Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèvɔ̃na Na Kukuawoa?

Ðe Nèvɔ̃na Na Kukuawoa?

Ðe Nèvɔ̃na Na Kukuawoa?

AME geɖe ɖoa biabia sia ŋu kpuie ko be, “Ao. Nu ka tae mavɔ̃ na wo?” Woxɔe se be ame siwo ku la ku vavã. Ke hã, ame miliɔn geɖe ya ka ɖe edzi be ame kukuwo zua gbɔgbɔwo, eye woyia edzi nɔa agbe.

Le Benin la, ame geɖe xɔe se be ame kukuwo ate ŋu atrɔ agbɔ ava wu woawo ŋutɔ ƒe ƒometɔ bubuwo. Amewo dzraa woƒe nunɔamesiwo alo doa ga geɖe tsɔ ƒlea vɔsalãwo kple kɔnuwɔnuwo, be woatsɔ afa dzi na woƒe ƒometɔ siwo ku la. Ame aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me, elabena wosusui be ame ƒe akpa aɖe si nye gbɔgbɔ la, yia edzi nɔa agbe le ku megbe, eye wòate ŋu aƒo nu kple agbagbeawo. Nu dziŋɔwo dzɔna ɖe ame aɖewo dzi, eye wogblɔna be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo gbɔe wotso.

Nu sia tɔgbie dzɔ ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Agboola si le nuto aɖe, si te ɖe Benin kple Nigeria ƒe de ŋu, me la dzi. Egblɔ be: “Gbɔgbɔyɔyɔ xɔ aƒe ɖe míaƒe nutoa me. Enye kɔnu be woale hlɔ̃tsi na ame kukuwo be woatsɔ adzra wo ɖo hena gbɔgbɔmexexe la me yiyi. Mefɔa tsiledzalẽ siwo susɔ le kɔnua wɔwɔ megbe, eye metsɔa wo tsakaa gbe aɖewo. Emegbe, ne mele gbe sia sim ɖe nye adedatu ŋu la, medoa ɣli yɔa lã si ƒomevi medi be mawu la ŋkɔ. Nuwɔna siawo tɔgbi bɔ eye edze abe wowɔa dɔ ŋutɔ ene. Ke hã, gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna aɖewo ɖia vɔvɔ̃.”

Egblɔ yi edzi be: “Esi vinyeŋutsu eve ku le mɔ wɔmoyaa aɖe nu la, mesusu be anye ame aɖee ɖu dzo wo. Meyi amegãɖeɖi aɖe si xɔ ŋkɔ le gbɔgbɔyɔyɔ me la gbɔ be manya nu si gbɔ vinyeawo ƒe kua tso. Nu si mesusu la tututue wògblɔ nam. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be, egblɔ nam be vinyeawo le lalam le gbɔgbɔmexexe aɖe me be yewoava zu ame si wu wo la ƒe subɔviwo, ne eya ŋutɔ hã ku. Amegãɖeɖi la gblɔ nam be, ku ma ƒomevie vinye etɔ̃lia hã aku. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, eya hã ku vavã.”

Ema megbe kpuie la, Agboola do go John si nye Yehowa Ðasefo aɖe si tso Nigeria. John zã Biblia tsɔ ɖe nɔnɔme si me kukuawo le la me nɛ. Numeɖeɖe sia na Agboola ƒe agbenɔnɔ trɔ kura. Ate ŋu ana wò hã tɔwò natrɔ.

Ðe Kukuawo Le Agbea?

Ame kae ate ŋu aɖo biabia sia ŋu nyuie wu? Amegbetɔ aɖeke mate ŋui o, eɖanye aleke kee wòxɔ ŋkɔ le gbɔgbɔyɔyɔ mee o. Ke boŋ Yehowa, si nye agbe siwo katã “le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o” Wɔla lae ate ŋu aɖo eŋu. (Kolosetɔwo 1:16) Ewɔ mawudɔlawo be woanɔ agbe le gbɔgbɔmenutowo me, eye wòwɔ amegbetɔwo kple lãwo be woanɔ agbe le anyigba dzi. (Psalmo 104:4, 23, 24) Nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe agbe nɔ te ɖe Eya amea dzi. (Nyaɖeɖefia 4:11) Azɔ bu nya si Mawu ŋutɔ ƒe Nya, Biblia la, gblɔ tso ku ŋu la ŋu kpɔ.

Yehowae nye ame gbãtɔ si ƒo nu tso ku ŋu. Egblɔ na Adam kple Xawa be, ne wogbe toɖoɖo ye la, woaku. (1 Mose 2:17) Nya sia gɔme ɖe? Yehowa ɖe eme be: “Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (1 Mose 3:19) Ne ame ku la, eƒe ŋutilã ƒaƒãna; egbugbɔna yia ke me. Eƒe agbe nu tsona.

Adam kple Xawa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo, eye le esia ta wotso kufia na wo. Gake, menye woawoe ku gbã o. Wo vi Abel ye ku gbã. Foa Kain ye wui. (1 Mose 4:8) Kain mevɔ̃ be ye nɔvi kukua abia hlɔ̃ ye o. Ke boŋ nu si agbagbeawo atu kplii la boŋue wònɔ vɔvɔ̃m na.—1 Mose 4:10-16.

Ƒe alafa geɖe megbe la, Fia Herodes tsi dzodzodzoe esi ɣletivimefakalawo gblɔ nɛ be “wodzi Yudatɔwo ƒe Fia” la le eƒe fiaɖuƒea me. Esi Herodes ɖoe kplikpaa be yeaɖe ame si ate ŋu ava ʋli fianyenyea kple ye la ɖa ta la, ena wowu ɖevi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la katã le Betlexem. Gake mawudɔla aɖe xlɔ̃ nu Yosef be wòakplɔ Yesu kple Maria ‘asi ayi Egipte.’—Mateo 2:1-16.

Esi Herodes ku la, mawudɔla aɖe gblɔ na Yosef be wòatrɔ agbɔ va Israel, “elabena ame siwo nɔ ɖevi sue la ƒe luʋɔ dim la ku.” (Mateo 2:19, 20) Mawudɔla, si ŋutɔ hã nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ la, nyae be Herodes magate ŋu awɔ nu vevi Yesu azɔ o. Yosef mevɔ̃ na Fia Herodes si ku la o. Ke boŋ nu si Herodes ƒe vi Arxelao si nye ŋutasẽla la ate ŋu awɔ lae Yosef nɔ vɔvɔ̃m na. Eya ta Yosef kplɔ eƒe ƒomea woyi ɖanɔ Galilea nutoa me, afi si Arxelao ƒe dziɖuɖua mekpɔ ŋusẽ ɖo o.—Mateo 2:22.

Nuŋlɔɖi siawo na míekpɔe be ŋusẽ mele ame kukuwo si o. Ke aleke míate ŋu aɖe nu si dzɔ ɖe Agboola kple ame bubuwo dzi la mee?

“Gbɔgbɔ Vɔ̃wo” Alo Gbɔgbɔ Makɔmakɔwo

Esi Yesu tsi la, edo go gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. Gbɔgbɔawo dze si Yesu, eye woyɔe be “Mawu ƒe Vi.” Yesu hã nya ame siwo wonye. Menye amegbetɔ siwo ku la ƒe gbɔgbɔwoe wonye o. Ke boŋ Yesu yɔ wo be “gbɔgbɔ vɔ̃wo” alo gbɔgbɔ makɔmakɔwo.—Mateo 8:29-31; 10:8; Marko 5:8.

Biblia ƒo nu tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo wɔa nuteƒe na Mawu kple esiwo tsi tsitre ɖe eŋu la ŋu. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa gblɔ be esi Yehowa nya tomaɖola Adam kple Xawa ɖa le Eden bɔa me la, eda kerubiwo alo mawudɔlawo ɖe abɔa ƒe ɣedzeƒe gome be ame aɖeke nagage ɖe eme o. (1 Mose 3:24) Anɔ eme be ɣemaɣie amegbetɔwo kpɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔwo kple ŋku zi gbãtɔ.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mawudɔla gbogbo aɖewo va anyigba dzi, eye wodo amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. Yehowa mede dɔ aɖeke asi na wo be woava wɔ le anyigba dzi o. Ke boŋ “wogblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe” si nɔ wo si le dziƒo la ɖi. (Yuda 6) Ðokuitɔdidi tae wowɔ esia ɖo. Woɖe srɔ̃ hedzi dzidehlɔ̃mevi siwo woyɔ be ame dzɔtsuwo. Vi mawo kple wo fofo aglãdzelawo tsɔ ŋutasesẽ kple nu gbegblẽ dziŋɔ bubuwo wɔwɔ yɔ anyigba la dzi. (1 Mose 6:1-5) Yehowa kpɔ nya ma gbɔ esi wòhe Tɔɖɔɖɔ va xexea me katã le Noa ƒe ŋkekea me. Ŋutsu kple nyɔnu vɔ̃ɖiwo katã kpakple dzidehlɔ̃meviawo tsrɔ̃ le Tɔɖɔɖɔa me. Nu kae dzɔ ɖe mawudɔlawo ya dzi?

Tsiɖɔɖɔa ƒoe ɖe wo nu be wogatrɔ yi gbɔgbɔmenutowo me. Gake Yehowa meɖe mɔ na wo woyi “afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o.” (Yuda 6) Biblia gblɔ be “Mawu mehe ɖe megbe le tohehe na mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃ me o, ke boŋ wòtsɔ wo de asi na blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe dowo bene woadzra wo ɖo ɖi na ʋɔnudɔdrɔ̃ to wo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe Tartaro me.”—2 Petro 2:4.

Menye teƒe aɖe koŋue Tartaro nye o; ele ko abe gaxɔmenɔnɔ ene; gbɔɖiame ƒe nɔnɔme aɖe si me ame siawo siwo wonya le dziƒo la le, eye esia wɔe be womagate ŋu azã woƒe ŋusẽ katã o. Gbɔgbɔ vɔ̃wo magate ŋu ado amegbetɔ ƒe ŋutilã o, gake woagate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe susu kple woƒe agbenɔnɔ dzi. Wotea ŋu gena ɖe amegbetɔwo kple lãwo siaa me. (Mateo 12:43-45; Luka 8:27-33) Wogaflua amewo to nuwɔwɔ abe ame siwo ku la ƒe gbɔgbɔwoe le nuawo wɔm ene dzi. Nu ka tae? Be woatsɔ axe mɔ na amewo be woagasubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu la nu o ahana hã be nyateƒe si ku ɖe nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le ŋu la me nagakɔ na wo o.

Aleke Woate Ŋu Aɖu Vɔvɔ̃a Dzii?

Agboola de dzesii be susu le nu si Biblia gblɔ ku ɖe nɔnɔme si me kukuawo le kple ame si ƒomevi gbɔgbɔmenuwɔwɔwo nye ŋu la me. Ekpɔe dze sii be ele be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee. Woa kple John wodze Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo xexlẽ gɔme. Agboola ƒe dzi dze eme esi wòva nyae be ye viawo le alɔ̃ dɔm le yɔdo me, eye womele lalam le gbɔgbɔmexexe aɖeke me be yewoava zu ame si wu wo la ƒe subɔviwo o.—Yohanes 11:11-13.

Agboola va nyae hã be ele be yeadzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo. Etɔ dzo eƒe nu siwo katã do ƒome kple vivimenuwɔwɔwo. (Dɔwɔwɔwo 19:19) Eƒe nutoa me tɔ aɖewo gblɔ nɛ be gbɔgbɔawo atu nu kplii. Gake Agboola mevɔ̃ o. Ewɔ ɖe nya si dze le Efesotɔwo 6:11, 12 dzi. Afi ma gblɔ be: “Mido aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la, . . . elabena míele kame tem, . . . kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” Gbɔgbɔmeʋawɔnu siawoe nye: Nyateƒe la, dzɔdzɔenyenye, ŋutifafa nya nyui la, xɔse, gbɔgbɔmeyi, si nye Mawu ƒe Nya. Aʋawɔnu siawo tso Mawu gbɔ, eye ŋusẽ le wo ŋu ale gbegbe!

Agboola xɔlɔ̃wo kple eƒe ƒometɔ aɖewo ka hlẽ le eŋu esi wògbe be yemagawɔ kɔnu siwo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ azɔ o. Ke hã, edze xɔlɔ̃ yeye siwo xɔ nu si Biblia fia dzi se la le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le woƒe nutoa me la me.

Agboola nyae azɔ be, eteƒe madidi o, Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi, eye wòaxɔ ŋusẽ le gbɔgbɔ vɔ̃wo si keŋkeŋ. Mlɔeba la, atsrɔ̃ wo ɖa. (Nyaɖeɖefia 20:1, 2, 10) Mawu afɔ “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo” me ɖe tsitre le anyigba sia dzi. (Yohanes 5:28, 29) Habel, ɖevi ɖekemanyala siwo Fia Herodes wu, kple ame miliɔn geɖe bubuwo hã anɔ wo dome. Agboola xɔe se be ye vi etɔ̃awo hã anɔ ame siawo dome. Wò ame vevi siwo ku la hã ate ŋu anɔ wo dome. Ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre ava ɖo kpe edzi be yewomeganya naneke tso esime yewoku va se ɖe esime wofɔ yewo o—yewomenya hã be wowɔ kɔnu aɖeke na yewo o.

Susu aɖeke meli si ta nàvɔ̃ na kukuawo o. Ke boŋ, àte ŋu anɔ mɔ kpɔm be mia kple wò lɔlɔ̃tɔ siwo ku la miagava wɔ ɖeka ake. Hafi ɣemaɣi naɖo la, ɖe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ Biblia atsɔ ado ŋusẽ wò xɔse oa? De ha kple ame siwo xɔ nu si Biblia fia dzi se la. Ne èkpɔa gome le gbɔgbɔyɔyɔ me la, dzudzɔ enumake. Do “aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la,” nàtsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Efesotɔwo 6:11) Anye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò. Wozãa agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * tsɔ wɔa aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kple amewo.

Agboola megavɔ̃a kukuawo o, eye wòsrɔ̃ ale si wòatsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Egblɔ be: “Nyemenya ame si na vinyeŋutsu etɔ̃awo ku o. Ke hã, tso esime mele Yehowa subɔm la, medzi vi adre bubuwo. Ame aɖeke metso gbɔgbɔmenutowo me va wɔ nu vevi wo kpɔ o.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 25 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Agboola megavɔ̃a kukuawo o, eye wòsrɔ̃ ale si wòatsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Kain mevɔ̃ be ye nɔvi kukua ate ŋu abia hlɔ̃ ye o