Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Ʋɔnudrɔ̃la Si Wɔa Nu Si Le Eteƒe Ɣesiaɣi

Enye Ʋɔnudrɔ̃la Si Wɔa Nu Si Le Eteƒe Ɣesiaɣi

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Ʋɔnudrɔ̃la Si Wɔa Nu Si Le Eteƒe Ɣesiaɣi

1 Mose 18:22-32

NU DZƆDZƆE WƆWƆ. Nu si le eteƒe wɔwɔ. Ameŋkumemakpɔmakpɔ. Ðe nɔnɔme nyui mawo meléa dzi na wò oa? Enye mí amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔmedidi be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋu. Nublanuitɔe la, edze abe nu dzɔdzɔe wɔwɔ va zu dze bu ɖe ama me le xexea me egbea ene. Ke hã, ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo—eyae nye Yehowa Mawu. Ewɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi. Esia dze kɔtɛ le dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le Yehowa kple Abraham dome, si woŋlɔ ɖe 1 Mose 18:22-32, la me. *

Esime Yehowa gblɔ na Abraham be yeɖoe be yeayi aɖaku nu me ku ɖe ale si nɔnɔmeawo nɔ edzi yim le Sodom kple Gomora ŋu la, Abraham tsi dzi vevie ɖe ame dzɔdzɔe siwo anya nɔ du mawo me, siwo dome tɔgãyɔvia Lot hã nɔ, la ƒe agbe ŋu. Abraham ƒo koko na Yehowa be: “Ðe àtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã? Ðewohĩ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe . . . màtsɔe ake teƒe la le ame blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã?” (Kpukpui 23, 24) Mawu gblɔ be ne yekpɔ ame dzɔdzɔe 50 le duawo me la, yematsrɔ̃ wo o. Abraham yi edzi ɖe kuku na Yehowa zi atɔ̃ sɔŋ, eye wònɔ ame dzɔdzɔe siwo anya nɔ du mawo me la ƒe xexlẽme dzi ɖem kpɔtɔ ʋuu va se ɖe ame ewo dzi. Le Abraham ƒe biabiawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖoɖo me la, Mawu gblɔna be ne yekpɔ ame dzɔdzɔe agbɔsɔsɔ ma le duawo me la, yematsrɔ̃ wo o.

Ðe Abraham nɔ nya hem kple Mawua? Kura o! Esia anye ɖokuidodoɖedzi si gbɔ eme. Ale si Abraham ƒo nu la ɖe bubu deto kple ɖokuibɔbɔ si sɔ fia. Abraham gblɔ tso eɖokui ŋu be “anyi kple afi ko” yenye. (Kpukpui 27, 30-32) Gakpe ɖe eŋu la, nya siwo Abraham gblɔ la ɖe ale si wòka ɖe edzi bliboe be Yehowa wɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi la fia. Abraham gblɔ be Mawu mate ŋu atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o, esime wògblɔ be, ‘esia nede megbe xaa tso Mawu gbɔ.’ Menye zi ɖeka koe wògblɔ nya sia o, ke boŋ zi eve sɔŋ. Blemafofo wɔnuteƒe la ɖe ale si wòka ɖe edzi be ‘xexea me ƒe ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe’ la gblɔ.—Kpukpui 25.

Ðe nya siwo Abraham gblɔ la le emea? Míaɖo eŋu be, ɛ̃ kple ao. Esi Abraham bui be ame dzɔdzɔe ewo ya teti anɔ Sodom kple Gomora la, esia nye vodada. Gake nya si wògblɔ be Mawu matsrɔ̃ “ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka” o la le eteƒe vavã. Esi Mawu tsrɔ̃ du vɔ̃ɖi mawo emegbe la, ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnu eveawo tsi agbe le mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu me.—2 Petro 2:7-9.

Nu kae nuŋlɔɖi sia fia mí ku ɖe Yehowa ŋu? Esi Yehowa ɖe tame si wòɖo be yeayi aɖaku nu me ku ɖe ale si nɔnɔmeawo nɔ edzi yim le du mawo me ŋu la gblɔ na Abraham la, le nyateƒe me la, ɖe Yehowa nɔ ekpem be wòagblɔ eƒe susu. Emegbe eɖo to dzigbɔɖitɔe esime xɔlɔ̃a Abraham nɔ eƒe dzimenyawo gblɔm. (Yesaya 41:8) Aleke gbegbe ŋutinya sia ɖee fia mí be Yehowa nye Mawu ɖokuibɔbɔla, si dea bubu kple asixɔxɔ esubɔla siwo le anyigba dzi la ŋu, wònya see nye esi! Eme kɔ ƒãa be, susu nyui geɖewo li siwo tae míaɖo ŋu ɖe Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la si wɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi la, ŋu bliboe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Le dzeɖoɖo ma me la, mawudɔla aɖee nɔ Yehowa teƒe ƒo nu kple Abraham. Ne èdi esia ƒe kpɔɖeŋu bubu la, kpɔ 1 Mose 16:7-11, 13.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Abraham ƒo koko na Yehowa ɖe Sodom kple Gomora ta