Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Kple Yuda Ƒe Lɛtawo Me

Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Kple Yuda Ƒe Lɛtawo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Kple Yuda Ƒe Lɛtawo Me

APOSTOLO Yohanes ƒe lɛta etɔ̃awo, siwo anɔ eme be ƒe 98 M.Ŋ. mee wòŋlɔ wo le Efeso la, le Ŋɔŋlɔ siwo katã tso gbɔgbɔ me la ƒe mamlɛtɔ siwo woŋlɔ la dome. Lɛta eve gbãtɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woayi edzi azɔ le kekeli la me ahaƒo asa na xɔsegbelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. Le lɛta etɔ̃lia me la, menye ɖeko Yohanes ƒo nu tso zɔzɔ le nyateƒea me ŋu o, ke ede dzi ƒo na wo hã be woawɔ nu aduadu abe Kristotɔwo ene.

Le Yesu nɔvi Yuda ƒe lɛta si wòŋlɔ le Palestina, ɖewohĩ le ƒe 65 M.Ŋ. me me la, exlɔ̃ nu nɔvia Kristotɔwo ku ɖe ame vɔ̃ɖi siwo va tra ɖe hamea me la ŋu, eye wòɖo aɖaŋu na wo tso ale si woawɔ aɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃wo dzi la ŋu. Wɔwɔ ɖe gbedeasi siwo le Yohanes ƒe lɛta etɔ̃awo kple Yuda tɔa me dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe le xɔse me, togbɔ be kplamatsɛdonuwo anɔ anyi hã.—Heb. 4:12.

MIYI EDZI MIANƆ ZƆZƆM LE KEKELI KPLE LƆLƆ̃ KPAKPLE XƆSE ME

(1 Yoh. 1:1–5:21)

Yohanes ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ sia na ame siwo katã le ɖekawɔwɔ me kple Kristo ƒe ha blibo la be yeatsɔ aɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe wo ŋu woatsi tsitre ɖe xɔsegbegbe ŋu ahanɔ tsitre sesĩe le nyateƒe la kple dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi la na wo. Ete gbe ɖe ale si wòhiã be woayi edzi anɔ zɔzɔm le kekeli la kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse me la dzi.

Yohanes ŋlɔ bena: “Ne míele zɔzɔm le kekeli la me abe ale si [Mawu] ŋutɔ hã le kekeli la me ene la, ekema míele ha dem kple mía nɔewo.” Eye esi wònye Mawu gbɔe lɔlɔ̃ dzɔ tso ta la, apostoloa gblɔ be: “Mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo.” Esi “lɔlɔ̃ na Mawu” ʋãa mí be “míawɔ eƒe seawo dzi” la, míeɖua xexea hã dzi to “míaƒe xɔse,” si nye xɔse si le mía si na Yehowa Mawu, eƒe Nya la, kple Via la dzi.—1 Yoh. 1:7; 4:7; 5:3, 4.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:2; 4:10—Alekee Yesu nye “avulévɔsa”? Be woalé avu fia be woafa dzi na ame, alo alé ame ƒe dziku nu. Yesu tsɔ eƒe agbe na abe avulévɔsa ene le susu sia nu be eto esia dzi na be woate ŋu awɔ nu si dzɔdzɔenyenye deblibo bia la ade goe. Mawu ate ŋu anɔ te ɖe vɔsa ma dzi akpɔ nublanui na ame siwo ɖea Yesu dzi xɔxɔ se fiana la ahatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.—Yoh. 3:16; Rom. 6:23.

2:7, 8—Se ka yɔmee Yohanes nɔ be se “xoxo” kple se “yeye” siaa? Se si ku ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔvilɔlɔ̃ ŋue Yohanes nɔ nu ƒom tso. (Yoh. 13:34) Eyɔe be “se xoxo” le esi wònye be Yesu de se sia ƒe 60 kple edzivɔwo hafi Yohanes ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me la ta. Eya ta se sia nɔ xɔsetɔawo si “tso gɔmedzedzea me,” si nye tso esime wozu Kristotɔwo ke. Se sia ganye “se yeye” hã le mɔ sia nu be ede ŋgɔ wu ‘amehavi lɔlɔ̃ abe ame ɖokui ene’ hebia be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia.—3 Mose 19:18; Yoh. 15:12, 13.

3:2—Nu kae ‘womeɖe fia’ Kristotɔ amesiaminawo o, eye ame kae woakpɔ “abe ale si wòle ene”? Nu si womeɖe fia wo o ye nye ale si woava nɔ ne wofɔ wo ɖe tsitre le gbɔgbɔŋutilã me yi dziƒo. (Fp. 3:20, 21) Gake nu si wonyae nye be “ne wova [ɖe Mawu] ɖe go fia la, [woanɔ] abe eya ene, elabena [woakpɔe] abe ale si wòle ene,” si nye “Gbɔgbɔ la.”—2 Kor. 3:17, 18.

5:5-8—Alekee tsi, ʋu, kple gbɔgbɔ ɖi ɖase le nyateƒenya si wònye be “Yesue nye Mawu ƒe Vi la” ŋu? Tsi ɖi ɖase le mɔ sia nu be esime Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, Yehowa ŋutɔ gblɔ be eyae nye ye Vi si ŋu yekpɔ ŋudzedze ɖo. (Mat. 3:17) Yesu ƒe ʋu, alo eƒe agbe, si wòtsɔ na abe “tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta” ene la hã ɖee fia be Yesue nye Mawu ƒe Vi la. (1 Tim. 2:5, 6) Eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo kpe edzi be Yesue nye Mawu ƒe Vi la esime wòɖi ɖe edzi le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi, si na be wòyi “ɖato anyigba blibo la katã dzi nɔ nyui wɔm henɔ dɔ dam na ame siwo katã Abosam te ɖe anyi.”—Yoh. 1:29-34; Dɔw. 10:38.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

2:9-11; 3:15. Ne Kristotɔ aɖe ɖe mɔ nane, alo ame aɖe gblẽ lɔlɔ̃ si le esi na nɔviawo dome la, ekema ele zɔzɔm le gbɔgbɔmeviviti me, eye menya afi si yim wòle o.

MIYI EDZI MIANƆ “ZƆZƆM LE NYATEƑE LA ME”

(2 Yoh. 1-13)

Yohanes dze eƒe lɛta evelia gɔme kple nya siawo be: “Hamemetsitsi la, le agbalẽ sia ŋlɔm na aƒenɔ tiatia la kple viawo.” Egblɔ ale si dzi dzɔe esi wòkpɔ be ‘aƒenɔ la ƒe viwo dometɔ aɖewo le zɔzɔm le nyateƒe la me.’—2 Yoh. 1, 4.

Esi Yohanes de dzi ƒo na wo be woatu lɔlɔ̃ ɖo vɔ la, eŋlɔ bena: “Nu si lɔlɔ̃ fia ye nye esi: be míayi edzi azɔ le eƒe sededewo nu.” Yohanes xlɔ̃ nu wo tso “ameblela kple Kristo ƒe futɔ la” hã ŋu.—2 Yoh. 5-7.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1, 13—Ame kae nye “aƒenɔ tiatia la”? Ate ŋu anye be nyɔnu aɖe koŋ ye Yohanes zã Helagbe me nya Kyria, si gɔmee nye “aƒenɔ” la na. Alo ate ŋu anye be ezã nya aƒenɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu wòle tsitre ɖi na hame aɖe koŋ bene yeatsɔ aflu tsitretsiɖeŋulawo. Ne hame aɖee wòwɔnɛ vavã la, ekema viawo atsi tsitre ɖi na hamea me tɔwo, eye ‘nɔvianyɔnu ƒe viwo’ anye hame bubu aɖe me tɔwo.

7—Yesu ƒe ‘vava’ ka ŋue Yohanes le nu ƒom tso le afi sia, eye alekee ameblelawo “meʋua” eme o? Menye Yesu ƒe ‘vava’ makpɔmakpɔ si le ŋgɔ gbɔna lae wòwɔnɛ o. Ke boŋ eƒe vava le ŋutilã me kple amisisi nɛ abe Kristo ene ye wòwɔnɛ. (1 Yoh. 4:2) Ameblelawo meʋua eƒe vava le ŋutilã me sia me o. Ðewohĩ womelɔ̃ ɖe edzi be Yesu nɔ agbe kpɔ o, alo wogbe lɔlɔ̃ ɖe edzi be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

2, 4. “Nyateƒe la,” si nye Kristotɔwo ƒe nufiafia blibo si le Biblia me, nyanya kple eme léle ɖe asi le vevie hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.—3 Yoh. 3, 4.

8-11. Ne míedi be míabu “amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la, kple Yesu Kristo” gbɔ kpakple hadede lɔlɔ̃tɔe si míekpɔna le haxɔsetɔwo dome o la, ele be ‘míanɔ ŋudzɔ’ ɖe mía ɖokuiwo ŋu le gbɔgbɔ me ahagbe nu le ame siwo “menɔa Kristo la ƒe nufiafia la me o la” gbɔ.—2 Yoh. 3.

MIZU “HADƆWƆLAWO LE NYATEƑE LA ME”

(3 John 1-14)

Yohanes ŋlɔ eƒe lɛta etɔ̃lia na exɔlɔ̃ vevi Gayo. Eŋlɔ bena: “Nu bubu aɖeke meli si ta mada akpe ɖo wu nu siawo o, be manɔ sesem be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.”—3 Yoh. 4.

Yohanes kafu Gayo le ‘ale si wòwɔa nu nuteƒewɔwɔtɔe’ le kpekpe ɖe nɔvi siwo va srãa hamea kpɔ ŋu me la ta. Apostoloa gblɔ be: “Agba le mía dzi be míaxɔ ame siawo tɔgbi nyuie, bene míazu hadɔwɔlawo le nyateƒe la me.”—3 Yoh. 5-8.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

11—Nu ka tae ame aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me? Esi ame aɖewo menye gbɔgbɔmemewo o ta la, womete ŋu tsɔa woƒe nugɔmesese ƒe ŋkuwo kpɔa Mawu o. Esi wònye be womate ŋu akpɔe kple woƒe ŋkuwo o ta la, wowɔa nu abe ɖee mele wo kpɔm o ene.—Xez. 9:9.

14—Ame kawoe woyɔ be “xɔlɔ̃awo”? Nya “xɔlɔ̃awo,” si wozã le afi sia la de ŋgɔ wu ame siwo le ƒomedodo kplikplikpli me kple wo nɔewo ko. Yohanes zã nya sia wòku ɖe haxɔsetɔwo katã ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

4. Hamea me tɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne wokpɔe be hamea me sɔhɛwo “yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.” Eye dzidzɔ manyagblɔ kae nye esi dzilawo kpɔna ne wokpɔ dzidzedze le kpekpe ɖe wo viwo ŋu be woalé fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu me!

5-8. Ame siwo wɔa dɔ vevie le wo nɔviwo ƒe nyonyo ta, le lɔlɔ̃ si le wo si na woamawo kple na Yehowa ta, la dometɔ aɖewoe nye dzikpɔla mɔzɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, ame siwo le subɔsubɔm le Betel alo alɔdzedɔwɔƒewo, kple mɔɖelawo. Ele be míasrɔ̃ woƒe xɔse, eye wodze na míaƒe kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe.

9-12. Ele be míasrɔ̃ nuteƒewɔla Demetrio ƒe kpɔɖeŋu, ke menye nya gbegblẽ gblɔla Diotrefo, si nye amegɔmezɔla la, tɔ o.

“MIDZRA MIA ÐOKUI ÐO ÐE MAWU ƑE LƆLƆ̃ LA ME”

(Yuda 1-25)

Yuda yɔ ame siwo va tra ɖe hamea me la be “liʋiliʋililawo, ame siwo toa nyatoƒoe le woƒe agbe ŋuti, ame siwo wɔa nu le woawo ŋutɔwo ƒe didiwo nu, eye woƒe nuwo gblɔa nya gã nya gãwo, eye wodea bubu [ame aɖewo ko] ŋu.”—Yuda 4, 16.

Alekee Kristotɔwo awɔ atsi tsitre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu? Yuda ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, miɖo ŋku nya siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ do ŋgɔ la dzi.” Egblɔ kpee be: “Midzra mia ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.”—Yuda 17-21.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

3, 4—Nu ka tae Yuda xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaʋli sesĩe hena xɔse la’? Esi ‘ame mavɔ̃mawuwo va tra ɖe hamea me dzaa’ tae. Ame siawo “trɔa mía Mawu ƒe amenuveve la wòzua mɔɖeɖe ɖe ŋukpenanuwo wɔwɔ ŋu.”

20, 21—Alekee míate ŋu ‘adzra mía ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me’? Míate ŋu awɔ esia le mɔ etɔ̃ nu: (1) to mía ɖokuiwo tutuɖo le míaƒe “xɔse kɔkɔetɔ kekeake la” me to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe me; (2) to gbedodoɖa “le gbɔgbɔ kɔkɔe me,” si fia gbedodoɖa le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te, me; kple (3) to nu si ʋua agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ na ame, si nye Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la, dzi xɔse ɖeɖe fia me.—Yoh. 3:16, 36.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

5-7. Ðe ame vɔ̃ɖiwo ate ŋu asi le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nua? Nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo ŋu Yuda ƒo nu tso ɖee fia be esia manya wɔ gbeɖe o.

8-10. Ele be míasrɔ̃ Mixael, mawudɔlawo ƒe tatɔ la, ƒe kpɔɖeŋu le bubudede ame siwo Mawu ɖo ŋusẽnɔƒewoe ŋu me.

12. Xɔsegbela siwo ɖea alakpalɔlɔ̃ fiana la le na míaƒe xɔse abe ale si agakpe siwo ɣla ɖe tɔ gɔme le na tɔdziʋuwo alo tsiƒulawo ene. Aʋatsonufialawo ate ŋu adze abe dɔmenyolawo wonye ene, gake wole abe alilikpo siwo me tsi mele o ene le mɔ sia nu be, woɖi gbɔlo le gbɔgbɔ me. Ame siawo nye ame matsekuwo abe ati siwo ku le kele ƒe nuwuwu ene. Woatsrɔ̃ abe ati si woho kple ke ene. Nunya le eme be míaƒo asa na xɔsegbelawo.

22, 23. Kristotɔ vavãwo léa fu nu si menyo o. Le hamea me tɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me, vevietɔ dzikpɔlawo, ƒe agbagbadzedze be yewoaxɔ “ame aɖewo, siwo me ɖikekewo le” la tso tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe dzo me me la, wonaa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si hiã la wo.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Tsi, gbɔgbɔ, kple ʋu ɖi ɖase be “Yesue nye Mawu ƒe Vi la”