Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ti Nu Siwo Naa Ŋutifafa Nɔa Anyi La Yome’

‘Ti Nu Siwo Naa Ŋutifafa Nɔa Anyi La Yome’

‘Ti Nu Siwo Naa Ŋutifafa Nɔa Anyi La Yome’

N E WODO mɔ yeye aɖe la, edzena be esẽ nyuie eye be edome mate ŋu agblẽ bɔbɔe o. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate fefe eye aɖe do le teƒeteƒewo. Ele vevie be woanɔ edzram ɖo atsɔ akpɔ eta be womagadze afɔku le edzizɔzɔ me o.

Le mɔ ma ke nu la, mía kple amewo dome ƒomedodowo me ate ŋu ava he eye masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi. Apostolo Paulo nya be nukpɔsusu vovovowo nɔ amewo si le Kristotɔ siwo nɔ Roma la dome. Eɖo aɖaŋu na hati Kristotɔwo be: “Mina míati nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi kple nu siwo tua ame nɔewo ɖo la yome.” (Rom. 14:13, 19) Nu ka tae wòle vevie be ‘míati nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi la yome’? Alekee míate ŋu ati ŋutifafa yome dzinɔameƒotɔe le mɔ nyuitɔ nu?

Nu Ka Tae Wòle Be Míati Ŋutifafa Yome?

Ne womeɖɔ fefeƒe siwo le mɔdodo aɖe dzi ɖo o la, woava zu ʋe siwo ate ŋu ado afɔku ame. Nenema kee ne womekpɔ ame nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ o la, woate ŋu agblẽ nu vevie. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ne ame aɖe gblɔna be: ‘Melɔ̃a Mawu,’ evɔ wòléa fu nɔvia la, aʋatsokalae wònye. Elabena ame si melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu, ame si mekpɔna o, la o.” (1 Yoh. 4:20) Ne womekpɔ ame nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ o la, ate ŋu awɔe be Kristotɔ nava lé fu nɔvia mlɔeba.

Yesu Kristo ɖee fia be ne míena ŋutifafa le mía kple amewo dome o la, Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe tadedeagu ŋu o. Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ètsɔ wò nunana gbɔna vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, ekema gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye dzo nàyi; wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye emegbe ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.” (Mat. 5:23, 24) Ɛ̃, susu vevi aɖe si tae wòle be míati ŋutifafa yomee nye be míedi be míadze Yehowa Mawu ŋu. *

Nɔnɔme aɖe si do mo ɖa le Filipi hamea me la gaɖe susu vevi bubu si tae wòle be míati ŋutifafa yome la fia. Edze ƒãa be kuxi aɖe si ŋu womeƒo nu tso o si do mo ɖa le Kristotɔ nyɔnu eve, siwo nye Ewodia kple Sintixe, dome di be yeagblẽ hamea ƒe ŋutifafa dome. (Fp. 4:2, 3) Ame nɔewo dome masɔmasɔ siwo gbɔ womekpɔ o la tea ŋu dzea go kaba. Didi be míakpɔ hamea ƒe ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ si le eme tɔwo dome la ta ʋãa mí míetia ŋutifafa yome le mía kple haxɔsetɔwo dome.

Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ŋutifafawɔlawo.” (Mat. 5:9) Ŋutifafayometiti hea dzidzɔ kple dzidzeme vanɛ. Gakpe ɖe eŋu la, ŋutifafamenɔnɔ kple ame nɔewo nana ame nɔa lãmesẽ me, elabena ‘dzi si le ŋutifafa me nye agbe le lã me.’ (Lod. 14:30) Le go bubu me la, dzikuléleɖi ate ŋu awɔe be ame nadze dɔ bɔbɔe.

Togbɔ be Kristotɔ akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ele vevie be woati ŋutifafa yome hã la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be aleke woawɔ akpɔ ame nɔewo dome masɔmasɔ gbɔ hã. Na míadzro Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu la me.

Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Tufafatɔe Naa Ŋutifafa Nɔa Anyi

Zi geɖe la, wotrea mɔdodo ƒe teƒeteƒe siwo fe la tsɔ ɖɔa wo ɖo. Ðe wòate ŋu anya awɔ be míatsɔ mía nɔviwo ƒe vodada suesuesuewo ake wo ahatsyɔ̃ nu wo dzia? Anɔ eme godoo be ame geɖewo ate ŋu akpɔ wo nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ dzidzedzetɔe to mɔ sia dzi, elabena apostolo Petro ŋlɔ bena “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Pet. 4:8.

Gake ɣeaɖewoɣi la, kuxi aɖe ate ŋu adze nu sesẽ ale gbegbe be míate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi dzro ko o. Bu nu si dzɔ le Israel viwo dome esime woxɔ Ŋugbedodonyigba la vɔ megbe teti ŋu kpɔ. Hafi “Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la nagbugbɔ tso Israel-viwo” gbɔ atso Yordan Tɔsisia la, woɖi “vɔsamlekpui gã nyui aɖe.” Israel to susɔeawo bui be ɖe wozã vɔsamlekpuia le trɔ̃subɔsubɔ me eye womete ŋu ŋe aɖaba ƒu nuwɔna sia dzi o. Wobla akpa be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu.—Yos. 22:9-12.

Ðewohĩ Israel vi aɖewo ase le wo ɖokui me be kpeɖodziawo dze ƒãa be wowɔ nu vɔ̃ɖi, eye be ne yewodze wo dzi le vo me la, ana ame siwo atsrɔ̃ le yewo dome la masɔ gbɔ akpa o. Gake le esi to siwo le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe gome naho ɖe wo ŋu dzimagbɔɖitɔe teƒe la, wodɔ wo teƒenɔlawo ɖe wo nɔviawo gbɔ be woayi aɖadzro nya la me kpli wo. Wobia wo be: ‘Nu ka ŋuti mieda vo ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, hetrɔ le Yehowa yome egbe?’ Le nyateƒe me la, menye vodadae to siwo ɖi vɔsamlekpuia wɔ hafi o. Ke hã, alekee woawɔ nu ɖe ale si wobu fɔ woe la ŋu? Ðe woahe nya ɖe wo nutsolaawo ŋu loo, alo agbe nuƒoƒo na woa? Israel to siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la ɖo nya ŋu na wo tufafatɔe heɖe eme na wo kɔtɛ be ɖe yewoɖi vɔsamlekpuia tsɔ kafu Yehowa. Ale si woɖo nyaa ŋui la kpɔ woa kple Mawu dome ƒomedodoa ta, eye wòxɔ amewo ɖe agbe. Nyaa me dzodzro tufafatɔe na ŋutifafa gaɖo wo dome.—Yos. 22:13-34.

Hafi Israel vi susɔeawo naɖe afɔ si anye ŋkubiãnya la, wodzro kuxia me kple Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.” (Nyagb. 7:9) Gake Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu be míatsɔ tufafa akpɔ mía nɔewo dome masɔmasɔ gãwo gbɔ nya aɖeke maɣlamaɣlae. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ na Yehowa ƒe yayra ne míelé dziku ɖe dɔ me hegbe tete ɖe ame si míebu be eda vo ɖe mía ŋu la ŋua?

Le go bubu me la, ne haxɔsetɔ aɖe te ɖe mía ŋu hena míenya be míedze agɔ le ye dzi, ɖewohĩ etsɔ nya ɖe mía ŋu madzemadzee gɔ̃ hã la, alekee míawɔ nui? Biblia gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” (Lod. 15:1) Israel to siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la tsɔ tufafa ɖe nu si tae woɖe afɔ si woɖe la me eme kɔ nyuie heto esia me tsi dziku si ho ɖe wo nɔviwo me ɖe wo ŋu la nu. Eɖanye mía ŋutɔe te ɖe nɔvi aɖe ŋu loo alo eyae te ɖe mía ŋu heɖe nane si míewɔ ɖe eŋu alo eya wɔ ɖe mía ŋu gblɔ o, ele be míabia mía ɖokui be, ‘Nya kawo magblɔ, alo gbe kae matsɔ aƒo nui, alo nɔnɔme kae wòle be maɖe afia si ana wòanɔ bɔbɔe be ŋutifafa nanɔ mía dome?’

Zã Aɖe La Le Nunya Me

Yehowa sea egɔme be ehiã be míaɖe míaƒe dzimaɖitsitsiwo agblɔ. Gake ne míekpɔ masɔmasɔ aɖe si ɖo mía kple ame aɖe dome gbɔ o la, anɔ eme be míava di godoo be míakɔ nu le edzi na ame bubu. Dzikuléleɖi ate ŋu ana ame nava nɔ nya vɔ̃wo gblɔm le ame si do dziku nɛ la ŋu bɔbɔe. Lododowo 11:11 gblɔ le aɖe la mazãmazã nyuie ŋu be: “Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu nana [wogbãa du] ƒua anyi.” Nenema kee nuƒoƒo tso nɔvi Kristotɔ aɖe ŋu ŋumaɖɔɖotɔe ate ŋu agblẽ ŋutifafa si le hamea, si le abe du ene, me la dome.

Gake ŋutifafayometiti mefia be míatsri nuƒoƒo tso mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋu keŋkeŋ o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o.” Egblɔ kpee be: “Ke boŋ [migblɔ] nya, si nyo na ŋgɔgbedede. . . . Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo.” (Ef. 4:29-32) Ne nɔvi aɖe te ɖe ŋuwò hegblɔ na wò be wò nyagbɔgblɔ alo nuwɔna aɖe te ɖe ye dzi la, ɖe manɔ bɔbɔe wu be nàbia tsɔtsɔke ahawɔ ŋutifafa kplii nenye be eƒoa nu nyui tso ŋuwò oa? Nenema kee, ne ezu numame na mí be míegblɔa nya tuameɖowo tso mía hati Kristotɔwo ŋu la, anɔ bɔbɔe be míawɔ ŋutifafa kpli wo ne masɔmasɔwo do mo ɖa.—Luka 6:31.

Mitsɔ ‘Nusɔsɔe’ Subɔ Mawu

Míaƒe nu vɔ̃ me nyenye wɔe be míedina be míatsri hadede kple ame siwo dze agɔ le mía dzi. Gake nunya mele nuwɔwɔ alea me o. (Lod. 18:1) Abe ame siwo wɔ ɖeka yɔa Yehowa ƒe ŋkɔa dzi ene la, míeɖoe kplikpaa be ‘míatsɔ nusɔsɔe asubɔe.’—Zef. 3:9.

Mele be ame bubuwo ƒe nuƒoƒo kple nuwɔna masɔmasɔwo nana míaƒe dzonɔameme ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu dzi naɖe akpɔtɔ o. Ŋkeke ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ hafi ne Yesu ƒe vɔsaa nava xɔ ɖe vɔ siwo wosana le gbedoxɔa me teƒe kple le Yesu ƒe fɔbubu agbalẽŋlɔlawo kã megbe kpuie la, ekpɔe ahosi aɖe “tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la” va da ɖe gbedoxɔmenudzɔɖakaa me. Ðe Yesu dze agbagba be yeaxe mɔ nɛa? Kura o, ke ɖe wòƒo nu tso eƒe asikpekpe ɖe Yehowa ƒe hame si nɔ anyi ɣemaɣi ŋu nuteƒewɔwɔtɔe la ŋuti boŋ. (Luka 21:1-4) Ame bubuwo ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ mena wògbe asikpekpe ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu o.

Togbɔ be míase le mía ɖokui me be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe wɔ nu si mesɔ o, alo wɔ nu madzɔmadzɔ kura gɔ̃ hã la, alekee wòle be míawɔ nui? Ðe míaɖe mɔ esia nakpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa tso luʋɔ blibo me la dzia? Alo ɖe míadze agbagba dzinɔameƒotɔe be míakpɔ mía nɔewo dome masɔmasɔ ɖe sia ɖe gbɔ bene míakpɔ ŋutifafa xɔasi si le Mawu ƒe hamea me egbea la ta?

Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu be: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” (Rom. 12:18) Mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ nenema eye míayi edzi akpɔtɔ anɔ agbemɔ la dzi zɔm.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ Gbetakpɔxɔ October 15, 1999, axa 17-22 hena numeɖeɖe ku ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Mateo 18:15-17 ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ehiã be Ewodia kple Sintixe nati ŋutifafa yome

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nyagbe kawoe míazã alo gbe kae míatsɔ aƒo nu, eye nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia si ana wòanɔ bɔbɔe be ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ mía dome?