Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Le Dɔdanyawo Ŋu Nenɔ Asiwò

Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Le Dɔdanyawo Ŋu Nenɔ Asiwò

Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Le Dɔdanyawo Ŋu Nenɔ Asiwò

“Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu . . . kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.”—MAR. 12:30.

1. Tameɖoɖo kae nɔ Mawu si na ameƒomea le gɔmedzedzea me?

MENYE Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo nava nɔ dɔ lém ahanɔ kukum o. Menye ɖee wòwɔ Adam kple Eva be woanɔ Eden bɔ alo paradisobɔ nyuia me ‘anɔ eme ŋlɔm ahanɔ edzi kpɔm’ hena ƒe 70 alo 80 ko o, ke boŋ ɖe wòwɔ wo be woanɔ eme tegbee. (1 Mose 2:8, 15; Ps. 90:10) Ne ɖe atsu kple asi gbãtɔawo wɔ nuteƒe na Yehowa hebɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te lɔlɔ̃tɔe la, anye ne womadze dɔ, aku amegã ahaku gbeɖe o.

2, 3. (a) Alekee woƒo nu tso amegãkuku ŋu le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me? (b) Ame ka gbɔe ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la dzɔ tso, eye alekee woava ɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia ɖa?

2 Nyagblɔla ta 12 lia ɖɔ ale si amegãkuɣi kple nyagãkuɣi nyea “ŋkeke vɔ̃wo” na amegbetɔ madeblibowo la wòsɔ nyuie. (Mixlẽ Nyagblɔla 12:1-7.) Le New World Translation Biblia me la, wotsɔ ta ɣi sɔ kple “yevuziti” si ƒo se. Wotsɔ afɔtiwo sɔ kple “ŋutsu kako” siwo va xana gobaa henɔa ƒoƒom. Wotsɔ nyɔnu siwo do mo ɖe fesre nu be yewoakpɔ kekeli, gake viviti boŋue wokpɔ la, wɔ ŋkutsitsi ƒe kpɔɖeŋui wòsɔ nyuie. Wotsɔ ale si aɖu vɔna le nu me la sɔ kple ‘nyɔnu wɔtula’ siwo “dzudzɔa dɔwɔwɔ,” le esi “womegasɔ gbɔ o” ta.

3 Menye Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye tso gɔmedzedzea be míaƒe afɔtiwo nava nɔ ƒoƒom, míaƒe ŋkuwo natsi, eye aɖu natu le nu me na mí o. Azɔ hã, ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ nye ‘Abosam ƒe dɔwɔwɔ’ siwo dome Mawu ƒe Vi la ato eƒe Mesia Fiaɖuƒea dzi ‘agblẽ’ la dometɔ ɖeka. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Susu si ta woɖe Mawu ƒe Vi la ɖe go fiae nye be, wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.”—1 Yoh. 3:8.

Ele Dzɔdzɔme Nu Be Míatsɔ Ðe Le Lãmesẽnyawo Me Le Mɔ Si Da Sɔ Nu

4. Nu ka tae Yehowa subɔlawo tsɔa ɖe le woƒe lãmesẽnyawo me le mɔ si da sɔ nu, gake nu kae le nyanya na wo?

4 Le fifi ɣeyiɣiawo me la, dɔléle kple amegãkuku si ɖea fu na ameƒome madebliboa me tɔ ɖe sia ɖe la le fu wɔm Yehowa subɔla aɖewo hã. Ne edzɔ alea la, esɔ le dzɔdzɔme nu be míatsɔ ɖe le míaƒe lãmesẽnyawo me le mɔ si da sɔ nu, eye eɖea vi gɔ̃ hã. Alo ɖe menye ‘míaƒe ŋusẽ bliboe’ míedi be míatsɔ asubɔ Yehowa oa? (Mar. 12:30) Gake togbɔ be míanɔ agbagba dzem be míanɔ lãmesẽ me hã la, ele be míanyae be nu boo aɖeke meli si míate ŋu awɔ le amegãkuku ŋu loo alo atsɔ aƒo asa na dɔlélewo katã o.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu subɔla wɔnuteƒewo kpe akɔ kple dɔlélee la me?

5 Enɔ na Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo be woado dzi le lãmegbegblẽ ƒe fuɖenamewo me. Wo dometɔ ɖekae nye Epafrodito. (Fp. 2:25-27) Dɔme ɖea fu na Timoteo si nye apostolo Paulo ƒe zɔhɛ vevi la hã ale gbegbe be Paulo xlɔ̃ nui be wòanɔ “wain vi aɖe” nom. (1 Tim. 5:23) Enɔ na Paulo ŋutɔ hã be wòado dzi le nu si eya ŋutɔ yɔ be ‘ŋu, si le yeƒe ŋutilã me,’ si anya nye ŋkudɔ alo lãmesẽkuxi bubu aɖe si nɔ eŋu, si womate ŋu ada ɣemaɣi o, la me. (2 Kor. 12:7; Gal. 4:15; 6:11) Paulo ɖe kuku tso ‘ŋu sia si nɔ eƒe ŋutilã me’ ŋu na Yehowa vevie. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 12:8-10.) Mawu meɖe ‘ŋu, si nɔ Paulo ƒe ŋutilã me’ la nɛ nukutɔe o. Ke boŋ Mawu do ŋusẽe wòte ŋu nɔ te ɖe enu. Esia wɔe be Yehowa ƒe ŋusẽ va ɖe dzesi le Paulo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔa me. Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane tso esia mea?

Ƒo Asa Na Dzitsitsi Ðe Lãmesẽnyawo Ŋu Fũu Akpa

6, 7. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na dzitsitsi ɖe míaƒe lãmesẽnyawo ŋu fũu akpa?

6 Abe ale si nènyae ene la, Yehowa Ðasefowo dea kɔdzi, eye wowɔa dɔdamɔnu vovovowo ŋu dɔ. Nyati geɖewo nɔa míaƒe Nyɔ! magazinewo me ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu. Eye togbɔ be míedoa boblo dɔdamɔnu aɖe koŋ o hã la, míekpɔa ŋudzedze ɖe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo ƒe kpekpeɖeŋunana kple ale si wowɔa nu kpli mí aduadui la ŋu. Gake míenya kɔtɛ be míate ŋu anɔ lãmesẽ deblibo me fifia gbeɖe o. Eya ta míenya be enye nu si me nunya le be míagana dzimaɖitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu nazu taɖui na mí, alo anye nu si ŋu míatsi dzi ɖo vevie atraɖii o. Ele be míaƒe nɔnɔme nato vovo na ame siwo si “mɔkpɔkpɔ aɖeke” mele o, siwo susunɛ be agbea katã koe nye esia, eye wotoa mɔ sia mɔ dzi dzea agbagba be yewoƒe dɔlélewo navɔ, la tɔ. (Ef. 2:2, 12) Míadi gbeɖe be míada le Yehowa ƒe sewo dzi ale be míakpɔ agbe si míele fifia ta godoo o, elabena míeka ɖe edzi be ne míewɔ nuteƒe na Mawu yi ɖase ɖe nuwuwu la, ‘míaƒe asi asu agbe vavã,’ si nye agbe mavɔ la, dzi le nuɖoanyi yeyea me.—1 Tim. 6:12, 19; 2 Pet. 3:13.

7 Susu bubu hã li si tae mele be míatsi dzimaɖi ɖe lãmesẽnyawo ŋu wòagbɔ eme o. Dzimaɖitsitsi fũu akpa ɖe míaƒe lãmesẽnyawo ŋu ate ŋu ana míava nɔ mía ɖokui ŋu bum fũu akpa. Paulo xlɔ̃ nu tso afɔku sia ŋu na Filipitɔwo esi wògblɔ be “miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.” (Fp. 2:4) Ehiã be míanɔ be lém na mía ɖokuiwo ale si dze ya, gake ne míetsɔa ɖe le eme na mía nɔviwo kple ame siwo míegblɔa “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la na vevie la, awɔe be míatsi dzimaɖi ɖe míaƒe dɔlényawo ŋu fũu akpa o.—Mat. 24:14.

8. Nu kae dzitsitsi ɖe míaƒe lãmesẽnyawo ŋu fũu akpa ate ŋu ana míawɔ?

8 Dzimaɖitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu ate ŋu awɔe be Kristotɔ aɖe nava tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aku ati. Dzitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu fũu ate ŋu aƒoe ɖe mía nu hã be míazi nuɖuɖu ƒomevi aɖewo koŋ loo, dɔdamɔnu aɖe loo, alo atike aɖe si míawo míebu be enyo ŋutɔ la zazã ɖe amewo dzi. Le go sia me la, bu gɔmeɖose si le Paulo ƒe nya siawo me la ŋu kpɔ: “[Mikpɔ] nu siwo le vevie wu la [dze] sii nyuie, bene mianye ame dzadzɛwo, eye miaganɔ nukikli zum na ame bubuwo o, va se ɖe Kristo ƒe ŋkeke la dzi.”—Fp. 1:10.

Nu Kae Le Vevie Wu?

9. Nu kae nye nu siwo le vevie wu, siwo dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o la dometɔ ɖeka, eye nu ka tae?

9 Ne míekpɔa nu siwo le vevie wu la dzea sii la, míanɔ gome kpɔm le gbɔgbɔmedɔdada ƒe dɔ si wɔm míele la me moveviɖoɖotɔe. Míewɔa esia to gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Nya la kple efiafia amewo me. Dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ ɖea vi na mía ŋutɔwo kple ame siwo míefiaa nui la siaa. (Lod. 17:22; 1 Tim. 4:15, 16) Ɣeaɖewoɣi la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me nyati aɖewo ƒoa nu tso mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo, siwo dze dɔ vevie la ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, nyati siawo ƒoa nu tso ale si ame siawo wɔ te ŋu kpe akɔ kple woƒe kuxiawo la ŋu alo ale si wowɔ ɖe woƒe susu ɖa le woƒe kuxiawo ŋu vie to agbagbadzedze be yewoakpe ɖe amewo ŋu bene woava nya Yehowa kple ŋugbe nyui siwo wòdo la me ŋu. *

10. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le dɔdamɔnu siwo míatia la ŋu?

10 Kristotɔ ɖe sia ɖe si le eɖokui si, si dze dɔ, la ŋutɔe “atsɔ ye ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi” le mɔ si nu wòadi be yeada dɔa atoe ŋu. (Gal. 6:5) Gake ele be míaɖo ŋku edzi be dɔdamɔnu si míatia la le vevie na Yehowa. Abe ale si ko bubudede Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu ʋãa mí be ‘míatsri ʋu’ ene la, nenema kee wòle be bubudede Mawu ƒe Nya ŋu naʋã mí be míaƒo asa na dɔdamɔnu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu alo agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me. (Dɔw. 15:20) Mɔ siwo nu wotona nyaa dɔ si lém ame aɖe le alo danɛ la dometɔ aɖewo dzena abe vivimeŋusẽ aɖee le megbe na wo ene. Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe Israel vi xɔsegbela siwo dze ‘vivimeŋusẽ’ alo gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo yome la ŋu o. Egblɔ na wo be: “Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ [takpekpe siwo me wozãa vivimeŋusẽwo le, NW] o!” (Yes. 1:13) Eya ta mele be míawɔ naneke le míaƒe dɔléɣiwo, si axe mɔ na míaƒe gbedodoɖawo ahagblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodoa me o.—Kony. 3:44.

‘Ŋuɖɔɖɔɖo’ Le Vevie

11, 12. Alekee míate ŋu awɔ “ŋuɖɔɖo” ŋu dɔ le dɔdamɔnuwo tiatia me?

11 Ne míedze dɔ la, míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa nada dɔa na mí nukutɔe o, gake míate ŋu ado gbe ɖa be Mawu nana nunya mí míatsɔ atia mɔ nyuitɔ si dzi míato adae. Ele be míana Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo kple nuŋububu nyui nafia mɔ mí le tiatia si míawɔ me. Ne dɔlélea nu sẽ ŋutɔ la, nunya anɔ eme be míayi atikewɔla bibi geɖewo gbɔ, ne anya awɔ, abe ale si Lododowo 15:22 gblɔe ene be: ‘Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afi si adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.’ Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na haxɔsetɔwo be: “[Minɔ] agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me.”—Tito 2:12.

12 Egbea la, ame geɖe ƒe nɔnɔme sɔ kple esi tɔgbi me nyɔnu dɔnɔ aɖe nɔ le Yesu ŋɔli. Míexlẽ le Marko 5:25, 26 be: “Nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la nɔ afi ma, eye wòkpe fu tsa le atikewɔla geɖewo dzi, eye wòzã eƒe nunɔamesiwo katã, gake dɔa meka ɖe eme nɛ o, enyra ɖe edzi boŋ.” Yesu yɔ dɔ nyɔnu ma, eye wòwɔ nu ɖe eŋu veveseɖeamenutɔe. (Mar. 5:27-34) Dzimaɖitsitsi wɔe be Kristotɔ aɖewo tiae be yewoato mɔ siwo mewɔ ɖeka kple tadedeagu dzadzɛa ƒe gɔmeɖosewo o nu anya dɔ si lém yewole alo adae.

13, 14. (a) Alekee Satana ate ŋu azã dɔdamɔnu siwo míatia la atsɔ agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me? (b) Nu ka tae wòle be míaƒo asa na nu sia nu si ado ƒome kple vivimeŋusẽwo la keŋkeŋ?

13 Satana adi be yeato mɔ sia mɔ dzi ana míatra ɖa tso tadedeagu vavãtɔa gbɔ. Abe ale si ko Satana zãa agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutilãmenudidi vivivo tsɔ ɖea ke le ame aɖewo te ene la, nenema kee wòdina be yeato dɔdamɔnu siwo ŋu nya ku ɖo, siwo sɔ kple vivimeŋusẽwo zazã kple gbɔgbɔyɔyɔ dzi atsɔ agblẽ ame bubuwo hã ƒe nuteƒewɔwɔ mee. Míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòaɖe mí tso “vɔ̃ɖitɔ la” si me eye wòaxɔ mí tso “sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me.” Eya ta mele be míade mía ɖokui asi na Satana to mɔɖeɖe le mía ɖokuiwo ŋu na nuwɔna siwo do ƒome kple vivimeŋusẽ kpakple gbɔgbɔyɔyɔ me o.—Mat. 6:13; Tito 2:14.

14 Yehowa de se na Israel viwo be woagakpɔ gome le afakaka kple akunyawɔwɔ me o. (5 Mose 18:10-12) Paulo yɔ “gbɔgbɔyɔyɔ” hã de “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dome. (Gal. 5:19, 20) Gawu la, “gbɔgbɔyɔlawo” manɔ Yehowa ƒe nuɖoanyi yeyea me o. (Nyaɖ. 21:8) Esia na eme kɔ ƒãa be, nu sia nu si nya do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ko la nye ŋunyɔnu na Yehowa.

‘Mina Wòadze Ƒãa Be Nugɔmeselawo Mienye’

15, 16. Nu ka tae míehiã dziƒonunya le dɔdamɔnuwo tiatia me, eye aɖaŋu si me nunya le kae ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la ɖo?

15 Eya ta ne ale si wowɔna nyaa dɔ si lém ame le, alo ale si wodanɛ, me mekɔ na mí tututu o la, nunya anɔ eme be míaƒo asa nɛ keŋkeŋ. Ke hã, ne mía ŋutɔwo míate ŋu aɖe dɔdamɔnu aɖe me tsitotsito o la, mefia kokoko be gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna aɖe le eme o. Míehiã dziƒonunya kple nuŋububu nyui hafi míate ŋu atso nya me le lãmesẽnyawo ŋu wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu. Woxlɔ̃ nu mí le Lododowo ta 3 lia me be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. . . . Lé nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe; ekema woanye agbe na wò.”—Lod. 3:5, 6, 21, 22.

16 Eya ta esi míele agbagba dzem be míanɔ lãmesẽ me ale si míate ŋui la, ele be míakpɔ nyuie be míagawɔ nu si madze Mawu ŋu le dɔdanyawo kple amegãkuku ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me o. Ele be ‘míana amewo katã nanyae be nugɔmeselawo míenye’ to agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu le dɔdanyawo me me, abe ale si ko míewɔnɛ le nu bubuwo hã me ene. (Fp. 4:5) Le lɛta vevi aɖe si ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la ŋlɔ na Kristotɔwo me la, wode se na wo be woatsri trɔ̃subɔsubɔ, ʋu, kple agbe gbegblẽ nɔnɔ. Wotsɔ kakaɖedzinya siawo wu lɛta ma nu be: “Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo ŋu la, ekema eme anyo na mi.” (Dɔw. 15:28, 29) Le mɔ ka nu?

Mida Sɔ Le Dɔdanyawo Me, Lãmesẽ Deblibo Le Etsɔme Gbɔna

17. Alekee wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ɖea vi na mí le ŋutilã me?

17 Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe menya ale si gbegbe nu dze edzi nam le esi mewɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe ʋu kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu dzi pɛpɛpɛ ta nyuiea?’ Bu viɖe siwo míekpɔna tso agbagbadzedze be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me” me la hã ŋu kpɔ. (2 Kor. 7:1) To Biblia ƒe dzidzenu siwo ku ɖe beléle na ame ɖokui ŋu dzi wɔwɔ me la, míeƒoa asa na dɔléle gbogbo aɖewo. Nuwo dea mía dzi le esi míeƒoa asa na atama kple atikevɔ̃ɖi bubu siwo ƒoa ɖi ame le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa la hã ta. Bu ale si lãmesẽnyawo dea mía dzi le esi míeɖɔa ŋu ɖo le nuɖuɖu kple nunono me hã ŋu kpɔ. (Mixlẽ Lododowo 23:20; Tito 2:2, 3.) Togbɔ be ɖiɖiɖeme kple kamedede si sɔ ate ŋu ana míanɔ lãmesẽ nyui me hã la, le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame siwo dzi míewɔna ɖo koŋ ye na nu dze edzi na mí le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa.

18. Nu kae wòle be wòanye nu vevitɔ na mí, eye nyagblɔɖi si ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu ka me vavae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na?

18 Ƒo wo katã ta la, ele be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ta nyuie ahana ƒomedodo nyui si le mía kple mía Fofo si le dziƒo, Ame si gbɔ “agbe si li fifia kple esi le vava ge” le xexe yeye si ƒe ŋugbe wòdo me la tso, dome la me nasẽ ɖe edzi. (1 Tim. 4:8; Ps. 36:10) Le Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me la, woato Yesu ƒe tafevɔsaa dzi atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, si awɔe be woada gbe le mía ŋu keŋkeŋ le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. Mawu ƒe Alẽvi, Yesu Kristo, akplɔ mí ayi “agbetsidzɔƒewo” gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le míaƒe ŋkuwo me. (Nyaɖ. 7:14-17; 22:1, 2) Ekema nya dodzidzɔname sia si wogblɔ ɖi la hã ava eme na mí ŋutɔŋutɔ, be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yes. 33:24.

19. Esi míele míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔm le mɔ si da sɔ nu la, kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ mía si?

19 Míeka ɖe edzi be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo, eye míele mɔ kpɔm na gbe si gbe Yehowa ava ɖe nu siwo naa ame dzea dɔ hekuna la ɖa. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míeka ɖe edzi be mía Fofo lɔ̃amea akpe ɖe mía ŋu míado dzi le míaƒe vevesesewo me, elabena ‘eléa be na mí.’ (1 Pet. 5:7) Eya ta mina míakpɔ míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ nyuie, gake míawɔe wòasɔ ɖe mɔfiafia siwo me kɔ nyuie siwo le Mawu ƒe Nya, si tso gbɔgbɔ me, me la nu!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Woŋlɔ nyati siawo dometɔ aɖewo ɖe aɖaka si le September 1, 2003 ƒe Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 17 lia me.

Numetoto

• Ame ka gbɔe dɔléle dzɔ tso, eye ame kae aɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me?

• Togbɔ be ele dzɔdzɔme nu be míatsi dzi ɖe miaƒe lãmesẽnyawo ŋu hã la, nu kae wòle be míaƒo asa na?

• Nu ka tae dɔdamɔnu si míatia le vevie na Yehowa?

• Alekee Biblia me gɔmeɖosewo me lelé ɖe asi ate ŋu aɖe vi na mí le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Menye ɖe wowɔ amegbetɔwo be woadze dɔ ahaku amegã o

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Togbɔ be dɔlényawo ɖea fu na Yehowa ƒe amewo hã la, wokpɔa dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me