Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ðeka Koe Ate Ŋu Axɔ Na Anyigba La

Mawu Ðeka Koe Ate Ŋu Axɔ Na Anyigba La

Mawu Ðeka Koe Ate Ŋu Axɔ Na Anyigba La

“KPE XƆASI BLƆ AÐE SI ƑE AKPA AÐEWO LE ƔIE HELE DZO DAM.” Aleae dzinudzidela Edgar Mitchell, ɖɔ anyigba la esi wòkpɔe tso yamenuto doviviti la me.

Mawu ku kutri geɖe wɔ anyigba be wòanye amegbetɔwo ƒe aƒe. Anyigba la wɔwɔ na mawudɔlawo “gli kple dzidzɔ.” (Hiob 38:7) Ne míawo hã míesrɔ̃ nu tso nu wɔnuku siwo le ɣletinyigba sia dzi ŋu la, susu geɖewo anɔ mía si siwo tae míagli kple dzidzɔ ɖo. Ðoɖo wɔnuku gbogbo aɖewo nue anyigbadzinuwo wɔa dɔ aduadu kple wo nɔewo le si wɔnɛ be agbe nya nɔna le anyigba dzi. Le ɖoɖo siawo dometɔ ɖeka si amewo nya wu me la, nu miemiewo zãa ɣe ƒe keklẽ, ya si woyɔna be carbon dioxide, kple tsi tsɔ wɔa woƒe nuɖuɖui. Le esia wɔwɔ me la, atiwo tua ɔksidzin, si míehiã vevie hafi ate ŋu anɔ agbe la, ɖe yame.

Biblia ɖee fia be Mawu tsɔ anyigba dzi kpɔkpɔ de amegbetɔ si me. (1 Mose 1:28; 2:15) Gake hafi anyigbadzinuwo nayi edzi anɔ ɖoɖo nyui nu la, ele be nɔnɔme nyui nanɔ amegbetɔ si. Le nyateƒe me la, ehiã be wòalɔ̃ eƒe aƒe si nye anyigba la. Ele be wòanye eƒe didi be yealé be nɛ bene wòayi edzi anya kpɔ. Gake Mawu na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔ, eya ta ate ŋu atiae be yeagblẽ anyigbadzinuwo dome ahagbe beléle na anyigba la. Eye nu ma tututue wòwɔ. Kuxi siwo do tso amegbetɔ ƒe bemalémalé na anyigbaa kple eƒe ŋukeklẽ me la gblẽ nu ale gbegbe.

Kuxiawo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna: (1) Avewo tsɔtsrɔ̃ ɖea ŋutete si le anyigba ŋu be wòaxɔ ya si nye carbon dioxide la dzi kpɔtɔna, eye esia hea yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã kple tsiɖɔɖɔwo vanɛ. (2) Nudzodzoewutikewo zazã atraɖii le nudzodzoe siwo wɔa akpa vevi aɖe le nukuwo ƒe wɔwɔ me la tsrɔ̃m ɖa. (3) Lãɖeɖe akpa le atsiaƒu kple tɔsisiwo me kpakple ɖiƒoƒo tsi siawo na tɔmelãwo kple ƒumelãwo le vɔvɔm. (4) Ale si wole anyigbadzinuwo zãm ŋukeklẽtɔe na be nu boo aɖeke manɔ anyi dzidzime siwo gbɔna la nava tso ɖo o, eye wosusui be ena hã be anyigba ƒe dzoxɔxɔ le dzi yim kabakaba. Nutomededienɔnɔ ta ʋlila aɖewo gblɔ be ale si tsiŋgɔtsikpe kple tsikpe gãgã siwo le anyigbaa ƒe mlɔenu siwo woyɔna be Arktik kple Antarktik le lolõm la nye kpeɖodzi be xexea me le dzo xɔm.

Le ale si dzɔdzɔmefɔkuwo le dzidzim ɖe edzi ta la, ame aɖewo ate ŋu agblɔ be, anyigba la le hlɔ̃ biam amegbetɔ, eye wòna dzɔgbevɔ̃ewo le dzɔdzɔm ɖe edzi. Mawu tsɔ anyigba la na amegbetɔ faa. Ne míagblɔe la, Mawu haya anyigba la na amegbetɔ femaxee. (1 Mose 1:26-29) Ke hã, nu siwo le dzɔdzɔm egbea ɖee fia be ame geɖe medina kura be yewoana yewoƒe aƒe nyui sia si nye anyigba la nakpɔtɔ anɔ nɔnɔme nyui me o. Ðe ema teƒe la, amegbetɔ tsi dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe ɖokuitɔdidi ƒe didiwo kple dɔwɔwɔwo ŋu. Le nyateƒe me la, amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖee fia be xɔhayala baɖae wònye—ele “anyigba la gblẽm” abe ale si Nyaɖeɖefia 11:18 gblɔe ɖi ene.

Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ame si nye nu siwo katã léa agbe ɖe te le anyigba dzi la Wɔla la gblɔ be, ɣeyiɣia de be “yeanya” xɔhayala baɖaawo ɖa le aƒea me. (Zefaniya 1:14; Nyaɖeɖefia 19:11-15) Hafi amegbetɔ nagblẽ anyigbadzinuwo dome keŋkeŋ la, Mawu aɖe afɔ, eye atso ɖe eŋu kaba wu ale si míate ŋu asusui. * (Mateo 24:44) Nyateƒee, Mawu ɖeka koe ate ŋu axɔ na anyigba la.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Minɔ Ŋudzɔ! hena nyatakaka bubuwo ku ɖe ale si ɣeyiɣi ma tu aƒee la ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.