔ lɛta na Tesalonikatɔawo tsɔ kafu wo hede dzi ƒo na wo. Lɛta sia si anɔ eme be Paulo ŋlɔ le ƒe 50 M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo lae nye agbalẽ siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la ƒe gbãtɔ. Esia megbe kpuie la, eŋlɔ agbalẽ evelia na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika. Le lɛta evelia sia me la, eɖɔ nukpɔsusu gbegblẽ aɖe si le ame aɖewo si la ɖo eye wòde dzi ƒo na nɔviawo be woanɔ tsitre sesĩe le xɔse la me.

Anɔ abe ƒe ewo ene megbe la, Paulo nɔ Makedonia eye Timoteo ya nɔ Efeso. Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Timoteo tsɔ de dzi ƒo nɛ be wòanɔ Efeso eye wòayi gbɔgbɔmeʋa la wɔwɔ dzi atsi tsitre ɖe aʋatsonufiala siwo le hamea me la ŋu. Esime woti Kristotɔwo yome vevie le ɣeyiɣi siwo me dzobibi gblẽ nu le Roma le ƒe 64 M.Ŋ. me la, Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ evelia na Timoteo. Esiae nye agbalẽ siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la ƒe mamlɛtɔ. Dzideƒonamenya kple nuxlɔ̃amenya siwo le Paulo ƒe lɛta ene siawo me ate ŋu aɖe vi na mí ame siwo li egbea.—Heb. 4:12.

‘MINƆ ŊUDZƆ’

(1 Tes. 1:1–5:28)

Paulo kafu Tesalonikatɔwo ɖe ‘woƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple agbagba siwo wodzena le lɔlɔ̃ ta, kpakple le woƒe dzidodo’ ta. Egblɔ na wo be wonye ‘yeƒe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ kpakple aseyetsotso ƒe fiakuku.’—1 Tes. 1:3; 2:19.

Esi Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika be woatsɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa anɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo vɔ megbe la, egblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene.” Exlɔ̃ nu wo be ‘woanɔ ŋudzɔ’ eye woanɔ mo xexi.—1 Tes. 4:16-18; 5:2, 6.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

4:15-17—Ame kawoe ‘wokɔna le alilikpowo me yina ɖakpea Aƒetɔ la le ya me,’ eye alekee esia dzɔna? Woawoe nye Kristotɔ amesiamina siwo le agbe le Kristo ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe ɣeyiɣia me. ‘Wokpea Aƒetɔ’ Yesu le dziƒonuto si ŋku mate ŋu akpɔ o me. Gake hafi esia nava eme na wo la, ele be woaku gbã eye woafɔ wo ɖe tsitre abe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ene. (Rom. 6:3-5; 1 Kor. 15:35, 44) Kristo ƒe anyinɔɣia dze egɔme xoxo, eya ta Kristotɔ amesiamina siwo le kukum fifia megadɔa alɔ̃ le ku me o. ‘Wokɔa wo yina’ alo fɔa wo ɖe tsitre enumake.—1 Kor. 15:51, 52.

5:23—Nu kae Paulo wɔnɛ esime wòdo gbe ɖa be ‘woakpɔ nɔviawo ƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kple ŋutilã ta’? Kristo hame bliboa ƒe gbɔgbɔ, luʋɔ, kple ŋutilã ŋue Paulo nɔ nu ƒom tso, si lɔ Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Tesalonika hã ɖe eme. Le esi wòado gbe ɖa ko be woakpɔ hamea ta teƒe la, edo gbe ɖa be woakpɔ eƒe “gbɔgbɔ,” alo tamesusu ƒe nɔnɔme ta. Azɔ hã, edo gbe ɖa ɖe eƒe “luʋɔ,” si nye eƒe agbe, alo eƒe anyinɔnɔ ta, eye wòdo gbe ɖa ɖe eƒe “ŋutilã,” si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame bliboa, hã ta. (1 Kor. 12:12, 13) Eya ta gbedodoɖaa te gbe ɖe ale si gbegbe Paulo tsɔ ɖe le eme na hamea dzi.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:3, 7; 2:13; 4:1-12; 5:15. Aɖaŋuɖoɖo nyui lɔ kafukafu kple dzideƒonya siwo ana ame nagawɔ geɖe wu ɖe eme.

4:1, 9, 10. Ele be Yehowa subɔlawo nayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm.

5:1-3, 8, 20, 21. Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum la, ele be “míanɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu la, eye míaɖɔ xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ abe gakuku ene.” Gakpe ɖe eŋu la, ele be míalé ŋku ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinya, Biblia la, ŋu vevie.

“MINƆ TSITRE SESĨE”

(2 Tes. 1:1–3:18)

Esi hamea me tɔ aɖewo tro nya siwo le Paulo ƒe lɛta gbãtɔa me ƒe gɔmesese ta la, edze abe wonɔ nya hem be ‘Aƒetɔ la ƒe anyinɔnɔ’ tu aƒe ɣemaɣi ene. Bene Paulo naɖɔ nukpɔsusu ma ɖo la, eƒo nu tso nu si ‘ava gbã’ la ŋu.—2 Tes. 2:1-3.

Paulo xlɔ̃ nu be: “Minɔ tsitre sesĩe, eye milé nu siwo míefia mi, . . . la me ɖe asi.” Ede se na wo be ‘woaɖe wo ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi si zɔna sakasaka la ŋu.’—2 Tes. 2:15; 3:6.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:3, 8—Ame kae nye “sedzimawɔla” la, eye aleke wole eɖe ge ɖae? “Sedzimawɔla” sia nye amewo ƒe ƒuƒoƒo si nye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe ha blibo la. Ame si wona ŋusẽe be wòagblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu ahaɖe gbe woatsrɔ̃ wo lae nye “Nya la”—Mawu ƒe Nyanuɖela Gãtɔ, Yesu Kristo. (Yoh. 1:1) Eya ta míate ŋu agblɔ be Yesu aɖe sedzimawɔla la ɖa to “eƒe numegbɔgbɔ [alo ŋusẽ]” dzi.

2:13, 14—Alekee ‘wotia Kristotɔ amesiaminawo tso gɔmedzedzea me ke hena ɖeɖekpɔkpɔ’? Woɖo amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖi esime Yehowa ɖo tame be nyɔnua ƒe dzidzimevi ava gbã ta na Satana. (1 Mose 3:15) Yehowa gblɔ nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo, dɔ si woawɔ, kple dodokpɔ siwo me woato la hã ɖi. “Nu sia tututu tae” wòyɔ wo ɖo.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:6-9. Yehowa mehea eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa dzi o.

3:8-12. Mele be míatsɔ Yehowa ƒe ŋkekea ƒe aƒetutu ado taflatsɛ agbe dɔwɔwɔ hena míaƒe nuhiahiãwo kple esiwo akpe ɖe mía ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la gbɔ kpɔkpɔ o. Anyinɔnɔ dɔmawɔmawɔe ate ŋu ana míazu kuviatɔwo eye ana míazu ‘ame siwo dea nu nya si metsɔ mía gbɔ o me.’—1 Pet. 4:15.

“KPƆ NU SI WOTSƆ DE ASI NA WÒ LA DZI”

(1 Tim. 1:1–6:21)

Paulo de se na Timoteo be “[wòayi] edzi awɔ aʋa nyui la; [ahalé] xɔse kple dzitsinya nyui me ɖe asi.” Apostoloa ŋlɔ nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi woaɖoe agbanɔamedzinɔƒe le hamea me la ɖe lɛtaa me. Paulo gade se na Timoteo hã be “[wòagbe] gli, siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o.”—1 Tim. 1:18, 19; 3:1-10, 12, 13; 4:7.

Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Mèganyra ɖe ame tsitsi dzi o.” Exlɔ̃ nui be: “Kpɔ nu si wotsɔ de asi na wò la dzi, eye nàgbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be ‘sidzedze’ la ƒe glãkahehewo.”—1 Tim. 5:1; 6:20.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:18; 4:14—“Nyagblɔɖi” kawoe wogblɔ ku ɖe Timoteo ŋu? Ðewohĩ woanye nyagblɔɖi siwo ku ɖe akpa si Timoteo ava wɔ le Kristo hamea me le etsɔme ŋu, siwo gbɔgbɔ ʋã wogblɔ ɖi esime Paulo yi Listra le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me. (Dɔw. 16:1, 2) “Nyagblɔɖi” siawo dzie ame tsitsi siwo nɔ hamea me la nɔ te ɖo “da woƒe asiwo” ɖe sɔhɛ Timoteo dzi, heɖee ɖe vovo hena subɔsubɔdɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ.

2:15—Alekee “woakpɔ [nyɔnu ta] dedie to vidzidzi me”? Vidzidzi, beléle na ɖeviwo, kple aƒedzikpɔkpɔ ate ŋu akpɔ nyɔnuwo ta “dedie” tso dɔmawɔmawɔ me be woagazu “amenyagblɔlawo, eye [woanɔ] nu dem ame bubuwo ƒe nyawo me” o.—1 Tim. 5:11-15.

3:16—Nu kae nye ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la? Be amegbetɔ ate ŋu abɔbɔ eɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te le mɔ deblibo nu alo mate ŋui o la nye nya ɣaɣla hena ɣeyiɣi didi aɖe. Yesu to eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu le mɔ deblibo nu va se ɖe ku me dzi na wokpɔ ta na nya ma.

6:15, 16—Yehowa Mawu ŋue nya siawo ku ɖo loo, alo Yesu Kristo ŋue? Nya siawo ku ɖe Yesu Kristo, ame si ƒe ɖeɖefia ŋuti woƒo nu tso la ŋu. (1 Tim. 6:14) Ne wotsɔ Yesu sɔ kple amegbetɔ siwo le dzi ɖum abe fiawo kple aƒetɔwo ene la, Yesu ɖeɖe koe nye ‘Ŋusẽtɔ ɖeka kolia,’ eye eya ɖeɖe si koe makumakunyenye le. (Dan. 7:14; Rom. 6:9) Tso esime wòyi dziƒo le gbɔgbɔmenuto me la, amegbetɔ siwo le anyigba dzi la dometɔ aɖeke ‘mate ŋu akpɔe kple ŋku o.’

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

4:15. Nyitsɔ laa koe míeɖaxɔ nyateƒea loo, alo míezu Kristotɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia o, ele be míadze agbagba vevie anɔ ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me.

6:2. Ne haxɔsetɔ aɖe xɔ mí ɖe dɔme la, mele be míazã mɔnukpɔkpɔa atafae le go aɖeke me o, ke boŋ ɖe wòle be míatsɔ dzo ɖe dɔa ŋu awɔ tso dzi me faa wu ne míele dɔ wɔm na ame si menye haxɔsetɔ o.

“ÐE GBEƑÃ NYA LA, NƆ EDZI VEVIE”

(2 Tim. 1:1–4:22)

Be Paulo nadzra Timoteo ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me wòava to ŋu la, eŋlɔ ɖo ɖee be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ boŋ.” Eɖo aɖaŋu na Timoteo be: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ ele be wòafa tu na amewo katã, wòanya nufiafia.”—2 Tim. 1:7; 2:24.

Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.” Xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo nɔ ta kekem, eya ta apostoloa ɖo aɖaŋu na sɔhɛ dzikpɔla sia be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie . . . gbe nya, ka mo, xlɔ̃ nu.”—2 Tim. 3:14; 4:2.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:13—Nu kae nye ‘nya nyuitɔwo ƒe kpɔɖeŋu la’? “Nya nyuitɔwo” nye “mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyawo”—Kristotɔ vavãwo ƒe nufiafiawo. (1 Tim. 6:3) Yesu ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe Nya la, eya ta le gɔmesese gbadzaa nu la, “nya nyuitɔwo” ate ŋu alɔ Biblia ƒe nufiafiawo katã hã ɖe eme. Nufiafia siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo Yehowa di tso mía si. Míeléa nya nyuitɔwo ƒe kpɔɖeŋu sia me ɖe asi to wɔwɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ tso Biblia me la dzi me.

4:13—Nu kawoe nye “lãgbalẽawo”? Nya “lãgbalẽawo” he susu yi lãgbalẽ siwo ŋu wotrɔ asi le, siwo dzi woŋlɔa nu ɖo la dzi. Anɔ eme be Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nuŋlɔɖi aɖewo, siwo nye agbalẽxatsaxatsawoe Paulo di be woatsɔ avae na ye bene yeasrɔ̃, esime wònɔ gaxɔ me le Roma. Wote ŋu tsɔa numiemie si woyɔna be papyrus la wɔa agbalẽxatsaxatsa siawo ƒe ɖewo, gake wote ŋu tsɔa lãgbalẽ wɔa bubuwo hã.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:5; 3:15. Susu vevi si tae Timoteo xɔ Kristo Yesu dzi se, si nye xɔse si kpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si wòwɔ dzi lae nye Ŋɔŋlɔawo me hehe si wòxɔ le aƒe me tso eƒe ɖevime. Aleke gbegbe wòle vevie be dzilawo nabu ale si wole wo viwo hehe ƒe agbanɔamedzi si Mawu de wo si la gbɔ kpɔmee ŋu vevie enye esi!

1:16-18. Ne haxɔsetɔwo le tetekpɔwo kple yometitiwo me tom, alo wolé wo de ga me la, anyo be míanɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta, eye míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe wo ŋu.—Lod. 3:27; 1 Tes. 5:25.

2:22. Mele be Kristotɔwo, vevietɔ sɔhɛwo, natsi dzi ɖe ŋutilãtutuɖo, kamedede, hadzidziwo, dzidzɔdonamenuwo, modzakaɖedɔwo, tsaɖiɖi, dzeɖoɖo ƒuƒluwo, kple esiawo tɔgbi ŋu fũu, si awɔe be ɣeyiɣi boo aɖeke manɔ wo si ɖe gbɔgbɔmenuwo yome titi ŋu o.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Lɛta siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ la dometɔ kae nye mamlɛtɔ?